INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 4/15 axa 30
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Kae Nye Nubablaɖaka La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Alesi Nyui Aɖu Vɔ̃ Dzii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 4/15 axa 30

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

• Susu kawo tae nugbegblẽwɔwɔ do agbogbo alea gbegbe ɖo?

Susuawo dometɔ ɖekae nye be nugbegblẽwɔwɔ ƒe dzodzro le amegbetɔwo me. (Mose I, 8:21) Susu bubue nye be ame akpa gãtɔ menya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋutɔŋutɔ o. Gakpe ɖe eŋu la, Satana, amesi gbɔ nugbegblẽwɔwɔwo katã tso la, yia edzi dea nu amegbetɔwo ƒe nyawo me.—1/1, axa 4-6.

• Vi kae nya si míagblɔ ɖe egblɔɣi la ate ŋu aɖe? (Lododowo 12:25)

Ate ŋu ana amesi míele nyaa gblɔm na naka ɖe eɖokui dzi, aʋãe, ahade dzi ƒo nɛ, eye wòana wòase le eɖokui me be yele vevie na amewo. Azɔ hã, ne míekafua amewo la, ekpena ɖe mía ŋu míedea dzesi nu nyui siwo wowɔna.—1/1, axa 16-17.

• Nukawoe nɔ nubablaɖaka la me?

Kpe eve siwo dzi woŋlɔ Sea ɖo kple mana ʋɛ aɖewo nɔ eme. Le Korax ƒe aglãdzedzea megbe la, wotsɔ Aron ƒe atikplɔ la hã de Aɖakaa me be wòanye dzesi na dzidzime ma. (Hebritɔwo 9:4) Ðewohĩ woɖe atikplɔa kple mana la ɖa le Aɖakaa me hafi wokɔ gbedoxɔ si Salomo tu la ŋu.—1/15, axa 31.

• Nukata wobia be Yudatɔ siwo nɔ anyi le Nexemya ƒe ŋkekea me la nanɔ nake tsɔm va gbedoxɔa me?

Womebia nakenana le Mose ƒe Sea me o. Gake le Nexemya ŋɔli la, nake gbogbo aɖewo va hiã be woatsɔ amè nu le vɔsamlekpuia dzi.—2/1, axa 11.

• Nukae nye Muratori ƒe Agbalẽ Kakɛ la?

Enye blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe si le Latingbe me la ƒe akpa aɖe. Helagbe mee woŋlɔe ɖo zi gbãtɔ le ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo. Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ xoxotɔ siwo dzi woda asi ɖo, kpakple nya siwo wogblɔ tso agbalẽawo kple wo ŋlɔlawo ŋu, ye le eme.—2/15, axa 13-14.

• Nukatae Fianyɔnu Wasti gbe be yemava fia la ŋkume o? (Ester 1:10-12)

Biblia megblɔ susu si tae wògbe ɖo o. Agbalẽnyala aɖewo bui be fianyɔnua gbe be yemava o elabena medi be yeava ɖi gbɔ ye ɖokui le fia ƒe amekpekpe siwo mu aha la ŋkume o. Alo ɖewohĩ fianyɔnu dzetugbe sia mebɔbɔa eɖokui o, si na wòzu kpɔɖeŋu gbegblẽ na srɔ̃nyɔnu siwo katã le Persia-fiaɖuƒea me.—3/1, axa 9.

• Aleke tafea na ɖeɖe míi?

Yesu ƒe vɔsaa ate ŋu aɖe mí tso nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi me, eye ate ŋu ana míavo tso nuvɔ̃ me tsonu gbegblẽwo me. (Romatɔwo 6:23) Vɔsa sia naa Kristotɔ vavãwo ƒe dzitsinya megabua fɔ wo o. Eye ne míexɔ tafea dzi se la, míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu faa. (Yohanes I, 2:1)—3/15, axa 8.

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso se si wode be woagaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o la me? (Mose II, 23:19)

Ðewohĩ nuwɔna sia nye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu si wowɔna be tsi nadza. (Mose III, 20:23) Mawu na notsi gbɔ̃nɔ be via nano ale be wòatsi. Gbɔ̃via ɖaɖa le dadaa ƒe notsi me anye vlo dodo ƒomedodo si Mawu na wòle woa kple dadaa dome. Se si Mawu de ɖe nuwɔna sia nu ɖe alesi gbegbe wòsea veve ɖe eƒe nuwɔwɔwo nui fia.—4/1, axa 31.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe