INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w08 6/1 axa 26
  • Egbegbe “Israel Nyɔnuvi” Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Egbegbe “Israel Nyɔnuvi” Aɖe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Megblẽm Ði Gbeɖe O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Yehowa Yrana Ðe Agbagba Siwo Míedzena Be Míade Ŋkuɖodzia Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
w08 6/1 axa 26

Egbegbe “Israel Nyɔnuvi” Aɖe

LE ƑE 2006 me, kwasiɖa eve do ŋgɔ na Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu la, Sales ƒomea, si le Praia Grande, Brazil, me tɔ ɖe sia ɖe ŋlɔ ame siwo wòdi be yeakpe na wɔnaa ƒe ŋkɔwo ɖi. Wotsɔ amekpegbalẽvi ɖeka na Abigayl, si xɔ ƒe ade, hebiae be ame kae wòdi be yeakpe mahã.

Eɖo eŋu be: “Ŋutsu si koa nu nam ɣesiaɣi la.”

Edzilawo biae be: “Ame kae wònye?”

Eɖo eŋu na wo be: “Ame si nɔa bunɔkekea me la.”

Ŋkeke ene megbe la, Abigayl ɖe ŋutsua fia edzilawo. Ŋutsua ŋkɔe nye Walter, eye eƒe aƒe te ɖe Fiaɖuƒe Akpata ŋu. Ƒe 15 aɖewoe nye esi va yi, esime wòxɔ ƒe 28 la, ekpɔ ʋufɔku, eye wòtu tso alime va se ɖe afɔgɔme. Esi wònye be kesinɔtɔe wònye ta la, ameŋudzɔla eve le esi. Esi Abigayl bia mɔ, eye woɖe mɔ nɛ be wòaƒo nu kple Walter la, edzilawo ɖe eme na ŋutsua be yewo vinyɔnuvia di be yeatsɔ amekpegbalẽvi aɖe nɛ.

Abigayl gblɔ tsɔ wu eƒe nyawo nu be: “Amekpegbalẽvi geɖe le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me tɔwo katã si, gake nye ya, ɖeka koe le asinye. Eya ta wò ɖeka koe nye ame si kpem mele. Ne mèva o la, ame aɖeke mava nam o. Gake ne èva la, makpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye Yehowa agakpɔ dzidzɔ wu.”

Le Ŋkuɖodzi ŋkekea dzi la, Ðasefowo nɔ Fiaɖuƒe Akpata me dzram ɖo tsɔ nɔ dzadzram ɖo ɖe fiẽ ma ƒe Ŋkuɖodzi wɔnawo ŋu, eye Abigayl hã nɔ wo dome. Le ɣetrɔ ma la, Walter to afi ma va yina, eye esi wòkpɔ Abigayl la, egblɔ na eƒe ʋukula be wòatɔ. Eʋu ʋua ƒe fesre hebia Abigayl be, nu ka wɔm wònɔ mahã. Egblɔ nɛ be yewonɔ akpata me dzram ɖo be wòanya kpɔ nɛ.

Le fiẽ ma la, Abigayl tsi dzi vevie ŋutɔ. Nuƒoa dze egɔme, eye wòyi edzi nɔ ŋku tsam henɔ Walter dim. Kasia, woa kple eƒe ameŋudzɔlawoe nye ema va ɖo! Nyɔnuvi la ko alɔgbɔnu gã aɖe. Le nuƒoa megbe la, Walter gblɔ be, ɖe yedze mɔ ɖo ta du bubu aɖe me hafi va trɔ susu le mɔ dzi heva Ŋkuɖodzia, le nyɔnuvi la ko ta. Eye wògblɔ kpee be: “Nuƒo ma tututue mehiã be mase.” Ebia be woana Biblia ɖeka ye, eye wòte nusɔsrɔ̃ hedze kpekpeawo dede gɔme.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Walter nɔvinyɔnu gblɔ be, yedi be yeado go kple Abigayl, ame si ŋu ye fo ƒoa nu le zi geɖe la. Esi woa kpli wodo go la, dzi dzɔe ale gbegbe ɖe nyɔnuvi sue Abigayl ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Nyɔnua gblɔ be: “Azɔ menya nu si tae fonyea le dzidzɔ kpɔm alea gbegbe ɖo.”

Walter yi nusɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede dzi. Eɖoa nya ŋu heƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m wòle la ŋu na ame bubuwo gɔ̃ hã. Kakaɖedzitɔe la, nyɔnuvi sue Abigayl na míeɖo ŋku Israel nyɔnuvi si kpe ɖe Naeman ŋu wòva nya Yehowa, Mawu vavã, la dzi.—2 Fiawo 5:2-14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe