INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 11/1 axa 14
  • Agbenɔnɔ Nyui Ðea Vi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Nyui Ðea Vi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Gbegbe Gbedoname Ðea Vii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Ele Be Mí Mawu Subɔlawo Míanɔ Nɔnɔme Nyuiwo Ðem Fia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ƒome Gãwo Wɔ Ðeka Le Mawusubɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 11/1 axa 14

Agbenɔnɔ Nyui Ðea Vi

YEHOWA ÐASEFOWO te Biblia sɔsrɔ̃ kple vidada aɖe kple via etɔ̃ le ƒukpo aɖe si gbɔ medidi tso Japan ƒe anyiehe ƒuta o la dzi. Esi aƒelika siwo léa blema kɔnuwo me ɖe asi kpaɖii le nuto saɖeaga sia me kpɔ esia la, womegadea nu eme na vidada la le afisiafi si wodo goe le o. Egblɔ be: “Nusi vem wu nu si womegadea eme nam o ye nye be womegadoa vivi ɖe srɔ̃nye kple vinyewo hã ŋu o.” Ke hã, egblɔ na viawo be: “Ele be míayi edzi anɔ gbe dom na míaƒe aƒelikawo le Yehowa ta.”—Mateo 5:47, 48.

Efiana ɖeviawo le aƒeme be woabu ameawo togbɔ be wogbe nu le yewo gbɔ hã. Esi woyina dzɔdzɔmetsidzidzi xɔdzo si woyina ɖakpɔna edzidzi kpɔ ge la, ɖeviawo dzra ɖo ɖe alesi woado gbee na amewo ŋu le ʋua me. Esi woge ɖe xɔa me la, ɖeviawo te gbedodo na amewo dzidzɔtɔe be, “Konnichiwa!”—“Míedo gbe na mí!” Ƒomea tsɔ dzigbɔɖi yi edzi do gbe na amesiwo katã wodo goe la, togbɔ be ameawo menɔ gbea lɔ̃m o hã. Ke hã, ɖeviawo ƒe amebubu ɖe dzesi amewo kpɔ.

Mlɔeba la, aƒelika vovovoawo va nɔ gbea lɔ̃m azɔ be “Konnichiwa.” Le ƒe eve megbe la, duametɔ ɖesiaɖe kloe va nɔ ƒomea ƒe gbedonamewo lɔ̃m. Duametɔwo ŋutɔ hã te gbedodo na wo nɔewo eye wova kɔa mo na wo nɔewo wu. Dudzikpɔla teƒenɔla di be yeakafu ɖeviawo ɖe akpa si wowɔ le tɔtrɔ sia hehe vɛ ta. Gake wo dada gblɔ nɛ be nusi ko wòle be Kristotɔwo nanɔ wɔwɔm la koe wònye wɔm wole. Emegbe, le dutoƒonuƒo ƒoƒo ƒe dodokpɔ si wowɔ le ƒukpo bliboa dzi me la, viŋutsuawo dometɔ ɖeka gblɔ alesi dadaa na hehe ƒomea be woado gbe na amewo bubutɔe metsɔ le alesi woaxɔe me o. Eƒe nuƒoae lé gbã eye wotae ɖe dua ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me. Egbea, ƒomea le dzidzɔ kpɔm be Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ɖe vi nyui siawo. Nyanyuia gbɔgblɔ na amewo nɔa bɔbɔe wu ne amewo kɔa mo ɖe ame.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe