INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/15 axa 30-32
  • Dɔwɔnu Si Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Woaɖo Ŋku Wo Wɔla Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔwɔnu Si Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Woaɖo Ŋku Wo Wɔla Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Enyo Na Ƒome Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ
  • Eʋua Dzeɖoɖo Ƒe Mɔnu Ði
  • Ðo Eƒe Dzi Gbɔ!
  • Ƒometadedeagu Ele Vevie Na Agbetsitsi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Nyemegadi Be Madae Ði O!”
    Nyɔ!—2011
  • Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Domenyinu Xɔasi La Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Afi Si Sɔhɛwo Ate Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Le
    Nyɔ!—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/15 axa 30-32

Dɔwɔnu Si Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Woaɖo Ŋku Wo Wɔla Dzi

NUNYALA Salomo ŋlɔ ƒe 3,000 aɖewoe nye esi va yi be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” (Nyagb. 12:1) Fifia dɔwɔnu bubu aɖe gava le Kristotɔ sɔhɛwo si si akpe ɖe wo ŋu woawɔ esia. Woɖe Sɔhɛwo Biana Be, Babla 2 lia (Questions Young People Ask—Answers That Work, Volume 2, [Les jeunes s’interrogent - Réponses pratiques, Volume 2]), ɖe go le “Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Fiaa Mɔ Mí” Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le xexea me godoo, tso May 2008 va se ɖe January 2009, la me.

Lɛta aɖe si tso Dziɖuha la gbɔ na sɔhɛwo la le agbalẽa ƒe ŋgɔgbekpaa godo. Eƒe akpa aɖe gblɔ be: “Enye míaƒe gbedodoɖa vevie be agbalẽ sia me nyawo akpe ɖe mia ŋu mianɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu kple tetekpɔ siwo dzea ŋgɔ sɔhɛwo egbea la nu, eye woafia mi ale si miawɔ nyametsotso siwo awɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.”

Esɔ be dzilawo dina be yewoahe yewo viwo le “Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) Gake ne ɖeviwo nya ge ɖe woƒe ƒewuiwo me ko la, womegava kana ɖe wo ɖokuiwo dzi o, eye wodina vevie be woafia mɔ yewo. Ne viwò aɖe nye ƒewuivi la, alekee nàte ŋu akpe ɖe eŋu be agbalẽ sia naɖe vi nɛ ŋutɔŋutɔ? Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esiwo gbɔna.

▪ Agbalẽ sia nenɔ wò ŋutɔ asiwò eye nànya emenyawo nyuie. Esia lɔ nu geɖe ɖe eme wu exexlẽ ko. Dze agbagba nàde dzesi mɔ si nu wogblɔ nyaawo ɖoe la hã. Menye ɖeko agbalẽa gblɔa nu si nyo kple nu si menyo o la na sɔhɛwo o, ke enaa hehe woƒe “nugɔmesese ƒe ŋutetewo” hã. (Heb. 5:14) Enaa aɖaŋuɖoɖo nyuiwo wo ku ɖe ale si woawɔ atso nya me be yewoawɔ nu si le eteƒe la hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Ta 15 lia (“Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu?”) fia nu ŋutɔŋutɔ siwo sɔhɛwo awɔ atsɔ anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenuwo nu la wo. Efia ale si woazã Biblia me gɔmeɖosewo atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔ kple ale si tututu woawɔ nu le nɔnɔme siwo wodoa goe me bene ‘woate ŋu aɖo nya ŋu na ame sia ame’ la wo.—Kol. 4:6.

▪ Wɔ agbalẽa ƒe akpa siwo le dzeɖoɖo kple ame ƒe nɔnɔme me la ŋu dɔ. Togbɔ be sɔhɛwo koŋ ye wotrɔ asi le agbalẽa ƒe akpa siawo ŋu na hã la, ɖe manyo be nàŋlɔ nu ɖe wò agbalẽa me le afi siwo wòasɔ le oa?a Le kpɔɖeŋu me, ne èle nyabiase siwo ku ɖe gbeɖoɖoɖi ŋu, siwo le axa 16 lia me dzrom la, dze agbagba nàɖo ŋku ale si nèse le ɖokuiwò me esi nènɔ abe viwòa ene la dzi. Ðewohĩ àdi be yeaŋlɔ ale si nàɖo nyaawo ŋui ɣemaɣi la ɖe teƒe siwo wogblẽ ɖi be ame ŋutɔ naŋlɔ nu ɖo la. Eyome àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Alekee nye nukpɔsusu le nya sia ŋu trɔ esi ƒeawo va nɔ yiyim? Tso nye ƒewuiwo me va de asi na fifia la, nugɔmesese deto kae va su asinye, eye alekee mawɔ be nugɔmesese sia nasu vinyea si?’

▪ Mèganɔ ŋku kem ɖe nu siwo viwòa ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽa me la me o. Wotrɔ asi le agbalẽa ƒe akpa siwo le dzeɖoɖo kple ame ƒe nɔnɔme me la ŋu be wòana viwòa naŋlɔ nu si wòawɔ le nɔnɔme aɖe me la ɖi alo ade ŋugble tso nu si wòawɔ la ŋu. Wò taɖodzinue nye be nànya nu si le eƒe dzi me, ke menye nu si wòŋlɔ ɖe eƒe agbalẽa me o. Agbalẽa gblɔ le nyati si nye “Na Dzilawo,” si le axa 3 lia, me be: “Be nàde dzi ƒo na viwò ƒewuiviwo be woato nyateƒe le nu siwo woŋlɔna ɖe woƒe agbalẽa me la me la, mèganɔ didim kokoko be yeanya nu si woŋlɔ ɖi o. Ðewohĩ woawo ŋutɔwo ava lɔ̃ faa aƒo nu tso nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu na wò emegbe.”

Enyo Na Ƒome Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ

Sɔhɛwo Biana Be, Babla 2 lia sia nye dɔwɔnu nyui aɖe si dzilawo ate ŋu azã le Ƒometadedeagu me. Esi wònye be nyabiasewo mele eƒe memamawo ŋu o ta la, alekee nàte ŋu awɔ eŋu dɔe? Àte ŋu atrɔ asi le ale si miawɔ nusɔsrɔ̃ae la ŋu le mɔ si nèkpɔ be aɖe vi na viwòwo wu nu.

Le kpɔɖeŋu me, ƒome aɖewo adi be yewoawɔ wɔwɔfiawo atsɔ adzro tanya si nye “Dzadzraɖo Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu,” si le axa 132 kple 133 la, me. Nyabiase gbãtɔa ate ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòagblɔ nyaƒoɖeamenu si wòkpɔ be eɖea fu na ye wu la. Nyabiase evelia ana wòagblɔ afi si nyaƒoɖeamenu ma ate ŋu ado mo ɖa le bɔbɔe. Esi agbalẽa dzro nu si ate ŋu ado tso eme na ame ne ena ta le nyaƒoɖeamenu me loo alo nɔ te ɖe enu me vɔ la, ebia tso viwòa si be wòade ŋugble le nya siwo wòagblɔ na amea abe ɖe wòle lɔlɔ̃m ɖe nyaƒoɖeamenua dzi ene, alo atsɔ atsi nyaƒoɖeamenua nu, alo kura gɔ̃ hã atsɔ atrɔ nyaƒoɖeamenua na amea ŋutɔ aɖaŋutɔe. Kpe ɖe viwòa ŋu eya ŋutɔ nabu tame ahadzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo siwo ŋu dɔ wòkpɔ be yeate ŋu awɔ bɔbɔe wu, siwo wòate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi vɔvɔ̃manɔmee, la ŋu.—Ps. 119:46.

Eʋua Dzeɖoɖo Ƒe Mɔnu Ði

Sɔhɛwo Biana Be, Babla 2 lia dea dzi ƒo na sɔhɛwo be woaɖo dze kple wo dzilawo. Le kpɔɖeŋu me, aɖaka siwo ƒe tanyawoe nye “Alekee Mawɔ Mía Kple Papa Alo Dada Míaɖo Dze Tso Gbɔdɔnyawo Ŋu?” (axa 63 kple 64), kple “Ƒo Nu Tso Eŋu Na Dziwòlawo!” (axa 189) la ɖo aɖaŋu nyui aɖewo le ale si nàdze dzeɖoɖo gɔme kple dziwòlawo ku ɖe nya siwo gbɔgblɔ sesẽna na wò ŋu la ŋu. Nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 13 la ŋlɔ bena, “Agbalẽ sia na dzi ɖo ƒonye be maɖo dze kple dzinyelawo ku ɖe nu siwo le susu me nam kple nu siwo mewɔ va yi la gɔ̃ hã ŋu.”

Agbalẽa dea dzeɖoɖo ƒe dzi ƒo le mɔ bubuwo hã nu. Le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, aɖaka aɖe li si ƒe tanyae nye “Nu Kae Nèsusu?” Menye numetotoɖaka koe wònye o, ƒomea ate ŋu azã nyabiase siwo le eme atsɔ awɔ numedzodzroe. Le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu lɔƒo la, aɖaka aɖe hã li si ƒe tanyae nye “Ale Si Mawɔ Eŋu Dɔe!” Aɖaka sia na mɔnukpɔkpɔ sɔhɛwo be woaŋlɔ mɔ ŋutɔŋutɔ siwo nu woate ŋu awɔ nu siwo wosrɔ̃ le ta ma me ŋu dɔ le la ɖi. Nya mamlɛtɔ si le aɖaka ma mee nye: “Nya si madi be mabia dzinyela(wo) tso nyati sia ŋue nye . . . ” Ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woadi aɖaŋuɖoɖo nyuiwo tso wo dzilawo gbɔ.

Ðo Eƒe Dzi Gbɔ!

Abe dzila ene la, wò taɖodzinue nye be nàɖo viwòa ƒe dzi gbɔ. Sɔhɛwo Biana Be, Babla 2 lia sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Bu ale si vifofo aɖe to agbalẽ sia dzi na vianyɔnuvi te ŋu va le dze ɖom kplii tso dzi me faa la ŋu kpɔ.

Vifofo sia gblɔ be: “Teƒe nyui aɖewo li siwo mía kple Rebekah míedina be míazɔ, ado gasɔ, alo aku ʋu ayi. Mekpɔe be tsaɖiɖi siawo nana wònɔa bɔbɔe nɛ be wòaɖe eƒe dzimenyawo agblɔ.

“Agbalẽa ƒe akpa si me mía kple vinyea míedzro gbã lae nye lɛta si tso Dziɖuha la gbɔ kple tanya si nye ‘Na Dzilawo.’ Mena vinyea nya be abe ale si wogblɔe le axa 3 lia ene la, ate ŋu aŋlɔ nya sia nya si wòdi la ɖe eƒe agbalẽa me faa. Nyematee kpɔ be maxlẽ nu siwo wòŋlɔ ɖe eƒe agbalẽa me o.

“Meɖe mɔ na Rebekah be wòatia ta siwo me wòadi be míadzro ahatso nya me le ɖoɖo si nu wòadi be míadzro wo me le la ŋu. Ta gbãtɔ siwo wòtia la dometɔ ɖekae nye ‘Ðe Wònyo Be Manɔ Elektronikfefewo Fema?’ Nyemebui kpɔ be atia tanya ma hafi o! Ke hã, susu aɖe nɔ esi si tae wòtiae ɖo. Exɔlɔ̃wo dometɔ geɖe nɔ gome kpɔm le elektronikfefe dziŋɔ aɖe me. Nyemenya kura be ŋutasẽnuwo wɔwɔ kple nya ƒaƒãwo nɔa eme nenema gbegbe o! Gake ehe nya siawo katã ɖe go esi míenɔ aɖaka si ƒe tanyae nye ‘Ale Si Mawɔ Eŋu Dɔe!’ si le axa 251 la me dzrom. Aɖaka ma gakpe ɖe Rebekah ŋu wòdzra ɖo ɖe nya si wòagblɔ ne ame aɖe dze agbagba be yeaƒo nya ɖe enu wòakpɔ gome le fefe ma me la ŋu.

“Fifia Rebekah gblɔa nya sia nya si wòŋlɔ ɖe eƒe agbalẽa me la nam. Míeɖoa dze geɖe ŋutɔ le nua srɔ̃ɣi. Míexlẽa memamaawo ɖe mía nɔewo yome, eye edina be yeaƒo nu tso nu sia nu ŋu, edina be yeaƒo nu tso fotoawo kple aɖakawo me nyawo hã ŋu. Esia naa mɔnukpɔkpɔm megblɔa ale si nuwo nɔ nam esi menɔ abe eya ene la nɛ, eye eya hã gblɔa ale si nuwo le edzi yimee egbea la nam. Edina be yeagblɔ nya sia nya nam!”

Ne dzilae nènye la, ɖikeke mele eme o be dzi dzɔ wò ŋutɔ esi woɖe agbalẽ sia ɖe go. Fifia mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàwɔ eŋu dɔ nyuie. Dziɖuha la le mɔ kpɔm be agbalẽ sia si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, Volume 2 la anye yayra na wò ƒomea. Neva eme be wòakpe ɖe ame sia ame—vevietɔ míaƒe sɔhɛ siwo gbɔ míelɔ̃a nu le o la dometɔ ɖe sia ɖe—ŋu be ‘wòayi edzi anɔ zɔzɔm le gbɔgbɔ kɔkɔe la me.’—Gal. 5:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Agbalẽa ƒe akpa siwo le dzeɖoɖo kple ame ƒe nɔnɔme me la ate ŋu aɖe vi na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Le kpɔɖeŋu me, aɖaka si ƒe tanyae nye “Ðu Wò Dziku Dzi” (axa 221) ate ŋu aɖe vi na wò abe ale si ko wòaɖe vi na viwòa hãe ene. Nenema kee wòle le aɖaka siwo nye “Dzadzraɖo Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu” (axa 132-133), “Nye Ɣleti Sia Ɣleti Ƒe Gazazã Ŋuti Ðoɖo” (axa 163), kple “Nye Taɖodzinuwo” (axa 314) hã gome.

[Aɖaka si le axa 30]

Nya Si Sɔhɛ Aɖewo Le Gbɔgblɔm Tso Eŋu

“Agbalẽ sia tɔgbi ŋue wòle be ame nanɔ anyi ɖo atsɔ nuŋlɔti ɖe eŋu, axlẽe ahade ŋugble le eŋu. Ale si wotrɔ asi le eŋu be ame naŋlɔ eya ŋutɔ ƒe nyawo ɖe eme la nana be ame yia ŋugble me kple susu be yeanya ale si yeanɔ agbe le mɔ nyuitɔ kekeake nu.”—Nicola.

“Ame geɖe, siwo dome ame siwo susu be yewole nyui dim nam hã le la, ƒonɛ ɖe nunye be maƒo ɖokuinye ɖe gbeɖoɖoɖi me. Agbalẽ sia ƒe akpa gbãtɔ na meva ka ɖe edzi be nya ka kee ame aɖe ɖagblɔ o, nyemesu te na gbeɖoɖoɖi haɖe o.”—Katrina.

“Aɖaka si ƒe tanyae nye ‘Èle Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu Buma?’ kpe ɖe ŋunye meva ɖoe kplikpaa wu tsã be maxɔ nyɔnyrɔ. Ekpe ɖe ŋunye megagbugbɔ lé ŋku ɖe ale si mesrɔ̃a nui kple ale si medoa gbe ɖae la ŋu.”—Ashley.

“Togbɔ be dzinyela Kristotɔwoe fia num tso keke nye ɖevime ke hã la, agbalẽ sia na mebu afɔ siwo wòle be nye ŋutɔ maɖe le agbe me la ŋu. Ekpe ɖe ŋunye hã be metea ŋu ɖoa dze kple dzinyelawo faa.”—Zamira.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dzilawo, midze agbagba mianya agbalẽ sia me nyawo nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Ðoe wò taɖodzinu be nàɖo viwòa ƒe dzi gbɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe