INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w07 12/15 axa 3-4
  • Dɔmetɔtrɔ Ðeɖe Fia Le Xexe Sẽŋuta Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔmetɔtrɔ Ðeɖe Fia Le Xexe Sẽŋuta Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • “Mía Mawu Ƒe Dɔmetɔtrɔ Gã La”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • “Miaƒe Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Yehowa Ðua Fia le Dɔmetɔtrɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
w07 12/15 axa 3-4

Dɔmetɔtrɔ Ðeɖe Fia Le Xexe Sẽŋuta Me

ASRÃDƆ dze ŋutsu aɖe dzi vevie le Burundi. Ehiã kpata be woakplɔe ayi kɔdzi. Gake aleke wole ewɔ gee? Ʋu aɖeke meli woatsɔ akɔe ayi o. Exɔlɔ̃ veviwo dometɔ eve va na kpekpeɖeŋui. Wokɔe da ɖe gasɔ aɖe dzi eye wotutui to tonuto aɖe me gaƒoƒo atɔ̃ sɔŋ si na ɖeɖi te wo ŋu vevie. Emegbe wokplɔe ɖo bɔs aɖe eye wòkɔe yi ɖe kɔdzi aɖe si tsɔ ɖe wo gbɔ wu. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, eƒe lãme haya ale gbegbe.

Le anyigba ƒe akpa bubu la, esi Katrina Ahomya, si gblẽ nu le United States ƒe Ƒukɔme nuto aɖe me le August 2005, tu vɔ megbe la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe va ke ɖe aƒe aɖe si dzi atiwo mu dze eye wògbã la ŋu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo dometɔ aɖeke medze si aƒea tɔ o, ke hã, wotsɔ atitsomɔwo he ati siwo mu dze aƒea dzi la ɖa eye wolɔ nu gbagbã bubuwo hã. Aƒea tɔ gblɔ be: “Nyemate ŋu ada akpe na [ame siawo] wòade edeƒe o.”

Zi geɖe la, amewuwu kple ŋutasẽnuwɔnawo ŋue woƒoa nu tsoe koŋ le nyatakaka blefulãmename siwo wonana to nyakakamɔnuwo dzi me. Esia wɔe be dɔmetɔtrɔ kple dɔmenyo nu siwo amewo wɔna gbe sia gbe la medzena kura o. Ke hã, esia metrɔ nyateƒe si wònye be le xexea me godoo la, amewo le lɔlɔ̃, numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ, kple veveseseɖeamenu dim vevie la o. Míedina vevie be woaɖe dɔmetɔtrɔ afia mí! Eye ɖewohĩ ame geɖe wu sena le wo ɖokuiwo me nenema le Kristmas ƒe ɣeyiɣiwo me, le esi woƒoa nu tso ‘ŋutifafa kple ŋudzedze nyui kpɔkpɔ ɖe amegbetɔwo ŋu’ ŋuti alo wòzãa nya mawo le hadzidziwo me ta.—Luka 2:14, King James Version.

Dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia mele bɔbɔe le xexe sia si dzena teƒe si xɔlɔ̃mawɔmawɔ kple amemalɔmalɔ̃ sɔŋ xɔ aƒe ɖo la me o. Nukpɔsusu si bɔe nye be, tagbɔsesẽ kple vevemaseɖeamenu ye nana ame kpɔa dzidzedze kple dziɖuɖu le agbe me. Edze abe ame geɖe nɔa agbe ɖe nya si wogblɔna be, nunya le eme be woanye ŋutasẽla wu be woanye ame si ɖea dɔmetɔtrɔ fiana, la nu ene. Ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi xea mɔ ɖe dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia nu bɔbɔe.

Esia wɔe be ame geɖe tsɔa woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo ɖoa nɔƒe gbãtɔ, nenye be agblẽ nu le ame bubuwo ƒe seselelãme ŋu alo made wo dzi o gɔ̃ hã. Zi geɖe la, woɖea ŋutsu siwo nye kamedefefewɔla kple modzakaɖela xɔŋkɔwo fiana be wonye “ŋutsu vavãwo” (akpasesẽnuwɔla) siwo mewɔa nu ɖe amewo ŋu tufafatɔe o. Dunyahedziɖula aɖewo hã wɔa nu nenema ke.

Eya ta, esɔ be míabia mía ɖokuiwo be: Nu ka tae wòle be míaƒe dɔme natrɔ ɖe amewo ŋu? Ðe dɔmetɔtrɔ kpɔa ŋusẽ nyui aɖe ɖe amewo dzia? Eye nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe dɔmetɔtrɔ afia? Míadzro nyabiase siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Aɖaka si le axa 3]

•Gbɔdzɔgbɔdzɔe dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia nyea?

•Ðe dɔmetɔtrɔ kpɔa ŋusẽ nyui aɖe ɖe amewo dzia?

•Mɔ ŋutɔŋutɔ kawoe nue nàte ŋu aɖe dɔmetɔtrɔ afia le?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe