Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ne nenemae la, ke kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna la ŋu hã:
• Nukae le vevie ne míele masɔmasɔ aɖe gbɔ kpɔm le mía kple ame aɖe dome?
Ele be míadze sii gbã be tamesusu kple nɔnɔme gbegblẽwo kpɔa ŋusẽ ɖe mí katã dzi. Ekema ele be míabu eŋu nyuie be mía gbɔe kuxia tso hã, tsɔ wu be ame kemɛa gbɔe wòtso.—8/15, axa 23.
• Ɣekaɣie anye “nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi,” si woyɔ le Dɔwɔwɔwo 3:21 la?
Ðɔɖɔɖoa ava eme le akpa eve me. Gbã la, ɖɔɖɔɖo yi gbɔgbɔmeparadiso me le edzi yim tso keke ƒe 1919 me. Ðɔɖɔɖo bubu ava ne woɖo paradiso ŋutɔŋutɔ anyi le míaƒe anyigba dzi.—9/1, axa 17, 18.
• Abe alesi wòdze le Lododowo 6:6-8 ene la, aleke amegã mele anyidi si o evɔ wòɖoa kpɔɖeŋu nyui na míi?
Le anyidiwo ƒe hatsotso me la, nyɔnufia li, gake enye nyɔnufia le susua nu be eyae ɖɔa azi eye wònye hatsotsoa dada. Anyidiwo kua kutri, eye nenemae wòle be míanɔ, anɔ agbagba dzem be míawɔ míaƒe dɔ wòanyo ɖe edzi, ne ame aɖeke mele ŋku lém ɖe mía ŋu o hã.—9/15, axa 26.
• Esi wònye wode abi Yosiya ŋu kutɔkutɔe le aʋagbedzi ɖe, ɖe nya si Xulda gblɔ ɖi woŋlɔ ɖe Fiawo II, 22:20 be aku “le ŋutifafa me” le eteƒea?
Ẽ, eku le ŋutifafa me le susua nu be eku do ŋgɔ na ƒe 609-607 D.M.Ŋ. ƒe dzɔgbevɔ̃e si me Babilontɔwo ɖe to ɖe Yerusalem hetsrɔ̃e.—9/15, axa 30.
• Mɔ ka nue wòsɔ le be Salomo ɖɔ srɔ̃nyɔnu be “zinɔ dzeameŋu kple agamegbɔ̃ nyo”? (Lododowo 5:18, 19, NW)
Tufafa ƒe nɔnɔme le sãdenɔ, alo agamegbɔ̃ si, eye wòdze ani. Ke hã ete ŋu nɔa agbe le agakpewo dome hedzia vi ɖe afima, afisi womate ŋu ayi bɔbɔe o eye nuɖuɖu mebɔ ɖo o.—10/1, axa 30, 31.
• Amekawoe nye Henry Grew kple George Storrs?
Ŋutsu siawo nɔ anyi le ƒe 1800 ƒeawo me eye wonye Biblia-srɔ̃la veviedonulawo. Grew srɔ̃e be Mawuɖekaetɔ̃ nufiafiaa metso Ŋɔŋlɔawo me o, abe alesi luʋɔmakumaku kple dzomavɔ nufiafiawo hã metsoe o ene. Storrs va dze sii be ame aɖewo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Wo ame evea siaa nɔ anyi do ŋgɔ na Charles Taze Russell, amesi dze magazine sia tata gɔme le ƒe 1879 me.—10/15, axa 26-30.
• Aleke Yehowa Ðasefowo bua atikewɔmɔnu siwo me wozãa amea ŋutɔ ƒe ʋu lee?
Esi wònye Biblia dzie wotu woƒe dzixɔsewo ɖo ta la, womeɖea woƒe ʋu dana ɖi wova dona na wo ɣebubuɣi o. Kristotɔ ɖesiaɖe tsoa nya me na eɖokui le nusi woawɔ kple eƒe ʋu le ekoko, edodokpɔ le atikewɔwɔ nɛ me, alo le dɔyɔɖaŋu si le tsia dzi me ŋu. Ele be wòade ŋugble le nusi Biblia gblɔ tso ʋu ŋu la ŋu eye wòaɖo ŋku edzi be yetsɔ ye ɖokui katã ɖe adzɔgbee na Mawu.—10/15, axa 30, 31.
• Hiahiã ɖedzesi kae numekuku aɖe si wowɔ le ƒe sia ƒe gɔmedzedze ɖe fia le Yehowa Ðasefowo dome le xexeame godoo?
Fiaɖuƒe Akpata 11,000 kple edzivɔ hiã le dukɔ madeŋgɔwo me, afisi ganyawo sesẽ le. Nudzɔdzɔ siwo wokpɔna tsoa Kristotɔwo gbɔ le dukɔ geɖe mee wozãna tsɔ tua takpeƒe siwo sɔ.—11/1, axa 30.
• Gbegbɔgblɔ gbãtɔ me nya siwo wozã le Biblia me ku ɖe tadedeagu ŋu dometɔ aɖewoe nye ka?
Ðekae nye lei·tour·giʹa, si gɔme woɖe be “dutoƒo subɔsubɔdɔ.” Bubue nye la·treiʹa, si gɔme woɖe be “subɔsubɔdɔ kɔkɔe.” (Hebritɔwo 10:11; Luka 2:36, 37)—11/15, axa 11, 12.
• Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Adam kple Xawa ŋuti nuŋlɔɖi si le Biblia me la me?
Yeaɖi ɖokuisinɔnɔ ɖesiaɖe tso Yehowa Mawu ŋu nye movidzɔdzɔ.—11/15, axa 24-7.
• Kpeɖodzi kawoe le Ŋɔŋlɔawo me siwo fia be Mawu doa ŋusẽ esubɔlawo?
Dawid, Xabakuk, kple apostolo Paulo, amesiawo katã na woa ŋutɔwo ƒe kpeɖodzinyawo fia be Yehowa Mawu do ŋusẽ wo, alo de dzo yeye wo me. (Psalmo 60:12; Xabakuk 3:19; Filipitɔwo 4:13) Eyata kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Mawu lɔ̃ be yeado ŋusẽ mí eye ate ŋu awɔe.—12/1, axa 10, 11.