INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 11/1 axa 4
  • Nyakpakpa 1: Luʋɔ Nye Nu Makumaku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyakpakpa 1: Luʋɔ Nye Nu Makumaku
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nye Luʋɔ?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nusi Biblia Gblɔ be Luʋɔ Nye
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Luʋɔ La
    Nyɔ!—2015
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 11/1 axa 4

Nyakpakpa 1: Luʋɔ Nye Nu Makumaku

Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? “Kristotɔ xexemenunyala gbãtɔawo va xɔ Helatɔwo ƒe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la de eme hesusui be luʋɔ nye nane si Mawu tsɔ de amegbetɔ me le ewɔɣi.”—The New Encyclopædia Britannica (1988), Babla 11, axa 25.

Nu kae Biblia fia? ‘Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.’​—Xezekiel 18:4.

Biblia gblɔ tso amegbetɔ gbãtɔ, si nye luʋɔ, la wɔwɔ ŋu be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.”—1 Mose 2:7.

Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “luʋɔ” lae nye neʹphesh, eye gɔmesese si ŋutɔŋutɔ le esie nye ‘nuwɔwɔ si gbɔna.’ Esi Mawu wɔ ame gbãtɔ Adam la, metsɔ luʋɔ makumaku aɖeke de eme o, ke boŋ agbeŋusẽ si ya gbɔgbɔ léna ɖe te lae wòde eme. Eya ta gɔmesese si nu wozã nya “luʋɔ” ɖo le Biblia mee nye nu gbagbe bliboa. Ne agbeŋusẽ si Mawu de ŋutilãa me le gɔmedzedzea me nu tso la, ŋutilãa zua luʋɔ kuku.—1 Mose 3:19; Xezekiel 18:20.

Luʋɔ makumaku ŋuti nufiafia la fɔ biabiawo ɖe te: Ne luʋɔa mekuna o la, afi kae wòyina le ame ƒe ku megbe? Nu kae dzɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe luʋɔ dzi? Esi ame siwo blea wo ɖokuiwo be yewonye Kristotɔwo va xɔ luʋɔ makumaku ƒe nyakpakpaa de eme la, ena wogato nyakpakpa bubu vɛ—dzo mavɔ ŋuti nufiafia la.

Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Nyagblɔla 3:19; Mateo 10:28; Dɔwɔwɔwo 3:23

NYATEƑE LAE NYE:

Ne ame ku ko la, eƒe akpa aɖeke megayia edzi nɔa agbe o

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe