INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 5/1 axa 26
  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Da Dɔ Na Amewo Nukutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nugbeɖoɖo Aɖe Si Trɔ Va Dze Eɖolawo Ŋutɔ Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 5/1 axa 26

Na Sɔhɛwo

Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ MATEO 4:1-11.

Ðɔ ale si gbedadaƒo si Yesu yi ɖanɔ hena ŋkeke 40 la nɔ.

․․․․․

Gbe ka ƒomevi nèkpɔ be Tela la tsɔ ƒo nui? Ekae Yesu hã tsɔ ƒo nui?

․․․․․

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Aleke Satana ɖee fia be yenye ame si dia mɔnu le ame ŋu? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 2 lia.)

․․․․․

Nu ka tae menye xexea me fiaɖuƒewo koe Abosam ɖe fia Yesu o, ke “woƒe ŋutikɔkɔe” hã? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 8 lia.)

․․․․․

Ðewohĩ anye nu ka tae Satana tiae be yeatsɔ dziɖuɖu ate Yesu kpɔ ɖo?

․․․․․

(a) Nu kae Satana ƒe tetekpɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe fia tso eƒe tamesusu ŋu? ․․․․․

(b) Gake nu kae Yesu ƒe ŋuɖoɖo etɔ̃awo ya dometɔ ɖe sia ɖe ɖe fia? ․․․․․

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .

Ɣeyiɣi siwo me tetekpɔ ate ŋu ado mo ɖa le.

․․․․․

Mɔnu vovovo siwo Satana ate ŋu azã atsɔ ate mí akpɔ.

․․․․․

Ale si nàwɔ aɖu tetekpɔwo dzi.

․․․․․

NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe