INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/15 axa 13-15
  • Èɖea Mɔ Yehowa Biaa Nya Wòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖea Mɔ Yehowa Biaa Nya Wòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na “Mabia Nya Wò”
  • Ale Si Míate Ŋu Aɖe Mɔ Yehowa Nabia Nya Mí
  • Nyabiasewo Kpena Ðe Mía Ŋu Míetena Ðe Yehowa Ŋu
  • Nya Vevi Siwo Tso Hiob ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ŋutsu Kpɔɖeŋuɖola aɖe si Xɔ Ðɔɖɔɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Kpɔ Mɔ Na Yehowa”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/15 axa 13-15

Èɖea Mɔ Yehowa Biaa Nya Wòa?

NYABIASE alafa geɖe le Biblia me siwo dea keke ame ƒe dzi gbɔ ke. Le nyateƒe me la, Yehowa Mawu ŋutɔ hã zãa nyabiasewo tsɔ fiaa nyateƒenya veviwo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa zã nyabiase vovovowo esime wònɔ nu xlɔ̃m Kain be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ la ŋu. (1 Mose 4:6, 7) Ɣebubuɣiwo la, nya ɖeka pɛ ko Yehowa bia eye wòʋã ame wòwɔ afɔɖeɖe. Esi nyagblɔɖila Yesaya see Yehowa bia be, ‘Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?’ la, eɖo eŋu be: “Nyee nye esi, dɔm!”—Yes. 6:8.

Yesu, Nufiala Gã la, hã wɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie. Yesu ƒe nyabiase siwo wu 280 dze le Nya Nyui Gbalẽawo me. Togbɔ be ezã nyabiasewo ɣeaɖewoɣi tsɔ tsi nya ɖe ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu nu hã la, zi geɖe la, ɖe wòwɔa nyabiasewo ŋu dɔ be yeƒe nyawo naɖo yeƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ, be yeaʋã wo woade ŋugble tso tenɔnɔ si le wo si le Mawu ŋkume la ŋu. (Mat. 22:41-46; Yoh. 14:9, 10) Nenema kee, apostolo Paulo, si ŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 14 la, hã wɔ nyabiasewo ŋu dɔ tsɔ kpe ɖe amewo ŋu be woatrɔ woƒe susu. (Rom. 10:13-15) Le kpɔɖeŋu me, nyabiase gbogbo aɖewo le lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo la me. Paulo ƒe nyabiaseawo kpe ɖe ame siwo wòŋlɔ agbalẽa na la ŋu wokpɔ ŋudzedze ɖe ‘ale si gbegbe Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me gogloe’ la ŋu.—Rom. 11:33.

Togbɔ be ehiãna be ame naɖo nyabiase aɖewo ŋu hã la, taɖodzinu si nɔa bubuwo ŋue nye be woana ame nayi ŋugble me ʋĩi. Nyabiase siwo Yesu zã tsɔ kpe ɖe amewo ŋu woyi ŋugble me ʋĩi la sɔ gbɔ ɖe Nya Nyui Gbalẽwo me. Gbe ɖeka la, Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ŋudzɔ ɖe Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu kple Herodes ƒe amɔwɔʋãnu la ŋu.” Eƒe nya sia fia woƒe alakpanuwɔwɔ kple aʋatsonufiafiawo. (Mar. 8:15; Mat. 16:12) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese eƒe nyaa gɔme o, eya ta wote nyaʋiʋli kple wo nɔewo le esi woŋlɔ be wometsɔ abolo ɖe asi o ta. Kpɔ ale si Yesu zã nyabiasewo le dze kpui si wòɖo kpli wo emegbe la me ɖa. “Egblɔ na wo be: ‘Nu ka tae miele nya ʋlim le esi abolo aɖeke mele mia si o ta? Ðe miekpɔ dze si nu, alo se egɔme haɖe oa? Ðe wògale sesẽm na mi kokoko be miase nu gɔmea? “Togbɔ be ŋku le mia si hã, ɖe miekpɔa nu oa; eye togbɔ be to le mia si hã, ɖe miesea nu oa?” . . . Ðe miekpɔ se egɔme haɖe oa?’” Taɖodzinu si le Yesu ƒe nyabiaseawo ŋue nye be wòana eƒe nusrɔ̃lawo nabu tame, eye woaʋã wo woade ŋugble le gɔmesese si tututu le eƒe nyawo ŋu la ŋu.—Mar. 8:16-21.

Na “Mabia Nya Wò”

Yehowa Mawu zã nyabiasewo tsɔ ɖɔ esubɔla Hiob ƒe nukpɔsusu ɖo. Yehowa zã nyabiase gbogbo aɖewo tsɔ fia nu Hiob tso ale si meɖi naneke o ne wotsɔe sɔ kple Ewɔlae la ŋu. (Hiob, ta 38-41) Ðe Yehowa kpɔ mɔ be Hiob naɖo nyabiase mawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋua? Edze abe mekpɔ mɔ nenema o ene. Edze ƒãa be taɖodzinu si nɔ nyabiasewo abe ‘Afi ka nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi?’ ene ŋue nye be wòaʋã Hiob wòayi ŋugble me ahadzro eɖokui me kpɔ. Le nyabiase geɖe siwo Mawu bia Hiob la dometɔ aɖewo megbe la, nya vɔ le Hiob nu kloe. Nya si wògblɔ koe nye be: “Nya ka matsɔ aɖo eŋu na wò? Maɖo asi nu.” (Hiob 38:4; 40:4) Hiob se eɖokui gɔme eye wòbɔbɔ eɖokui. Ke hã, menye ɖokuibɔbɔ ko fiamee Yehowa nɔ Hiob o. Eɖɔ Hiob ƒe nukpɔsusu hã ɖo. Le mɔ ka nu?

Togbɔ be Hiob nye ‘ame maɖifɔ, kple ame dzɔdzɔe’ hã la, ɣeaɖewoɣi la, eƒe nyawo ɖenɛ fiana be eƒe nukpɔsusu mesɔ o. Elihu de dzesi esia eye wògbe nya na Hiob le esi ‘wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu’ ta. (Hiob 1:8; 32:2; 33:8-12) Eya ta Yehowa ƒe nyabiaseawo kpe ɖe Hiob ŋu wòɖɔ eƒe nugɔmesese ɖo. Mawu ƒo nu na Hiob le dziya me be: ‘Ame kae tsɔ nuƒoƒo, si nunya aɖeke mele eme o la, blu aɖaŋuɖoɖo mee? Tso, nasa avɔ ɖe ali abe ŋutsu ene; mabia nya wò, eye nàfia num!’ (Hiob 38:1-3) Eyome Yehowa to nyabiasewo dzi he susu yi Eƒe nunya kple ŋusẽ si seɖoƒe meli na o la dzi, abe ale si eƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo ɖee fia ene. Numekɔkɔ sia kpe ɖe Hiob ŋu wòka ɖe Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple ale si wòwɔa nui la dzi geɖe wu tsã. Nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye esi wònye na Hiob—be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔ bia nyae!

Ale Si Míate Ŋu Aɖe Mɔ Yehowa Nabia Nya Mí

Ke míawo ya ɖe? Ðe nyabiase siwo le Biblia me la ate ŋu aɖe vi na mía? Ɛ̃, woate ŋu aɖe vi na mí! Ne míeɖea mɔ nyabiase mawo ɖoa míaƒe dzi gbɔ eye míetɔna sẽe dea ŋugble le wo ŋu la, viɖe geɖe ate ŋu ado tso eme na mí. Ale si nyabiase siwo le Mawu ƒe Nyaa me la ɖoa ame ƒe dzi gbɔ la hã le eme tae Mawu ƒe nya wɔa dɔ ɖe ame dzi ɖo. Le nyateƒe me la, “ŋusẽ le [Mawu ƒe nya ŋu,] . . . eye wòte ŋu dzea si dzi me susuwo kple tameɖoɖowo.” (Heb. 4:12) Gake hafi nyabiase siwo le eme naɖe vi na mí bliboe la, ele be míabia nyabiase mawo mía ɖokui, abe ɖe Yehowa ŋutɔe le nya mawo biam mí ene. (Rom. 15:4) Mina míadzro eƒe kpɔɖeŋu aɖewo me kpɔ.

‘Ðe xexea me ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?’ (1 Mose 18:25) Ɣeyiɣi si me Yehowa di be yeatsrɔ̃ Sodom kple Gomora ye Abraham bia nya sia. Abraham bui be mate ŋu adzɔ gbeɖe be Yehowa nawɔ nu madzɔmadzɔ o—be wòatsrɔ̃ ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa. Abraham ƒe nyabiasea ɖee fia be kakaɖedzi blibo nɔ esi be Yehowa drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.

Egbea, ame aɖewo adi be yewoasusu nanewo agblɔ ku ɖe ale si Yehowa adrɔ̃ ʋɔnui le etsɔme le nya aɖewo ŋu la ŋu, abe ame siwo koŋ atsi agbe le Harmagedon me alo ame siwo woafɔ ɖe tsitre ene. Le esi míanɔ fu ɖem na mía ɖokuiwo kple nya mawo teƒe la, anyo be míade ŋugble le nya si Abraham bia la ŋu boŋ. Ne míenya Yehowa be enye mía Fofo si le dziƒo si nyoa dɔme eye míekana ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ dzi bliboe, abe ale si wònɔ le Abraham gome ene la, ewɔnɛ be míeƒoa asa na dzimaɖitsitsi yakatsyɔ, ɖikeke siwo gbɔdzɔa ame ƒe xɔse, kple nyahehe ƒuƒluwo, siwo nye nu siwo gblẽa ame ƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ dome.

‘Mia dometɔ kae, ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe eƒe agbenɔƒe?’ (Mat. 6:27) Esime Yesu nɔ nu fiam ameha gã aɖe, siwo dome eƒe nusrɔ̃lawo hã nɔ la, ebia nya sia tsɔ te gbe ɖe ale si wòle vevie be woatsɔ wo ɖokuiwo ade Yehowa, wo Fofo lɔ̃ame la, si me dzi. Nu geɖewo nana míetsia dzimaɖi le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me, gake nu mawo ŋu bubu atraɖii madidi míaƒe agbenɔƒe ɖe edzi alo ana nuwo naka ɖe eme na mí o.

Ɣesiaɣi si míetsi dzimaɖi ɖe nɔnɔme si me míele ŋu alo ɖe míaƒe ame veviwo ŋu la, ŋkuɖoɖo Yesu ƒe nyabiasea dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ mía si ku ɖe nu siwo ŋu míele dzi tsim ɖo la ŋu. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ dzimaɖitsitsi eye míaƒo asa na nuŋububu manyomanyo siwo tea ɖeɖi ame ŋu le susu me, seselelãme, kple ŋutilã me gome. Abe ale si Yesu ka ɖe edzi na míi ene la, mía Fofo si le dziƒo, si nyia dziƒoxewo heɖoa atsyɔ̃ na gbe me nu miemiewo la, nya nu siwo hiã mí la nyuie.—Mat. 6:26-34.

“Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã?” (Lod. 6:27) Aɖaŋuɖoɖo kpui siwo vifofo aɖe tsɔ xlɔ̃ nu via be wòadze nunya la dze le Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta asieke gbãtɔawo me. Nyabiase sia le susu hem yi ahasiwɔwɔ me tsonu siwo gblẽa nu le ame ŋu vevie la dzi. (Lod. 6:29) Ne míeva de dzesii be míeɖoa ahiãmo na amewo madzemadzee alo nɔa nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ɖe mía me ŋu bum la, ele be nyabiase sia naɖi le míaƒe to me abe nuxlɔ̃ame ene. Ne míagblɔe la, ame ate ŋu abia nya sia eɖokui ɣesiaɣi si wòde dzesii be yeyina nane si me nunya mele o la wɔ ge. Aleke nyabiase sia ɖo kpe Biblia me gɔmeɖose si nye, “nu sia nu si ƒãm ame le la, nu sia kee wòaŋe” ƒe nyateƒenyenye dzii enye esi!—Gal. 6:7.

“Ame kae nènye, be nàdrɔ̃ ʋɔnu ame bubu ƒe aƒemesubɔvi?” (Rom. 14:4) Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, eƒo nu tso kuxi siwo do mo ɖa le hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu. Esi wònye be Kristotɔ siwo nɔ hamea me ƒe dekɔnuwo to vovo ta la, wo dometɔ aɖewo tea ŋu bua fɔ haxɔsetɔwo kabakaba ɖe nyametsotso aɖewo siwo wowɔ kple afɔ aɖewo siwo woɖe ta. Paulo ƒe nyabiasea ɖo ŋku edzi na wo be woaxɔ wo nɔewo nyuie eye woagblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe Yehowa si me.

Nenema kee Yehowa ƒe ame siwo li egbea hã tso teƒe vovovowo eye woƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo hã le vovovo. Ke hã, Yehowa na ɖekawɔwɔ si ŋu míedea asixɔxɔ gã aɖee la le mía dome. Ðe míele mía tɔ si nua wɔm be ɖekawɔwɔ sia nakpɔtɔ anɔ anyia? Ne ezu numame na mí be míebua fɔ mía nɔviwo kabakaba ɖe afɔ aɖe si woƒe dzitsinya ɖe mɔ na wo woɖe ŋu la, ɖe nunya manɔ eme be míabia Paulo ƒe nyabiase sia mía ɖokuiwo oa?

Nyabiasewo Kpena Ðe Mía Ŋu Míetena Ðe Yehowa Ŋu

Kpɔɖeŋu ʋɛ siawo ɖe ŋusẽ si gbegbe le nyabiase siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu la fia. Ne míede ŋugble le nɔnɔme siwo me wobia nya mawo dometɔ ɖe sia ɖe le ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míate ŋu awɔ wo ŋu dɔe le míawo ŋutɔwo míaƒe agbenɔnɔ me. Eye ne míele Biblia xlẽm la, míava de dzesi nyabiase bubu geɖe siwo kpena ɖe ame ŋu.—Kpɔ aɖaka si le axa 14.

Ne míeɖea mɔ nyabiase siawo siwo ʋãa ame, siwo le Mawu ƒe Nyaa me dea dzi gbɔ na mí la, akpe ɖe mía ŋu míana míaƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔeawo. Esi Yehowa bia nya vovovowo Hiob vɔ megbe la, Hiob va ʋu eme be: “Wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò.” (Hiob 42:5) Ɛ̃, Hiob va dze si Yehowa nyuie wu abe ɖe wòle ekpɔm ŋkume kple ŋkume ene. Nusrɔ̃la Yakobo va ɖe nyateƒenya sia gblɔ emegbe ale: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yak. 4:8) Mina míaɖe mɔ be nya siwo katã le Mawu ƒe Nya la me, siwo dome nyabiasewo hã le, nakpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me eye míanya Yehowa nyuie wu abe ɖe míele ‘ekpɔm’ kple ŋku ene!

[Aɖaka si le axa 14]

Aleke nya siawo biabia ɖokuiwò akpe ɖe ŋuwò Yehowa ƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu nava su asiwò?

▪ “Ã, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea?”—1 Sam. 15:22.

▪ “Eya, ame si wɔ ŋku, ɖe makpɔ nu oa?’—Ps. 94:9.

▪ “Èle ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma?”—Lod. 26:12.

▪ “Ðe nèle dɔmedzoe dom ɖe eteƒea?”—Yona 4:4.

▪ “Viɖe kae wòanye na ame, ne xexe blibo la katã zu etɔ, gake wòbu eƒe luʋɔ?”—Mat. 16:26.

▪ “Ame kae ama mí ɖa tso Kristo la ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ?”—Rom. 8:35.

▪ “Nu kae le asiwò, si menye ɖe nèxɔe o?”—1 Kor. 4:7.

▪ “Gome kae le kekeli si le viviti gbɔ?”—2 Kor. 6:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nu kae Hiob srɔ̃ tso nya siwo Yehowa biae la me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe