INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/1 axa 26-29
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/1 axa 26-29

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

AFƆ kawoe adzoblasu kple atikevɔ̃ɖizãla aɖe ɖe te ŋu va ɖe asi le agbenɔnɔ vloe mawo ŋu? Nu ka tae heavy metal hadziha me nɔla aɖe va kpa eƒe ɖa legbewo hegbe nu le hadzidzi gbegblẽ mawo siwo gbɔ melɔ̃a nu le tsã o la gbɔ? Nu kae ʋã ŋutsu aɖe si gbe nu le mawusubɔsubɔ gbɔ hetsi tsitre ɖe dziɖuɖuwo ŋu la wòva zu Mawu subɔla? Xlẽ ame siawo ŋutɔ ƒe numenyawo nàkpɔ.

“Meva ɖu numame gbegblẽwo dzi.”—PETER KAUSANGA

ƑE SI WÒXƆ: 32

DUKƆ SI ME WÒTSO: NAMIBIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ADZOBLASU KPLE GBEKUINOLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Kehemu, si nye Rundu dugã la ƒe nuto gã eneawo dometɔ ɖeka mee menɔ tsi. Ƒo, ati, kple aka dzadzra nue nutoa me tɔwo nɔa agbe ɖo.

Ƒe eve koe mexɔ esime nɔnye ku, eya ta mamanye gbɔe menɔ tsi. Míenɔa agbe tsɛ. Menye vi dzeaglãe menye hafi o, gake ha gbegblẽwo dede wɔe be meva zu gbevu. Meva ɖo adzoblasuwo ƒe ha aɖe me le suku. Míedaa kɔ le kpɔdomeewo, doa ŋɔdzi na amewo, fia fi, tsɔa lotamekpewo gbãa de, noa aha kple gbekui eteƒe mekɔ o. Wolém de ga zi eve ɖe fififi kple nu fitifiti wɔwɔ ta.

Medzudzɔ suku esi mexɔ ƒe 18, eye emegbe meva do le adzoblasuwo ƒe haa me heʋu dzo le mía dea. Medi be manɔ agbe yeye. Gake esesẽ be madzudzɔ gbekui nono. Ɣeɖewoɣi la, mezɔa azɔli kilometa geɖe be maɖadi gbekui aɖe ano.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Le ƒe 1999 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, medo go Yehowa Ðasefo aɖewo wonɔ agbalẽ mam na amewo le ablɔ dzi. Wowɔ nu ɖe ŋunye bubutɔe ale gbegbe, eye ema wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Nu siwo mexlẽ le agbalẽ si wotsɔ nam me la na kakaɖedzim be meke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu. Mete Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe, eye eteƒe medidi o, meva kpɔe be ne medi be nye nu nadze Yehowa Mawu ŋu la, ele be mawɔ tɔtrɔ aɖewo le nye agbenɔnɔ ŋu.

Meɖo ŋkeke aɖe koŋ ɖi si dzi madzudzɔ sigaret kple gbekui nono ahagblẽ nu sia nu si do ƒome kple atamanono la dome keŋkeŋ. Mede se na xɔ̃nyewo hã be woaganam sigaret azɔ, alo anɔ enom le gbɔnye o. Ke hã, nuwo meva yi abe ale si mesusui ene o. Ale si gbegbe sigaret kple gbekui nono dzroam vevie la wɔe be meva na ta heganoe zi eve sɔŋ. Gake ema meɖe dzi le ƒonye o. Gɔmeɖose si le Lododowo 24:16 nɔ susu me nam vevie be: “Ame dzɔdzɔe dzea anyi zi adre, eye wògafɔna.” Vivivi la, meva ɖu numame gbegblẽwo dzi keŋkeŋ.

Zi ale si menɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, zi nenemae medi vevie be mana wòanye xɔ̃nye kplikplikplii. Mawunyakpukpui aɖe si dea dzi gbɔ nam ŋutɔe nye Psalmo 27:10, si gblɔ be: “Fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.” Esi meyi edzi nɔ vevie dom Biblia sɔsrɔ̃ la, meva kpɔ nya mawo ƒe nyateƒenyenye dze sii kɔtɛ. Mese le ɖokuinye me be Yehowa nye Fofo lɔ̃ame aɖe si léa be nam vavã.

Medea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo hã edziedzi. Mekpɔe be xɔlɔ̃wɔwɔ kple lɔlɔ̃ vavã le wo dome. Nyemekpɔ lɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃wɔwɔ ma tɔgbi le afi aɖeke kpɔ o.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Le Yehowa kple hati Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋu me la, meva trɔ asi le nye dzedzeme, awudodo, agbenɔnɔ, kple nuƒoƒo ŋu. Ne metrɔ kpɔ megbe la, mekpɔnɛ be nye agbenɔnɔ trɔ abe ale si ŋɔvi ɖi vɔvɔ̃ trɔna va zua kpakpaluʋui dzeani ene. Ƒonyemetɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe tɔtrɔ siawo ŋu ŋutɔ, eye wova dea bubu ŋunye azɔ. Fifia la, meɖe srɔ̃ eye mele agbagba dzem be manye srɔ̃ŋutsu nyui kple vifofo lɔ̃ame.

“Tameɖoɖo vavã va le nye agbe ŋu.”—MARCOS PAULO DE SOUSA

ƑE SI WÒXƆ: 29

DUKƆ SI ME WÒTSO: BRAZIL

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: HEAVY METAL HADZIHA ME NƆLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: São Paulo ƒe du si nye Jaguariuna mee míaƒe ƒomea nɔ. Katolikotɔ akuakuawoe dzinyelawo nye, eye le nye ɖevime la, mesubɔna abe misasubɔvi ene. Eya ta le gɔmedzesuku la, nye sukuhatiwo tsɔ megbeŋkɔ nam be Fada. Gake esi mexɔ ƒe 15 la, meva nya nu tso heavy metal hadzidziwo ŋu. Mete hadede kple heavy metal hadzilawo. Megblẽ nye ɖa ɖi wòto legbee. Le ƒe 1996 me la, fofonye ƒle haƒonu aɖewo nam.

Le ƒe 1998 me la, meɖo heavy metal hadziha aɖe me. Ha siwo míedzina la do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ, eye nya ƒaƒãwo sɔŋ ye le wo me. Wokafua ŋutasẽnuwɔwɔ. Hadzidzi siawo va kpɔ ŋusẽ ɖe nye nuŋububu, agbenɔnɔ, kple nuwɔnawo dzi. Nu manyomanyowo sɔŋ ŋu koe meva buna, eye mezu ame wɔadã.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Ƒe 1999 mee medo go Yehowa Ðasefowo zi gbãtɔ. Wodoe ɖa be yewoava nɔ Biblia srɔ̃m kplim eye melɔ̃, togbɔ be menye ɖe meɖoe be masrɔ̃ Biblia ŋutɔŋutɔ o hã. Gake nu si wova fiam le Biblia me la trɔ nye nukpɔsusu ku ɖe agbea ŋu.

Amewo yɔam be “ɖekakpui ɖalegbetɔ,” “hadzilagã,” alo “ʋuƒola.” Gake meva kpɔe be hadzihaa me nɔnɔ wɔe be mezu ɖokuitɔdila kple hoʋlila; eya ta nyemegava le ŋudzedze kpɔm ɖe agbe si nɔm mele ŋu o. Meva de dzesii be tameɖoɖo gbagbe aɖeke mele hadzila siwo yome mele la ƒe agbe ŋu o. Vivivi la, meva se egɔme be ne medi be nye nu nadze Yehowa Mawu ŋu la, ele be maɖe asi le heavy metal hadzidziwo kpakple agbe gbegblẽ nɔnɔ kple trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna siwo do ƒome kplii ŋu.

Nyemelɔ̃a nu le heavy metal hadzidziwo kple nye ɖa legbea gbɔ kura o. Nyemenya ne mate ŋu anɔ agbe nu mawo manɔmee o. Medoa dziku helĩhelĩ ŋutɔ, eye menya be ele be masrɔ̃ ale si maɖu esia hã dzi. To Biblia sɔsrɔ̃ me la, meva te Yehowa lɔlɔ̃ geɖe wu. Nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃, dzigbɔɖi, kple nublanuikpɔkpɔ ŋu na meva te ɖe eŋu geɖe wu. Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye matrɔ nye agbenɔnɔ, eye ekpe ɖe ŋunye hã. Mekpɔ Hebritɔwo 4:12 me nyawo ƒe nyateƒenyenye dze sii le gonyeme. Mawunyakpukpui ma gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.”

Esi mete Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede la, mekpɔe be woto vovo kura. Emae nye zi gbãtɔ si mekpɔ ale si woɖea lɔlɔ̃ vavãtɔ fiana la teƒe le nye agbe me. Lɔlɔ̃ sia gaɖea dzesi wu le takpekpe gã siwo Ðasefowo wɔna me. Ale si amewo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa hewɔa dɔ dzonɔamemetɔe ɖe ame bubuwo ƒe nyonyo ta la wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu va léa nye dziku nu azɔ. Mekpɔe be nyemeganye ɖokuitɔdila kple dadala o.

Maʋu eme be agbe si menɔ tsã la gadzrom vie le gɔmedzedzea me—gake megale nenema fifia o. Tameɖoɖo vavã va le nye agbe ŋu fifia. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mele ale si matsɔ ɖe le eme na amewo ahatsi dzi ɖe woƒe dedienɔnɔ ŋu la srɔ̃m.

“Mele dzidzɔ kpɔm le ɖe tsɔtsɔ le eme na ame bubuwo me.”—GEOFFREY NOBLE

ƑE SI WÒXƆ: 59

DUKƆ SI ME WÒTSO: UNITED STATES

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ETSI TSITRE ÐE MAWUSUBƆSUBƆ ŊU HEDZE AGLÃ ÐE DZIÐUÐU ŊU

AGBE SI MENƆ TSÃ: Ipswich, si nye Massachusetts ƒe ƒutadu si me lebledɔwɔlawo bɔ ɖo la mee wonyim le. Esi metsi la, meʋu yi ɖanɔ Vernont kɔƒenuto sa ɖe aga aɖe me. Abe ale si wòle le Dzihe Amerika nuto mawo me ene la, mía kple nye ahiãvi míenɔa agbe tsɛ. Elɛktrik mele afi ma o, eya ta nakee míefɔna tso ave me va doa dzo tsɔ léa dzodzo heɖaa nu hã. Gotae míeɖe agboti ɖo, eye míekpɔa pɔmpitsi nona le ƒe bliboa katã kloe me o. Míeɖe mía ɖokui ɖe aga heƒo asa na hadomenuwɔna ɖe sia ɖe, eye míaƒe dzedzeme hã ɖee fia nenema. Ɣeaɖeɣi la, enye dada nam be megblẽ nye ɖa ɖi mavumavui ɣleti ade sɔŋ.

Ɣemaɣi la, Amerikatɔwo nɔ aʋa wɔm kple Vietnamtɔwo. Ema na nyemegadea bubu ŋusẽ aɖeke ŋu o. Mekpɔ dziɖuɖumegãwo kple subɔsubɔhakplɔlawo siaa ƒe alakpanuwɔwɔwo teƒe. Mese le ɖokuinye me be ŋusẽtɔ siawo dometɔ aɖeke mate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ o, eye be ele be ame sia ame nanɔ eɖokui si ahawɔ nu si dzroe. Eya ta nyemekpɔe be egblẽ be mafi nu sia nu si hiãm o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Nye kple nye ahiãvi míete Biblia xexlẽ le mía ɖokui si, gake míenɔ naneke gɔme sem o. Menɔ atike vɔ̃ɖi zãm, gake menɔ agbagba hã dzem be madzudzɔ. Ahiãvinyea di be míaɖe mía nɔewo ne míadzi vi. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefo aɖe va srã mí kpɔ hete Biblia sɔsrɔ̃ kpli mí.

Togbɔ be eteƒe medidi hafi mete ŋu dzudzɔ nye numame gbegblẽawo o hã la, menɔ bɔbɔe nam be matrɔ nye nukpɔsusu ku ɖe ŋusẽ ŋu o. Metsia tsitre ɖe nu sia nu ŋu. Nu si dze ŋunyee mewɔna tso nye ɖevime ke, eya ta menɔ bɔbɔe nam be malɔ̃ ame aɖeke naɖo nu nam mawɔ o.

Mexɔ edzi se be Wɔla aɖe li ya, gake nyemenya nu boo aɖeke tso eyama ŋu o. Gake to Biblia sɔsrɔ̃ me la, meva nya nu tso Yehowa Mawu ƒe amenyenye ŋu geɖe wu. Meva kpɔe be edi nanewo koŋ tso asinye. Nu si dzro ame wɔwɔ ƒe nya aɖeke mele eƒe nudidiwo me o. Meva srɔ̃e hã be tameɖoɖo aɖe koŋ le esi ku ɖe míaƒe anyigbaa ŋu, be yeatrɔe wòazu paradiso. (2 Petro 3:13) Nyateƒenya siawo na medi vevie be matrɔ nye agbenɔnɔ bene madze asubɔe.

Ale si Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Nyemenya subɔsubɔha bubu aɖeke le xexea me si léa Biblia ƒe dzidzenu ma me ɖe asi o.

Menyae be ne medi be masubɔ Yehowa la, ele be matrɔ asi le nye dzedzeme ŋu. Gbã la, menya wɔ nam be maxɔ awudodo ƒe dzidzenu siwo nu Ðasefowo nɔa agbe ɖo la de eme o. Atsyɔ̃ɖowu, atawui, alo atsyɔ̃ɖofɔkpa aɖeke menɔ nye ŋutɔ alo xɔ̃nye aɖeke si o. Eye kɔla hã menɔ asinye o. Gake mekpa nye ɖa legbeawo hena nye dzedzeme nyo ɖe edzi. Togbɔ be ele nenema hã la, nane dzɔ zi gbãtɔ si menɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me. Esi meva yina la, mekpɔ ale si nye dzedzeme va trɔe la le ahuhɔ̃e aɖe si le xɔ aɖe ŋu me. Mebia ɖokuinye be: ‘Nu kae nye esia mewɔ?’ Gake vivivi la, nye dzedzeme yeyea va dze ŋunye.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Meɖe ahiãvinyea eye míele dzidzɔ kpɔm le srɔ̃ɖeɖe me fifia. Míedze agbagba nyi mía vi etɔ̃awo wova lɔ̃ Yehowa hele esubɔm. Edzɔ dzi nam hã ŋutɔ be mekpe ɖe ame bubuwo ŋu woawo hã wova srɔ̃ Biblia me gbedeasi si trɔ nye agbenɔnɔ.

Enyea dada nam tsã be nyemetsɔa ɖeke le ame bubuwo ƒe nukpɔsusu me o. Fifia la, mele dzidzɔ kpɔm le ɖe tsɔtsɔ le eme na ame bubuwo me, eye ame bubuwo hã tsɔa ɖe le eme nam.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 26]

“Mezɔa azɔli kilometa geɖe be maɖadi gbekui aɖe ano”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]

“Nu si mesrɔ̃ tso Biblia me la trɔ nye nukpɔsusu ku ɖe agbea ŋu”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Gbã la, menya wɔ nam be maxɔ awudodo ƒe dzidzenu siwo nu Ðasefowo nɔa agbe ɖo la de eme o”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe