INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 1/1 axa 11
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Roma-mɔdodowo Nusiwo Wotsɔna Ðoa Ŋku Blemaɖaŋudɔwo Dzii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • ‘Eɖia Ðase Tsitotsito’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Nya Siwo Wogblɔ Kple Nu Va Zu Nuŋlɔɖi Kɔkɔewo Ðe Kristotɔ Gbãtɔwo Nya Nuŋɔŋlɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 1/1 axa 11

Ènyaa?

Mɔ kae apostolo Paulo to le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me yi Roma?

▪ Dɔwɔwɔwo 28:13-16 gblɔ be tɔdziʋu si Paulo ɖo yina Italia la va ɖo Puteoli (si nye egbegbe Pozzuoli) le Naples ƒe Adɔ̃ la me. Emegbe ezɔ to Appia Mɔ, si nye dugãa ƒe mɔ vevitɔ la dzi yi ɖe Roma.

Appius Claudius Caecus si nye Romatɔwo ƒe dziɖuɖumegã si te mɔa dodo le ƒe 312 D.M.Ŋ. me la ƒe ŋkɔ ye wotsɔ na Appia Mɔ la. Wova tsɔ kpe gbadzawo do mɔ sia, si keke abe meta 5 va ɖo 6 ene la tsya ɖe enu wòdidi kilometa 583 tso Roma yi anyieheɣedzeƒe gome. Mɔ sia tso Roma va ɖo Brundisium (egbegbe Brindisi) ƒe tɔdziʋudzeƒe, afi si woɖoa ʋu le yia Ɣedzeƒenutowo me. Mɔzɔlawo tɔna ɖe agbadroƒe vovovo siwo dome didi kilometa 24 tso wo nɔewo gbɔ, be woaƒle nuhiahiãwo, amlɔ anyi aɖi ɖe eme, alo ado sɔ alo aɖo ʋu bubu ayi woƒe mɔzɔzɔa dzi.

Gake anɔ eme be afɔ zɔmee Paulo ya nɔ. Appia Mɔa ƒe akpa si wòto le eƒe mɔzɔzɔa me la didi kilometa 212. Mɔa ƒe akpa aɖe va to Ponine Tɔba, si nye ba finyafinya teƒe, eye Romatɔ agbalẽŋlɔla aɖe ƒo nu tso teƒea ƒe ʋeʋẽ kũu kple muwo ƒe fuɖename ŋu. Ba finyafinya mawo ƒe dziehe gome koe Apio ƒe asi—si didi tso Roma kilometa 65—la kple Amedzrodzeƒe Etɔ̃awo, siwo nye gbɔɖemeƒe si didi tso dugã la me anɔ kilometa 50, la nɔ. Kristotɔ siwo tso Roma la nɔ Paulo dzɔm le agbadroƒe eve siawo. ‘Paulo da akpe na Mawu’ esi eƒe ŋku kli wo, “eye dzi ɖo eƒo.”—Dɔwɔwɔwo 28:15.

Nuŋlɔkpe ka ŋue woƒo nu tso le Luka 1:63?

▪ Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa gblɔ be Zaxariya xɔlɔ̃wo biae be ŋkɔ kae woatsɔ na ŋutsuvi si wodzi nɛ la hã. Zaxariya “[bia] be woatsɔ nuŋlɔkpe na ye, eye wòŋlɔ ɖe edzi be: ‘Yohanes ye nye eƒe ŋkɔ.’” (Luka 1:63) Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nuŋlɔkpe” la fia “ʋuƒo gbabɛ aɖe si dzi wosi bosomi ɖo.” Enye ʋuƒo gbabɛ, si wolé ɖe do si woɖe ɖe ati gbadza aɖe me la me, si dzi wofa bosomi ɖo wozrɔ̃ nyuie. Woate ŋu azã nuŋlɔti atsɔ aŋlɔ nu ɖe edzi. Emegbe woate ŋu atutu nu si woŋlɔ ɖe edzi la ɖa ahaŋlɔ nu bubu ɖe ʋuƒo zɔzrɔ̃ea dzi.

Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Nutata siwo wokpɔ le Pompeii, nukpakpa siwo wofɔ tso Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo, kple nuŋlɔkpe ŋutɔŋutɔ siwo ŋu woke ɖo le tomenukukuwo me le Egipte ƒe teƒe vovovowo va se ɖe Hadrian Glia [si le Britain ƒe dziehe la] gbɔ la ɖe ale si gbegbe wozãa nuŋlɔʋuƒo siawoe la fia.” (Reading and Writing in the Time of Jesus) Nuŋlɔkpe siawo anya nɔ ameƒomevi vovovowo—asitsalawo, dziɖuɖumegãwo, kple ɖewohĩ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo gɔ̃ hã—si.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Appia mɔ la

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Sukuvi aɖe ƒe nuŋlɔkpe, ƒe alafa 2 lia M.Ŋ.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

By permission of the British Library

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe