INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/1 axa 26-28
  • Ale Si Nàwɔ Nu Ðe Towò Kple Lɔ̃xowò Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Nu Ðe Towò Kple Lɔ̃xowò Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwɔwɔ Kple Towò Kple Lɔ̃xowò
    Nyɔ!—2015
  • Ne Nuwo Meva Le Abe Ale Si Nèkpɔ Mɔe Ene O
    Nyɔ!—2014
  • Àte Ŋu Akpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta!
    Nyɔ!—2001
  • Ne Miaƒe Susu To Vovo
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/1 axa 26-28

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Ale Si Nàwɔ Nu Ðe Towò Kple Lɔ̃xowò Ŋu

Jennya gblɔ be: Mekpea ŋu na Ryan dada be wòagblɔ nam kã be nye nu medoa dzidzɔ na ye o. Nenema kee dzinyelawo hã wɔa nu ɖe Ryan ŋu. Le nyateƒe me la, nyemekpɔ wo wowɔ nu ɖe ame aɖeke ŋu bubumadeameŋutɔe alea kpɔ o! Mía dzilawo sasrãkpɔ va zu kuxi na mí ame evea siaa.

Ryan gblɔ be: Danye meka ɖe edzi be ame bubu aɖeke ate ŋu alé be na ye viwo nyuiwo o, eya ta edia vodada le Jenny ŋu tso esime míeɖe srɔ̃. Nenema kee wòle le Jenny dzilawo hã gome—woɖia gbɔm ɣesiaɣi. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, mía dometɔ ɖe sia ɖe dzea agbagba ɣesiaɣi be yeaʋli ye dzilawo ta, eye wòzua dzre ɖe mí ame evea dome.

FEFEWƆLAWO te ŋu zãa masɔmasɔ siwo doa mo ɖa le amewo kple wo towo kple lɔ̃xowo dome la tsɔ doa nukokoe na amewo zi geɖe, gake ne èle nɔnɔme sia me la, àkpɔe be menye nukokoenyae wònye kura o. Reena, si nye srɔ̃nyɔnu aɖe le India la gblɔ be: “Ƒe geɖewoe nye esia la, lɔ̃xonye nɔa nu dem míaƒe srɔ̃ɖenyawo me atraɖi. Zi geɖe la, meɖea dzikua ɖe srɔ̃nye ŋu, le esi nyemate ŋu ado nu ɖe nɔa gbɔ o ta. Edze abe ɣesiaɣi la, ele nɛ be wòawɔ tiatia le ale si wòawɔ nu wòadze ŋunye loo, alo wòadze dadaa ŋu la dome ene.”

Nu ka tae towo kple lɔ̃xowo dea nu wo viwo ƒe srɔ̃ɖenyawo me? Jenny si míeyɔ le ŋgɔdonyaa me la gblɔ susuawo dometɔ ɖeka. Egblɔ be: “Ðewohĩ esesẽna na wo be woaka ɖe edzi be ame aɖe si metsi hekpɔ nuteƒe abe yewo ene o la ate ŋu alé be na yewo viŋutsua alo yewo vinyɔnua.” Dilip, si nye Reena srɔ̃ hã gblɔ be: “Esi dzilawo nyi wo viwo hetsɔ nu geɖe sa vɔ ɖe wo ta ta la, wova sena le wo ɖokui me be wole yewo viawo xɔm le yewo si. Ate ŋu anɔ eme hã be wotsi dzi vevie be nuteƒekpɔkpɔ si hiã be srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze la mesu yewo viwo si haɖe o.”

Gake ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃tɔawo ŋutɔe biana be yewo towo kple lɔ̃xowo nade nu yewoƒe nyawo me. Le kpɔɖeŋu me, bu Michael kple Leanne siwo nye srɔ̃tɔ aɖewo le Australia la ŋu kpɔ. Michael gblɔ be: “Leanne tso ƒome aɖe si me tɔwo dome le kplikplikpli, eye woƒoa nu tsoa nu sia nu ŋu ɖekae la me. Eya ta le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, eyina ɖabiaa fofoa ƒe susu le nya siwo ŋu wòle be nye kplii míatso nya me le la ŋu. Nuteƒekpɔkpɔ geɖe le fofoa si ya, gake eveam be wòato ŋunye aɖanɔ fofoa ƒe nukpɔsusu biam!”

Edze ƒãa be kuxi siwo doa mo ɖa le ame kple srɔ̃a dzilawo dome ate ŋu agblẽ nu le eƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Ðe nu sia tɔgbi le dzɔdzɔm ɖe dziwòa? Alekee nèwɔa nu ɖe srɔ̃wò dzilawo ŋu, eye alekee eya hã wɔa nu ɖe dziwòlawo ŋu? Na míadzro kuxi eve aɖewo siwo ate ŋu ado mo ɖa kple ale si nàwɔ akpɔ wo gbɔe la me.

KUXI GBÃTƆ: Edze abe srɔ̃wò ku ɖe edzilawo ŋu akpa ene. Luis si nye srɔ̃ŋutsu aɖe le Spain la gblɔ be: “Srɔ̃nye se le eɖokui me be ne míenɔ afi si te ɖe edzilawo ŋu o la, ke yemewɔ nu ɖe wo ŋu nyuie o. Ke esi míedzi mía viŋutsuvia la, dzinyelawo va srãa mí kpɔ gbe sia gbe, eye esia tena ɖe srɔ̃nye dzi ŋutɔ. Esia hea nya ʋiʋliwo dea mía dome.”

Gɔmeɖosewo: Esi Biblia nɔ nu ƒom tso srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu la, egblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (1 Mose 2:24) Be woanye “ŋutilã ɖeka” lɔ nu geɖe ɖe eme wu be woanɔ anyi ɖekae. Nu si wòfia ŋutɔŋutɔe nye be srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃nyɔnua zu ƒome yeye si ŋu wòle be woalé fɔ ɖo wu ƒome siwo me wotso. (1 Korintotɔwo 11:3) Enye nyateƒe be ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nade bubu wo dzilawo ŋu, eye zi geɖe la, esia lɔa beléle na wo ɖe eme. (Efesotɔwo 6:2) Ke nu kae nàwɔ ne eva dzɔ be ale si srɔ̃wò kpɔa agbanɔamedzi sia gbɔe la na nèva le sesem le ɖokuiwò me be eŋlɔ ye be alo gblẽ ye ɖi?

Nu si nàte ŋu awɔ: Dze agbagba nàkpɔ ale si nuawo le ŋutɔŋutɔ. Nyateƒee wònye be srɔ̃wòa ku ɖe edzilawo ŋu akpaa, alo ɖewohĩ esi ƒomedodo kplikplikpli mele mia kple dziwòlawo ya dome o tae nèse le ɖokuiwò me nenema? Ne nenemae la, ɖe manye be ale si mia kple dziwòlawo dome le lae kpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèse nɔnɔmea gɔmee la dzi oa? Ðe wòanye be ŋuʋaʋã vi aɖee le mewòa?—Lododowo 14:30; 1 Korintotɔwo 13:4; Galatiatɔwo 5:26.

Ehiã ɖokuimedzodzro anukwaretɔe hafi ame nate ŋu aɖo biabia siawo ŋu nyuie. Gake ele vevie be nàwɔe nenema. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ne mia kple srɔ̃wò dzilawo dome masɔmasɔwo zua dzre mia kple srɔ̃wò mienɔa wɔwɔm la, ke miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋutɔ ŋue kuxi le, ke menye mia towo kple mia lɔ̃xowoe nye kuxia o.

Ale si srɔ̃tɔwo ƒe nukpɔsusu mewɔa ɖeka le nya aɖewo ŋu o la gbɔe srɔ̃ɖeɖe me kuxi geɖe tsona. Ðe nàte ŋu adze agbagba ase srɔ̃wòa ƒe nuŋububu gɔmea? (Filipitɔwo 2:4; 4:5) Nu mae Adrián, si nye srɔ̃ŋutsu aɖe le Mexico la wɔ. Egblɔ be: “Esi wònye wonyi srɔ̃nye le ƒome si me womewɔa nu ɖe ame ŋu nyui o me ta la, nyemetena ɖe edzilawo ŋu tututu o. Mlɔeba la, meva tso kadodo ɖe sia ɖe me kpli wo hena ƒe geɖe. Esia de masɔmasɔ mía kple srɔ̃nye dome, elabena eya gadi kokoko be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ ye kple ye dzilawo dome, vevietɔ dadaa.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Adrián va de ŋugble le nɔnɔmea ŋu nyuie wu. Egblɔ be: “Togbɔ be menya nyuie be srɔ̃nye ƒe tete ɖe edzilawo ŋu kplikplikpli mekpɔa ŋusẽ nyui aɖeke ɖe edzi o hã la, ne megbe be míagate ɖe wo ŋu kura o hã ate ŋu azu nya bubu. Eya ta mena mía kpli wo dome gava le nyuie ale si mate ŋui.”b

TE MƆNU SIA KPƆ: Mia kple srɔ̃wò miŋlɔ mia towo kple mia lɔ̃xowo ƒe nuwɔna siwo koŋ ɖea fu na mi la ɖe pepa dzi. Ne anyo la midze egɔme be: “Mesena le ɖokuinye me be . . .” Emegbe ame sia ame natsɔ eƒe pepaa na nɔvia. Azɔ midzro mɔ siwo dzi miato akpɔ nu si ŋu ame sia ame tsi dzi ɖo gbɔ la me ɖekae.

KUXI EVELIA: Dziwòlawo alo srɔ̃wò dzilawo nɔa nu dem miaƒe srɔ̃ɖenyawo me edziedzi be yewole aɖaŋu ɖom na mi. Nelya si nye srɔ̃nyɔnu aɖe le Kazakhstan la gblɔ be: “Srɔ̃nye ƒe ƒometɔwo gbɔe míenɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe adre gbãtɔawo me. Nyaʋiʋliwo ɖoa mía kpli wo dome edziedzi ku ɖe ale si míele mía viwo hemee, kple nu bubuwo abe nye nuɖaɖa kple aƒea me dzadzraɖo ŋuti nyawo ene ŋu. Meɖe nye seselelãmewo gblɔ na srɔ̃nye kple lɔ̃xonye, gake ɖeko nyaa gagblẽ ɖe edzi boŋ.”

Gɔmeɖosewo: Ne ènya ɖe srɔ̃ ko la, mègale dziwòlawo ƒe ŋusẽ te o. Biblia gblɔ be, “ŋutsu ƒe tae nye Kristo la; eye nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu,” alo srɔ̃a. (1 Korintotɔwo 11:3) Ke hã, abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, ele be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo nade bubu wo dzilawo ŋu. Le nyateƒe me la, Lododowo 23:22 gblɔ na mí be: “Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò, ne eku nyagã o!” Ke nu kae nàwɔ ne dziwòlawo alo srɔ̃wò dzilawo dea nu miaƒe nyawo me akpa hedina be yewoazi yewoƒe nukpɔsusuwo ɖe mia dzi?

Nu si nàte ŋu awɔ: Ameŋububutɔe la, dze agbagba nàse susu si ta wòdzena abe wodea nu miaƒe nyawo me akpa ene la gɔme. Ryan si ŋu míeƒo nu tso le ŋgɔdonyaa me la gblɔ be: “Le go aɖewo me la, ehiãna be dzilawo nase le wo ɖokui me be yewo viwo kpɔnɛ be yewogale vevie na yewo.” Ðewohĩ menye ɖee woɖonɛ koŋ nɔa nu dem miaƒe nyawo me o, eye zi geɖe la, miate ŋu akpɔ nya mawo gbɔ to wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si gbɔna la dzi me: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.” (Kolosetɔwo 3:13) Ke ne ale si mia dzilawo dea nu miaƒe nyawo me la hea masɔmasɔwo dea mia dome ya ɖe?

Srɔ̃tɔ aɖewo te ŋu ɖo seɖoƒe na afi si woaɖe mɔ wo dzilawo ade nu woƒe nyawo me ase ɖo. Esia mefia be miade se kpaɖii aɖewo na wo o.c Zi geɖe la, nu si hiã koe nye be miato miaƒe nuwɔnawo dzi aɖee afia be yewosrɔ̃ le vevi na yewo wu. Le kpɔɖeŋu me, Masayuki si nye srɔ̃ŋutsu aɖe le Japan la gblɔ be: “Ne mia dzilawo do woƒe susuwo ɖa hã la, migblɔ na wo be yewoade ŋugble le eŋu. Miɖo ŋku edzi be abe srɔ̃tɔwo ene la, miezu ƒome yeye. Eya ta midze agbagba mianya ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe se le eɖokui me ku ɖe aɖaŋuɖoɖoa ŋu gbã.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Dzro nu me kple srɔ̃wò ku ɖe ale si tututu mia dzilawo ƒe nudede miaƒe nyawo me le nu gblẽm le miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋui la ŋu. Miŋlɔ ale si miawɔ aɖo seɖoƒe na mia dzilawo ƒe nudede miaƒe nyawo me, evɔ manye bubumademade wo ŋu o la ɖi.

Àte ŋu ana masɔmasɔwo dzi naɖe kpɔtɔ ne èdzea agbagba dea dzesi nu si ʋãa dziwòlawo alo srɔ̃wò dzilawo wodea nu miaƒe nya me henya ale si màna woƒe nuwɔnaa nade dzre mia kple srɔ̃wò dome o. Jenny gblɔ tso esia ŋu be: “Ɣeaɖewoɣi la, dzeɖoɖo tso mía dzilawo ŋu hea dziku dea mía kple srɔ̃nye dome, eye edze ƒãa be nuƒoƒo tso mía dzilawo ƒe blibomademadewo ŋu ate ŋu agblẽ nu geɖe le mía ŋu. Mlɔeba la, míeva nya ale si míaganɔ nu ƒom tso mía dzilawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu wòazu dzre o, ke boŋ be míakpɔ nu si nye kuxia ŋutɔ la gbɔ. Esia wɔe be mía kple srɔ̃nye dome va le kplikplikpli wu.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

b Le nyateƒe me la, ne dzilawo wɔa nu gbegblẽ siwo nye ŋkubiãnya, vevietɔ ne wotsɔe ɖo dɔ dzimematrɔmatrɔe la, hadede kpli wo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie, si ta wòanyo be woaƒo asa na wo.​—1 Korintotɔwo 5:11.

c Le go aɖewo me la, ahiã be nàɖe nu me na dziwòlawo alo srɔ̃wò dzilawo. Ne eva hiã nenema la, wɔe le tufafa kple bubudede ame ŋu me.​—Lododowo 15:1; Efesotɔwo 4:2; Kolosetɔwo 3:12.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . . 

▪ Nɔnɔme nyui kawoe le tonye kple lɔ̃xonye si?

▪ Mɔ ka nue màte ŋu ade bubu dzinyelawo ŋu le, evɔ nyemaŋe adaba aƒu srɔ̃nye ƒe nuhiahiãwo dzi o?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe