INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 4/15 axa 30
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Simson Kpɔ Dziɖuɖu Le Yehowa Ƒe Ŋusẽ Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Srɔ̃ Samson​—Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Ŋutsu Sesẽtɔ Kekeake
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 4/15 axa 30

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

• Susu ka tae wotia December 25 be wòanye Yesu ƒe dzigbezã ɖo?

Mawu ƒe Nya meyɔ ɣletiŋkeke aɖeke be eya dzie wodzi Yesu o. Enciclopedia Hispánica gblɔ be: “Menye akɔnta aɖekee wobu le ɣletigbalẽ ŋutɔŋutɔ aɖe dzi hekpɔe be ele be woaɖo December 25 lia be wòanye Kristmas si nye Yesu dzigbe o, ke boŋ vuvɔŋɔli me ŋkeke si dzi ɣe la ɖoa anyigba ƒe anyiehe ke ƒe azã si woɖuna lae wotrɔ wòva zu Kristotɔwo ƒe azã.” Blema Romatɔwo ɖua ɣe ƒe tɔtrɔgbɔ le vuvɔŋɔli megbe, tua aglo, henaa nu wo nɔewo.—12/15, axa 4-5.

• Ðe Dɔwɔwɔwo 7:58 fia be Stefano do gbe ɖa na Yesua?

Ao. Biblia fia be Yehowa Mawu koe wòle be woado gbe ɖa na. Eme kɔ ƒã be esi Stefano nɔ Yesu kpɔm le ŋutega me ta la, anya se le eɖokui me be yeayɔe tẽ, egblɔ be: “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ la!” Stefano nya be wona ŋusẽ Yesu be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. (Yohanes 5:27-29) Eyata Stefano bia Yesu be wòakpɔ yeƒe gbɔgbɔ alo agbeŋusẽ ta, vaseɖe esime tsitretsitsi ƒe ɣeyiɣia naɖo.—1/1, axa 31.

• Aleke míewɔ nya be womeɖo nusi ame ava zu le etsɔme ɖi nɛ o?

Mawu na tiatiawɔblɔɖe si mewɔ ɖeka kple nuɖoɖiname o la mí. Anye ne Yehowa azu ame malɔ̃ame kple madzɔmadzɔtɔ ne ɖe wòɖo nusi míava zu le etsɔme ɖi evɔ wòagabia be míatsɔ míaƒe nuwɔnawo me tsonuwo ƒe agba. (Mose V, 32:4; Yohanes I, 4:8)—1/15, axa 4-5.

• Nukatae wòanye ameɖokuidodoɖedzi be woagblɔ be nukunuwo mate ŋu adzɔ gbeɖe o?

Esi dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo kpɔe dze sii be dzɔdzɔmeŋusẽ siwo Mawu zã tsɔ wɔ nuwoe ŋuti sidzedze kakɛ aɖe koe su yewo si ta la, wolɔ̃ ɖe edzi be mele be yewoagagblɔ kakaɖedzitɔe be nane mate ŋu adzɔ gbeɖe o. Wodina be yewoagblɔ boŋ be ɖewohĩ madzɔ o.—2/15, axa 5-6.

• Nukata ʋɔnudrɔ̃la Simson gblɔ na edzilawo be woaɖe Filisti-nyɔnu na ye? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:2)

Srɔ̃ɖeɖe le trɔ̃subɔlawo dome tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu. (Mose II, 34:11-16) Ke hã Filisti-nyɔnu sia koŋ “nyo” na Simson. Simson nɔ ‘mɔnu dim le Filistitɔwo ŋu,’ eye nyɔnua sɔ nyuie na taɖodzinu ma gbɔ ɖoɖo. Mawu tsɔ Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe da megbee na Simson. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:25; 14:3, 4, 6)—3/15, axa 26.

• Ðe wòle be Kristotɔ nana ga alo nunana dziɖuɖudɔwɔla aɖe ɖe dɔ siwo wòawɔ nɛ taa?

Enye nugbegblẽ be woana zãnu alo nunana xɔasi aɖe dɔdzikpɔla aɖe be wòaŋe aɖaba aƒu nuwɔna si mele se nu o la dzi, be wòablu afɔ na ʋɔnudrɔ̃nyawo, alo be wòawɔ nu ɖe ye ŋu etɔxɛe. Gake menye zãnunana be woana ga alo nunana aɖe dziɖuɖudɔwɔla ɖe dɔ nyui si wòwɔ ta alo be wòawɔ dɔ si wòawɔ na ye la nyuie, alo be wòatsɔ aƒo asa na nu madzemadze wɔwɔ ɖe eŋui o.—4/1, axa 29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe