Fia Nu Viwòwo
Rebeka Lɔ̃ Faa Be Yeawɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
REBEKA nye ŋkɔ si bɔ le teƒe geɖe egbea. Ènya ame aɖe si woyɔna nenema?—a Rebeka nye ame vevi aɖe le Biblia, si nye agbalẽ si ame geɖe nya le xexea me wu la me. Nu kae nènya tso Rebeka ŋu?— Enyo be míasrɔ̃ nu tso Rebeka ŋu, elabena kpɔɖeŋu nyui si wòɖo la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa, Mawu vavã la.
Rebeka ye nye nyɔnu evelia si ŋu Biblia ƒo nu tso be enye Yehowa subɔla vavã. Ènya ame si nye nyɔnu mawusubɔla gbãtɔa?— Eyae nye Sara, Abraham srɔ̃. Sara dzi Isak, si nye eƒe tenuvi la, le eƒe nyagãkuku me. Azɔ na míakpɔ ale si Rebeka lɔ̃ faa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu kple ale si wòdzɔe be woa kple Isak wova do go la ɖa.
Ƒe 60 kple edzivɔwo va yi tso esime Yehowa ɖo Abraham kple Sara ɖe Haran, le Kanaan nyigba dzi. Esime Abraham kple Sara wotsi ŋutɔ la, Mawu do ŋugbe na wo be woadzi vi aɖe si woana ŋkɔe be Isak. Wò ŋutɔ àkpɔe ɖa xoxo be Isak dzilawo malɔ̃ nu le egbɔ kura o. Isak zu ame tsitsi hafi dadaa Sara ku le eƒe ƒe 127 xɔxɔ me, eye Isak xa nu vevie. Abraham medi be Isak naɖe Kanaan nyɔnu o, elabena womesubɔa Yehowa o. Eya ta edɔ eƒe subɔvi, si anya nye Eliezer, be wòaɖadi nyɔnu tso yeƒe ƒometɔwo dome le Haran, si didi tso afi ma abe kilometa 800 kple edzivɔwo ene la vae na Isak wòaɖe.—1 Mose 12:4, 5; 15:2; 17:17, 19; 23:1.
Mlɔeba la, Eliezer kple Abraham ƒe subɔvi bubuwo, siwo tsɔ nu siwo woana ŋugbetɔa ɖe kposɔ ewo dzi la, va ɖo Haran. Wova tɔ ɖe vudo aɖe to elabena Eliezer nya be amewo va dua tsi na woƒe lãwo kple ƒometɔwo le ɣetrɔ me. Azɔ Eliezer do gbe ɖa be ame si yeabia tsii, eye wòagblɔ be, “Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano la,” eyae yeatia na Isak.
Ènyaa, nu ma tututue dzɔ! Nyɔnu “dze tugbe” aɖe si ŋkɔe nye Rebeka lae nye ema va ɖo. Esi Eliezer bia tsii la, eɖo eŋu be: “Madui na wò kposɔwo hã.” Esi wònɔ du ƒum nɔ tsia dum le vudoa me nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm la, ewɔ nuku na Eliezer wònɔ “ekpɔm dũ.” Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Hafi kposɔ ewo nano tsi wòaɖi kɔ na wo la, ele be Rebeka nadu tsi lita 1,000 sɔŋ!
Eliezer tsɔ nunana nyui aɖewo na Rebeka, eye wòse hã be Abraham ƒe ƒometɔ Betuel ƒe vinyɔnue wònye. Rebeka lɔ̃ be Eliezer kple exɔlɔ̃awo ate ŋu ava ‘tsi yewoƒe aƒe me adɔ.’ Eye wòƒu du do ŋgɔ ɖagblɔ amedzro siwo Abraham dɔ tso Kanaan ke la ŋu nya na eƒe ƒomea.
Esi Rebeka nɔviŋutsu Laban kpɔ nunana xɔasi siwo wotsɔ na nɔvianyɔnua, eye wòse ame si Eliezer nye ŋu nya la, exɔe ɖe aƒea me. Gake Eliezer gblɔ be: “Nyemaɖu nu haɖe o, negbe ɖeko magblɔ nya, si mehe vɛ la hafi!” Ale wògblɔ nu si ta Abraham dɔe ɖa la na wo. Nya la dze Betuel kple srɔ̃a kpakple Laban siaa ŋu eye wolɔ̃ ɖe edzi.
Esi Eliezer kple etɔawo ɖu nu vɔ la, wotsi dɔ. Esi ŋu ke la, Eliezer gblɔ be: “Mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ!” Gake Rebeka dada kple nɔviaŋutsua di be woatsi yewo gbɔ “abe ŋkeke ewo ene.” Ke hã, esi wobia Rebeka be alɔ̃ ayi kpli wo enumake hã la, eɖo ŋu be: “Ɛ̃, mayi.” Enumake eyi kple Eliezer. Esi wova ɖo la, ezu Isak srɔ̃.—1 Mose 24:1-58, 67.
Ðe nèsusu be enɔ bɔbɔe na Rebeka be wòadzo le eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ ayi du didi aɖe me, esi wònyae be ɖewohĩ yemegale wo kpɔ ge gbeɖe oa?— Ao, menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Ke hã, woyra Rebeka ɖe ale si wòlɔ̃ faa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la ta. Eva zu Yesu Kristo, si nye mía Ðela la mama. Woayra míawo hã ne míelɔ̃na faa be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu abe ale si Rebeka wɔe ene.—Romatɔwo 9:7-10.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.
NYABIASEWO:
▪ Ame kae nye Rebeka, eye afi kae Eliezer do goe le?
▪ Nu ka tae Abraham medi be Isak naɖe Kanaan nyɔnu o?
▪ Aleke Rebeka ɖee fia be yeanye srɔ̃nyɔnu nyui?
▪ Nu kae míate ŋu awɔ be míanɔ abe Rebeka ene?
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
[Nɔnɔmetata si le axa 25]