INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 4/15 axa 3-4
  • Mieɖoa Dze Nyuiea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mieɖoa Dze Nyuiea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàde Bubu Srɔ̃wò Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Gblẽa Amewo Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mègama Nu Si Mawu Bla La Me O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 4/15 axa 3-4

Mieɖoa Dze Nyuiea?

“ƑE 60 Xɔlawo ƒe Lɔlɔ̃lɛta Ŋɔŋlɔ.” Tanya mae woɖo na dodokpɔ aɖe si gadzraɖoƒe aɖe si le Japan wɔ ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia. Dodokpɔa bia tso Japantɔ siwo le woƒe ƒe 50-awo kple 60-awo me si be woaɖe “alesi tututu wosena le wo ɖokui me” ɖe wo srɔ̃wo ŋu agblɔ. Dodokpɔa wɔlawo dometɔ ɖeka ŋlɔ na srɔ̃a be: “Ðewohĩ aɖi kokoe na wò ya, gake avem ŋutɔ ne nyemegblɔe o, eyata mele egblɔm na wò be xexeame katã nasee, be: Mele akpe dam na wò be nèɖem.”

Le Asia ƒe ɣedzeƒenutowo kple dukɔ bubu geɖe me la, wogbena na amewo be womagaɖe woƒe seselelãmewo agblɔ o. Ke hã, ame 15,000 kple edzivɔ ye kpɔ gome le lɔlɔ̃lɛta ŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me. Ame geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe lɛta la ŋɔŋlɔ ŋu ale gbegbe be wogawɔ dodokpɔ bubu ake, eye woŋlɔ agbalẽwo tso lɛta siwo woŋlɔ ŋu. Esia ɖee fia be ame geɖe dina vevie be yewoaɖe alesi tututu yewosena le yewo ɖokui me ɖe yewo srɔ̃ lɔlɔ̃awo ŋu la agblɔ. Gake ame aɖewo ya medina be yewoaɖee agblɔ o. Nukatae? Anye be esi egbɔgblɔ abia agbagbadzedze kple aɖaŋu geɖe hafi woate ŋu ana amewo—abe wo srɔ̃wo ene—nase alesi wosena le wo ɖokui me la gɔme tae.

Hitoshi Kato si ŋlɔ agbalẽ aɖe tso dzudzɔxɔxɔledɔme ŋu gblɔ be, le srɔ̃tɔ tsitsi siwo le Japan gome la, nya siwo srɔ̃nyɔnuawo lé ɖe dɔme ƒe geɖe lae nana wova biana be woawɔ srɔ̃gbegbalẽ na yewo. Gake egblɔ be “srɔ̃tɔwo ƒe dzemaɖomaɖo kple wo nɔewo tso woƒe kuxiwo ŋu hã nana wòva yina alea.”

Ne ŋutsu aɖe xɔ dzudzɔ le dɔ me teti ko srɔ̃a gblɔ nɛ be yele egbem la, edzenɛ kpo. Ðewohĩ ƒe geɖee nye ema si ŋutsua kple srɔ̃a megaɖea woƒe seselelãmewo gblɔna na wo nɔewo o. Anye hã be wotenɛ kpɔna be yewoaɖe alesi tututu yewosena le yewo ɖokui me agblɔ ya, gake nu nyui aɖeke medona tsoa eme o. Togbɔ be wodina be yewo dome nanɔ kplikplikpli hã la, nyaʋiʋli boŋ koe ɖoa wo dome edziedzi.

Aleke srɔ̃tɔwo awɔ akpɔ masɔmasɔ siwo ɖoa wo dome la gbɔ le ŋutifafa me ahana woƒe dzeɖoɖowo navivi? Adzɔ dzi na mi be mianyae be miate ŋu akpɔ srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo, menye le agbalẽ aɖe si srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖolawo ŋlɔ nyitsɔ laa me o, ke boŋ le blemagbalẽ aɖe si ŋu amewo kpɔ ŋudzedze ɖo ƒe alafa geɖewoe nye esia—si nye Biblia—me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe