INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 1/15 axa 3
  • Mawudɔlawo Amesiwo Wonye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawudɔlawo Amesiwo Wonye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 1/15 axa 3

Mawudɔlawo Amesiwo Wonye

EWƆ moya na fiaɖuƒe sẽŋu la dzi ɖula ale gbegbe. Woxɔ ŋutsu etɔ̃ siwo wotsɔ ƒu gbe ɖe dzo me be woaku la ɖe agbe! Amekae xɔ na wo? Fia la ŋutɔ gblɔ na ŋutsu etɔ̃awo be: “Woakafu [miaƒe Mawu la], amesi dɔ eƒe dɔlawo ɖa, be wòaɖe eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu.” (Daniel 3:28) Babilon dzi ɖula sia kpɔ alesi mawudɔla aɖe xɔ amewo ɖe agbee, ƒe akpe eve kple edzivɔwoe nye esia. Ame miliɔn geɖe siwo nɔ agbe le blema xɔ mawudɔlawo ƒe anyinɔnɔ dzi se. Menye ɖeko ame geɖewo xɔ mawudɔlawo ƒe anyinɔnɔ dzi se egbea o, ke wosusuna hã be wokpena ɖe yewo ŋu ɣeaɖewoɣi le yewoƒe agbe me. Ameka ƒomeviwoe mawudɔlawo nye, eye afikae wodzɔ tso?

Biblia gblɔ be mawudɔlawo nye gbɔgbɔ me nuwɔwɔwo, abe alesi Mawu le ene. (Psalmo 104:4; Yohanes 4:24) Mawudɔlawo sɔ gbɔ ŋutɔ, woƒe xexlẽme ade miliɔn geɖe. (Nyaɖeɖefia 5:11) Eye wo katã wonye ‘kalẽtɔ sesẽwo.’ (Psalmo 103:20) Togbɔ be amenyenye kple tiatiawɔblɔɖe le mawudɔlawo si abe amegbetɔwo ene hã la, mawudɔlawo medze woƒe agbenɔnɔ gɔme abe alesi amegbetɔwo dze wo tɔ gɔmee ene o. Le nyateƒe me la, Mawu do ŋgɔ wɔ mawudɔlawo ɣeyiɣi didi aɖe hafi va wɔ amegbetɔwo—ewɔ wo kura gɔ̃ hã hafi va wɔ míaƒe anyigba sia. Biblia gblɔ be esime Mawu ‘ɖo anyigba gɔme anyi la ŋukeɣletiviwo alo mawudɔlawo katã tso aseye, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔ.’ (Hiob 38:4, 7) Woyɔa mawudɔlawo be Mawu ƒe viwo le esi Mawue wɔ wo ta.

Tameɖoɖo ka tae Mawu wɔ mawudɔlawo ɖo? Dɔ kawoe mawudɔlawo wɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me? Ðe wokpena ɖe mía ŋu le míaƒe agbenɔnɔ me egbea? Ðe mawudɔla aɖewo dze Satana Abosam ƒe mɔwo yome hewɔ wo ɖokui Mawu ƒe futɔ le esi tiatiawɔblɔɖe le wo si ta? Nya siawo ƒe ŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe