INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 2/1 axa 9
  • Ðe Subɔsubɔ Ƒomeviwo Katã Dzea Mawu Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Subɔsubɔ Ƒomeviwo Katã Dzea Mawu Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Míato Asubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Mɔ Vovovo Siwo Ðo Ta Mawu Gbɔe Subɔsubɔhawo Katã Nyea?
    Nyɔ!—2001
  • 5 Ne Tadeagua Tso Dzi Me Ko La, Adze Mawu Ŋu—Nyateƒeea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Yewoƒe Subɔsubɔhae Nye Vavãtɔa?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 2/1 axa 9

Ðe Subɔsubɔ Ƒomeviwo Katã Dzea Mawu Ŋua?

Ale si ame geɖewo ɖoa nya sia ŋui:

▪ “Subɔsubɔhawo katã nye mɔ vovovo siwo kplɔa ame yia Mawu gbɔ.”

▪ “Menye nu si dzi ame xɔ see le vevie o, ke boŋ mawusubɔsubɔ tso dzi blibo mee le vevie.”

Nya kawoe Yesu gblɔ?

▪ “Miyi ɖe eme to agbo bii la nu; elabena mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la keke hele gbadzaa, eye ame geɖewoe nye ame siwo le edzi yina ɖe eme; gake agbo la le biie, eye mɔ si kplɔa ame yia agbe me la xaxa, eye ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Yesu mexɔe se be mɔwo katã kplɔa ame yia Mawu gbɔ o.

▪ “Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe míegblɔ nya ɖi le wò ŋkɔ me, eye míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le wò ŋkɔ me, eye míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le wò ŋkɔ me oa?’ Gake maʋu eme na wo be: Nyemenya mi kpɔ o! Mite ɖa le gbɔnye, mi sedzimawɔlawo.” (Mateo 7:22, 23) Menye ame siwo katã gblɔna be Yesu yomedzelawoe yewonye la ŋue Yesu kpɔa ŋudzedze ɖo o.

MAWUDZIXƆSELA geɖe kuna ɖe woƒe dzixɔse kple kɔnyinyiwo ŋu goŋgoŋ. Gake nu kae dzɔna nenye be nufiafia siawo mewɔ ɖeka kple nu si Mawu ƒe Nya, Biblia la, gblɔ o? Yesu ɖe afɔku si le amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo yome nɔnɔ me fia esi wògblɔ na subɔsubɔhakplɔlawo be: “Miena Mawu ƒe nya la zu dzodzro le miaƒe kɔnyinyi la ta.” Eye wòyi edzi yɔ Mawu ƒe nya siawo na wo be: “Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Dzodzroe woyi edzi le ta dem agu nam, elabena nufiafia siwo nye amegbetɔwo ƒe sededewoe wofiana.”—Mateo 15:1-9; Yesaya 29:13.

Menye dzixɔsewo koe le vevie o, agbenɔnɔ hã le vevie. Biblia gblɔ tso ame aɖewo siwo gblɔna be yewole Mawu subɔm la ŋu be: “Wogblɔna le dutoƒo be yewonya Mawu, gake wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo gbe nu le egbɔ.” (Tito 1:16) Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ tso ame siwo le agbe le míaƒe ŋkekea me ŋu be: “[Wolɔ̃a] dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu, ame siwo si ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme le, gake womenɔa agbe ɖe eƒe ŋusẽ nu o; te ɖokuiwò ɖa tso ame siawo gbɔ.”—2 Timoteo 3:4, 5.

Mawusubɔsubɔ kple dzi blibo le vevie, gake nu bubu geɖewo gahiã. Nu ka tae? Elabena ame aɖe ate ŋu atsɔ dzi blibo anɔ subɔsubɔm evɔ nu siwo dzi wòxɔ se nanye aʋatso. Eya tae Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ le vevie ŋutɔ ɖo. (Romatɔwo 10:2, 3) Sidzedze sia xɔxɔ kple agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu ana míaƒe nu nadze Mawu ŋu. (Mateo 7:21) Eya ta le nyateƒe me la, mawusubɔsubɔ nyuitɔ lɔ tamesusu ƒe nɔnɔme nyui, dzixɔse nyuitɔ, kple nuwɔna nyuiwo ɖe eme. Eye nuwɔna nyuiwo fia be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm gbe sia gbe!—1 Yohanes 2:17.

Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nu si Biblia fia mí tso Mawu ŋu la, kpe Yehowa Ðasefowo woava srɔ̃ Biblia kpli wò le aƒe me femaxee.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Mawusubɔsubɔ nyuitɔ lɔ tamesusu ƒe nɔnɔme nyui, dzixɔse nyuitɔ, kple nuwɔna nyuiwo ɖe eme

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe