Nu Ka Tae Wòle Be Nàtsɔ Ðokuiwò Aɖe Adzɔgbe Na Yehowa?
‘Zã sia me la, Mawu si tɔ menye la ƒe dɔla aɖe nɔ tsitre ɖe gbɔnye.’—DƆW. 27:23.
1. Afɔ kawoe ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la ɖe xoxo, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te?
“ÐE NÈNƆ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi trɔ dzime tso wò nu vɔ̃wo me, eye nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nua?” Esia nye nya eve siwo wobiaa ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge le nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒowo ƒe nuwuwu la dometɔ ɖeka. Nu ka tae wòhiã be Kristotɔwo natsɔ wo ɖokuiwo aɖe adzɔgbe na Yehowa? Alekee adzɔgbeɖeɖe na Mawu ɖea vi na mí? Nu ka tae ame mate ŋu asubɔ Mawu wòadze eŋu ne metsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe nɛ o? Be míase ŋuɖoɖoawo gɔme la, ehiã be míadzro nu si adzɔgbeɖeɖe nye la me gbã.
2. Nu kae wòfia be ame natsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa?
2 Nu kae ame ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu fia? De dzesi ale si apostolo Paulo ƒo nu tso ƒomedodo si le woa kple Mawu dome la ŋui. Esi tɔdziʋu aɖe si me wònɔ ɖo afɔku me, eye wònɔ nu ƒom na ʋua me nɔlawo la, eyɔ Yehowa be “Mawu si tɔ menye.” (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 27:22-24.) Ɛ̃, Yehowa tɔe Kristotɔ vavãwo katã nye. Gake xexe blibo la katã ya le “vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yoh. 5:19) Kristotɔwo va zua Yehowa tɔ ne wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe nɛ le gbedodoɖa me le mɔ si dzea eŋu nu. Adzɔgbeɖeɖe sia nye ame ŋutɔ ƒe atamkaka nɛ. Eye nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me kplɔnɛ ɖo.
3. Nu kae Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ fia, eye aleke eyomedzelawo ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋuae?
3 Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí esi wòtso nya me le eɖokui si be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Esi wònye be Israel dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa mee wodzii ɖo ta la, enye ame si ɖe adzɔgbe na Mawu xoxo. Ke hã, le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, ewɔ nane si de ŋgɔ wu nu si Sea bia. Mawu ƒe Nya la ɖee fia be egblɔ be: “Kpɔ ɖa! Meva ɖo . . . be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, Oo Mawu.” (Heb. 10:7; Luka 3:21) Eya ta nu si Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa fiae nye be etsɔ eɖokui na Mawu be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. Eyomedzelawo srɔ̃a eƒe kpɔɖeŋua ne wotsɔ wo ɖokuiwo na be woanyrɔ yewo. Gake le woawo gome la, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me nye eɖeɖe fia le gaglãgbe be yewotsɔ yewo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu le gbedodoɖa me.
Ale Si Adzɔgbeɖeɖe Ðea Vi Na Míi
4. Nu kae David kple Yonatan dome xɔlɔ̃dzedzea fia mí tso ɖokuitsɔtsɔ na ame nɔewo ŋu?
4 Ŋkubiãnyae Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe nye. Menye ɖokuitsɔtsɔna dzro aɖe koe wònye o. Gake aleke adzɔgbeɖeɖe ɖea vi na míi? Abe nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ene la, mina míadzro ale si ame ɖokui tsɔtsɔ na le amegbetɔwo ƒe kadodowo me ɖea vii la me. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye xɔlɔ̃dzedze. Bene xɔlɔ̃wɔwɔ si me nàse vivi le nanɔ mia kple ame aɖe dome la, ele be nàlɔ̃ atsɔ agba si xɔlɔ̃wɔwɔ bia. Ebia ɖokuitsɔtsɔna—si fia be nàkpɔe be agba le ye dzi be yealé be na ye xɔlɔ̃a. Xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo siwo ɖe dzesi wu le Biblia me la dometɔ ɖekae nye esi nɔ David kple Yonatan dome. Wobla nu tsɔ ɖo kpe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dzi gɔ̃ hã. (Mixlẽ 1 Samuel 17:57; 18:1, 3.) Togbɔ be ɖokuitsɔtsɔ na ame nɔewo ma gbegbe mebɔ o hã la, xɔlɔ̃wɔwɔ geɖewo kpɔa dzidzedze ne xɔlɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ eɖokui na nɔvia, alo see le eɖokui me be agba le ye dzi be yealé be na ye nɔvi.—Lod. 17:17; 18:24.
5. Nu kae kluvi aɖe ate ŋu awɔ be wòanɔ eƒe aƒetɔ dɔmenyotɔ gbɔ ɖaa bene wòaɖe vi nɛ?
5 Se si Mawu tsɔ na Israel viwo la ƒo nu tso ƒomedodo bubu aɖe si me ame ɖokui tsɔtsɔ na ɖea vi na ame le la ŋu. Ne kluvi aɖe di be yeanɔ yeƒe aƒetɔ dɔmenyotɔ gbɔ ɖaa bene yeanɔ dedie la, ate ŋu abla nu kple eƒe aƒetɔa be yeanɔ egbɔ tegbee. Sea gblɔ be: “Ke ne kluvi la gblɔ be: Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, nyemadzo anɔ ɖokuinye si o la, ekema eƒe aƒetɔ nakplɔe ava Mawu ƒe ŋku me, atsɔe aɖo ʋɔtru nu alo ʋɔtrutiwo gbɔ, eye eƒe aƒetɔ naŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui, be wòasubɔe tegbee.”—2 Mose 21:5, 6.
6, 7. (a) Aleke ɖokuitsɔtsɔ na ame nɔewo ɖea vii? (b) Nu kae esia ɖe fia le mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu?
6 Srɔ̃ɖeɖe nye ƒomedodo si bia ɖokuitsɔtsɔna si de ŋgɔ. Enye nubabla kple amegbetɔ, ke menye hena ɖoɖo aɖe dzi wɔwɔ o. Ne ŋutsu kple nyɔnu le wo nɔewo gbɔ evɔ womeɖe wo nɔewo o la, woa kple wo viwo siaa mate ŋu anɔ dedie ŋutɔŋutɔ o. Gake Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose geɖewo li siwo ƒoe ɖe ame eve siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖe si ŋu bubu le me ya nu be woadze agbagba akpɔ masɔmasɔwo gbɔ le lɔlɔ̃ me, ne kuxiwo do mo ɖa.—Mat. 19:5, 6; 1 Kor. 13:7, 8; Heb. 13:4.
7 Le Biblia ŋlɔɣiwo la, nubablawo wɔwɔ le asitsanyawo kple dɔwɔnyawo me ɖe vi na ame geɖewo. (Mat. 20:1, 2, 8) Nenema kee wòle egbea hã. Le kpɔɖeŋu me, asidede nubabla alo dɔwɔɖoɖo aɖe te hafi adze asitsadɔ aɖe gɔme, alo hafi alɔ̃ be yeawɔ dɔ le dɔwɔƒe aɖe la ɖea vi. Eya ta ne ɖokuitsɔtsɔ na ame nɔewo alo nubablawo nana xɔlɔ̃dzedze, srɔ̃ɖeɖe, kple dɔwɔnyawo lia ke nyuie la, ke ɖe ɖokuiwò tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa keŋkeŋ ya maɖe vi geɖe wu le mia kplii dome ƒomedodoa me oa? Azɔ na míadzro viɖe siwo do tso eme na ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu le blema, kpakple ale si woƒe adzɔgbeɖeɖea yi ŋgɔ sãsãsã wu wo ɖokuiwo tsɔtsɔ na ko la me.
Ale Si Adzɔgbeɖeɖe Na Mawu Ðe Vi Na Israel Dukɔa
8. Nu kae Israel viwo ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu fia?
8 Israel dukɔ bliboa va zu dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa esime wobla nu kplii. Yehowa na wova ƒo ƒu ɖe Sinai Toa gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Azɔ ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome.” Dukɔ blibo la ɖo eŋu yoo bena: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.” (2 Mose 19:4-8) Israel viwo ƒe adzɔgbeɖeɖe bia nu geɖe tso wo si wu wo ɖokuiwo tsɔtsɔ na be yewoawɔ nane ko. Efia be wozu Yehowa tɔ, eye Yehowa hã wɔ nu ɖe wo ŋu abe ame siwo nye ‘etɔ koŋ’ la ene.
9. Aleke Israel viwo ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ɖe vi na woe?
9 Israel viwo kpɔ viɖe geɖe tso wo ɖokui tsɔtsɔ na Yehowa me. Yehowa wɔ nuteƒe na wo eye wòlé be na wo abe ale si ko dzila lɔ̃ame awɔ na via ene. Mawu gblɔ na Israel viwo be: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!” (Yes. 49:15) Yehowa na mɔfiamewo woamawo to Sea dzi, ede dzi ƒo na wo to nyagblɔɖilawo dzi, eye wòkpɔ wo ta to mawudɔlawo dzi. Hakpala aɖe ŋlɔ bena: “Eɖe eƒe nya fia Yakob, eƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo fia Israel. [Mewɔ] alea na dukɔ aɖeke o.” (Ps. 147:19, 20; mixlẽ Psalmo 34:8, 20; 48:15.) Abe ale si ko Yehowa lé be na dukɔ si nye etɔ le blema ene la, nenema kee wòalé be na ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe nɛ egbea hã.
Nu Si Tae Wòle Be Míatsɔ Mía Ðokuiwo Aɖe Adzɔgbe Na Mawu
10, 11. Ðe wodzi mí ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnuteƒe siwo si nunya le la ƒe ƒomea mea? Ðe eme.
10 Ne ame aɖewo le Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu bum la, ɖewohĩ woabia wo ɖokui be, ‘Ðe wòhiã kokoko be matsɔ ɖokuinye aɖe adzɔgbe na Mawu hafi ate ŋu asubɔea?’ Ŋuɖoɖoa adze ƒãa ne míede ŋugble le tenɔnɔ si le mía si le Mawu ŋkume fifia la ŋu. Ðo ŋku edzi be, le Adam ƒe nu vɔ̃a ta la, womedzi mía dometɔ aɖeke ɖe Mawu ƒe ƒome me o. (Rom. 3:23; 5:12) Mía ɖokuiwo tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu le vevie hafi woate ŋu axɔ mí ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnuteƒe siwo si nunya le la ƒe ƒomea me. Na míakpɔ nu si tae wòle alea ɖa.
11 Vifofo si nye amegbetɔ aɖeke meli si te ŋu na agbe deblibo viawo, abe ale si Mawu ɖoe be wòanɔ ene o. (1 Tim. 6:19) Womedzi mí míenye Mawu ƒe viwo o, elabena nu vɔ̃ si atsu kple asi gbãtɔa wɔ la klã amegbetɔƒomea ɖa tso mía Fofo lɔ̃ame kple Wɔla la gbɔ. (Tsɔe sɔ kple 5 Mose 32:5.) Tso ɣemaɣi ke la, ameƒomea ƒe xexea katã megava nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo o—míeɖe ɖe aga tso Mawu gbɔ.
12. (a) Alekee amegbetɔ madeblibowo awɔ hafi ava nye Mawu ƒe ƒomea me tɔwo? (b) Afɔ kawoe wòle be míaɖe do ŋgɔ na nyɔnyrɔxɔxɔ?
12 Gake mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia be Mawu naxɔ ye ɖe esubɔla siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo la ƒe ƒomea me.a Alekee esia anya wɔ, esi wònye míenye nuvɔ̃mewo? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Woto Via ƒe ku me dzra mía kple Mawu dome ɖo esime míenye eƒe futɔwo.” (Rom. 5:10) To míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me la, míeɖea kuku na Mawu be wòana dzitsinya nyui nanɔ mía si bene míaƒe nu nadze eŋu. (1 Pet. 3:21) Gake hafi míaxɔ nyɔnyrɔ la, afɔ aɖewo li siwo wòle be míaɖe. Ele be Mawu ŋuti sidzedze nasu mía si, míasrɔ̃ ale si míaka ɖe eyama dzi, atrɔ dzi me ahawɔ tɔtrɔ. (Yoh. 17:3; Dɔw. 3:19; Heb. 11:6) Gake nu bubu aɖe hã li si wòle be ame nawɔ hafi woaxɔe ɖe Mawu ƒe ƒomea me. Eyae nye nu ka?
13. Nu ka tae wòsɔ be ame naka atam na Mawu atsɔ aɖe adzɔgbe nɛ hafi ate ŋu ava zu esubɔla siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo ƒe ƒomea me tɔ?
13 Hafi ame aɖe si ɖe ɖe aga tso Mawu gbɔ nate ŋu ava zu Mawu subɔla siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo ƒe ƒomea me tɔ la, ehiã be wòaka atam na Yehowa gbã. Be míase nu si tae wòle alea me la, bu vifofo aɖe si ŋu wodea bubui si tsɔ ɖe le eme na tsyɔ̃evi aɖe hedi be yeaxɔe wòazu yeƒe ƒomea me tɔ la ŋu kpɔ. Wonya vifofo sia be enye ame nyui. Gake hafi wòaxɔ tsyɔ̃evi sia wòanye via la, ebia tso ɖevia si be wòado ŋugbe aɖe na ye. Eya ta ŋutsua gblɔ be, “Hafi maxɔ wò abe vi ene la, medi be manya nenye be àlɔ̃m ahade bubu ŋunye abe fofowò ene.” Ne ɖevia ka atam be yeawɔe nenema ko hafi ŋutsua alɔ̃ axɔe be wòanye yeƒe ƒomea me tɔ. Ðe susu mele esia me oa? Nenema kee ame siwo alɔ̃ aka atam atsɔ wo ɖokuiwo aɖe adzɔgbe na Yehowa la koe wòaxɔ ɖe eƒe ƒomea me. Biblia gblɔ be: “Miatsɔ mia ɖokuiwo ana eyama: wòanye vɔsa gbagbe, si nye adzɔgbeɖeɖe, si adze eŋu.”—Rom. 12:1, The New English Bible.
Enye Lɔlɔ̃ Kple Xɔse Ðeɖe Fia
14. Nu ka tae adzɔgbeɖeɖe nye lɔlɔ̃ɖeɖefia?
14 Atamkaka na Yehowa atsɔ aɖe adzɔgbe nɛ ɖenɛ fiana be míelɔ̃e tso dzi me. Le mɔ aɖe nu la, esia sɔ kple srɔ̃ɖetamkaka. Ŋugbetɔsrɔ̃ Kristotɔ ɖea eƒe lɔlɔ̃ fiana to atamkaka me be yeawɔ nuteƒe na yeƒe ŋugbetɔa, eɖanye nu ka kee ɖadzɔ o. Enye atamkaka na ame, ke menye ŋugbedodo dzro aɖe ko be woawɔ nane ye wònye o. Ŋugbetɔsrɔ̃ Kristotɔ nyae nyuie be yemate ŋu anɔ anyi kple yeƒe ŋugbetɔ la o, negbe ɖeko yeka srɔ̃ɖetam hafi. Nenema kee ne míeka atam tsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa o la, míate ŋu ase vivi le yayra siwo eƒe ƒomea me tɔ nyenye hena vanɛ la me bliboe o. Eya ta míetsɔa mía ɖokuiwo ɖea adzɔgbe na Mawu, elabena togbɔ be míenye ame madeblibowo hã la, míedi be míanye eyama tɔ, eye míeɖoe kplikpaa be míawɔ nuteƒe nɛ, nu ka kee ɖadzɔ o.—Mat. 22:37.
15. Mɔ ka nue adzɔgbeɖeɖe nye xɔseɖeɖefia le?
15 Mía ɖokuiwo tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu nye xɔseɖeɖefia. Le mɔ ka nu? Míaƒe Yehowa dzi xɔxɔ se nana míekana ɖe edzi be tete ɖe Mawu ŋu aɖe vi na mí. (Ps. 73:28) Míenya be zɔzɔ kple Mawu manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi le “dzidzime gɔglɔ̃ totro” sia me o, gake míeka ɖe ŋugbe si Mawu do be yeado ŋusẽ mí le míaƒe agbagbadzedzewo me la dzi. (Flp. 2:15; 4:13) Míenya be ame madeblibowoe míenye, gake míeka ɖe edzi be Yehowa awɔ nu ɖe mía ŋu le nublanuikpɔkpɔ me nenye be míewɔ vodadawo gɔ̃ hã. (Mixlẽ Psalmo 103:13, 14; Romatɔwo 7:21-25.) Míexɔe se be Yehowa aɖo ale si míeɖoe kplikpaa be míalé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la teƒe na mí.—Hiob 27:5.
Adzɔgbeɖeɖe Na Mawu Hea Dzidzɔ Vanɛ
16, 17. Nu ka tae adzɔgbeɖeɖe na Yehowa nana wokpɔa dzidzɔ ɖo?
16 Adzɔgbeɖeɖe na Yehowa hea dzidzɔ vanɛ, elabena elɔ ame ɖokui tsɔtsɔ na eyama ɖe eme. Yesu gblɔ nyateƒenya vevi sia be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Yesu se vivi le dzidzɔ si wokpɔna tso nunana me la me bliboe le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi. Ne ehiã la, etsɔa ɖiɖiɖeme, nuɖuɖu, kple nu siwo ade eya ŋutɔ dzi la saa vɔe bene wòate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woake ɖe agbemɔ la ŋu. (Yoh. 4:34) Edzɔa dzi na Yesu be yeado dzidzɔ na ye Fofo ƒe dzi. Yesu gblɔ be: “Mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.”—Yoh. 8:29; Lod. 27:11.
17 Eya ta mɔ aɖe si hea dzidzeme vanɛ ye Yesu fia eyomedzelawo esi wògblɔ be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ.” (Mat. 16:24) Esia wɔwɔ tea mí ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Ðe ame bubu aɖe gali si míatsɔ mía ɖokuiwo ana si alé be na mí lɔlɔ̃tɔe wu Yehowa?
18. Nu ka tae agbenɔnɔ ɖe adzɔgbe si míeɖe na Yehowa nu hea dzidzɔ geɖe vanɛ na mí wu mía ɖokuitsɔtsɔ na ame alo nu bubu aɖe?
18 Mía ɖokuiwo tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa kple agbenɔnɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu to eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me, hea dzidzɔ geɖe vanɛ na mí wu adzɔgbeɖeɖe na ame alo nu bubu ɖe sia ɖe. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe ŋutilãmenuwo didi vivivo me, evɔ womekpɔa dzidzɔ alo dzidzeme vavãtɔ o. Gake ame siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa ya kpɔa dzidzɔ mavɔ. (Mat. 6:24) Mɔnukpɔkpɔ si su wo si be wonye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” la nana wokpɔa dzidzɔ, ke hã menye dɔ aɖe wɔwɔe wotsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na o, ke boŋ mía Mawu si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu lae. (1 Kor. 3:9) Ame bubu aɖeke megali si aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ alea ŋu wui o. Ana esubɔla wɔnuteƒewo katã nagaɖo woƒe ɖekakpuiŋkekewo me bene woate ŋu ase vivi na eƒe beléname tegbee.—Hiob 33:25; mixlẽ Hebritɔwo 6:10.
19. Mɔnukpɔkpɔ kae sua ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa si?
19 Ðokuiwò tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa wɔnɛ be mia kplii dome va nɔna kplikplikpli. Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yak. 4:8; Ps. 25:14) Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be mía ɖokui tsɔtsɔ na Yehowa nye afɔɖeɖe nyuitɔ la me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu hafi Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo’ ava zu Mawu ƒe viwo. Gake esi wònye be wotsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Mawu ta la, woate ŋu ayɔ Mawu be “Fofo” wòasɔ, eye woate ŋu abu wo be wonye Yehowa subɔlawo ƒe ƒomea me tɔwo.—Yoh. 10:16; Yes. 64:8; Mat. 6:9; Nyaɖ. 20:5.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nu kae ame ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu fia?
• Aleke mía ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu ɖea vi na míi?
• Nu ka tae wòhiã be Kristotɔwo natsɔ wo ɖokuiwo aɖe adzɔgbe na Yehowa?
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Agbenɔnɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu hea dzidzɔ mavɔ vanɛ na mí