INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w01 12/1 axa 14-18
  • Dzra Wò Dzi Ðo Ne Nàvɔ̃ Yehowa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzra Wò Dzi Ðo Ne Nàvɔ̃ Yehowa
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sisiɖa, Bubu Deto, Kple Vɔvɔ̃
  • “Miku Ðe Eŋu”
  • Be Woalɔ̃ Mawu Fia be Woavɔ̃e
  • Yehowa Vɔvɔ̃ Sɔsrɔ̃
  • Dzidzɔtɔe Nye Amesiame si Vɔ̃a Yehowa
  • Esɔsrɔ̃ Be Yehowa Vɔvɔ̃ Navivi Mía Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Vɔ̃ Yehowa Eye Nàlé Eƒe Seawo Me Ðe Asi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Viɖe Siwo Le Mawu Vavã La Vɔvɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nukatae Wòle Be Nàsrɔ Biblia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
w01 12/1 axa 14-18

Dzra Wò Dzi Ðo Ne Nàvɔ̃ Yehowa

“Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo si, ne woavɔ̃m, eye woalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi!”—MOSE V, 5:26.

1. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be amewo avo tso vɔvɔ̃ me gbeɖeka?

ƑE ALAFA nanewoe nye esia si ameƒomea de vovo ge do kpoe le vɔvɔ̃ ta. Vɔvɔ̃ na dɔwuame, nuvlowɔwɔ, alo aʋawɔwɔ na ame miliɔn geɖe tsi dzodzodzoe ɣesiaɣi. Susu sia tae Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖia ƒe ŋgɔdonyawo gblɔ alesi wodi vevie be woahe xexe si me amegbetɔwo katã avo tso vɔvɔ̃ me vɛ ɖo.a Dzidzɔtɔe la, Mawu ŋutɔ na kakaɖedzi mí be xexe sia tɔgbe ava—togbɔ be menye amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze dzie wòato ava ya o. Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Mixa dzi do ŋugbe na mí be le yeƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me la, ‘ame aɖeke mado vɔvɔ̃ na yeƒe amewo o.’—Mixa 4:4.

2. (a) Aleke Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míavɔ̃ Mawui? (b) Biabia kawoe ate ŋu afɔ ɖe te ne míele ŋugble dem tso míatɔ gome si wòle be míawɔ be míavɔ̃ Mawu ŋuti?

2 Gake vɔvɔ̃ ate ŋu anye ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui hã. Le Ŋɔŋlɔawo me la, woxlɔ̃ nu mawusubɔlawo edziedzi be woavɔ̃ Yehowa. Mose gblɔ na Israel-viwo be: “Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe.” (Mose V, 6:13) Ƒe alafa geɖe megbe la, Salomo ŋlɔ bena: “Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” (Nyagblɔla 12:13) Nenema ke míawo hã míetoa míaƒe ɖaseɖiɖidɔ si wɔm míele to mawudɔlawo ƒe mɔfiafia dzi me xlɔ̃a nu amewo katã be ‘woavɔ̃ Mawu, ahatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.’ (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Hekpe ɖe Yehowa-vɔvɔ̃ ŋu la, ele be Kristotɔwo natsɔ woƒe dzi blibo alɔ̃e hã. (Mateo 22:37, 38) Aleke míate ŋu alɔ̃ Mawu agavɔ̃e le ɣeyiɣi ma ke mee? Nukatae wòhiã be woavɔ̃ Mawu si lɔ̃a ame? Viɖe kawoe míekpɔna tsoa mawuvɔvɔ̃ tutuɖo me? Be míaɖo biabia siawo ŋu la, ele be míase nusi mawuvɔvɔ̃ nye gɔme gbã kple akpa vevi si vɔvɔ̃ sia tɔgbe wɔna le mía kple Yehowa dome ƒomedodo me.

Sisiɖa, Bubu Deto, Kple Vɔvɔ̃

3. Mawuvɔvɔ̃ gɔme ɖe?

3 Mawuvɔvɔ̃ nye seselelãme aɖe si hiã be wòanɔ Kristotɔwo me ɖe wo Wɔla ŋu. Vɔvɔ̃ sia ƒe gɔmeɖeɖe aɖee nye “Wɔla la ƒe gãnyenye sisiɖa kple bubu deto dede eŋu kpakple vɔvɔ̃ na nusi wòtsri wɔwɔ.” Eyata mawuvɔvɔ̃ kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi le mɔ eve nu: alesi míebua Mawui kple alesi míenɔa agbe ɖe nɔnɔme si wòlé fui ŋu. Edze ƒã be mɔ evea siaa le vevie eye wòhiã be míade ŋugble le wo ŋu nyuie. Abe alesi Vine ƒe Expository Dictionary of New Testament Words gblɔ ene la, bubu deto sia nye ‘seselelãme si ʋãa Kristotɔwo le agbe me, le gbɔgbɔmenyawo kple agbenɔnɔ gome siaa.’

4. Aleke míatu mía Wɔla vɔvɔ̃ kple bubu deto dede eŋu ƒe seselelãme ɖoe?

4 Aleke míatu mía Wɔla la sisiɖa kple ebubu vevie ɖoe? Ne míekpɔ anyigba ƒe nɔnɔme dzeani aɖe, tsitsetse wɔnuku aɖe, alo ɣe ƒe amigogbagba dzeani la, ewɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe. Seselelãme sia dea to ɖe edzi ne míetsɔ xɔse ƒe ŋkuwo kpɔ dɔ siwo Mawu wɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, abe Fia Dawid ene la, míekpɔnɛ dzea sii be míeɖi nanake o ne míetsɔ mía ɖokui sɔ kple Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔ klitsuwo. “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi?” (Psalmo 8:4, 5) Nu ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi vevie alea naa wodea bubu deto ame ŋu, si ʋãa mí be míada akpe na Yehowa ahakafui ɖe nusiwo katã wòwɔ na mí la ta. Dawid ŋlɔ hã bena: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.”—Psalmo 139:14.

5. Nukatae wòle be míavɔ̃ Yehowa, eye kpɔɖeŋu nyui kae le mía si le go sia me?

5 Vɔvɔ̃ kple bubu deto ƒe seselelãme naa wodea bubu Mawu ƒe ŋusẽ ŋu be eyae nye Wɔla kple xexeame ƒe Dziɖula si dze. Le ŋutega aɖe si apostolo Yohanes kpɔ me la, ‘amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba la dzi’—siwo nye Kristo yomedzela amesiaminawo, le woƒe dziƒogbenɔnɔ me—ɖe gbeƒã be: ‘Gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Yehowa, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã?’ (Nyaɖeɖefia 15:2-4) Mawuvɔvɔ̃ si ɖo ame me le bubu deto dede Mawu ƒe gãnyenye ŋu ta ʋã Kristo ƒe dziɖuhati siawo le Dziƒofiaɖuƒea me be woade bubu Mawu ŋu le eƒe ŋusẽ si ɖeke mesɔ kplii o ta. Ne míebu nusiwo katã Yehowa wɔ kple alesi wòɖua xexeame dzi le dzɔdzɔenyenye me ŋu la, ɖe míekpɔa nu geɖe siwo ta wòle be míavɔ̃e ɖo oa?—Psalmo 2:11; Yeremya 10:7.

6. Nukatae wòle be vɔvɔ̃ si sɔ le nusi medzea Yehowa ŋu o wɔwɔ ŋu nanɔ mía me?

6 Gake hekpe ɖe gãnyenye sisi ɖa kple bubu deto tsɔtsɔ nɛ ŋu la, ele be vɔvɔ̃ si sɔ be womawɔ nusi medzea eŋu o alo be míagagbe toɖoɖoe o nakpe ɖe mawuvɔvɔ̃ ŋu. Nukatae? Elabena togbɔ be Yehowa “gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve . . . sɔ gbɔ” hã la, ele be míaɖo ŋku edzi be “megbea tohehe o.” (Mose II, 34:6, 7) Togbɔ be Yehowa lɔ̃a ame eye wònye nublanuikpɔla hã la, meɖea mɔ ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ kple nugbegblẽ si woɖo wɔ ŋu o. (Psalmo 5:5, 6; Xabakuk 1:13) Yehowa magbe tohehe na amesiwo ɖonɛ koŋ wɔa nusi vɔ̃ɖi le eŋkume hegbea dzimetɔtrɔ eye wotsia tre ɖe eŋu la o. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, “enye ŋɔdzinu, ne ame aɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.” Vɔvɔ̃ si sɔ si anɔ mía me ɖe gege ɖe nɔnɔme sia me ŋu anye ametakpɔnu na mí mlɔeba.—Hebritɔwo 10:31.

“Miku Ðe Eŋu”

7. Susu siwo ta wòle be míaka ɖe Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ dzi kawoe le mía si?

7 Mawuvɔvɔ̃ bubutɔe kpakple ŋudzɔnɔnɔ vevie ɖe dzesidede eƒe ŋusẽ gã ŋu ye naa wokana ɖe Yehowa dzi heɖoa ŋu ɖe eŋu. Abe alesi ɖevi sena le eɖokui me be yele dedie ne ele fofoa gbɔ la, nenemae míesena le mía ɖokui me kakaɖedzitɔe be míele dedie le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Se alesi Israel-viwo wɔ nui esime Yehowa ɖe wo tso Egipte vɔ la ɖa: “Eye Israel kpɔ ŋusẽ gã, si Yehowa ɖe fia ɖe Egiptetɔwo ŋuti la. Eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa, eye woxɔ Yehowa . . . dzi se.” (Mose II, 14:31) Elisa ƒe nuteƒekpɔkpɔ hã ɖo kpe edzi be “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.” (Psalmo 34:8; Fiawo II, 6:15-17) Yehowa ƒe amewo ƒe egbegbe ŋutinya kple ɖewohĩ mía ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖo kpe edzi be nyateƒee Mawu wɔa eƒe ŋusẽ ŋudɔ tsɔ kpɔa amesiwo subɔnɛ la ta. (Kronika II, 16:9) Eyata míeva kpɔnɛ dzea sii be ‘dzideƒo sẽŋu le Yehowa-vɔvɔ̃ me.’—Lododowo 14:26.

8. (a) Nukatae mawuvɔvɔ̃ ʋãa mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi? (b) Ðe alesi wòle be ‘míaku’ ɖe Yehowa ŋui me.

8 Menye ɖeko mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ naa míeɖoa dzi ɖe eŋu hekana ɖe edzi ko evɔ o, ke eʋãa mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi hã. Esime Salomo kɔ gbedoxɔa ŋu la, edo gbe ɖa na Yehowa be: “Ne [Israel navɔ̃] wò, eye woazɔ wò mɔwo dzi ŋkeke, siwo katã wole agbe le anyigba, si nètsɔ na mía fofowo la dzi.” (Kronika II, 6:31) Do ŋgɔ la, Mose xlɔ̃ nu Israel-viwo be: “Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye mivɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu.” (Mose V, 13:5) Abe alesi kpukpui siawo ɖee fia kɔte ene la, didi be woazɔ le Yehowa ƒe mɔwo dzi eye be ‘woaku’ ɖe eŋu tsoa Mawu dzixɔxɔse kple kaka ɖe eyama dzi me. Ẽ, mawuvɔvɔ̃ ʋãa mí be míavɔ̃ Yehowa, míasubɔe, eye be míaku ɖe eŋu abe alesi míekpɔa ɖevi dzaa wòkuna ɖe fofoa si dzi wòka ɖo vevie heɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋui ene.—Psalmo 63:9; Yesaya 41:13.

Be Woalɔ̃ Mawu Fia be Woavɔ̃e

9. Kadodo kae le mawulɔlɔ̃ kple mawuvɔvɔ̃ dome?

9 Le Ŋɔŋlɔawo nu la, mawuvɔvɔ̃ mexe mɔ na eyama lɔlɔ̃ le mɔ aɖeke nu o. Ke boŋ woxlɔ̃ nu Israel-viwo be ‘woavɔ̃ Yehowa be woazɔ eƒe mɔwo katã dzi, eye woalɔ̃e.’ (Mose V, 10:12) Eyata kadodo kplikplikpli le mawuvɔvɔ̃ kple Mawu lɔlɔ̃ dome. Mawuvɔvɔ̃ ʋãa mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye esia naa wòɖea dzesi le mía ŋu be míelɔ̃e. (Yohanes I, 5:3) Susu le nya sia me, elabena ne míelɔ̃ ame aɖe la, esɔ be míavɔ̃ na nusi avee wɔwɔ. Israel-viwo tsɔ woƒe aglãdzenuwɔwɔ le gbeadzi do dzikui na Yehowa. Le nyateƒe me míadi be míawɔ naneke si ana míaƒe Dziƒofofoa nase veve nenema o. (Psalmo 78:40, 41) Ke esi ‘Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo vɔ̃nɛ ŋu’ ta la, míaƒe toɖoɖo kple nuteƒewɔwɔ doa dzidzɔ na eƒe dzi. (Psalmo 147:11; Lododowo 27:11) Mawu lɔlɔ̃ ʋãa mí be míawɔ nusi dzea eŋu eye mawuvɔvɔ̃ xea mɔ na mí be míawɔ nusi ana wòase veve o. Wonye nɔnɔme siwo zɔna aduadu, wometsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o.

10. Aleke Yesu ɖee fia be Yehowa-vɔvɔ̃ nyo ye ŋui?

10 Alesi Yesu Kristo nɔ agbee ɖe alesi míate ŋu alɔ̃ Mawu ahavɔ̃e le ɣeyiɣi ma ke me la fia kɔte. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ le Yesu ŋu be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi. Yehowa vɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu.” (Yesaya 11:2, 3) Abe alesi nyagblɔɖi sia fia ene la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yesu wòvɔ̃ Fofoa si le dziƒo la. Gakpe ɖe eŋu la, míede dzesii be vɔvɔ̃ sia si menyea agba kpekpe nɔa ame dzi gbeɖe o la nye dzidzemetsoƒe. Yesu kpɔ dzidzɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me eye wowɔ nusi nyo eŋu le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Esi wòkpɔ be yeƒe fuwɔameti ŋuti kua ɖo la, egblɔ na Yehowa be: “Menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.” (Mateo 26:39) Le mawuvɔvɔ̃ sia ta la, Yehowa ɖo to Via ƒe kokoƒoƒo, eye wòdo ŋusẽe, heɖee tso ku me.—Hebritɔwo 5:7.

Yehowa Vɔvɔ̃ Sɔsrɔ̃

11, 12. (a) Nukatae wòle be míasrɔ̃ alesi míavɔ̃ Mawui? (b) Aleke Yesu fia Yehowa-vɔvɔ̃ míi?

11 To vovo na ŋɔdzi si léa mí le vo me ne míeke ɖe dzɔdzɔmenu sẽŋu triakɔ aɖe ŋu la, mawuvɔvɔ̃ ya mevana le eɖokui si o. Nu ma tae Dawid Gãtɔ, Yesu Kristo, tsɔ nyagblɔɖinya siawo kpe míi be: “Viwo, miva, milé to ɖe ŋunye, ne mafia Yehowa-vɔvɔ̃ mi!” (Psalmo 34:12) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa-vɔvɔ̃ tso Yesu gbɔe?

12 Yesu fiaa Yehowa-vɔvɔ̃ mí to alesi wòkpena ɖe mía ŋu be míase míaƒe Dziƒofofoa ƒe nɔnɔme nyuiwo gɔme me. (Yohanes 1:18) Yesu ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu kple alesi wòwɔa nu ɖe amewo ŋui fia, elabena Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme fia pɛpɛpɛ. (Yohanes 14:9, 10) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe vɔsa dzie míetona tena ɖe Yehowa ŋu ne míedo gbe ɖa bia míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke. Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ tɔxɛ sia ɖeɖe nye susu sẽŋu si ta wòle be míavɔ̃e ɖo. Hakpala la ŋlɔ bena: “Gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.”—Psalmo 130:4.

13. Afɔɖeɖe kawoe woyɔ le Lododowo ƒe agbalẽa me si akpe ɖe mía ŋu míavɔ̃ Yehowa?

13 Lododowo ƒe agbalẽa yɔ afɔ vovovo siwo míaɖe si akpe ɖe mía ŋu míatu mawuvɔvɔ̃ ɖo. “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wo gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, . . . ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.” (Lododowo 2:1-5) Eyata be míavɔ̃ Mawu la, ele be míasrɔ̃ eƒe Nya, míadze agbagba vevie be míase eƒe mɔfiafiawo gɔme, ahawɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ.

14. Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋu si woɖo na Israel-fiawo dzi?

14 Wogblɔ na blema Israel-fia ɖesiaɖe be wòagbugbɔ Sea aŋlɔ ɖe agbalẽ me eye ‘wòaxlẽe le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé seawo me nyawo katã me ɖe asi.’ (Mose V, 17:18, 19) Be míate ŋu anya alesi míavɔ̃ Yehowae la, ekema Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ le vevie ŋutɔ na mí. Ne míetsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔa dɔe le míaƒe agbeme la, nunya kple sidzedze va sua mía si vivivi. Míeva ‘sea Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme’ elabena míekpɔa nu nyui siwo dona tsoa eme na mí le míaƒe agbe me eye míeva dea asixɔxɔ mía kple Mawu dome ƒomedodo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míekpea ta kple haxɔsetɔwo edziedzi la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ate ŋu aɖo to ase Mawu ƒe nufiafia, asrɔ̃ alesi míavɔ̃ Mawui, ahazɔ le eƒe mɔwo dzi.—Mose V, 31:12.

Dzidzɔtɔe Nye Amesiame si Vɔ̃a Yehowa

15. Mɔ kawo nue mawuvɔvɔ̃ do ƒome kple subɔsubɔ si míetsɔna nɛ le?

15 Le nusiwo ŋu míeƒo nu tsoe nu la, míate ŋu akpɔe adze sii be mawuvɔvɔ̃ nye nɔnɔme ɖɔʋu aɖe si wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe natu ɖo, esi wònye subɔsubɔ si míetsɔna na Yehowa ƒe akpa vevi aɖe ta. Enaa míexɔa eyama dzi sena bliboe, zɔna le eƒe mɔwo dzi, hekuna ɖe eŋu. Abe alesi wòdzɔ le Yesu Kristo gomee ene la, mawuvɔvɔ̃ ate ŋu aʋã mí hã be míawɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe dzi tso fifia dzi heyi ɖe mavɔmavɔ me.

16. Nukatae Yehowa dea dzi ƒo na mí be míavɔ̃ ye ɖo?

16 Mawuvɔvɔ̃ mele abe nu dziŋɔ aɖe vɔvɔ̃ ene alo anye agba manyatalenu anɔ ame dzi o. Biblia na kakaɖedzi mí be: ‘Dzidzɔtɔe nye amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi.’ (Psalmo 128:1) Yehowa dea dzi ƒo na mí be míavɔ̃ ye elabena enyae be nɔnɔme sia akpɔ mía ta. Míede dzesi alesi wòtsɔ ɖe le eme na mí lɔlɔ̃tɔe le nya siwo wògblɔ na Mose me, be: “Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo [Israel-viwo] si, ne woavɔ̃m, eye woalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi, bena wòanyo na wo kple wo viwo!”—Mose V, 5:26.

17. (a) Vi kawoe mawuvɔvɔ̃ ɖena na mí? (b) Mawuvɔvɔ̃ ƒe akpa ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Nenema ke ne míedzra míaƒe dzi ɖo be míavɔ̃ Mawu la, eme anyo na mí. Le mɔ kawo nu? Gbã la, nɔnɔme sia adze Mawu ŋu eye wòate mí ɖe eŋu kplikplikpli. Dawid de dzesii le eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me be, “ewɔa amesiwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.” (Psalmo 145:19) Evelia, mawuvɔvɔ̃ aɖe vi na mí elabena akpɔ ŋusẽ ɖe nɔnɔme si le mía si ɖe nu manyomanyowo ŋu la dzi. (Lododowo 3:7) Nyati si kplɔe ɖo adzro alesi vɔvɔ̃ sia kpɔa mía ta tsoa gbɔgbɔmefɔku mee, eye wòadzro Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖewo me ku ɖe amesiwo vɔ̃ Mawu hetsri vɔ̃ la ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sewɔtakpekpe Gã da asi ɖe Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖia dzi le December 10, 1948, dzi.

Àte Ŋu Aɖo Nya Siawo Ŋua?

• Mawuvɔvɔ̃ gɔme ɖe, eye aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii?

• Kadodo kae le mawuvɔvɔ̃ kple zɔzɔ kple Mawu dome?

• Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋu ɖee fia be kadodo le mawuvɔvɔ̃ kple lɔlɔ̃ na Mawu dome?

• Mɔ kawo nue míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo le be míavɔ̃ Yehowae?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Wode se na Israel-fiawo be woagbugbɔ Sea aŋlɔ ɖe agbalẽ me na wo ɖokui ahaxlẽe gbesiagbe

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yehowa-vɔvɔ̃ naa míeɖoa dzi ɖe eyama ŋu abe alesi ɖevi ɖoa dzi ɖe fofoa ŋui ene

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 15]

Stars: Photo by Malin, © IAC/RGO 1991

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe