INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 4/1 axa 21-24
  • Mawu Xɔa Dukɔwo Katã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Xɔa Dukɔwo Katã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Blema Kpɔɖeŋu Aɖe
  • Samariatɔwo Kple Amesiwo Menye Yudatɔwo O Xɔxɔ
  • Paulo—Dɔwɔnu si Wotia na Dukɔwo
  • Kpekpeɖeŋu Nana Anyigbadzitɔwo Katã
  • Esrɔ̃ Nublanuikpɔkpɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Esrɔ̃ Ale Si Wòakpɔ Nublanui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Dze Agbagba Nàkpɔ Amewo Abe Alesi Yehowa Kpɔa Woe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Yona Srɔ̃ Nu tso Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 4/1 axa 21-24

Mawu Xɔa Dukɔwo Katã

ESI John zɔ mɔ yi Mali zi gbãtɔ la, alesi Mamadou kple eƒe ƒomea wɔ amedzro nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Esi John bɔbɔ nɔ anyigba henɔ nu ɖum le agba ɖeka me kpli wo la, enɔ ŋugble dem le mɔ nyuitɔ si dzi wòato atsɔ nunana xɔasi aɖe ana amesi gbɔ wòva dze lae—eyae nye Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui si le Mawu ƒe Nya, Biblia me. Togbɔ be John se Fransegbe, si nye gbe si wodona le Mali hã la, enɔ tame bum le alesi wòawɔ agblɔ nyaa na ƒome sia si ƒe subɔsubɔ kple nuŋububu to vovo kura lae.

Mewɔ nuku o be John ɖo ŋku nya si Biblia gblɔ le Babel dugã ŋu la dzi. Afimae Mawu tɔtɔ gbe na ame dzeaglãwo le. (Mose I, 11:1-9) Ewɔe be gbegbɔgblɔ, mawusubɔsubɔ, kpakple nukpɔsusu ƒomevi vovovo va le amewo si le anyigba ƒe teƒe vovovowo. Esi mɔzɔzɔ kple dukɔ bubu me nɔnɔ va bɔ egbea ŋutɔ ta la, ame geɖe doa go kuxi si tɔgbe John do goe, le woa ŋutɔwo ƒe nutowo me gɔ̃ hã: Aleke woagblɔ woƒe Biblia me mɔkpɔkpɔa na ame ƒomevi bubuwoe?

Blema Kpɔɖeŋu Aɖe

Israel-viwo koŋue Yona ƒo nu na, abe alesi nyagblɔɖila bubu siwo nɔ Israel wɔ ene. Egblɔ nya ɖi le ɣeyiɣi si me Israel-to ewo siwo gbe xɔse la wɔa nusiwo medea bubu Mawu ŋu o gaglãa. (Fiawo II, 14:23-25) Bu alesi Yona anya se le eɖokui me esi wode dɔ tɔxɛ esi be wòadzo le wo dedukɔ me ayi Asiria aɖaɖe gbeƒã na Niniwetɔwo, amesiwo ƒe subɔsubɔ kple agbenɔnɔ to vovo kura ŋu kpɔ. Anɔ eme be Yona medoa Niniwetɔwo ƒe gbe gɔ̃ hã o, alo medonɛ nyuie o. Aleke kee nyaa le o, edze ƒã be Yona kpɔ dɔa be ewu tsɔtsɔ na ye, eye wòsi.—Yona 1:1-3.

Edze ƒã be ehiã be Yona nadze sii be Yehowa Mawu kpɔa nu yi ŋgɔ wu gotagomenu eye wòdzroa dzi me kpɔna. (Samuel I, 16:7, 8) Esi Yehowa ɖe Yona tso atsiaƒua me nukutɔe vɔ la, egagblɔ nɛ zi evelia be wòayi aɖaɖe gbeƒã na Niniwetɔwo. Yona ɖo to azɔ, eye wòva eme be Niniwetɔwo, ame hahoo la, trɔ dzi me. Gake kokoko la, nukpɔsusu nyui menɔ Yona si o. Yehowa tsɔ kpɔɖeŋu sẽŋu aɖe fia nui be, ele nɛ be wòatrɔ eƒe nɔnɔme. Yehowa bia Yona be: “Ðe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nuka enye ɖusi kple mia [o] . . . ƒe nu mavem oa?” (Yona 4:5-11) Ke mí amesiwo li egbea hã ɖe? Aleke míate ŋu akpe ɖe ame ƒomevi bubuwo ŋui?

Samariatɔwo Kple Amesiwo Menye Yudatɔwo O Xɔxɔ

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19) Esia menɔ bɔbɔe na wo o. Yudatɔwoe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye, eye abe Yona ene la, nuƒoƒo na woa ŋutɔwo detɔwoe ma wo. Anɔ eme be alesi ame geɖe bua nazã ɣemaɣii la kpɔ ŋusẽ ɖe woawo hã dzi. Gake Yehowa kpɔ nyaa gbɔ, eye ʋɛʋɛʋɛ la, esubɔlawo te ŋu va dze si nusi wòdi be woawɔ.

Afɔɖeɖe gbãtɔ enye be woaɖu nazãbubu si le Yudatɔwo kple Samariatɔwo dome dzi. Yudatɔwo mewɔa nu kple Samariatɔwo o. Ke hã menye zi ɖeka koe Yesu ɖe afɔ siwo aʋu mɔ ɖi na Samariatɔwo ƒe nyateƒea xɔxɔ emegbe o. Eɖe eƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ fia heƒo nu na Samaria nyɔnu aɖe. (Yohanes 4:7-26) Ɣebubuɣi la, eto Samariatɔ havilɔ̃la ƒe kpɔɖeŋua dzi ɖee fia Yudatɔ subɔsubɔnyahela aɖe be amesiwo menye Yudatɔwo o hã ate ŋu aɖe havilɔlɔ̃ afia. (Luka 10:25-37) Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nahe Samariatɔwo ava Kristo-hamea me la, Filipo, Petro, kple Yohanes—siwo katã nye Yudatɔwo—ɖe gbeƒã na Samaria nɔlawo. Woƒe gbedasia he dzidzɔ manyagblɔ aɖe va dua me.—Dɔwɔwɔwo 8:4-8, 14-17.

Ne esesẽ na Yudatɔ Kristotɔwo be woalɔ̃ Samariatɔwo, amesiwo le nyateƒe me wonye Yudatɔwo ƒe ƒometɔ siwo wo kpli wo dome didi vie la, ekema asesẽ na wo kura wu be woaɖe havilɔlɔ̃ afia amesiwo menye Yudatɔwo o, alo Trɔ̃subɔlawo, amesiwo Yudatɔwo tsri ɖikaa helé fui. Ke hã le Yesu ƒe ku megbe la, woate ŋu aɖe mɔxenu si le Yudatɔ Kristotɔwo kple Trɔ̃subɔlawo dome ɖa. (Efesotɔwo 2:13, 14) Esi Yehowa di be yeakpe ɖe Petro ŋu wòaxɔ ɖoɖo yeye sia ade eme la, ena wòkpɔ ŋutega aɖe si me Wògblɔ nɛ le be ‘megayɔ nusi ŋuti Mawu kɔ la be nu makɔmakɔ o.’ Emegbe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔe yi Trɔ̃subɔla aɖe si ŋkɔe nye Kornelio gbɔ. Esi Petro va se Mawu ƒe nukpɔsusu gɔme—be megayɔ ŋutsu xexemetɔ sia be ŋunyɔnu o elabena Mawu kɔ eyama ŋuti—la, gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:9-35) Aleke gbegbe wòwɔ nuku na Petro enye si, esi Mawu ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Kornelio kple eƒe ƒomea ŋu to gbɔgbɔ kɔkɔe kɔkɔ ɖe wo dzi me!

Paulo—Dɔwɔnu si Wotia na Dukɔwo

Paulo ƒe subɔsubɔdɔa nye alesi Yehowa dzraa esubɔlawo ɖo vivivi be woalɔ̃ ameƒomevi ɖesiaɖe ahakpe ɖe wo ŋu ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Esime Paulo trɔ dzime la, Yesu gblɔ be Paulo ava nye dɔwɔnu tiatia be wòaɖi ɖase le Yeƒe ŋkɔa ŋu na dukɔwo. (Dɔwɔwɔwo 9:15) Emegbe Paulo yi Arabia, eye anɔ eme be eyi ŋugble de ge le Mawu ƒe taɖodzinu si nye be yeazãe wòaɖe gbeƒã nyanyuia na dukɔwo la ŋu.—Galatiatɔwo 1:15-17.

Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, etsɔ dzonɔameme ɖe gbeƒã na amesiwo menye Yudatɔwo o. (Dɔwɔwɔwo 13:46-48) Yehowa yra ɖe Paulo ƒe dɔa dzi, si nye kpeɖodzi be apostoloa le nu wɔm ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu. Paulo ɖee fia be yese Yehowa ƒe nukpɔsusu gɔme bliboe esi wòtsɔ dzinɔameƒo ɖɔ Petro, amesi wɔ nu ameŋkumekpɔkpɔtɔe hegbe hadede kple nɔvia siwo menye Yudatɔwo o la ɖo.—Galatiatɔwo 2:11-14.

Kpeɖodzi bubu si gafia be Mawu ƒe asi nɔ Paulo ƒe dɔwɔnawo me la dze le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia me esime gbɔgbɔ kɔkɔea meɖe mɔ na Paulo be wòayi aɖe gbeƒã le Romatɔwo ƒe nuto si nye Bitinia me o. (Dɔwɔwɔwo 16:7) Anya nɔ eme be ɣeyiɣia mede haɖe o. Gake emegbe la, Bitiniatɔ aɖewo va zu Kristotɔwo. (Petro I, 1:1) Le ŋutega aɖe me la, Makedonia-ŋutsu aɖe ɖe kuku na Paulo be: “Tso ƒu va Makedonia, eye nàxɔ na mí.” Paulo tso nya me be ele be yeatrɔ yeƒe mɔ bene yeava gblɔ nyanyuia le Roma-nuto ma me.—Dɔwɔwɔwo 16:9, 10.

Wodo alesi Paulo te ŋu trɔna ɖe ame ƒomevi vovovowo ŋu kpɔ vevie esi wòɖe gbeƒã na Atenetɔwo. Hela kple Roma sewo tsri dutamawuwo subɔsubɔ kple duta subɔsubɔha yeyewo ƒe kɔnuwo toto vɛ. Paulo ƒe amelɔlɔ̃ ʋãe be wòlé ŋku ɖe woƒe subɔsubɔkɔnuwo ŋu nyuie. Esi wòyi Atene la, ekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋu woŋlɔ ɖo be, “Mawu, si Womenya o la tɔe.” Ezã nya sia le eƒe ɖaseɖiɖi me. (Dɔwɔwɔwo 17:22, 23) Mɔ nyui ka gbegbee nye si dzi wòto gblɔ eƒe gbedasia le ameŋububu kple bubu me!

Aleke gbegbe wòado dzidzɔ na Paulo enye esi ne wòɖo ŋku nusiwo do tso eƒe apostolonyenye na dukɔwo me! Ekpe ɖe eŋu woɖo hame siwo me Kristotɔ gbogbo aɖewo siwo menye Yudatɔwo o nɔ le Korinto, Filipi, Tesalonika, kple du siwo le Galatia-nuto me. Ekpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔwo abe Damaris, Dioniso, Sergius Paulus, kple Tito ene ŋu. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye be woakpɔe be amesiwo menya Yehowa alo Biblia o la xɔ Kristotɔnyenye ƒe nyateƒea! Esi Paulo nɔ nu ƒom tso akpa si wòwɔ le kpekpeɖeŋunana amesiwo menye Yudatɔwo o be wova dze si nyateƒea ŋu la, egblɔ be: “Ke le esiawɔwɔ me mebui bubunu be, magblɔ nyanyui la afia, menye afisi woyɔ Kristo ƒe ŋkɔ le xoxo o, . . . hafi abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Amesiwo womeɖe gbeƒãe na haɖe o la, woawo akpɔe, eye amesiwo mesee haɖe o la, woawo aŋɔ ɖe eme.’ ” (Romatɔwo 15:20, 21) Ðe míate ŋu akpɔ gome le nyanyuia gbɔgblɔ na amesiwo mía kpli wo ƒe kɔnu mesɔ o mea?

Kpekpeɖeŋu Nana Anyigbadzitɔwo Katã

Salomo do gbe ɖa na Yehowa ɖe amesiwo menye Israel-viwo o siwo ava subɔ le gbedoxɔa me le Yerusalem la ta. Ebia bubutɔe be: “Ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nawɔ nusiwo katã ŋuti du bubu me tɔ la le yɔwòm ɖo; ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ.” (Fiawo I, 8:41-43) Fiaɖuƒegbeƒãɖela akpe nane siwo le dukɔ geɖe me ɖea seselelãme mawo tɔgbe fiana. Wodoa go amesiwo ɖi Niniwetɔwo, siwo menya ‘woƒe ɖusi kple mia’ le gbɔgbɔmenyawo gome o. Eye edzroa Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo vevie be yewoakpɔ gome le nyagblɔɖi siwo ku ɖe tadeagula vavãwo nuƒoƒoƒu tso dukɔ vovovowo me ŋu ƒe emevava me.—Yesaya 2:2, 3; Mixa 4:1-3.

Abe alesi Kristodukɔa me tɔwo va xɔ Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ gbedasia ene la, subɔsubɔha bubuwo me tɔwo hã le exɔm nenema ke. Dɔ kae wòle be nya sia nawɔ ɖe dziwò? Dzro ɖokuiwò me anukwaretɔe kpɔ. Ne èsenɛ le ɖokuiwò me be nazãbubu ƒo ke ɖe to le yeƒe dzi me la, hoe ɖa le lɔlɔ̃ me.a Mègatsri amesiwo Mawu lɔ̃ be yeaxɔ la o.—Yohanes 3:16.

Dzra ɖo le susu me hafi nàƒo nu na amesiwo ƒe nukpɔsusu to vovo. Srɔ̃ nu tso woƒe dzixɔsewo, nusiwo ŋu wotsia dzi ɖo, kple alesi wobua nuwo ŋui ŋu nyuie; eye nàdi nyateƒe nya si dzi mi katã mialɔ̃ ɖo. Ðe dɔmenyonyo kple dɔmetɔtrɔ fia ame bubuwo. Ƒo asa na glãkahehe, xɔ woawo hã ƒe nukpɔsusu, eye wò nyawo natu ame ɖo. (Luka 9:52-56) Ne ewɔe nenema la, àdze Yehowa, “amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” la ŋu.—Timoteo I, 2:4.

Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na mí enye esi be míedea ha kple ame ƒomevi vovovowo le míaƒe hamea me! (Yesaya 56:6, 7) Aleke gbegbe wòdoa dzidzɔ na mí egbea enye si be, menye ŋkɔwo abe Enyonam, Senyo, Ðelali, kple Kɔdzo ene koe míesena o, ke boŋ míesea ŋkɔ bubuwo abe Mamadou, Jegan, Reza, kple Chan ene hã! Nyateƒee, ‘woʋu ʋɔtru gã aɖe na mí na dɔ geɖe wɔwɔ.’ (Korintotɔwo I, 16:9) Mina míawɔ mɔnukpɔkpɔ siwo le mía si ŋudɔ bliboe bene míatsɔ Mawu, Yehowa, amesi mekpɔa ame ŋkume o ƒe amekpekpea ayi na amewo ale be woaxɔ dukɔwo katã me tɔwo!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Nusiwo Xea Mɔ na Kadodo” le July 8, 1996, ƒe Nyɔ!, axa 5-7 me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Paulo trɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu ale be wògblɔ nyanyuia na amewo le afisiafi

. . . le Atene

. . . le Filipi

. . . le mɔzɔzɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe