INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 9/15 axa 3
  • Mawue loo alo Amegbetɔe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawue loo alo Amegbetɔe?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Keke Ðe Nu Xɔasi Siwo ‘Woɣla Ðe Eya Amea Me Nyuie’ La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Amekae Yesu Kristo Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nu Ka Tae Míadze “Kristo La” Yome?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yesu Kristo—Amesi Dzi Mi̇́ato Adze Si Mawu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 9/15 axa 3

Mawue loo alo Amegbetɔe?

“NYEE nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.” (Yohanes 8:12) Yesu Kristoe gblɔ nya siawo. Agbalẽnyalagã aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋlɔ tso eŋu be: “[Enye] amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.” (Kolosetɔwo 2:3) Gawu la, Biblia gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Yesu ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe amesisusu le vevie hafi míate ŋu asubɔ Mawu wòade edeƒe.

Ame gbogbo aɖewo se nu tso Yesu Kristo ŋu le xexeame godoo. Ðikeke mele ame aɖeke me ɖe alesi wòxɔ ŋkɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya mee ŋu o. Le nyateƒe me la, ƒe si wosusu be eya mee wodzii dzie wonɔ te ɖo wɔ ɣletigbalẽ siwo wozãna le xexeame ƒe teƒe geɖe. The World Book Encyclopedia ɖe nu me be: “Ame geɖe yɔa ƒe siwo do ŋgɔ na edziɣi be B.C., alo before Christ (do ŋgɔ na Kristo). Wozãna A.D., alo anno Domini (le mía Aƒetɔ ƒe ƒea me), na ƒe siwo kplɔ edziɣi ɖo.”

Ke hã, amesi Yesu nye ŋuti nukpɔsusu vovovowoe le amewo si. Le ame aɖewo gome la, ame xɔŋkɔ aɖe koe wònye le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Gake ame bubuwo ya subɔnɛ abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ ene. Hindutɔ aɖewo tsɔa Yesu Kristo ko abe Hindutɔwo ƒe Krishna, si wo dometɔ geɖe gblɔna be enye mawu si dzɔ ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme me la ene. Amegbetɔ dzro aɖe koe Yesu nyea, alo ame aɖe si wòle be woasubɔe wònye? Ameka tututue Yesu nye? Afikae wòtso va dzɔ? Nɔnɔme kawoe nɔ esi? Eye afikae wòle fifia? Agbalẽ aɖe si gblɔ nya geɖe ku ɖe Yesu ŋu la ana míakpɔ biabia siawo ŋuti ŋuɖoɖo vavãwo le nyati si kplɔe ɖo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe