Gilead Suku Ƒe Klass 127 Lia Nuwuwu
Woɖo Dutanyanyuigblɔlawo “Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke”
YESU de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woanye ɖasefowo “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Se sia le vevie na Yehowa Ðasefowo ŋutɔ.
Le ƒe 65 kple edzivɔ siwo va yi me la, dutanyanyuigblɔla siwo wona hehe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua la wɔ akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me le dukɔ siwo wu 200 me. Le Memleɖa, September 12, 2009 dzi la, gbeƒãɖela kpɔnuteƒe 56 bubuwo wu ɣleti atɔ̃ ƒe hehe sia xɔxɔ nu le Patterson, New York, U.S.A.
Nuŋububu Ƒe Ŋusẽ
Stephen Lett, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔ, eye wònye sukunuwuwɔnaa ƒe zimenɔla la, ƒo nu tso tanya si nye: “Wɔ Wò Nuŋububu Ŋutete Ŋu Dɔ Nyuie” Ŋu. Gbã la, exlɔ̃ nu sukunuwulaawo tso mɔ ene siwo nu mele be woazã woƒe nuŋububu ŋutete le o la ŋu. Mɔ siawo dometɔ etɔ̃e nye: (1) Mèganɔ eŋu bum be ŋutilãmenuwo kpɔa ame ta ɖaa o; (2) ƒo asa na agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo ŋu bubu; eye (3) mèganɔ dzimaɖi tsim fũu, anɔ nɔnɔme madeamedzi siwo ate ŋu ado mo ɖa la ŋu bum o. (Lododowo 18:11; Mateo 5:28; 6:34) Nuƒolaa gblɔ be ame siwo tsia dzimaɖi fũu la tsɔa etsɔ si va yi ƒe dzimaɖitsitsiwo kpena ɖe egbe tɔwo ŋu hegahea etsɔ si gbɔna hã tɔ ƒua edzi. Eɖe nu me be: “Agba dodo na ame ɖokui ye nye ema!” Ke enelia ya ɖe? Exlɔ̃ nu sukunuwulaawo be, negadzɔ be woava nɔ eŋu bum be nuwo de yewo dzi wu esime yewomenye dutanyanyuigblɔlawo o. Esia awɔe be womanɔ dzidzɔ kpɔm le teƒe siwo woɖo wo ɖo la o.
Azɔ Nɔviŋutsu Lett de dzi ƒo na wo be woazã woƒe nuŋububu ŋutetea le mɔ nyui ene bubu aɖewo nu. Egblɔ be: (1) Midze agbagba miakpɔ nu siwo ate ŋu ado afɔku mi le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa la adze sii, eye miaƒo asa na wo; (2) mikpɔ nu siwo miexlẽna le Biblia me la le susu me, eye miakpɔ mia ɖokuiwo le nɔnɔme siwo ŋu woku ɖo la me; (3) mibu ale si wòate ŋu adzɔ be ame sia ame si miaɖe gbeƒã na le miaƒe anyigbamamawo me la nava zu Yehowa subɔla la ŋu; eye (4) mitu veveseseɖeamenu ŋutete ɖo to mia ɖokuiwo tsɔtsɔ ɖo ame siwo mieɖea gbeƒã na la teƒe dzi.—Lododowo 22:3.
Hehenana Ame Bubuwo Ðea Vi
David Splane, si hã nye Dziɖuhaa me tɔ la ƒo nu tso tanya si nye “Tsɔ Nu Siawo De Asi Na Nuteƒewɔlawo,” si wotu ɖe 2 Timoteo 2:2 dzi la ŋu. Esi apostolo Paulo nɔ aɖaŋu ɖom na Timoteo be wòana hehe ŋutsu nuteƒewɔlawo la, menye nyateƒenyawo fiafia ŋutsu mawo ɖeɖe ko ŋu nya gblɔm wònɔ na Timoteo o, ke boŋ be wòade dzi ƒo na wo be woana hehe ame bubuwo hã. Nuƒolaa gblɔ na sukunuwulaawo be ŋutsu geɖe hiã hena ŋgɔxɔxɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me. Ɣekaɣie woana hehe ame siawo, eye aleke woawɔe? Nɔviŋutsu Splane de dzi ƒo na sukunuwulaawo be woana hehe ŋutsuwo tso esime wote Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo teti ko.
Aleke tututue dutanyanyuigblɔlawo ate ŋu ana hehe Biblia nusrɔ̃viwo be woava zu nuteƒewɔla kpɔɖeŋunyuiɖolawo? Nuƒolaa he susu yi mɔnu vovovowo dzi. Ele be dutanyanyuigblɔlawo nafia wo ale si woadzra ɖo ɖe Biblia nusɔsrɔ̃ si woava wɔ kpli wo la ŋu. Emegbe ne nusrɔ̃viawo va te hamea ƒe kpekpewo dede la, ele be woafia wo ale si woadzra ɖo ɖe nu siwo me woadzro le kpekpeawo me la ŋu do ŋgɔ. Nuƒolaa ɖe nu me be: “Ne nusrɔ̃via mate ŋu asrɔ̃ Biblia le eɖokui si o la, ekema mate ŋu asu te afia nu ame bubuwo hã gbeɖe o.” Nɔviŋutsu Splane gblɔ hã be, dutanyanyuigblɔlawo ate ŋu afia nusrɔ̃vi yeyewo ale si woanɔ game dzi, ale si woado alɔ gbeƒãɖeɖedɔa to woƒe nudzɔdzɔwo dzi, kple ale si woaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm fifiae. Egblɔ be mɔ nyuitɔ si dzi woato afia nu siawoe nye be woa ŋutɔwo woanye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo.
Mɔnukpɔkpɔ Si Wònye Be Woanye Ðasefowo
Guy Pierce, si hã nye Dziɖuhaa me tɔ ƒo nu tso tanya si nye “Mianye Nye Ðasefowo,” si wotu ɖe Yesu ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 1:8 dzi la ŋu. Eɖo ŋku edzi na sukunuwulaawo be Israel dukɔa bu mɔnukpɔkpɔ si su wo si wonye ɖasefowo na Yehowa la le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Wotsɔ mɔnukpɔkpɔ ma na dukɔ si tsea Fiaɖuƒea ƒe kuwo. (Mateo 21:43) Kristotɔ amesiaminawo ƒe hameae nye dukɔ ma. Nuƒolaa yɔ apostolo Petro ƒe nya siwo nye be Kristotɔ amesiaminawo ƒe “dukɔ kɔkɔe” la ‘aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo.’ (1 Petro 2:6-9) Eya ta menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be Kristotɔwo aɖi ɖase tso ye ɖeɖe ko ŋu, eye be womaganye Yehowa ƒe ɖasefowo azɔ o. Woyɔ Yesu ŋutɔ kura gɔ̃ hã be “Ðasefo Nyateƒetɔ.” (Nyaɖeɖefia 1:5; 3:14) Eyae nye Yehowa ƒe Ðasefo gãtɔ si ƒe kpɔɖeŋu yome wòle be míadze.—1 Petro 2:21.
Nuƒolaa gblɔ na sukunuwulaawo be Yesu ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 1:8 la gale vevie egbea wu. Nu ka tae? Nyagblɔɖi vevi aɖe si le Nyaɖeɖefia 11:15 va eme! Woɖo Mawu ƒe Mesiafiaɖuƒea anyi. Gbeƒãɖeɖedɔa le “anyigba ƒe seƒe ke” ɖom egbea le mɔ ŋutɔŋutɔ nu. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Nɔviŋutsu Pierce te gbe ɖe edzi na dutanyanyuigblɔlaawo be ele be woaɖi ɖase tso Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu, ke menye tso woawo ŋutɔwo, alo agbe si ƒomevi wonɔ tsã, alo woƒe dekɔnu kple dukɔ si me wotso la ŋu o. Ede dzi ƒo na sukunuwulaawo be woafia nu “ame geɖewo ale si woate ŋui le ɣeyiɣi si susɔ la me.”
Ðoɖowɔɖia Ƒe Akpa Vevi Bubuwo
Alex Reinmueller, si kpena ɖe Agbalẽtakɔmitia ŋu la, ƒo nu tso tanya si nye “Yehowa Ana Dzideƒo Mi” ŋu. Egblɔ na dutanyanyuigblɔlaawo be ne woɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu la, akpe ɖe wo ŋu woade dzesi woƒe ŋutetewo, alɔ̃ ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, aɖu vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe si anɔ wo me la dzi ahasubɔ Mawu le mɔ nyuitɔ kekeake nu.
Sam Roberson kple William Samuelson, siwo nye nufialawo le Teokrasi Sukuwo Ƒe Dɔdzikpɔƒea la hã ƒo nu. Nɔviŋutsu Roberson ƒo nu tso nyati si nye “Meli Kpli Wò,” si wotu ɖe Yesaya 41:10 dzi la ŋu. Egblɔ na dutanyanyuigblɔlaawo be wole dzidzɔ geɖe kpɔ ge. Gake woado go kuxiwo hã. Woate ŋu anɔ te ɖe wo nu ne wosrɔ̃ Fia David, si do ɣli yɔ Fofoa lɔlɔ̃a le gbedodoɖa me la ƒe kpɔɖeŋu. (Psalmo 34:5, 7, 18, 20) Nɔviŋutsu Samuelson ƒe nuƒoa te gbe ɖe edzi be ele be woayi edzi anɔ tamebubu ŋutete tum ɖo. Dutanyanyuigblɔla siwo wɔnɛ nenema la ƒoa asa na nu si mesɔ o la wɔwɔ ne amewo mewɔ nu ɖe wo ŋu nyui o, eye womedoa dziku kabakaba o.—Lododowo 2:10, 11.
Jim Mantz, si kpena ɖe Nuŋɔŋlɔkɔmitia ŋu la bia gbe Alɔdzekɔmiti me tɔ eve siwo tso Republic of Georgia kple Honduras, kpakple Alɔdzekɔmiti Teƒenɔla aɖe si tso Republic of Tajikistan. Nɔviŋutsu kpɔnuteƒe siawo ɖo aɖaŋu na dutanyanyuigblɔlaawo tso ale si woadze xɔ̃ tsitretsiɖeŋulawo to ale si woayi edzi atsɔ “nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum” la ŋu. (Romatɔwo 12:21) Mark Noumair, si hã nye Gilead nufiala la, bia gbe sukunuwulaawo wogblɔ nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo siwo su wo si le Gilead sukudeɣia. Akpa sia ƒe tanya si wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔe nye “Kpekpeɖeŋu Kae Mana?”
Wɔnaawo ƒe zimenɔlaa yɔ nyawo tso yevugbe me hadzigbalẽ yeyea ƒe hadzidzi si ƒe tanyae nye, “Kpɔ Ðokuiwò Le Nuɖoanyi Yeyea Me” la me tsɔ ƒo wɔnaawo tae. Ame 6,509 siwo katã va wɔnaa teƒe la trɔ dzo kple tameɖoɖo kplikpaa be yewoayi edzi aɖi ɖase tso Yehowa kple Via ŋu “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”
[Nyaɖoɖo/Anyigbatata si le axa 31]
SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO
8 dukɔ siwo me wotso
56 woƒe xexlẽme
28 wonye atsu kple asi
33.6 ƒe si woxɔ, le mama dedie nu
18.3 ƒe si wotsɔ le nyateƒea me, le mama dedie nu
13.6 ƒe si wotsɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, le mama dedie nu
[Anyigbatata]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Woɖo sukunuwulaawo ɖe dukɔ 22 siwo le ete me
DUKƆ SIWO ME WOÐO WO ÐO
JAMAICA
HAITI
NICARAGUA
COSTA RICA
PANAMA
CURAÇAO
GUYANA
PERU
BOLIVIA
PARAGUAY
CHILE
MOLDOVA
SERBIA
ALBANIA
CÔTE D’IVOIRE
CONGO, DEM. REP.
UGANDA
BURUNDI
TANZANIA
MOZAMBIQUE
NEPAL
CAMBODIA
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 127 Lia Nuwulawo
Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.
(1) Marshall, T.; Prudent, L.; Mashburn, A.; Rosenström, S.; Testa, A.; Takeyama, M.; Sisk, M.
(2) Grooms, K.; Miura, S.; Camacho, M.; Rozas, S.; Burch, M.; Meza, I.; Young, G.; Geraghty, S.
(3) Bonilla, C.; Knaller, D.; Parrales, R.; Hotti, S.; Takada, A.; Tournade, M.; Sopel, C.
(4) Miura, Y.; Parrales, K.; Prudent, K.; Colburn, S.; Willis, L.; Vääränen, A.; Sisk, B.; Takada, R.
(5) Grooms, J.; Vääränen, M.; Geraghty, B.; Stackhouse, R.; Wilson, A.; Bonell, E.; Camacho, D.; Meza, R.; Bonell, M.
(6) Takeyama, S.; Testa, G.; Colburn, T.; Mashburn, C.; Willis, W.; Tournade, L.; Burch, J.; Stackhouse, J.
(7) Wilson, J.; Young, J.; Marshall, E.; Rozas, M.; Knaller, J.; Hotti, N.; Rosenström, A.; Sopel, J.; Bonilla, O.