INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 9/1 axa 3
  • Ðe Nuteƒewɔwɔ Ðea Via?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nuteƒewɔwɔ Ðea Via?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wokafunɛ Ŋutɔ Wu Edede Nuwɔna Me
  • Mikpɔ Nuteƒewɔla La Ða!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tenɔnɔ Ðe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Dodokpɔ La nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Wò Ðeɖe Koe Nye Nuteƒewɔla!”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Amekae Wòle Be Nàwɔ Nuteƒe Na?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 9/1 axa 3

Ðe Nuteƒewɔwɔ Ðea Via?

“ÈLE ga geɖe zãm akpa ɖe lãmesẽnyawo ƒe nugblẽfexeɖoɖo ta. Ne èva ge ɖe nye nugblẽfexeha boŋ me la, euro 15 sɔŋ ye atsi kotokume na wò ɣleti sia ɣleti, si nye ga gbogbo aɖe ŋutɔ.” Karl, si nye nugblẽfexeha aɖe ƒe amedɔdɔ lae gblɔ nya mawo.a

Jens ɖo eŋu nɛ be: “Anɔ eme nenema. Gake lãmesẽtakpɔkpɔ ƒe nugblẽfexeɖoɖo ƒe kadodo nɔ mía kple adzɔha sia dome hena ƒe geɖe. Wokpe ɖe ŋunye ŋutɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me, eye medi be mayi edzi awɔ nuteƒe na wo.”

Karl ɖo eŋu nɛ be: “Nuteƒewɔwɔ nye nɔnɔme nyui aɖe ya. Gake nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi le ga dome gblẽm na wò!”

Nyateƒee Karl to. Zi geɖe la, nuteƒewɔwɔ na ame aɖe ate ŋu abia be nàzã ga geɖe. Ebia ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe zazã, kpakple seselelãme ƒe ɖokuitsɔtsɔna blibo hã. Ðe viɖe aɖe le nuteƒewɔwɔ mea?

Wokafunɛ Ŋutɔ Wu Edede Nuwɔna Me

Numekuku aɖe si Allensbach Nukpɔsusu Ŋuti Numekuƒe wɔ le Germany ɖee fia be amesiwo wobia gbee dometɔ 96 le alafa me bu nuteƒewɔwɔ be enye nɔnɔme nyoameŋu aɖe. Numekuku evelia si Allensbach Numekuƒea wɔ le amesiwo xɔ tso ƒe 18 va ɖo 24 dome ɖee fia be ame siwo wobia gbee dometɔ 2 le 3 ɖesiaɖe me bu nuteƒewɔwɔ be enye nɔnɔme nyoameŋu.

Togbɔ be wokafua nuteƒewɔwɔ le teƒe geɖe hã la, edede nuwɔna ŋutɔŋutɔ me ya nyea kuxi. Le kpɔɖeŋu me le Europa dukɔ geɖewo me la, zi geɖe srɔ̃tɔwo alo ƒometɔwo mewɔa nuteƒe na wo nɔewo o. Zi geɖe xɔlɔ̃wo doa kpo nuteƒewɔwɔ na wo nɔewo. Eye ne míagblɔe tututu la, nuteƒewɔwɔ si tea dɔtɔwo kple woƒe dɔwɔviwo alo asitsalawo kple woƒe asisiwo ƒoa ƒui ɖekae tsã la, zu gbaɖegbenya. Nukatae?

Ɣeaɖewoɣi la, agbemehloloetsotsowo xɔa ɣeyiɣiwo katã kloe le ame si alo nana megadzroa ame be wòaƒo eɖokui ɖe nusiwo abia be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la wɔwɔ me o. Ðewohĩ amesiwo amewo trɔ to eme eye wòna dzi ɖe le wo ƒo vevie la magadi be yewoawɔ nuteƒe na ame aɖeke azɔ o. Ame aɖewo trɔ ɖe ɖokuitsɔtsɔna hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe agbenɔnɔ, si me nuteƒewɔwɔ alo kukuɖeameŋu ɖaa ƒe nya aɖeke mele o la, boŋ ŋu.

Eɖanye nuka ke tae o, nuteƒewɔwɔ nye nɔnɔme nyoameŋu si wokafuna tsɔ wu edede nuwɔna ŋutɔŋutɔ me. Eyata míabia be: Ðe nuteƒewɔwɔ ɖea via? Ne eɖea vi la, amekae wòle be míawɔ nuteƒe na, eye le mɔ kawo nu? Viɖe kawoe le nuteƒewɔwɔ me?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Nuteƒewɔwɔ nye nɔnɔme nyoameŋu si wokafuna tsɔ wu edede nuwɔna ŋutɔŋutɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe