Ale Si Nàwɔ Ase Biblia La Gɔme
3. Xɔ Kpekpeɖeŋu Tso Ame Bubuwo Gbɔ
Esi Edward John Eyre nɔ mɔ zɔm to Nullarbor Nuto ɖiaƒedoa me la, nutoa me tɔwo fiae ale si wòawɔ akpɔ tsi tso kekpowo kple ati si nye eucalyptus me. Esi Eyre lɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu tso ame siwo nya nutoa me nyuie gbɔ ta la, ekpɔ eya ŋutɔ ƒe agbe ta emegbe.
ABE ale si kpɔɖeŋu sia ɖee fia ene la, ne ame aɖe di be yeakpɔ dzidzedze le nu sesẽ aɖe wɔwɔ me la, ehiãna zi geɖe be wòaxɔ kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si bi ɖe nu ma wɔwɔ me la gbɔ. Nenema kee wòle ne èɖoe be yeaxlẽ Biblia.
Yesu mekpɔ mɔ be ye yomedzelawo ŋutɔ ase Biblia gɔme kpekpeɖeŋu aɖeke maxɔmaxɔe o. Ɣeaɖeɣi la, “eʋu woƒe susu nyuie, bene woase Ŋɔŋlɔawo gɔme.” (Luka 24:45) Yesu nya be Biblia xlẽlawo hiã kpekpeɖeŋu hafi woate ŋu ase Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafiawo gɔme.
Ame Kae Akpe Ðe Wo Ŋu?
Yesu de dɔ asi na eyomedzela vavãwo be woana kpekpeɖeŋu sia. Hafi Yesu nayi dziƒo la, ede se sia na wo be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Kristotɔwo ƒe dɔ vevitɔ kekeake lɔ nufiafia amewo ɖe eme, eye esia lɔ ale si woatsɔ Biblia me gɔmeɖosewo awɔ dɔ le gbe sia gbe gbenɔnɔ me la me ɖeɖe na amewo ɖe eme. Kristotɔ vavãwo kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woase Biblia gɔme.
Esi Yesu de se sia na eyomedzelawo eteƒe medidi o la, nu ɖedzesi aɖe dzɔ. Biblia ƒo nu tso Etiopiatɔ dumegã aɖe si nɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa aɖe xlẽm la ŋu. Eke ɖe teƒe aɖe si gɔme mese o la ŋu. Teƒe ma xlẽ le Biblia me be: “Wokplɔe abe alẽ ene yina lãwuƒe, eye abe alẽvi, si zia kpi le ame si le fu kom nɛ la ŋkume ene la, meke nu o. Esime wobɔbɔe ɖe anyi la, womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o. Ame kae agblɔ eƒe dzidzime ŋu nya afia tsitotsito? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.”—Dɔwɔwɔwo 8:32, 33; Yesaya 53:7, 8.
Dumegã sia bia Filipo, si nye Kristotɔ kpɔnuteƒe si bi ɖe Ŋɔŋlɔawo me la be: “Ame ka ŋu nya gblɔmee nyagblɔɖila la le? Ye ŋutɔ ɖokuie loo alo ame bubu aɖea?” (Dɔwɔwɔwo 8:34) Tadeaguƒee Etiopiatɔ dzianukwaretɔ sia tso le Yerusalem, eye anɔ eme be edo gbe ɖa bia Mawu ƒe mɔfiafia. Ðikeke mele eme o be didi vevie kple ɖokuibɔbɔe wòtsɔ nɔ Biblia la xlẽm. Ke hã, mete ŋu se teƒe sia si wòxlẽ la gɔme o. Ebia kpekpeɖeŋu tso Filipo gbɔ ɖokuibɔbɔtɔe. Numeɖeɖe si Filipo nae la do dzidzɔ na ŋutsu sia ale gbegbe be wòʋãe wòva zu Kristotɔ.—Dɔwɔwɔwo 8:35-39.
Yehowa Ðasefowo yi edzi le dɔ sia si Filipo kple Kristotɔ gbãtɔ bubuwo wɔ la wɔm egbea. Le dukɔ siwo wu 235 me la, Ðasefowo lɔ̃ faa le kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woase nu si tututu Biblia fia la gɔme. Wowɔa esia to Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖewo koŋ sɔsrɔ̃ le ɖoɖo nu me. Biblia sɔsrɔ̃ vivivi ƒe mɔnu sia kpena ɖe amewo ŋu wodzroa nu si Biblia gblɔ tso nyati aɖe koŋ ŋu la me.a—Kpɔ aɖaka si nye “Biblia Ŋuti Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖo Fakɔnamewo.”
“Woɖo Nye Biabiawo Katã Ŋu”
Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kple Steven, Valvanera, kple Jo-Anne, siwo ŋu míeƒo nu tso le nyati gbãtɔa me. Steven gblɔ be: “Ewɔ nuku nam ŋutɔ be to Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi alo gɔmeɖose aɖewo ko tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo me la, àkpɔ nya aɖe ŋuti numekɔkɔ si me kɔ ƒãa. Do ŋgɔ na nye Biblia sɔsrɔ̃ la, ame aɖeke mefiam Biblia zazã alea kpɔ o. Efaa akɔ nam ŋutɔ be meva nya be Biblia meyɔ fũu kple nya manyatalenuwo kple nukpɔsusu siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu o.”
Valvanera hã lɔ̃ ɖe nya mawo dzi. Egblɔ be: “Susu le nyaawo katã me eye wode nu wo nɔewo me nyuie ale gbegbe. Meva srɔ̃e be mele be maxɔ nya sia nya dzi ase le esi wònye ‘Ha lae’ fiae ta ko o, ke boŋ ele be wòanye le esi susu le numeɖeɖeawo dometɔ ɖe sia ɖe me ta.” Jo-Anne gblɔ be: “Nyateƒe si wònye be woɖo nye biabiawo katã ŋu nam tso Biblia me la na mawuvɔvɔ̃ yɔ nye dzi me—eye mede bubu gã aɖe eya Ame si ƒe agbalẽ wònye la ŋu—le esi wòte ŋu kpɔ nuwo do ŋgɔ hena woŋlɔ biabia ɖe sia ɖe si ava susu me na ame la ƒe ŋuɖoɖowo ɖi ta.”
Ènya Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖea? Ðe manyo ŋutɔ be nàbiae wòafia wò ale si wowɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kple amewoe la wò oa? Ne mènya Yehowa Ðasefo aɖeke o la, ke taflatsɛ ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe adrɛs siwo le magazine sia ƒe axa 4 lia la dometɔ ɖeka. To Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu, nukpɔsusu nyui ƒe asiwò nɔnɔ, kple kpekpeɖeŋuxɔxɔ tso Biblia fiala bibi aɖe gbɔ dzi la, àte ŋu ase Mawu ƒe Nya la gɔme bɔbɔe ŋutɔ!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Agbalẽ aɖe si le kpekpem ɖe ame geɖewo ŋu le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ ɖe ɖoɖo nu mee nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]
Biblia Ŋuti Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖo Fakɔnamewo
Nyati siwo me Yehowa Ðasefowo dzrona kple amewo le woƒe Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo me la dometɔ aɖewoe nye:
• Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba la?
• Afi kae ame kukuwo le?
• “Ŋkeke mamlɛawo” mee míele vavã?
• Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?
• Alekee mawɔ akpɔ dzidzɔ le nye ƒomegbenɔnɔ me?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Be nàse Biblia gɔme la . . . do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe gbɔgbɔa, xlẽe kple nukpɔsusu nyuitɔ, xɔ kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ