INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 12/1 axa 3
  • Harmagedon Afɔku si Atsrɔ̃ Xexeame Yea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Harmagedon Afɔku si Atsrɔ̃ Xexeame Yea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Ame Aɖewo Gblɔna Be Harmagedon Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Harmagedon—Dzidzɔɣeyiɣi aɖe ƒe Gɔmedzedzee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 12/1 axa 3

Harmagedon​—Afɔku si Atsrɔ̃ Xexeame Yea?

HARMAGEDON! Ðe nya sia hea ameha gbogbowo tsɔtsrɔ̃, wo me matiamatiae, alo xexeame katã ƒe tsɔtsrɔ̃ le dzobibi aɖe me ƒe nudzɔdzɔwo vaa susu me na wòa? Biblia me nya ʋɛ siwo amewo lɔ̃a zazã edziedzi wu le woƒe gbesiagbenuƒoƒo me le xexeame ƒe akpa geɖe dometɔ ɖekae nye “Harmagedon.” Wozãna nya sia le afisiafi kloe wòkuna ɖe etsɔme wɔnublanui si dze ŋgɔ amegbetɔwo ŋu. Sinimawo, television, kple video dzi wɔna aɖewo ƒãa nudzɔdzɔ dziŋɔwo ɖe susu me na amewo ku ɖe “Harmagedon” si gbɔna ŋuti. Wotsɔ nukpɔsusu totrowo blu afɔ na gɔmesese si tututu le nya la ŋu. Togbɔ be nusi tututu wòfia ŋuti nukpɔsusuwo bɔ hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ mewɔ ɖeka kple nusi Biblia—agbalẽ si me nya la dze le zi gbãtɔ—fia ku ɖe Harmagedon ŋu o.

Esi Biblia ƒoa nu tso Harmagedon ŋu tɔna ɖe “xexeame ƒe nuwuwu” ŋuti ta la, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be ele vevie be nusi tututu Harmagedon nye ŋuti gɔmesese si me kɔ nyuie nasu ame si oa? (Mateo 24:3) Eye ɖe susu manɔ eme wu, be míadzro nyateƒetsoƒe si ƒo ɖesiaɖe ta, si nye Mawu ƒe Nya, la me be míanya nusi tututu Harmagedon nye kple nusi wòafia na mia kple wò ƒomea oa?

Numedzodzro ma ana nàkpɔe be le esi teƒe be Harmagedon nahe afɔku si atsrɔ̃ xexeame vɛ la, anye agbe dodzidzɔname aɖe ƒe gɔmedzedze boŋ na amesiwo di be yewoanɔ agbe ahakpɔ dzidzedze le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye aɖe me. Ne ède ŋugble le Harmagedon ƒe gɔmesese vavãtɔ si me wodzro le nyati si kplɔe ɖo me ŋu la, Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe vevi sia ŋuti gɔmesese si me kɔ nyuie la asu asiwò.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 3]

NUKAE NÈBU BE HARMAGEDON NYE?

• Nuklia ƒe ametsɔtsrɔ̃

• Xexeame katã ƒe afɔku

• Ɣletinyigba bubu aɖe ƒe gododo kple anyigba la

• Tsɔtsrɔ̃ si Mawu ahe ava ame vɔ̃ɖiwo dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe