INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w08 11/15 axa 32
  • “Ƒutaha La” Akpa Vevi Si Asinuŋɔŋlɔgbalẽ Sia Wɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ƒutaha La” Akpa Vevi Si Asinuŋɔŋlɔgbalẽ Sia Wɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woke Ðe Nu Xɔasi Aɖe Ŋu Le Gbeɖuɖɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Aleke Agbalẽ La Wɔ Gakpɔtɔ Li?
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
  • Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo—Nukata Wòle Be Nàtsɔ Ðe Le Wo Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • A3 Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
w08 11/15 axa 32

“Ƒutaha La” Akpa Vevi Si Asinuŋɔŋlɔgbalẽ Sia Wɔ

LE May 22, 2007, dzi la, woɖe Hebrigbe me agbalẽ xatsaxatsa aɖe ƒe kakɛ si wogblɔ be woŋlɔ le ƒe alafa adrelia alo enyilia M.Ŋ. me la ɖe go le Israel Blemanudzraɖoƒe le Jerusalem. Esia nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ si me woŋlɔ 2 Mose 13:19–16:1 me nyawo ɖo. Aʋadziɖuha si Israel viwo dzi le Ƒu Dzĩa nu esime woɖe wo nukutɔe vɔ megbe, si woyɔna be “Ƒutaha La,” hã le asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia me. Nu ka tae agbalẽ xatsaxatsa kakɛ sia ɖeɖe ɖe go nye nu ɖedzesi?

Ŋuɖoɖoa ku ɖe ƒe si me woŋlɔ agbalẽ sia ŋuti. Woŋlɔ Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. kple alafa gbãtɔ M.Ŋ. dome. Do ŋgɔ na keke ɖe agbalẽ mawo ŋu ƒe 60 aɖewoe nye esia va yi la, Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxoetɔ si nɔ anyie nye Aleppo Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ si woŋlɔ le ƒe 930 M.Ŋ. me. To vovo na agbalẽ kakɛ ʋɛ bubu aɖewo la, womegake ɖe Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ bubu aɖeke si woŋlɔ le ƒe alafa gbogbo siwo tso esiwo ŋu woke ɖo xoxo la dome ŋu o.

James S. Snyder, si nye Israel Blemanudzraɖoƒea dzi kpɔla gblɔ be: “Ƒutaha La ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽa va xe ɣeyiɣi ƒe dometsotso gã si nɔ Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo . . . kple Aleppo Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa dome la.” Le eƒe nya nu la, asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia kple Biblia me nyawo ŋuti nuŋlɔɖi xoxo aɖewo siwo ŋu woke ɖo la “nye ale si wokpɔ nuŋlɔɖi aɖe ta naneke matrɔmatrɔ le emee hena ƒe gbogbo aɖe la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe.”

Woxɔ edzi se be agbalẽ xatsaxatsa kakɛ sia nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋu woke ɖo le ƒuƒoƒe aɖe le Cairo, Egypt, le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu la dometɔ ɖeka. Gake ame aɖe si ƒoa Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽwo nu ƒu la mekpɔ eƒe vevienyenye dze sii o va se ɖe esime wòbia numekɔkɔ eŋutinunyala aɖe tso eŋu le ƒe 1970-awo ƒe nuwuwu lɔƒo. Wobu agbalẽa ƒe ƒexɔxɔ ɣemaɣi hedzrae ɖo va se ɖe esime wova ɖee ɖe go le Israel Blemanudzraɖoƒea.

Esime Adolfo Roitman, si nye Agbalẽa Dzraɖoƒe, si le Israel Blemanudzraɖoƒea, kpakple Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo dzi kpɔla la, nɔ nu ƒom tso agbalẽ xatsaxatsa kakɛa ŋu la, egblɔ be: “Ƒutaha La ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽa ɖe ale si wokpɔ Masoratɔwo ƒe Biblia ta hena ƒe alafa geɖe wòkpɔtɔ le dedie la fia. Ewɔ nuku ŋutɔ be atsyã si me woŋlɔ Ƒutaha La me nyawo ɖo zi gbãtɔ le ƒe alafa 7 kple 8 lia dome la kpɔtɔ le nenema pɛpɛpɛ egbea.”

Biblia nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, eye Yehowa koŋue kpɔ eta wòkpɔtɔ li. Azɔ hã, agbalẽfialawo tsɔ ŋuɖɔɖɔɖo blibo gbugbɔ ŋlɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo ɖi pɛpɛpɛ. Eya ta ɖikeke aɖeke mele eme o be míate ŋu aka ɖe edzi be Biblia siwo le mía si egbea la me nyawo de pɛpɛpɛ.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Courtesy of Israel Museum, Jerusalem

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe