INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 3/15 axa 3-6
  • Ale Si Nàwɔ Adze Mawu Ŋu Ne Nɔnɔmeawo Trɔ Gɔ̃ Hã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Adze Mawu Ŋu Ne Nɔnɔmeawo Trɔ Gɔ̃ Hã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Ðokuibɔbɔ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò
  • Afi Si Ame Ƒe Ŋutete Se Ðo Nyanya Ƒe Vevienyenye
  • Tufafa Kpena Ðe Mía Ŋu Nukpɔsusu Nyui Nɔa Mía Si
  • Dze Agbagba Nàsrɔ̃ Tufafa, Eye Wò Nu Adze Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Yonatan​—“‘Mawue Wòwɔ Dɔ Kple’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Yonatan, David Xɔlɔ̃ Nuteƒewɔla Si Mevɔ̃na O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Yi Edzi Nàfa Tu Ne Wodo Dziku Na Wò
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 3/15 axa 3-6

Ale Si Nàwɔ Adze Mawu Ŋu Ne Nɔnɔmeawo Trɔ Gɔ̃ Hã

ÐE TƆTRƆ vovovowo le wò agbe me vama? Ðe wòle sesẽm na wò be nàtrɔ ɖe wo ŋua? Aleae nɔnɔmea le le mía dometɔ akpa gãtɔ gome, alo ɖewohĩ aleae wòava nɔ na mí le etsɔme. Nu siwo me ame aɖewo to le blema la me dzodzro ana míade dzesi nɔnɔme nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, bu David kple tɔtrɔ geɖe siwo wòkpe akɔ kple le eƒe agbe me ŋu kpɔ. Alẽkplɔvi dzro koe wònye esi Samuel si ami nɛ be wòava zu fia le ɣeyiɣi aɖe megbe. Esi wògakpɔtɔ nye ɖekakpui ko la, etsɔ eɖokui na be yeawɔ aʋa kple Filistitɔ ame dzɔtsu Goliat. (1 Sam. 17:26-32, 42) Wokpe David ɖekakpui la be wòava nɔ Fia Saul ƒe fiasã me, eye wòtsɔe ɖo eƒe aʋakɔa nu. Anɔ eme be David mesusui kpɔ be tɔtrɔ mawo gbegbe ava yeƒe agbe me o; eye nu siwo ava dzɔ ɖe eyome la hã manya va susu me nɛ o.

David kple Saul dome va gblẽ kura. (1 Sam. 18:8, 9; 19:9, 10) Esia na wòva hiã be David nazu sisila hena ƒe geɖe bene wòakpɔ eƒe agbe ta. Esi wònɔ dzi ɖum abe Israel fia ene gɔ̃ hã la, nuwo va trɔ bubui kura le eƒe agbe me, vevietɔ esi wòwɔ ahasi eye le agbagbadzedze be yeatsyɔ nu edzi me la, wòva wu ame. Le eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta la, nu geɖe gblẽ le eƒe ƒomea ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, David vi Absalom dze aglã ɖe eŋu. (2 Sam. 12:10-12; 15:1-14) Togbɔ be nuwo va yi alea hã la, esi David trɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃ siwo nye ahasiwɔwɔ kple amewuwua me la, Yehowa tsɔe kee, eye Mawu gakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu abe tsã ene.

Ate ŋu adzɔ be wò hã wò nɔnɔmewo natrɔ. Ate ŋu adzɔ be lãmesẽkuxiwo, gakuxiwo, ƒomekuxiwo, alo míawo ŋutɔwo ƒe afɔɖeɖewo gɔ̃ hã nana nuwo natrɔ le míaƒe agbe me. Nɔnɔme nyui kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi nyuie wu be míate ŋu akpe akɔ kple kuxi siawo?

Ale Si Ðokuibɔbɔ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Ðokuibɔbɔ nye nɔnɔme vevi aɖe. Ðokuibɔbɔ vavãtɔ kpena ɖe mía ŋu míebua mía ɖokui ŋu wu ale si dze o, eye enana míelɔ̃na ɖe ŋutete siwo le ame bubuwo si la dzi. Ne míeŋea aɖaba ƒua nɔnɔme nyui kple ŋutete siwo le ame bubuwo si dzi o la, ana míade asixɔxɔ ame si ƒomevi wonye kple nu siwo wotea ŋu wɔna la ŋu geɖe wu. Nenema ke ɖokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu míase nu si tae nane dzɔ ɖe mía dzi ɖo la gɔme ahanya ale si míawɔ anɔ te ɖe enu.

Ame si ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi ye nye Saul vi Yonatan. Nɔnɔme aɖewo siwo ŋu mate ŋu awɔ naneke le o la na nuwo trɔ le eƒe agbe me. Esi Samuel gblɔ na Saul be Yehowa axɔ fiaɖuƒea le esi la, megblɔ be Yonatan ye ava zu fia ɖe eteƒe o. (1 Sam. 15:28; 16:1, 12, 13) Esi wònye be Mawu tia David be wòava ɖu fia ɖe Israel dzi ɖe Saul yome ta la, esia fia be Yonatan mate ŋu azu fia o. Le mɔ aɖe nu la, Saul ƒe tomaɖomaɖoa gblẽ nu le Yonatan ŋu. Togbɔ be menye Yonatan gbɔe vodadaa tso o hã la, manyi fofoa dome ahaɖu fia ɖe eteƒe o. (1 Sam. 20:30, 31) Aleke Yonatan wɔ nu le nɔnɔme sia me? Ðe wòlé David ɖe dɔ me le mɔnukpɔkpɔ ma si to eŋu la ta heva nɔ ŋu ʋãmeea? Ao. Togbɔ be Yonatan tsi wu David sãsãsã eye wòkpɔ nuteƒe wui hã la, ede David dzi nuteƒewɔwɔtɔe. (1 Sam. 23:16-18) Ðokuibɔbɔ kpe ɖe eŋu wòkpɔe dze sii be David dzie Mawu ƒe yayra nɔ, eye ‘mebu eɖokui ŋu wu ale si dze o.’ (Rom. 12:3) Yonatan se nu si Yehowa di tso esi la gɔme eye eye wòlɔ̃ ɖe nyametsotso si Yehowa wɔ le nya sia me dzi.

Nyateƒee, zi geɖe la, ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me la, míetoa nɔnɔme sesẽwo me. Ɣeaɖeɣi le Yonatan ƒe agbe me la, eva hiã be wòawɔ nu kple ŋutsu eve aɖewo siwo wòlɔ̃ vevie. Wo dometɔ ɖekae nye xɔlɔ̃a, David, si Yehowa tia be wòava zu Israel fia. Evelia ye nye fofoa, Saul, ame si Yehowa gbe, evɔ wògakpɔtɔ nɔ fia ɖum la. Nuwo manya nɔ bɔbɔe na Yonatan le nɔnɔme sia me o, gake enɔ agbagba dzem be yeadze Yehowa ŋu. Nɔnɔme siwo me wòahiã be míato le agbe me la ate ŋu ana míatsi dzimaɖi alo anɔ vɔvɔ̃m gɔ̃ hã. Gake ne míedzea agbagba be míase Yehowa ƒe nukpɔsusu gɔme la, míate ŋu ayi edzi anɔ esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be nuwo anɔ tɔtrɔm le míaƒe agbe me hã.

Afi Si Ame Ƒe Ŋutete Se Ðo Nyanya Ƒe Vevienyenye

Ele vevie be ame nanya afi si eƒe ŋutete se ɖo. Ele be míade dzesi vovototo si le nɔnɔme nyui sia kpakple ɖokuibɔbɔ dome. Ate ŋu adzɔ be ɖokuibɔbɔla made dzesi afi si eƒe ŋutete se ɖo la nyuie o.

David nya afi si eƒe ŋutete se ɖo. Togbɔ be Yehowa tiae be wòanye fia hã la, ƒe geɖewo va yi evɔ fiaɖuƒea mesu David si o. Biblia megblɔ be David xɔ numekɔkɔ tso Yehowa gbɔ ku ɖe susu si tae wòdze abe nuwo tsi megbe nenema gbegbe ɖo ene la ŋu o. Ke hã, togbɔ be adze abe nɔnɔme sia ate ɖe edzi hã la, meɖe fu nɛ o. Enya afi si eƒe ŋutete se ɖo nyuie, eye wònya be Yehowa, ame si nɔ mɔ ɖem ɖe nɔnɔmea ŋu la, akpɔ nyaa gbɔ le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Eya ta David mete kpɔ be yeawu Saul atsɔ aɖe yeƒe agbe le esi me gɔ̃ hã o, eye meɖe mɔ na eƒe zɔhɛ Abisai be wòawui o.—1 Sam. 26:6-9.

Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme aɖewo ate ŋu ado mo ɖa le míaƒe hamea me si gɔme míase tututu o, alo wòawɔ na míawo ya be womele nuwo gbɔ kpɔm le mɔ nyuitɔ alo ɖoɖo nyuitɔ nu o. Abe ame siwo nya afi si woƒe ŋutete se ɖo ene la, ɖe míalɔ̃ ɖe edzi be Yesu ye nye hamea ƒe Ta, eye be ekplɔa hamea to hamemetsitsi siwo woɖo be woaxɔ ŋgɔ la ƒe ha la dzia? Ðe míakpɔ Yehowa si nu be wòakplɔ hamea to Yesu Kristo dzi bene Yehowa nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋua? Ðe míayi edzi akpɔ esi nu togbɔ be manɔ bɔbɔe o gɔ̃ hã?—Lod. 11:2.

Tufafa Kpena Ðe Mía Ŋu Nukpɔsusu Nyui Nɔa Mía Si

Tufafa nye nɔnɔme nyui aɖe ŋutɔ. Ekpena ɖe mía ŋu be ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi la, míegbɔa dzi blewu, eye míedoa dziku, léa nya ɖe dɔ me, alo dina be míawɔ wɔɖenui o. Tufafa tutuɖo mele bɔbɔe o. Ke hã, ele vevie be míadze agbagba atu nɔnɔme nyui sia ɖo. Enyo ŋutɔ be míade dzesii be Biblia gblɔ be ‘ame fatuwo anyi anyigba la dome.’ (Mat. 5:5) Tufafa do ƒome kple ɖokuibɔbɔ kpakple sidzedze afi si ame ƒe ŋutete se ɖo, eye egado ƒome kple nɔnɔme nyui bubuwo hã, abe nyuiwɔwɔ kple dɔmefafa ene. Ame fatu ate ŋu awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le esi wòɖea mɔ wofiaa nui eye wòlɔ̃na wonaa hehee ta.

Aleke tufafa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple tɔtrɔ siwo vaa míaƒe agbe me lae? Ànya de dzesii be ame geɖe mekpɔa dzidzɔ ɖe tɔtrɔwo ŋu o. Gake le nyateƒe me la, woate ŋu anye mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖe mɔ Yehowa nagana hehe geɖe wu mí. Míate ŋu atsɔ Mose ƒe ŋutinya awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui.

Kaka Mose naxɔ ƒe 40 la, nɔnɔme nyui geɖewo su esi xoxo. Eɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na Mawu ƒe amewo eye wòɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fia. (Heb. 11:24-26) Ke hã, hafi Yehowa nade dɔ asi na Mose be wòakplɔ Israel viwo adzo le Egipte la, ehiã be Mose nato nɔnɔme aɖewo me be wòate ŋu atu eƒe tufafa ƒe nɔnɔmea ɖo nyuie wu. Eva hiã be Mose nagblẽ ɖoƒe kɔkɔ si nɔ esi le Egipte la ɖi asi aɖanɔ Midian nyigba dzi ahanɔ alẽ kplɔm hena ƒe 40 sɔŋ. Nu kae do tso esia me? Tɔtrɔ sia si va eƒe agbe me la na eƒe amenyenye va nyo ɖe edzi wu. (4 Mose 12:3) Ena wòsrɔ̃ ale si wòana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanɔ vevie nɛ wu eya ŋutɔ ƒe nyonyo.

Bene míakpɔ ale si gbegbe Mose fa tui la, na míakpɔ nu si wòwɔ esime Yehowa gblɔ be yedi be yeagbe Israel dukɔ sẽto la eye yeawɔ Mose ƒe dzidzimeviwo woanye dukɔ gã la ɖa. (4 Mose 14:11-20) Mose ɖe kuku ɖe dukɔa ta. Nya siwo wògblɔ la ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple nɔviawo ƒe nyonyo ye nɔ vevie nɛ, ke menye eya ŋutɔ ƒe nyonyo o. Hafi ame aɖe nate ŋu awɔ dɔ si Mose wɔ abe dukɔa kplɔla kple domenɔla ene la, ele be wòanye ame fatu. Miryam kple Aron li liʋiliʋi le Mose ŋu, evɔ Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ le eŋu be ‘efa wu ame siwo katã le anyigba dzi.’ (4 Mose 12:1-3, 9-15) Edze abe Mose wɔ nu le tufafa me esime wonɔ edzum ene. Aleke nuwo ayii ne ɖe Mose menye ame fatu o?

Ɣebubuɣi la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ va ŋutsu aɖewo dzi eye wòna wonɔ nya gblɔm ɖi. Yosua, si nye Mose ƒe dɔla la, se le eɖokui me be Israel vi mawo nɔ nu si mesɔ o la wɔm. Gake tufafatɔe la, Mose bu nuwo ŋu abe ale si Yehowa hã bu woe ene, eye mevɔ̃ be ɖoƒe si yenɔ la ava ge le ye si o. (4 Mose 11:26-29) Ne ɖe Mose menye ame fatu o la, ɖe wòalɔ̃ ɖe tɔtrɔ sia si Yehowa he va eƒe amewo dome la dzia?

Tufafa kpe ɖe Mose ŋu wòwɔ ŋusẽ gã si Mawu nɛ la ŋu dɔ nyuie eye wòwɔ dɔ si wòde esi hã ale si dze. Yehowa kpe Mose be wòalia Xoreb To la ahatsi tsitre ɖe dukɔ la ŋkume. Mawu to mawudɔla aɖe dzi ƒo nu kple Mose heɖoe nubabla si wòwɔ kple dukɔa la ƒe domenɔlae. Mose ƒe tufafa kpe ɖe eŋu wòlɔ̃ xɔ agbanɔamedzi sia si nye tɔtrɔ gã aɖe le eƒe agbe me, evɔ eyi edzi wɔ nu wòdze Mawu ŋu.

Ke míawo ya ɖe? Tufafa le vevie ŋutɔ hafi míate ŋu atsi le gbɔgbɔ me. Ehiã be ame siwo katã le ŋusẽnɔƒe eye wode agbanɔamedzi aɖewo wo si le Mawu ƒe amewo dome la nanye ame fatuwo. Tufafa kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na nuwɔwɔ dadatɔe ne tɔtrɔwo va míaƒe agbe me, eye wònana be nukpɔsusu nyuitɔ nɔa mía si ne míele nɔnɔme madeamedziwo me tom. Ale si míewɔa nui le nɔnɔme aɖe me la le vevie. Ðe míalɔ̃ atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋua? Ðe míabui be enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míatu nɔnɔme nyuiwo ɖoa? Ðewohĩ esia anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe si ana míatu tufafa ɖo!

Nuwo ayi edzi anɔ tɔtrɔm le míaƒe agbe me. Ɣeaɖewoɣi la, menɔa bɔbɔe be míase nu si tae nanewo dzɔ ɖo la gɔme o. Kuxi vovovo siwo ɖea kpe na mí kple nuteɖeamedziwo ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene. Ke hã, nɔnɔme nyuiwo abe ɖokuibɔbɔ, dzesidede afi si míaƒe ŋutete se ɖo, kple tufafa ene ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu eye míana Mawu nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Ðokuibɔbɔ vavãtɔ kpena ɖe mía ŋu míebua mía ɖokui ŋu wu ale si dze o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Tufafa le vevie ŋutɔ hafi míate ŋu atsi le gbɔgbɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ehiã be Mose nato nɔnɔme aɖewo me be wòate ŋu atu eƒe tufafa ƒe nɔnɔmea ɖo nyuie wu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe