INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 11/15 axa 21-25
  • Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Alesi Nèlɔ̃ Mawui Fia
  • Ðe Alesi Nèlɔ̃ Mawu ƒe Vi lae Fia
  • Na Mawu ƒe Gbɔgbɔa Nakplɔ Wò
  • Ðe Lɔlɔ̃ Akuakua Fia Amewo
  • Dzitsinya Dzadzɛ Nenɔ Asiwò
  • Mɔ Bubu Siwo dzi Nàto Aƒo Asa Na Nu Gbegblẽ Wɔwɔ
  • Ke ne Èwɔ Nuvɔ̃ ya Ðe?
  • “Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Ʋu Xɔasi” Wotsɔ Ðe Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ðe Nèwɔ Nu Vɔ̃ Ðe Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • “Nu Si Lɔlɔ̃ Na Mawu Fiae Nye Esi”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 11/15 axa 21-25

Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me!

“Lɔlɔ̃tɔwo, . . . midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, . . . hena agbe mavɔ.”—YUDA 20, 21.

1, 2. Alekee nàte ŋu awɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

YEHOWA lɔ̃ ameƒomea ale gbegbe be, wòtsɔ eƒe Tenuvi hena, bene amesiwo xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 3:16) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi wònye be Mawu lɔ̃ mí alea! Ne Yehowa subɔlae nènye la, àdi godoo be yeanɔ lɔlɔ̃ sia me tegbee.

2 Nusrɔ̃la Yuda ƒo nu tso alesi nàte ŋu awɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃a me ŋu. Eŋlɔ bena: “Mitu mia ɖokui ɖe miaƒe xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta la dzi, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me, eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la hena agbe mavɔ.” (Yuda 20, 21) Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple gbeƒãɖeɖe nyanyuia akpe ɖe ŋuwò nàtu ɖokuiwò ɖe “xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta,” si nye Kristotɔwo ƒe nufiafiawo, la dzi. Be nànɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃a me la, ele be nàdo gbe ɖa ‘le gbɔgbɔ kɔkɔe la me,’ alo le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Bene nàxɔ fetu si nye agbe mavɔ la, ele be nàxɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa hã dzi ase.—Yohanes I, 4:10.

3. Nukae na be ame aɖewo meganye Yehowa Ðasefowo o?

3 Ame aɖewo nye xɔsetɔwo tsã, gake womeyi edzi nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me o. Esi woɖoe koŋ nɔ nuvɔ̃gbe nɔm ta la, womegava nye Yehowa Ðasefowo o. Nukae nàte ŋu awɔ bene ema nagadzɔ ɖe dziwò o? Ŋugbledede tso aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nuvɔ̃, eye wòana nànɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.

Ðe Alesi Nèlɔ̃ Mawui Fia

4. Aleke gbegbee toɖoɖo Mawu le vevie?

4 Ðe alesi nèlɔ̃ Mawui fia to toɖoɖo eyama me. (Mateo 22:37) Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.” (Yohanes I, 5:3) Toɖoɖo Mawu ɣeawokatãɣi ate ŋu ado ŋusẽ wò be nàɖu nuvɔ̃wɔwɔ ƒe tetekpɔ dzi, eye wòana nàkpɔ dzidzɔ. Hakpala la gblɔ be: “Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, . . . ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu.”—Psalmo 1:1, 2.

5. Nukae lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã mí be míawɔ?

5 Wò lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã wò be nàƒo asa na nuvɔ̃ gã, si ana woado vlo eƒe ŋkɔ la wɔwɔ. Agur do gbe ɖa be: “Megana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nusi nye tɔnye, ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: ‘Amekae nye Yehowa hã’ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahada aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.” (Lododowo 30:1, 8, 9) Ðoe kplikpaa be ‘yemada aƒu ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu’ to vlododo eyama me o. Ke boŋ dze agbagba ɣeawokatãɣi be yeanɔ nu dzɔdzɔe siwo dea bubu eyama ŋu la wɔm.—Psalmo 86:12.

6. Nukae adzɔ ne èɖoe koŋ wɔ nuvɔ̃?

6 Do gbe ɖa edziedzi na Fofowò lɔ̃ame si le dziƒo la bene wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu nuvɔ̃wɔwɔ ƒe tetekpɔwo dzi. (Mateo 6:13; Romatɔwo 12:12) Nɔ Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔm ale be wòase wò gbedodoɖawo. (Petro I, 3:7) Ne èɖoe koŋ wɔ nuvɔ̃ la, ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò vevie, elabena Yehowa tsɔa alilikpo dodo tsoa woa kple aglãdzelawo dome le kpɔɖeŋumɔnu, ale be woƒe gbedodoɖawo mate ŋu ato eme aɖo egbɔ o. (Konyifahawo 3:42-44) Eyata bɔbɔ ɖokuiwò, eye nàdo gbe ɖa be yemagawɔ nane si awɔe be màgate ŋu ate ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me o la o.—Korintotɔwo II, 13:7.

Ðe Alesi Nèlɔ̃ Mawu ƒe Vi lae Fia

7, 8. Alekee toɖoɖo Yesu ƒe nuxlɔ̃mewo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòaƒo asa na nuvɔ̃gbenɔnɔ?

7 Ðe alesi nèlɔ̃ Mawu ƒe Vi lae fia to wɔwɔ ɖe eƒe sededewo dzi me, elabena esia akpe ɖe ŋuwò nàtsri nuvɔ̃gbenɔnɔ. Yesu gblɔ be: “Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.” (Yohanes 15:10) Aleke wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la mee?

8 Yesu ƒe nyawo dzi wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe nyui nɔm. Mawu de se na Israel-viwo be: “Megawɔ ahasi o.” (Mose II, 20:14) Gake Yesu ya va ɖe gɔmeɖose aɖe si le se sia me la fia esime wògblɔ be: “Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:27, 28) Apostolo Petro gblɔ be ƒe alafa gbãtɔa me Kristo-hamea me tɔ aɖewo to “ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ” eye ‘woble luʋɔ siwo meli ke o la.’ (Petro II, 2:14) Gake to vovo na woamawo la, àte ŋu aƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe nuvɔ̃wo wɔwɔ ne èlɔ̃ Mawu kple Kristo heɖo to wo, eye nèɖoe kplikpaa be yeana ƒomedodo nyui nakpɔtɔ anɔ ye kpli wo dome.

Na Mawu ƒe Gbɔgbɔa Nakplɔ Wò

9. Nukae ate ŋu adzɔ ne ame aɖe yi edzi le nuvɔ̃ wɔm?

9 Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, eye nàna wòakplɔ wò. (Luka 11:13; Galatiatɔwo 5:19-25) Ne èyi edzi le nuvɔ̃ wɔm la, Mawu aɖe eƒe gbɔgbɔa ɖa le dziwò. Esime Dawid wɔ nuvɔ̃, to ahasiwɔwɔ kple Bat-Seba me, vɔ megbe la, eɖe kuku na Yehowa bena: “Megatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!” (Psalmo 51:13) Esi Fia Saul ya va zu nuvɔ̃wɔla matrɔdzime la, Mawu ƒe gbɔgbɔa dzo le edzi. Saul wɔ nuvɔ̃ esime wòsa numevɔ kpakple esime wòkpɔ Amalekitɔwo ƒe alẽhawo, nyihawo, kple woƒe fia Agag ta. Esiawo na be Yehowa ɖe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖa le Saul dzi.—Samuel I, 13:1-14; 15:1-35; 16:14-23.

10. Nukatae mele be nàna nuvɔ̃wɔwɔ naɖo susu me na wò gɔ̃ hã o ɖo?

10 Mègana nuvɔ̃a wɔwɔ naɖo susu me na wò gɔ̃ hã o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne míexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o.” (Hebritɔwo 10:26-31) Nublanuinya ka gbegbee nye esi wòanye be nàɖoe koŋ awɔ nuvɔ̃!

Ðe Lɔlɔ̃ Akuakua Fia Amewo

11, 12. Alekee lɔlɔ̃ kple bubu azi ame dzi be wòagaƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me o?

11 Lɔlɔ̃ na hawòvi amegbetɔ azi dziwò be nàƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ. (Mateo 22:39) Lɔlɔ̃ sia aʋã wò be nàmla wò dzi bene ame bubu srɔ̃ ƒe nu nagalé dzi na wò o. Ne menye nenema o la, àva wɔ ahasi. (Lododowo 4:23; Yeremya 4:14; 17:9, 10) Nɔ abe ame dzɔdzɔe Hiob, amesi melé ŋku ɖe nyɔnu bubu aɖeke ŋu wu srɔ̃a ko o la, ene.—Hiob 31:1.

12 Srɔ̃ɖeɖe bubu be enye nu kɔkɔe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nuvɔ̃ gã wɔwɔ. Ðe Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe le bubu mɔ nu kple srɔ̃tɔawo ƒe gbɔdɔdɔ nanye nusi dzi amegbetɔwo ato adzi ɖe edzi. (Mose I, 1:26-28) Ðo ŋku edzi be ɖe Mawu wɔ vidzinuwo be woana agbe, si nye nu kɔkɔe, la nadzi ɖe edzi. Eyata matrewɔlawo kple ahasiwɔlawo nye amesiwo meɖoa to Mawu o, woɖia gbɔ tameɖoɖo si le gbɔdɔdɔ ŋu, womebua srɔ̃ɖeɖe be enye nu kɔkɔe o, eye wowɔa nuvɔ̃ ɖe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilã ŋu. (Korintotɔwo I, 6:18) Gake lɔlɔ̃ na Mawu kple na ame havi kpakple toɖoɖo Mawu ana ame naƒo asa na eɖokui ƒoƒo ɖe nuwɔna si ate ŋu ana woaɖee le Kristo-hamea me la me.

13. Mɔ ka nue agbegbegblẽnɔla “gblẽa kesinɔnuwo dome” le?

13 Ele be míaɖe nu vɔ̃ɖi ɖesiaɖe ɖa le míaƒe susu me bene míagado nuxaxa na míaƒe ame veviwo o. Lododowo 29:3 gblɔ be: “Amesi doa ka kple gbolowo la, gblẽa kesinɔnuwo dome.” Ahasiwɔla matrɔdzime gblẽa ƒomedodo si le woa kple Mawu kpakple eƒe ƒometɔwo dome la me. Srɔ̃a ate ŋu anɔ te ɖe ema dzi agbee faa. (Mateo 19:9) Eɖanye srɔ̃ŋutsuae ɖawɔ ahasia loo alo srɔ̃nyɔnua ye o, srɔ̃gbegbe ate ŋu ana ame evelia, ɖeviawo, kple ame bubuwo naxa nu vevie ŋutɔ. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ele be nu gbegblẽ siwo doa go tso gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me nyanya naƒoe ɖe mía nu be míaɖu mía ɖokui ƒoƒo ɖe eme ƒe tetekpɔ ɖesiaɖe dzi oa?

14. Nugbegblẽwɔwɔ ŋuti nufiame kae le Lododowo 6:30-35 me?

14 Ele be nyateƒenya si wònye be naneke meli si woatsɔ atutu ahasiwɔwɔ me tsonuwo ɖa o la naʋã mí be míaƒo asa na ameŋumabumabu ƒe nuvɔ̃ gã sia wɔwɔ. Lododowo 6:30-35 ɖee fia be amewo te ŋu kpɔa nublanui na dɔwuitɔ si yi ɖafi nuɖuɖu ya, gake wodoa vlo ahasiwɔla, elabena tagbɔ gbegblẽtɔ wònye. Enye “amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe.” Mose ƒe Sea bia be woawu ahasiwɔlawo. (Mose III, 20:10) Amesi wɔ ahasi la doa nuxaxa na ame bubuwo tsɔ ɖia kɔ na eƒe fiẽŋufiẽŋui ko, eye ahasiwɔla matrɔdzime menɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me o, ke boŋ woɖenɛ ɖa le Kristo-hamea me.

Dzitsinya Dzadzɛ Nenɔ Asiwò

15. Alekee dzitsinya si wotsɔ “ga xɔdzo” de dzesi la nɔna?

15 Bene míate ŋu anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me la, mele be míana míaƒe dzitsinya naku atri le nuvɔ̃wɔwɔ ŋu o. Le nyateƒe me la, mele be míasrɔ̃ xexeame ƒe bubu mademade agbenyuinɔnɔ ŋu la o, eye ele be míakpɔ nyuie le nuwɔna aɖewo abe amesiwo míadze xɔlɔ̃e, agbalẽ siwo míaxlẽ, kple modzaka siwo ƒomevi míaɖe ene me. Paulo xlɔ̃ nu be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ame aɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me, amesiwo wotsɔ ga xɔdzo de dzesi wo le woa ŋutɔwo ƒe dzitsinya me.” (Timoteo I, 4:1, 2) Dzitsinya si wotsɔ “ga xɔdzo” de dzesii la le abe abi aɖe si ku yikpaa, si wɔe be teƒea megasea naneke o ene. Dzitsinya ma tɔgbe megaxlɔ̃a nu mí be míatsri hadede kple xɔsegbelawo ahaƒo asa na nuwɔna siwo ate ŋu akplɔ mí atrae tso xɔsea gbɔ la o.

16. Nukatae wòle vevie ŋutɔ be dzitsinya dzadzɛ nanɔ mía si ɖo?

16 Míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe dzitsinya dzadzɛ si anɔ mía si la dzi. (Petro I, 3:21) Yesu ƒe tafevɔsa si dzi míexɔ se la wɔe be woklɔ míaƒe dzitsinya ŋu tso dɔwɔwɔ kukuwo me, ‘bena míatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana Mawu gbagbe la.’ (Hebritɔwo 9:13, 14) Eyata ne míeɖoe koŋ wɔ nuvɔ̃ la, ekema míeƒo ɖi míaƒe dzitsinya, eye míeganye ame kɔkɔe siwo adze anɔ Mawu subɔsubɔdɔwo wɔm o. (Tito 1:15) Gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, dzitsinya dzadzɛ ate ŋu anɔ mía si.

Mɔ Bubu Siwo dzi Nàto Aƒo Asa Na Nu Gbegblẽ Wɔwɔ

17. Vi kae ‘Yehowa yome dzedze bliboe’ ɖena?

17 ‘Dze Yehowa yome bliboe’ abe alesi Kaleb, amesi nɔ blema Israel la, wɔe ene. (Mose V, 1:34-36) Nɔ nusi Mawu di tso asiwò la wɔm, eye “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti” dede nagadzro wò o. (Korintotɔwo I, 10:21) Tsri xɔsegbegbe. Do vivi ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si megale afi bubu aɖeke wu Yehowa ƒe kplɔ̃ dzi o la ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe, eye esia ana be aʋatsonufialawo alo gbɔgbɔ vɔ̃wo mable wò o. (Efesotɔwo 6:12; Yuda 3, 4) Wò susu nenɔ nusiwo ana nàlé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, abe Biblia sɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeadzisubɔsubɔdɔa ene, dzi vevie. Àkpɔ dzidzɔ godoo ne èdze Yehowa yome bliboe, eye nèƒo ɖokuiwò ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔwo katã me.—Korintotɔwo I, 15:58.

18. Ŋusẽ kae Yehowa vɔvɔ̃ akpɔ ɖe wò agbenɔnɔ dzi?

18 Ðoe kplikpaa be ‘nàtsɔ subɔsubɔ kɔkɔe anɔ Mawu nam le mawusosroɖa kple vɔvɔ̃ me.’ (Hebritɔwo 12:28) Yehowa vɔvɔ̃ nyuitɔ aʋã wò be nàƒo asa na nusianu si ana nàtra mɔ la wɔwɔ. Akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe ɖe nuxlɔ̃ame si Petro na ehati amesiaminawo la nu be: “Ne mieyɔ amesi mekpɔ ame ŋku me o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ɖe amesiame ƒe dɔwɔwɔ nu la, ƒe ŋkɔ dzi abe Fofo ene la, ekema mizɔ le miaƒe amedzronyenye ƒe ɣeyiɣi la me le vɔvɔ̃ me.”—Petro I, 1:17.

19. Nukatae wòle be nànɔ wɔwɔm ɖe nusiwo srɔ̃m nèle le Mawu ƒe Nya me la dzi ɣeawokatãɣi?

19 Nɔ wɔwɔm ɖe nusiwo srɔ̃m nèle le Mawu ƒe Nya me la dzi ɣeawokatãɣi. Esia akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nuvɔ̃ gã wɔwɔ, elabena ana nàzu amesiwo “to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la” dometɔ ɖeka. (Hebritɔwo 5:14) Le esi teƒe be nànye ɖekematsɔlemetɔ si ƒoa nu hewɔa nu alesi dzro wò ko la, dze agbagba nàzɔ abe nunyala ene, eye ‘nàwɔ ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo’ le ɣeyiɣi vɔ̃ɖi siawo me. ‘Nɔ nusiwo nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la kpɔm dze sii’ eye nànɔ wɔwɔm ɖe edzi ɖaa.—Efesotɔwo 5:15-17; Petro II, 3:17.

20. Nukatae wòle be míatsri ŋubiabiã ɖo?

20 Mègaɖe mɔ ŋukeklẽ, alo ŋubiabiã ɖe ame bubuwo ƒe nu ŋu vevie, naɖo mewò gbeɖe o. Se Ewoawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke dzi o.” (Mose II, 20:17) Se sia kpɔ Israel-viawo ƒe aƒe, wo srɔ̃wo, woƒe dɔlawo, woƒe lãwo, kple nu bubuwo ta. Gake Yesu ƒe nya si wògblɔ be ŋubiabiã ƒoa ɖi ame ya me gasẽ wu.—Marko 7:20-23.

21, 22. Afɔ kawoe Kristotɔ ate ŋu aɖe bene wòaƒo asa na nuvɔ̃wɔwɔ?

21 Kpɔ nyuie be nudzodzro nagable wò ade nuvɔ̃ me o. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.” (Yakobo 1:14, 15) Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe nye ahatsunola alo ahamula tsã la, ate ŋu atso nya me be ahamuame aɖeke naganɔ xɔ me na ye o. Eye ate ŋu ava hiã hã be Kristotɔ aɖe naɖɔli dɔ loo, alo afisi wòwɔa dɔ le bene wòate ŋu asi le gbɔdɔdɔ ƒe tetekpɔwo nu.—Lododowo 6:23-28.

22 Mègaɖe afɔ gbãtɔ, si ate ŋu ava kplɔ wò ade nuvɔ̃ me mlɔeba la, kura gɔ̃ hã o. Ahiãmoɖoɖo kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susuwo ƒe amesinɔnɔ ate ŋu akplɔ ame de matrewɔwɔ alo ahasiwɔwɔ me. Alakpa viviviwo dada ate ŋu ana ame nava nɔ alakpa gãwo hã dam, eye esia nye nuvɔ̃. Nu suesuesuewo fifi ate ŋu ava na ame ƒe dzitsinya naku atri ale gbegbe be wòava nɔ nu gãwo fim. Asi dada ɖe xɔsegbelawo ƒe nya vivivi aɖewo dzi ate ŋu ava na ame nazu xɔsegbela mlɔeba.—Lododowo 11:9; Nyaɖeɖefia 21:8.

Ke ne Èwɔ Nuvɔ̃ ya Ðe?

23, 24. Akɔfanamenya kawoe míate ŋu akpɔ le Kronika II, 6:29, 30 kple Lododowo 28:13 me?

23 Amegbetɔ aɖeke mede blibo o. (Nyagblɔla 7:20) Gake ne èwɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, àte ŋu atsɔ gbe si Fia Salomo do ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu kɔɣi la me nyawo afa akɔ na ɖokuiwò. Salomo do gbe ɖa na Mawu be: “[Ne] ame aɖe alo Israel-dukɔ blibo la dze si eƒe fuɖename kple veve la, eye wòke eƒe abɔwo me ɖo ɖe xɔ sia dzi la, ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, eye naɖo eteƒe na amesiame le eƒe zɔzɔmewo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzii ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo ƒe dzi.”—Kronika II, 6:29, 30.

24 Nyateƒee, Mawu nya míaƒe dzi eye wòtsɔna kena hã. Lododowo 28:13 gblɔ be: “Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.” Mawu ate ŋu akpɔ nublanui na amesi trɔ dzime heʋu eƒe nuvɔ̃ me eye wòdzudzɔ ewɔwɔ keŋkeŋ la. Ke ne ègbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ya ɖe, nu bubu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Alekee míawɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

• Alekee Mawu kple Kristo lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na nuvɔ̃gbenɔnɔ?

• Nukatae havilɔlɔ̃ akuakua azi mía dzi be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ?

• Mɔ siwo dzi míato aƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ la dometɔ aɖewo ɖe?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Yuda fia mí alesi míawɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la mee

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Srɔ̃gbegbe ate ŋu ana ame evelia kple ɖeviawo naxa nu vevie ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe nèɖoe kplikpaa be ‘yeadze Yehowa yome bliboe,’ abe alesi Kaleb wɔe enea?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Do gbe ɖa edziedzi be nàte ŋu aɖu tetekpɔwo dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe