INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 1/1 axa 6-10
  • Aha Sesẽ Zazã Le Ŋuɖɔɖo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aha Sesẽ Zazã Le Ŋuɖɔɖo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Afɔ Nàtsɔ Akpɔ Kuxia Gbɔ!
  • Afi Si Nàkpɔ Kpekpeɖeŋu Tso
  • Megana Wòazu Numame Na Wò O
  • Viɖe Siwo Le Mawu Ƒe Mɔfiamewo Dzi Wɔwɔ Me
  • Na Mawu Ƒe Susu Le Aha Sesẽ Ŋu Nafia Mɔ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Aleke Wòle Be Kristotɔwo Nabu Aha Sesẽe?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Aha Muame Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Nenɔ Asiwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ale Si Nàƒo Nu Tso Aha Sesẽ Ŋu Na Viwò
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 1/1 axa 6-10

Aha Sesẽ Zazã Le Ŋuɖɔɖo Me

TONY, si ŋu míeƒo nu tso le nyati gbãtɔa me la ƒe agbe ate ŋu anyo ɖe edzi sãa hafi, ne ɖe wòlɔ̃ ɖe edzi be ahanono ƒe kuxi le ye ŋu. Gake esi wòwɔ nɛ be yetea ŋu noa aha geɖe evɔ dzesi aɖeke meɖee fia be ele nu gblẽm le ye ŋu o ta la, exɔe se be kuxi aɖeke mele ye ŋu o. Nu ka tae wòbui vodadatɔe be naneke mele gbegblẽm le ye ŋu o?

Eƒe ahanono fũu akpa ye wɔe be nukpɔsusu masɔmasɔ ma nɔ esi. Tony nya alo meɖanya o, ne eno aha geɖe la, eƒe ŋutinu si fiaa mɔ eƒe ŋutilã, tamebubu, kple seselelãme ŋutetewo—si nye eƒe ahɔhɔ̃—megawɔa dɔ nyuie o. Zi gbɔ zi ale si wònoa ahae la, zi nenema kee ale si wòle be eƒe ahɔhɔ̃ nakpe ɖe eŋu wòabu eƒe nɔnɔmea ŋu nyuie la dzi ɖena kpɔtɔ.

Susu evelia si tae Tony mete ŋu kpɔ eƒe kuxia dze sii o ye nye dzodzro sẽŋu si nɔ eme be yeayi edzi anɔ aha nom. Allen, si ŋu míeƒo nu tso le nyati si do ŋgɔ me la, melɔ̃ ɖe edzi gbã be ahanono ƒe kuxi le ye ŋu o. Egblɔ be: “Meɣlaa aha agbɔsɔsɔme si menona ɖe amewo hetsɔa nanewo doa taflatsɛ, eye medzea agbagba ɖea ɖokuinye nu be menye kuxi aɖekee aha geɖe nono nye nam o. Taɖodzinu ɖeka koe nɔ asinye—eyae nye be magana amewo nanya aha si gbegbe menona o.” Togbɔ be amewo nɔ ekpɔm dze sii be ahanono le nu gblẽm le Tony kple Allen ŋu hã la, wosusu be naneke menɔ gbegblẽm le yewo ŋu o. Ehiã be wo ame evea siaa naɖe afɔ aɖe atsɔ akpɔ woƒe ahanono ƒe kuxia gbɔ. Gake afɔ kae woaɖe?

Ðe Afɔ Nàtsɔ Akpɔ Kuxia Gbɔ!

Nu si kpe ɖe ame geɖe ŋu wote ŋu dzudzɔ aha tsu nono ye nye be wowɔ nu wòwɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ be: “Ne wò ɖusimeŋku ma le nukikli zum na wò la, hoe, eye nàtsɔe aƒu gbe ɖa le ɖokuiwò ŋu. Elabena aɖe vi na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu esi woatsɔ wò ŋutilã blibo la katã aƒu gbe ɖe Gehena.”—Mateo 5:29.

Gake menye ɖe Yesu nɔ dzi dem ƒo na amewo be woawɔ nuvevi wo ɖokuiwo o. Ke boŋ ɖe wòzã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia tsɔ nɔ gbe tem ɖe edzi be míalɔ̃ faa be míaɖe asi le agbenɔnɔ ɖe sia ɖe si ate ŋu agblẽ nu le míaƒe mawusubɔsubɔ ŋu la ŋu. Anɔ eme be afɔ si wòahiã be míaɖe la ana míase veve ya. Gake akpɔ mía ta tso tamebubu kple nuwɔna siwo ate ŋu awɔe be míava zu ahanoxewo la me. Eya ta ne amewo va le dzi tsim ɖe wò ahanono ŋu eye wogblɔnɛ na wò la, ekema ɖe afɔ nàtsɔ akpɔ kuxia gbɔ.a Ne edze ƒãa be màte ŋu aɖɔ ŋu ɖo le ahanono me o la, ke lɔ̃ faa nàdzudzɔ ahanono kura. Aleke kee esia wɔwɔ ana nàse vevee o, vevesese sia maɖi naneke ne wotsɔe sɔ kple ale si ahanono agblẽ wò agbe domee o.

Ne menye ahanomunɔ ye nènye o hã la, ɖe nèva le aha geɖe nom wu tsã? Ne nenemae la, afɔ kawoe nàte ŋu aɖe siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖɔ ŋu ɖo le aha sesẽ zazã me?

Afi Si Nàkpɔ Kpekpeɖeŋu Tso

1. Ka ɖe edzi be gbedodoɖa vevie tso dzi blibo me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Biblia ɖo aɖaŋu sia na ame siwo katã di be Yehowa Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Nu kae nàte ŋu ado gbe ɖa abia ale be susumekɔdzeanyi sia nasu asiwò?

Lɔ̃ ɖe edzi anukwaretɔe be ahanono nye kuxi na ye, eye enye kuxi si gbɔ wòle be wò ŋutɔ nàkpɔ. Nu si nèdi be yeawɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ gbɔgblɔ na Mawu le gbedodoɖa me ana be wòayra ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeavo tso wò ahanono ƒe kuxia me la dzi, eye esia awɔe be wò kuxia mava do gã ɖe edzi o. ‘Ame si tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke ame si ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.’ (Lododowo 28:13) Yesu hã gblɔ be míate ŋu ado gbe ɖa be: “Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso [nu vɔ̃ɖi la] me.” (Mateo 6:13) Gake alekee nàte ŋu awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple wò gbedodoɖawo? Eye afi kae nàte ŋu akpɔ wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖowo le?

2. Na Mawu ƒe Nya la nado ŋusẽ wò. “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu, . . . eye wòte ŋu dzea si dzi me susuwo kple tameɖoɖowo.” (Hebritɔwo 4:12) Biblia la xexlẽ kple ŋugbledede le mawunyakpukpui aɖewo ŋu gbe sia gbe kpe ɖe ame geɖe siwo nye ahanoxewo tsã la ŋu. Hakpala mawuvɔ̃la aɖe ŋlɔ bena: ‘Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. . . . Nu sia nu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!’—Psalmo 1:1-3.

Allen, si Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kpli eye nusɔsrɔ̃ sia do ŋusẽe wòte ŋu ɖu aha tsu nono dzi la, gblɔ be, “Meka ɖe edzi be, ne menye Biblia kple Biblia me gɔmeɖosewoe kpe ɖe ŋunye medzudzɔ o la, anye ne meku.”

3. Srɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Biblia ka nya ta be wotsɔ “Mawu ƒe gbɔgbɔ la” le tsi na ame siwo nye ahamulawo tsã la le Kristo hamea me hekɔ wo ŋu. (1 Korintotɔwo 6:9-11) Aleke wowɔ esiae? Nu ɖekae nye be, wokpe ɖe wo ŋu woɖe asi le ahamumuwo kple aglotutu siwo gbɔ eme ŋu, to ɖokuidziɖuɖu, si nye nɔnɔme nyui si sua ame si to Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me, sɔsrɔ̃ me. “Miganɔ wain mum, si me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o, ke boŋ mina gbɔgbɔ la nanɔ mia yɔm fũu.” (Efesotɔwo 5:18; Galatiatɔwo 5:21-23) Yesu Kristo do ŋugbe be “Fofo si le dziƒo la [ana] gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ.” Eya ta ‘nɔ ebiabia dzi, eye woana wò.’—Luka 11:9, 13.

Ame siwo di be yewoasubɔ Yehowa le mɔ si dzea eŋu nu la ate ŋu asrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu ne woxlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ eye wodoa gbe ɖa edziedzi tso dzi blibo me. Mègana dzi naɖe le ƒowò o, ke boŋ xɔ ŋugbedodo sia si tso Mawu ƒe Nya me la de eme be: “Ame si le nu ƒãm hena gbɔgbɔa la, aŋe agbe mavɔ tso gbɔgbɔ la me. Eya ta migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi.”—Galatiatɔwo 6:8, 9.

4. De ha kple ame ɖɔʋuwo. “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Gblɔ tame si nèɖo be yeaɖɔ ŋu ɖo le ahanono me la na xɔ̃wòwo. Gake Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu do ŋgɔ be, ne èɖe asi le “wain tsu nonowo, aglotutu siwo gbɔ eme, [kple] hoʋiʋli le ahanono me” ŋu la, ‘awɔ nuku na’ ame siwo nèdea ha kpli tsã la dometɔ aɖewo, ‘eye woanɔ nya manyomanyowo gbɔgblɔ dzi ɖe ŋuwò.’ (1 Petro 4:3, 4) Lɔ̃ faa nàdzudzɔ hadede kple ame siwo medea dzi ƒo na wò be nàwɔ ɖe tame si nèɖo be yeaɖu wò ahanono ƒe kuxia dzi o la.

5. Wɔ nyametsotso le aha agbɔsɔsɔme si ko nàno la ŋu do ŋgɔ. “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mina woatrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, bene miado Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui.” (Romatɔwo 12:2) Ne èɖe mɔ gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya me fia mɔ wò nètso nya me le aha agbɔsɔsɔme si ko nàno ŋu la do ŋgɔ, ke menye be xɔ̃wòwo alo “nuɖoanyi sia” naɖoe na wò o la, ekema ànɔ agbe le mɔ si adze Mawu ŋu la nu. Gake aleke nàwɔ ate ŋu anya aha agbɔsɔsɔme si sɔ na wò?

Aha muame agbɔsɔsɔme ɖe sia ɖe si gblẽa nu le wò nyametsotso wɔwɔ ŋu eye wònaa wò nuŋububu ƒe ŋutete me gbɔdzɔna la sɔ gbɔ na wò akpa. Eya ta ne ètiae be yeano aha la, nunya mele eme be nàgblɔ be ne yele aha nom eye yekpɔ be yeƒe mo le tɔtrɔm alo aha di be yeamu ye hafi yeadzudzɔ o. Ne èdzro ɖokuiwò me kpɔ eye nèkpɔe be ahanono ƒe kuxi le ye ŋu la, mègagbe lɔlɔ̃ ɖe edzi o. Ðo aha agbɔsɔsɔme si da sɔ, si anye enono le ŋuɖɔɖo me—si makplɔ wò ade aha tsu nono me gbeɖe o—la ɖi.

6. Srɔ̃ ale si nàgblɔ be ao. “Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ ko, eye miaƒe Ao nanye Ao ko.” (Mateo 5:37) Srɔ̃ ale si nàtsɔ ŋuɖɔɖɔɖo agblɔ na amedzrowɔla aɖe si meda sɔ o, si le eƒom ɖe nuwò be nàno aha la, be yemanoe o. “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, bene mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.”—Kolosetɔwo 4:6.

7. Bia kpekpeɖeŋu tso amewo gbɔ. Bia kpekpeɖeŋu tso xɔlɔ̃ siwo ade dzi ƒo na wò be nàwɔ ɖe tame si nèɖo be yeano aha le ŋuɖɔɖo me la dzi kple esiwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Mawu ŋu, la gbɔ. “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre.” (Nyagblɔla 4:9, 10; Yakobo 5:14, 16) Amerika Ƒe Aha Tsu Nono Kple Ahamumu Nyawo Gbɔkpɔhabɔbɔ ɖo aɖaŋu be: “Ahanono ƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖeɖe kpɔtɔ ate ŋu asesẽ na wò ɣeaɖewoɣi. Bia wò ƒomea kple xɔ̃wòwo be woakpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ.”

8. Ðoe kplikpaa nàwɔ tame si nèɖo la dzi. “Mizu nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o, bene miagatsɔ tamebubu totro anɔ mia ɖokuiwo blem o. Gake ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye wònɔa edzi ɖaa la akpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me, le esi wòzu nyadziwɔla, ke menye nyasela si ŋlɔa nu be o la ta.”—Yakobo 1:22, 25.

Megana Wòazu Numame Na Wò O

Menye ame sia ame si noa aha geɖe ye va zua ahanoxe o. Gake ame aɖewo va tea ahanono fũu—alo va nɔa enom edziedzi—ale gbegbe be ahanono va zua numame na wo. Esi wònye be ne aha muame nono va zu numame na ame la, nu muame aɖe si le aha sesẽ me la va nɔa amea ƒe ŋutilã kple susua dzrom vevie ta la, eƒe didi vevie be yeadzudzɔ kple kpekpeɖeŋu si amewo anae le mawusubɔsubɔ gome ɖeɖe mesɔ gbɔ o, ahiã kpekpeɖeŋu bubuwo hafi wòate ŋu aɖe asi le numame sia ŋu. Allen gblɔ be: “Esi menɔ asi ɖem le ahanono ŋu la, veve si mesena le nye ŋutilã me la nu sẽ wu gbɔgblɔ. Ɣemaɣie meva de dzesii be mehiã ɖɔktawo ƒe kpekpeɖeŋu tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si wonɔ nayem to Biblia sɔsrɔ̃ kplim me la ŋu.”

Ahanola geɖewo hiãa ɖɔktawo ƒe kpekpeɖeŋu tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si xɔm wole le Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo me la ŋu be wòado ŋusẽ wo le avu si wɔm wole be yewoaɖe asi le aha tsu nono ŋu la me.b Ahiã be woaxɔ wo dometɔ aɖewo ɖe kɔdzi be woate ŋu ado dzi le nuteɖeamedzi siwo asiɖeɖe le aha tsu nono ŋu hena vanɛ la me alo be woawɔ atike na wo be wòaɖe ahanono ƒe dzodzro sẽŋu si le wo me la dzi kpɔtɔ, eye be wòakpe ɖe wo ŋu woayi edzi atsri ahanono. Mawu ƒe Vi nukunuwɔla la gblɔ be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe.”—Marko 2:17.

Viɖe Siwo Le Mawu Ƒe Mɔfiamewo Dzi Wɔwɔ Me

Mawu vavã, si dia nyui na mí—menye bena míakpɔ dzidzɔ egbea ɖeɖe ko o, ke hena míaƒe viɖe mavɔ—la gbɔe Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe aha sesẽ nono ŋu, siwo me nunya le la tso. Allen, si ɖe asi le ahanono ŋu ƒe blave vɔ ene ye nye esia la, gblɔ be: “Dzidzɔ gã aɖe wònye nam be meva nya be mate ŋu atrɔ nye agbenɔnɔ, eye meva kpɔe dze sii be Yehowa di be maɖɔ nye mɔwo ɖo, eye be edi be . . . ” Le afi sia la, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi na Allen esi wòɖo ŋku nu siwo me wòto dzi, eya ta etɔ sẽe helé eɖokui, eye wòyi edzi be, “Hũm, . . . be manya be Yehowa se nye nɔnɔmewo gɔme, eye be etsɔ ɖe le eme nam hena kpekpeɖeŋu siwo mehiã lam—ewɔ nuku nam ŋutɔ.”

Eya ta ne aha tsu nono nye kuxi na wò alo ahanono fũu va zu numame na wò la, mègagblɔ enumake be naneke meli yeawɔ, alo aƒo nya ta be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ye o. Allen kple ame bubu geɖewo nɔ nɔnɔme si me nèle fifia la me kpɔ eye wote ŋu ɖe woƒe ahanono dzi kpɔtɔ alo dzudzɔ enono kura. Meve wo kpɔ be yewowɔ tɔtrɔ sia o; eye mave wò hã gbeɖe o.

Èɖatiae be yeano aha sesẽ le ŋuɖɔɖo me loo alo yeatsri ahanono kura o, wɔ ɖe aɖaŋu sia si Mawu ɖo na mí lɔlɔ̃tɔe la dzi, be: “[Ne ɖe nàɖo] to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Aha Muame Le Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?” si le axa 8.

b Atikewɔƒe, dɔnɔkɔdzi, kple dɔdamɔnu geɖe siwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu le go sia me la li. Gbetakpɔxɔ magazinea mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be ame sia ame nada dɔdamɔnu si wòatia la kpɔ nyuie eye eya ŋutɔ nawɔ esia ŋuti nyametsotso si matsi tsitre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ðe Aha Muame Le Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?

Ele be nàbia ɖokuiwò be:

• Ðe meva le aha sesẽ nom geɖe fifia wu tsã?

• Ðe mele aha nom edziedzi fifia wu tsã?

• Ðe meva le aha siwo sesẽ wu esiwo menona tsã la noma?

• Ðe menoa aha be matsɔ anɔ te ɖe nuteɖeamedziwo nu alo asi le kuxiwo nua?

• Ðe xɔ̃nye aɖe alo nye ƒometɔ aɖe ƒo nu nam tso ale si wòtsi dzi ɖe nye ahanono ŋui la ŋua?

• Ðe ahanono he kuxiwo va dzinye le aƒe me, le dɔ me, alo esime menɔ mɔ zɔma?

• Ðe wòsesẽna nam be manɔ anyi kwasiɖa ɖeka ne nyemede nu aha me oa?

• Ne ame bubuwo gbe be yewomano aha o la, ɖe wòɖea fu nama?

• Ðe meɣlaa aha agbɔsɔsɔme si menona la ɖe amewoa?

Ne èɖo biabia siawo dometɔ ɖeka alo esi wu nenema ŋu be ɛ̃ la, ekema ahiã be nàwɔ asitɔtrɔ le wò ahanono ŋu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nyametsotso Nyui Wɔwɔ Ku Ðe Aha Sesẽ Nono Ŋu

Hafi nàtia be yeano aha la, bia ɖokuiwò be:

• Ðe wòanyo be mano aha sesẽ loo, alo ɖe wòle be matsriia?

Aɖaŋuɖoɖo: Ne ame aɖe mate ŋu aɖo seɖoƒe na eƒe ahanono o la, ekema ele be wòatsrii.

• Aha agbɔsɔsɔme kae wòle be mano?

Aɖaŋuɖoɖo: Ðo afi si nàno aha ase ɖo do ŋgɔ hafi wòava nɔ wò mo trɔm.

• Ɣekaɣie mano aha?

Aɖaŋuɖoɖo: Mègano aha hafi nàku ʋu alo awɔ dɔ siwo hiã ŋutenɔnɔ o; mègano aha hafi nàkpɔ gome le mawusubɔsubɔdɔwo me o; mègano aha ne fu le ƒowò o; mègano aha hafi ano atike aɖewo o.

• Afi kae mano aha le?

Aɖaŋuɖoɖo: Anyo be nàno aha le teƒe si sɔ; menye le adza me be nàɣla aha agbɔsɔsɔme si nènona ɖe amewo o; menye le ame siwo ahanono nye nukikli na la ŋkume o.

• Mía kple ame kawoe ano aha?

Aɖaŋuɖoɖo: Mia kple xɔlɔ̃ ɖɔʋuwo alo ƒometɔwo miate ŋu ano aha; gake mègano aha kple ame siwo ahanono nye kuxi na o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mawu Ƒe Nya La Kpe Ðe Ame Aɖe Si Nye Ahanomunɔ Tsã La Ŋu

Supot, si le Thailand la, nye ahanomunɔ tsã. Le gɔmedzedzea me la, fiẽwo koe wònoa aha. Vivivi la, eva te ahanono le ŋdiwo me kple emegbe le ŋdɔnuɖuɣiwo hã. Zi geɖe la, mumu ta koe wònoa aha ɖo. Gake eva lɔ̃ Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Esi Supot va srɔ̃e be Yehowa Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe ahamulawo ŋu o la, edzudzɔ ahanono. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, egate ahanono abe ale si wòwɔnɛ tsã ene. Esia te ɖe eƒe ƒomea dzi vevie.

Ke hã, Supot gakpɔtɔ lɔ̃ Yehowa kokoko eye wòdi be yeasubɔe le mɔ nyuitɔ nu. Supot xɔlɔ̃awo yi edzi nɔ kpekpem ɖe eŋu henɔ dzi dem ƒo na srɔ̃a kple via eveawo be woakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe eŋu eye womegagblẽe ɖi o. Le ɣeyiɣi ma me la, nyateƒenya si dze le 1 Korintotɔwo 6:10 si gblɔ be ‘ahamulawo manyi Mawu fiaɖuƒe la dome o’ la kpe ɖe Supot ŋu wòkpɔ ale si agbe si nɔm wòle la nye ŋkubiãnyae la dze sii. Ese egɔme be ele na ye be yeaʋli kple yeƒe ŋutete katã aɖu yeƒe ahanono ƒe kuxia dzi.

Azɔ Supot ɖoe kplikpaa be yeadzudzɔ ahanono keŋkeŋ. Mlɔeba la, to Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu, Mawu ƒe Nya la ƒe mɔfiafia, kple eƒe ƒomea kpakple hamea ƒe kpekpeɖeŋu me la, ŋusẽ ɖo Supot ŋu wòte ŋu ɖu eƒe ahanono ƒe kuxia dzi. Dzi dzɔ eƒe ƒomea esime wonyrɔe ɖe tsi me wònye adzɔgbe si wòɖe na Mawu be yeasubɔe la ƒe kpeɖodzi. Fifia edzɔa dzi na Supot be ƒomedodo kplikplikpli si yedina xoxoxo la va le ye kple Mawu dome, eye wòzãa eƒe ɣeyiɣi ƒe akpa gãtɔ tsɔ nɔa kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woa kple Mawu dome nanɔ nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe