Migado Nuxaxa Na Yehowa Ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe La O
“Miganɔ nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si wotsɔ tre mia nu . . . la o.”—EF. 4:30.
1. Nu kae Yehowa wɔ na ame miliɔn geɖe, eye agba kae esia da ɖe wo dzi?
YEHOWA wɔ nu tɔxɛ aɖe na ame miliɔn geɖe siwo le xexe sia si me kuxiwo bɔ ɖo la me. Eʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woate ɖe ye ŋu to yeƒe Tenuvi, Yesu Kristo, dzi. (Yoh. 6:44) Ne èɖe adzɔgbe na Mawu eye nèle agbe nɔm ɖe wò adzɔgbeɖeɖea nu la, ekema wò hã èle ame siawo dome. Esi wonyrɔ wò ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me ta la, agba le dziwò be nànɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia.—Mat. 28:19.
2. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?
2 Mí ame siwo “le nu ƒãm hena gbɔgbɔa la,” míedoa amenyenye yeye la. (Gal. 6:8; Ef. 4:17-24) Gake apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na mí hexlɔ̃ nu mí be míagado nuxaxa na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la o. (Mixlẽ Efesotɔwo 4:25-32.) Azɔ míadzro apostoloa ƒe aɖaŋuɖoɖoa me tsitotsito. Nu kae Paulo wɔnɛ esime wògblɔ be míaganɔ nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ la o? Aleke wòate ŋu adzɔe be ame aɖe si ɖe adzɔgbe na Yehowa la nado nuxaxa na eƒe gbɔgbɔa? Eye aleke míawɔ aƒo asa na nuxaxadodo na Yehowa ƒe gbɔgbɔ la?
Nu Si Paulo Wɔnɛ
3. Aleke nàɖe nu si nya si woŋlɔ ɖe Efesotɔwo 4:30 fia la mee?
3 Gbã la, lé ŋku ɖe nya si Paulo gblɔ le Efesotɔwo 4:30 ŋu. Eŋlɔ bena: “Miganɔ nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si wotsɔ tre mia nu hena ŋkeke si dzi woato tafe dzi aɖe mi, la o.” Paulo medi be haxɔsetɔ siwo gbɔ yemelɔ̃a nu le o la nade ƒomedodo si le woa kple Mawu dome la afɔku me o. Yehowa ƒe gbɔgbɔ lae ‘wotsɔ tre wo nu hena ŋkeke si dzi woato tafe dzi aɖe wo.’ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye nutrenu, alo “nu si ava va la ƒe kpeɖodzi sue aɖe,” si wona amesiamina wɔnuteƒewo ɣemaɣi kple egbea siaa. (2 Kor. 1:22) Wo nu tetre fia be wonye Mawu tɔ eye be woava nɔ agbe le dziƒo. Ame siwo nu woatre mlɔeba la ƒe xexlẽme anye ame 144,000.—Nyaɖ. 7:2-4.
4. Nu ka tae wòle vevie be míaƒo asa na nuxaxadodo na Mawu ƒe gbɔgbɔ la?
4 Nuxaxadodo na gbɔgbɔa ate ŋu anye afɔɖeɖe gbãtɔ si awɔe be Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa nava dzudzɔ mɔfiafia Kristotɔ aɖe kura. Nya si David gblɔ esime woa kple Bat-Seba wowɔ nu vɔ̃ megbe la ɖee fia be esia ate ŋu adzɔ. Esime David trɔ dzi me la, eɖe kuku na Yehowa be: “Mègatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye mègaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!” (Ps. 51:13) Amesiamina siwo awɔ ‘nuteƒe va se ɖe keke ku me ke’ la koe axɔ makumakunyenye le dziƒo ƒe “agbefiakuku” la. (Nyaɖ. 2:10; 1 Kor. 15:53) Kristotɔ siwo si agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã hiã na gbɔgbɔ kɔkɔe la hafi woate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu eye woaxɔ eƒe nunana si nye agbe, si Mawu anɔ te ɖe woƒe Kristo ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se dzi ana wo la. (Yoh. 3:36; Rom. 5:8; 6:23) Eya ta ele be mí katã míanɔ ŋudzɔ be míaganɔ nuxaxa dom na Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la o.
Alekee Kristotɔ Aɖe Ate Ŋu Ado Nuxaxa Na Gbɔgbɔ La?
5, 6. Alekee wòate ŋu adzɔe be Kristotɔ aɖe nado nuxaxa na Yehowa ƒe gbɔgbɔ la?
5 Abe Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ene la, míate ŋu aƒo asa na nuxaxadodo na gbɔgbɔ la. Míate ŋu awɔ esia ne ‘mieyia edzi zɔna henɔa agbe ɖe gbɔgbɔ la nu.’ Eye esia awɔe be ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo makpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o eye míaɖe nɔnɔme siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu afia o. (Gal. 5:16, 25, 26) Gake ate ŋu adzɔ be nuwo mayi alea o. Ate ŋu adzɔ be míado nuxaxa na Mawu ƒe gbɔgbɔ la va se ɖe afi aɖe ne míeɖe mɔ le mía ɖokui ŋu míele tatram vivivi, ɖewohĩ le míawo ŋutɔwo ƒe manyamanya me, yi ɖe agbenɔnɔ siwo ŋu Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la tsi tsitre ɖo la me.
6 Ne míeyia edzi wɔa nu wòtsia tsitre ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia ŋu la, míanɔ nuxaxa dom na gbɔgbɔ la kpakple Yehowa, ame si nye gbɔgbɔa Dzɔtsoƒe la siaa. Efesotɔwo 4:25-32 me dzodzro ana míakpɔ ale si wòle be míanɔ agbee, eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ la o.
Ale Si Míaƒo Asa Na Nuxaxadodo Na Gbɔgbɔ La
7, 8. Ðe nu si tae wòle be míanye nyateƒetolawo la me.
7 Ele be míanye nyateƒetolawo. Paulo gblɔ na mí le Efesotɔwo 4:25 be: “Esi mieɖe aʋatsokaka ɖa azɔ la, mia dome ame sia ame neto nyateƒe na ehavi, elabena ŋutinuwoe míenye na mía nɔewo.” Esi wònye be míewɔ ɖeka henye ‘ŋutinuwo na mía nɔewo’ ta la, mele be míanye ameflulawo alo aɖoe koŋ able mía hati tadeagulawo o, elabena esia sɔ kple alakpadada na wo. Ame sia ame si ayi nu sia wɔwɔ dzi la, mlɔeba la, ƒomedodo aɖeke magava nɔ eya kple Mawu dome o.—Mixlẽ Lododowo 3:32.
8 Ameblenyawo kple alakpanuwɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le hamea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu. Eya ta ele be míanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo abe nyagblɔɖila Daniel, si nye ame si ŋu amewo mekpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ aɖeke le o, ene. (Dan. 6:5) Eye ele be aɖaŋu si Paulo ɖo na Kristotɔ siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le la nanɔ susu me na mí be “Kristo la ƒe ŋutilã” la me tɔ ɖe sia ɖe nye ŋutinu na ŋutilã la me tɔ susɔeawo eye ehiã be woayi edzi awɔ ɖeka kple Yesu yomedzela amesiamina vavãwo. (Ef. 4:11, 12) Ne míele mɔ kpɔm be míava nɔ agbe tegbee la Paradisonyigba dzi la, ele be míawo hã míanye nyateƒetolawo ahato esia me akpe asi ɖe eŋu be ɖekawɔwɔ nakpɔtɔ anɔ míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me.
9. Nu ka tae wòle vevie be míawɔ ɖe nya si le Efesotɔwo 4:26, 27 la dzi?
9 Ele be míatsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye míagana mɔnukpɔkpɔ aɖekee be wòagblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me o. (Yak. 4:7) Gbɔgbɔ kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu míetsia tsitre ɖe Satana ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu ne míeƒoa asa na dɔmedzoe helĩhelĩ dodo. Paulo ŋlɔ bena: “Mibi dzi, gake migawɔ nu vɔ̃ o; miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o, eye migaɖe mɔ na Abosam hã o.” (Ef. 4:26, 27) Ne mía tɔ dzɔ be míado dziku gɔ̃ hã la, gbedodoɖa le tame enumake ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe ‘gbɔgbɔ fatu’ afia, míaɖu mía ɖokui dzi tsɔ wu be míawɔ nu le mɔ si ate ŋu ado nuxaxa na Mawu ƒe gbɔgbɔ la nu. (Lod. 17:27, NW) Eya ta migana míalé dziku ɖi eye míana mɔ Satana wòakplɔ mí ade nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me o. (Ps. 37:8, 9) Mɔ siwo dzi míato atsi tsitre ɖe eŋu la dometɔ ɖekae nye be míawɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo la dzi ahakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba.—Mat. 5:23, 24; 18:15-17.
10, 11. Nu ka tae mele be míafi fi alo awɔ nu anukwaremaɖimaɖitɔe o?
10 Mele be míaɖe mɔ be fififi alo anukwaremaɖimaɖi ƒe tetekpɔ aɖeke naɖu mía dzi o. Paulo ŋlɔ ku ɖe fififi ŋuti be: “Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o, ke boŋ newɔ dɔ sesẽ, netsɔ eƒe asi wɔ dɔ nyui, ne wòakpɔ nane ana ame si nu hiã.” (Ef. 4:28) Ne Kristotɔ ɖeadzɔgbe aɖe fi fi la, le nyateƒe me la, ‘ada ƒu ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu’ le esi wòahe vlododo ava eƒe ŋkɔa dzi ta. (Lod. 30:7-9) Womate ŋu atsɔ ahedada gɔ̃ hã ado taflatsɛ ɖe fififi ta o. Ame siwo lɔ̃ Mawu kple wo havi la nyae be fififi mesɔ le mɔ aɖeke nu o.—Mar. 12:28-31.
11 Menye nu si mele be míawɔ o koe Paulo gblɔ na mí o; egblɔ nu si wòle be míawɔ hã na mí. Ne míenɔa agbe hezɔna ɖe gbɔgbɔ la nu la, míawɔ dɔ sesĩe be míate ŋu akpɔ míaƒe ƒomea dzi eye be ‘míakpɔ nane ana ame si nu hiã.’ (1 Tim. 5:8) Yesu kple eƒe apostolowo dzraa ga ɖo be yewoatsɔ akpe ɖe hiãtɔwo ŋu, ke hã, Yuda Iskariot, yomemɔfiala la, fia ga la ƒe ɖe. (Yoh. 12:4-6) Kakaɖedzitɔe la, menɔ zɔzɔm ɖe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia nu o. Mí ame siwo Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔe la, ‘míewɔa nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me’ abe ale si Paulo wɔe ene. (Heb. 13:18) To esia wɔwɔ me la, míeƒoa asa na nuxaxadodo na Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la.
Mɔ Bubu Siwo Dzi Míato Aƒo Asa Na Nuxaxadodo Na Gbɔgbɔ La
12, 13. (a) Abe ale si wòdze le Efesotɔwo 4:29 ene la, nya kawo ƒomevi gbɔgblɔe wòle be míaƒo asa na? (b) Aleke wòle be míaƒe nyagbɔgblɔ nanɔ?
12 Ele be míalé ŋku ɖe míaƒe nyagbɔgblɔwo ŋu. Paulo gblɔ be: “Migana nya ƒaƒã aɖeke nado go tso miaƒe nu me o, ke boŋ nya sia nya si nyo hena tutuɖo le ale si wòhiã nu, bene wòana nu nyui aɖe ame siwo asee la.” (Ef. 4:29) Le afi sia hã, menye nu si mele be míawɔ o la koe apostoloa gblɔ na mí o; egblɔ nu si wòle be míanɔ wɔwɔm hã na mí. Ne míeɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ mí la, aʋã mí ‘míagblɔ nya si nyo hena tutuɖo, bene wòana nu nyui aɖe ame siwo asee la.’ Gakpe ɖe eŋu la, mele be míaɖe mɔ “nya ƒaƒã” aɖeke nado go tso míaƒe nu me o. Wozã Helagbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be “ƒaƒã” la tsɔ ɖɔ atikutsetse, tɔmelã, alo ʋulã si vó. Abe ale si ko nuɖuɖu mawo nyɔa ŋu na míi ene la, nenema kee wòle be míatsri nyagbɔgblɔ siwo Yehowa buna be womenyo o la.
13 Ele be míaƒe nyagbɔgblɔ nadze to, adze ame ŋu, eye “dze nanɔ eme.” (Kol. 3:8-10; 4:6) Ele be amewo nate ŋu ade dzesii be míeto vovo ne wose nya siwo míegblɔna. Eya ta mina míakpe ɖe ame bubuwo ŋu to “nya si nyo hena tutuɖo” la gbɔgblɔ me. Eye mina míawo hã míase le mía ɖokui me abe hakpalaa ene esime wògblɔ be: “Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ!”—Ps. 19:15.
14. Le Efesotɔwo 4:30, 31 ƒe nya nu la, nu kawo ŋue wòle be míaɖe asi le?
14 Ele be míaɖe asi le ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoe, dzugbewo, kple nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ŋu. Esi Paulo xlɔ̃ nu ku ɖe nuxaxadodo na Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu vɔ la, eŋlɔ bena: “Mina woaɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome hekpe ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ŋu.” (Ef. 4:30, 31) Esi míenye ame madeblibowo ta la, ehiã be mí katã míaʋli vevie aɖu mía ɖokui dzi le nu siwo ŋu míebuna kple nu siwo míewɔna me. Gake ne míeɖe mɔ “ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku” dodo zu numame na mí la, míanɔ nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ la. Nenema kee wòanɔ ne míeŋlɔ vɔ̃ siwo wowɔ ɖe mía ŋu la ɖi, ne míelé dziku ɖe dɔ me, eye míegbe ŋutifafawɔwɔ kple ame si dze agɔ le mía dzi. Eye ne míeva te aɖabaŋeŋe ƒu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi gɔ̃ hã la, nɔnɔme siwo ate ŋu ana míava wɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la ava nɔ mía si sum eye esia ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu vevie.
15. Ne wowɔ vɔ̃ aɖe ɖe mía ŋu la, nu kae wòle be míawɔ?
15 Ele be míanye dɔmenyolawo, ame siwo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu, kple ame siwo lɔ̃a tsɔtsɔke. Paulo ŋlɔ bena: “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa, abe ale si ko Mawu hã to Kristo dzi tsɔ ke mi faa ene.” (Ef. 4:32) Ne vɔ̃ aɖe si wowɔ ɖe mía ŋu la te ɖe mía dzi vevie gɔ̃ hã la, mina míatsɔe ake abe ale si Mawu tsɔna kea míi ene. (Luka 11:4) Tsɔe be haxɔsetɔ aɖe gblɔ nya gbegblẽ aɖe le ŋuwò. Le esi nèdi be yeadzra mia kplii dome ɖo ta la, ète ɖe eŋu. Ese veve ɖe nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta anukwaretɔe eye wòbia be nàtsɔe ake ye. Ètsɔe kee, gake ele be nàwɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Wogblɔ le 3 Mose 19:18 be: “Mègawɔ wɔɖenui o, eye mègalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nàlɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!”
Ehiã Be Míanɔ Ŋudzɔ
16. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ɖewohĩ ahiã be míawɔ asitɔtrɔ le míaƒe agbenɔnɔ ŋu bene míagado nuxaxa na Yehowa ƒe gbɔgbɔ la o.
16 Ne ame aɖeke mele mía kpɔm o la, ate ŋu adzɔ be wòadzro mí be míawɔ nane si medzea Mawu ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ nɔviŋutsu aɖe nɔa haƒoƒo si mesɔ na Kristotɔwo o la sem. Mlɔeba, eƒe dzitsinya va le fu ɖem nɛ le esi wòŋea aɖaba ƒua Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo dze le agbalẽ siwo “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” ta me la dzi ta. (Mat. 24:45) Ðewohĩ ado gbe ɖa le kuxia sia ŋu eye aɖo ŋku nya siwo Paulo gblɔ le Efesotɔwo 4:30 la dzi. Esi wòɖoe kplikpaa be yemawɔ naneke atsɔ ado nuxaxa na Mawu ƒe gbɔgbɔa o ta la, etso nya me be yemagaɖo to ha siwo medze na Kristotɔwo o la azɔ o. Yehowa ayra ɖe gbɔgbɔ si nɔviŋutsu sia ɖe fia la dzi. Eya ta mina míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi be míaganɔ nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ la o.
17. Nu kae ate ŋu adzɔ nenye be míenɔa ŋudzɔ henɔa gbedodoɖa dzi o?
17 Ne míenɔa ŋudzɔ henɔa gbedodoɖa dzi o la, ate ŋu adzɔ be míaƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna makɔmakɔ alo nuwɔna gbegblẽ aɖe si anye nuxaxadodo na gbɔgbɔ la me. Esi wònye be mía Fofo si le dziƒo ƒe amenyenye dzena le ale si gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔe me ta la, ne míedo nuxaxa na eƒe gbɔgbɔa la, ekema míedo nuxaxa na Yehowa—nu si míadi be míawɔ gbeɖe o. (Ef. 4:30) Yudatɔ agbalẽfiala siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ nu vɔ̃ esi wogblɔ bena Satana ƒe ŋusẽ mee Yesu wɔ nukunuwo le. (Mixlẽ Marko 3:22-30.) Kristo ƒe futɔ mawo ‘gblɔ busunya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu,’ eya ta wowɔ nu vɔ̃ si womate ŋu atsɔ ake o. Negadzɔ gbeɖe be míawɔ nu nenema o!
18. Aleke míate ŋu awɔ anya be míewɔ nu vɔ̃ si womate ŋu atsɔ ake o la o?
18 Esi wònye be míedi be míate ɖe nu vɔ̃ si womate ŋu atsɔ ake o wɔwɔ ŋu gɔ̃ hã o ta la, ele be nya si Paulo gblɔ bena míaganɔ nuxaxa dom na gbɔgbɔ la o nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi. Ke ne edzɔ be míewɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya ya ɖe? Nenye be míetrɔ dzi me eye hamemetsitsiwo kpe ɖe mía ŋu la, míate ŋu aƒo nya ta be Mawu tsɔe ke mí eye be míewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu o. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aƒo asa na nuxaxadodo na gbɔgbɔa ake le etsɔme.
19, 20. (a) Nu siwo wòle be míaƒo asa na la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?
19 Mawu toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi doa lɔlɔ̃, dzidzɔ, kple ŋutifafa ɖe ŋgɔ le eƒe amewo dome. (Ps. 133:1-3) Eya ta mele be míanɔ ameŋugblẽnyawo alo nya siwo ana amewo magade bubu alẽkplɔla siwo woto gbɔgbɔa dzi ɖo la ŋu o la gblɔm o, bene míagado nuxaxa na gbɔgbɔ la o. (Dɔw. 20:28; Yuda 8) Ke boŋ ele be míado ɖekawɔwɔ kple bubudede ame nɔewo ŋu ɖe ŋgɔ le hamea me. Mele be míanɔ ha dem kple ame aɖewo ko le hamea me eye míado mamadede hamea me ƒe nuwɔna sia ɖe ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome o. Paulo ŋlɔ bena: “Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye be mamawo naganɔ mia dome o, ke boŋ be miawɔ ɖeka nyuie le susu ɖeka kple tamesusu ɖeka me.”—1 Kor. 1:10.
20 Yehowa le didim eye wòle klalo be yeakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nuxaxadodo na eƒe gbɔgbɔ la. Mina míayi edzi anɔ gbe dom ɖa anɔ gbɔgbɔ kɔkɔea biam eye míaɖoe kplikpaa be míagawɔ nu si ado nuxaxa nɛ o. Mina míayi edzi anɔ ‘nu ƒãm hena gbɔgbɔ la,’ ahanɔ eƒe mɔfiafia dim vevie tso fifia yi ɖe mavɔ me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nu kae wòfia be ame nado nuxaxa na Mawu ƒe gbɔgbɔa?
• Aleke wòate ŋu adzɔe be ame aɖe si ɖe adzɔgbe na Yehowa la nado nuxaxa na eƒe gbɔgbɔa?
• Mɔ kawo dzie míate ŋu ato aƒo asa na nuxaxadodo na gbɔgbɔ kɔkɔe la?
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Kpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Kae woate ŋu atsɔ aɖɔ wò nyagbɔgblɔwo nyuie wu?