INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 9/15 axa 3-4
  • “Miawo Mido Gbe Ða Ale”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Miawo Mido Gbe Ða Ale”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míado Gbe Ða—Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa Koe Wòle Be Míagbugbɔ Anɔ Gbɔgblɔma?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa​—Nusi Wòfia na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Do Nuteƒewɔwɔ Ƒe Asiwo Ðe Dzi Le Gbedodoɖa me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nukata Wòle Be Míado Gbe Ða Madzudzɔmadzudzɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 9/15 axa 3-4

“Miawo Mido Gbe Ða Ale”

ÈNYA nya siwo le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la mea? Enye kpɔɖeŋugbedodoɖa aɖe si Yesu Kristo fia. Le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, egblɔ be: “Eyata miawo mido gbe ɖa ale.” (Mateo 6:9) Esi wònye Yesue fiae ta la, woyɔnɛ zi geɖe be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, ame aɖewo hã yɔnɛ be Mía Fofo ƒe gbedodoɖa.—Latingbe, Paternoster.

Ame miliɔn geɖe srɔ̃ Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la ɖe tame hegbugbɔ nɔa emenyawo gblɔm edziedzi, ɖewohĩ gbesiagbe. Le ƒe siawo me la, ame geɖe gblɔa gbedodoɖa sia me nyawo tsoa tame wosena le sukuwo kple le hadome nudzɔdzɔwo me. Nukatae wobua Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nu vevii alea gbegbe?

Ƒe alafa etɔ̃lia me mawunyaŋununyala Cyprian ŋlɔ be: “Ðe gbedodoɖa aɖe ate ŋu aku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu wu esi Kristo fia mía. . . ? Ðe míate ŋu ado gbe aɖe ɖa na Fofo la, si me nyawo anye nyateƒe, wu esi Via, si nye Nyateƒe la, fia mía?”—Yohanes 14:6.

Roma Katolikoha la fia le eƒe katekismo me be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa lae nye “Kristotɔwo ƒe gbedodoɖa vevitɔ.” The World Book Encyclopedia lɔ̃ ɖe edzi be gbedodoɖa sia nye nu vevi aɖe le Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo katã me, heyɔe be enye “Kristotɔwo ƒe xɔse ŋuti nufiafia vevitɔwo” dometɔ ɖeka.

Ke hã, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ame gbogbo aɖewo li siwo gblɔa Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me nyawo tsoa tame evɔ womesea egɔme nyuie o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Ottawa Citizen si wotana le Canada gblɔ be: “Ne ètso Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe me la, ke ɖewohĩ àte ŋu agblɔ Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me nyawo tso tame r--- ta, gake ɖewohĩ egbɔgblɔ blewu wòafia be èse egɔme ate ŋu anye nu sesẽ na wò.”

Ðe wòle vevie ŋutɔŋutɔ be míase gbe siwo míedona ɖa na Mawu gɔmea? Nukatae Yesu fia mí Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la ɖo? Nukae wòfia na wò? Na míadzro nyabiabia siawo me azɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe