INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/15 axa 20-24
  • Nya Dzetowo Gbɔgblɔ Nana Míenɔa Ƒomedodo Nyui Me Kple Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Dzetowo Gbɔgblɔ Nana Míenɔa Ƒomedodo Nyui Me Kple Amewo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Wòfia Be Míaƒe Nyagbɔgblɔ Nadze To?
  • “Ðoɖoeziɣi Li, Eye Nuƒoɣi Li”
  • Dɔmenyowɔwɔ Nana Míenɔa Ƒomedodo Nyui Me Kple Amewo
  • De Dzi Ƒo Na Amewo To Nya Tuameɖowo Gbɔgblɔ Me
  • Zã Nya Tuameɖowo Le Ƒomea Me
  • Gblɔ Nya Nyuiwo Tso Dzi Me
  • Tsɔe Ke Tso Dzi Me
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Nu Si Ta Wòle Be Nàkpɔ Wò Aɖe Dzi
    Nyɔ!—2011
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • ‘Yi Edzi Nànɔ Nu Vɔ̃ɖi Dzi Ðum’ To Dziku Dzi Ðuɖu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/15 axa 20-24

Nya Dzetowo Gbɔgblɔ Nana Míenɔa Ƒomedodo Nyui Me Kple Amewo

“Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi.”—KOL. 4:6.

1, 2. Nu nyui kawoe do tso nɔviŋutsu aɖe ƒe nuƒoƒo tufafatɔe me?

NƆVIŊUTSU aɖe gblɔ be: “Esime menɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me la, medo go ŋutsu aɖe si do dziku ɖe ŋunye vevie ale gbegbe be eƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm eye eya amea katã nɔ ƒoƒom. Medze agbagba be madzro Ŋɔŋlɔawo me kplii tufafatɔe, gake ɖeko eƒe dzikua gafla ɖe edzi. Srɔ̃a kple viawo wɔ ɖeka kplii henɔ dzuyem dzikutɔe, eye mekpɔe be ele be madzo. Meka ɖe edzi na ƒomea be ŋutifafa tae meva ɖo eye medi be matrɔ adzo le ŋutifafa me. Metsɔ Galatiatɔwo 5:22 kple 23 me nya siwo me woyɔ lɔlɔ̃, tufafa, ɖokuidziɖuɖu, kple ŋutifafa le la fia wo, eye medzo.

2 “Emegbe esi menɔ aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm le mɔa ƒe akpa kemɛ la, mekpɔ ƒome sia wonɔ anyi ɖe woƒe agbonu. Woyɔm be mava. Megblɔ le tame be, ‘Nu kae gadzɔ?’ Ŋutsua lé tsigoe si me tsi fafɛ le ɖe asi eye wòna tsim be mano. Eɖe kuku ɖe eƒe nyanyra ɖem ta eye wòkafum ɖe xɔse sesẽ si le asinye ta. Ƒomedodo nyui va nɔ mía kplii dome hafi medzo.”

3. Nu ka tae mele be míaɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuwɔna nado dziku na mí o?

3 Le egbe ƒe xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo me la, míanɔ go dom dzikumewo godoo, le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me gɔ̃ hã. Ne míedo go ame siawo ƒomevi la, ele vevie be míawɔ nu le “tufafa kple bubu deto” me. (1 Pet. 3:15) Ne ɖe nɔviŋutsu si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la ɖe mɔ aƒemenɔlaa ƒe nyanyra kple nya madzeto siwo wògblɔ ɖe eŋu la na wòdo dziku la, anye ne ŋutsua mava wɔ nu tufafatɔe nenema o; ke boŋ ana wòado dziku ɖe edzi wu gɔ̃ hã. Esi nɔviŋutsua ɖu eɖokui dzi eye wòƒo nu tufafatɔe ta la, nu nyuiwo do tso eme.

Nu Kae Wòfia Be Míaƒe Nyagbɔgblɔ Nadze To?

4. Nu ka tae wòle vevie be míaƒe nyagbɔgblɔwo nadze to?

4 Eɖanye hamea me tɔwo alo ame siwo menye hamea me tɔwo o, alo míaƒe ƒometɔwo gɔ̃ hãe míele nu wɔm kple o, ele vevie be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.” (Kol. 4:6) Nya vivi siawo tɔgbi, siwo sɔ la, gbɔgblɔ le vevie be dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui kple ŋutifafa nanɔ mía kple ame bubuwo dome.

5. Nu kae dzeɖoɖo nyuie mefia o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

5 Dzeɖoɖo nyui mefia be nàgblɔ nya ɖe sia ɖe si susum nèle kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la ɣesiaɣi o, vevietɔ ne èdo dziku. Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be dziku dzi maɖumaɖu mefia be ŋusẽ le ame si o, ke boŋ gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesie wònye. (Mixlẽ Lododowo 25:28; 29:11.) Mose, si ŋu wogblɔ le be ‘efa wu’ ame siwo katã nɔ agbe ɣemaɣi la, ɖe mɔ gbe ɖeka Israel dukɔ dzeaglã la ƒe nuwɔna na meɖu eƒe dziku dzi o eye wòdo kpo ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu. Mose ɖe ale si wòse le eɖokui me la gblɔ eme kɔ nyuie, ke hã, Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Esi Mose kplɔ Israel dukɔa ƒe 40 sɔŋ vɔ megbe la, mɔnukpɔkpɔ mesu esi wòkplɔ wo yi Ŋugbedodonyigbaa dzi o.—4 Mose 12:3; 20:10, 12; Ps. 106:32.

6. Nu kae wòfia be míaɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me?

6 Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míawɔ ɖokuidziɖuɖu kple ŋuɖɔɖɔɖo, alo nuŋububu nyui ŋu dɔ le nuƒoƒo me. ‘Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke ame si kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.’ (Lod. 10:19; 17:27) Ke hã, be míanye nunyala alo ame ɖɔŋuɖo mefia be míagaɖe ale si míese le mía ɖokui me la agblɔ gbeɖe o. Ke boŋ efia be míaƒe nyagbɔgblɔwo “nadze to,” si fia be míazã aɖe la atsɔ ada gbe le ame ŋu, ke menye be míatsɔe ade abi ame ŋu o.—Mixlẽ Lododowo 12:18; 18:21.

“Ðoɖoeziɣi Li, Eye Nuƒoɣi Li”

7. Nya kawo tɔgbie mele be míagblɔ o, eye nu ka tae?

7 Ale si ko wòhiã be míaƒo nu na míaƒe dɔwɔhatiwo kple ame siwo míedoa goe le subɔsubɔdɔa me ameŋububutɔe, le ɖokuidziɖuɖu me la, nenema kee wòle be míawɔ le hamea me kple aƒe me siaa. Ne míewɔa nu dzikutɔe eye míebua nu gbegblẽ siwo ate ŋu ado tso eme ŋu o la, ate ŋu agblẽ nu la míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu le gbɔgbɔ me, le seselelãme kpakple ŋutilã me siaa vevie. (Lod. 18:6, 7) Ele be míaɖu seselelãme gbegblẽwo, siwo ɖea míaƒe blibomademade fiana la, dzi. Dzugbewo zazã, fewuɖuɖu, vlododo ame, kple dɔmedzoedodowo menyo o. (Kol. 3:8; Yak. 1:20) Woate ŋu agblẽ ƒomedodo xɔasi si le mía kple amewo dome kple ƒomedodo xɔasi si le mía kple Yehowa dome la me. Yesu fia nu be: “Ame si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋu la, woabia akɔntae le ʋɔnudrɔ̃ƒe; eye ame sia ame si agblɔ gbɔɖiamenya aɖe ɖe nɔvia ŋu atsɔ ado ŋukpee la, woabia akɔntae le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ŋkume; eye ame sia ame si agblɔ be, ‘Èdzɔ lã ŋutɔ!’ la, adze na Gehena si me dzo le la.”—Mat. 5:22.

8. Ɣekaɣie wòle be míaɖe míaƒe seselelãmewo agblɔ, ke hã, aleke míawɔ esiae?

8 Gake le nya aɖewo gome la, ɖewohĩ míakpɔe be nu nyuitɔ si míawɔe nye be míaƒo nu tso wo ŋu. Ne nɔvi aɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si le fu ɖem na wò ale gbegbe be màte ŋu aɖe kɔ ɖa le eŋu o la, mègayi edzi anɔ fu lémee le dzi me o. (Lod. 19:11) Ne ame aɖe do dziku na wò la, dze agbagba nàɖu wò seselelãme dzi, emegbe ɖe afɔ siwo hiã nàtsɔ akpɔ nyaa gbɔ. Paulo ŋlɔ bena: “Miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o.” Esi wònye be nu si wòwɔ alo nya si wògblɔ la gakpɔtɔ le fu ɖem na wò ta la, te ɖe eŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi miaƒo nu tso nyaa ŋu ameŋububutɔe. (Mixlẽ Efesotɔwo 4:26, 27, 31, 32.) Ƒo nu tso nyaa ŋu na nɔviwòa anukwaretɔe, ke hã, gblɔe tufafatɔe, kple susu be nàdzra mia kplii dome ɖo.—3 Mose 19:17; Mat. 18:15.

9. Nu ka tae wòle be míaɖu míaƒe gbɔgbɔ dzi hafi ate ɖe ame siwo do dziku na mí la ŋu?

9 Gake ele vevie be nàbu nuwo ŋu nyuie atia ɣeyiɣi nyuitɔ. “Ðoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi [hã] li.” (Nyagb. 3:1, 7) Gakpe ɖe eŋu la, “ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.” (Lod. 15:28) Ðewohĩ esia abia be nàlala ɣeyiɣi nyuitɔ hafi aƒo nu tso kuxiwo ŋu. Ne èɖe afɔ sia esime nègale dziku dom vevie la, agblẽ nyaa ɖe edzi kura; ke hã, nunya mele eme be nàlala ɣeyiɣi didi hã o.

Dɔmenyowɔwɔ Nana Míenɔa Ƒomedodo Nyui Me Kple Amewo

10. Aleke dɔmenyowɔwɔ ate ŋu ana ƒomedodo si le mía kple amewo dome nanyo ɖe edzi?

10 Nya dzetowo gbɔgblɔ kple dzeɖoɖo nyuie kpena ɖe mía ŋu míenaa ƒomedodo nyui nɔa mía kple ame bubuwo dome eye míenɔa ŋutifafa me kpli wo. Le nyateƒe me la, ne míewɔa nu sia nu si míate ŋui be ƒomedodo si le mía kple ame bubuwo dome nanyo ɖe edzi la, ate ŋu ana dzeɖoɖo ƒe kadodo si le mía kpli wo dome la me nanyo ɖe edzi wu. Ne míetsona le mía ɖokui si nyoa dɔme na amewo tso dzi me, le kpɔɖeŋu me, ne míedia mɔnukpɔkpɔwo naa kpekpeɖeŋu wo, ne míenaa nu amewo tso dzi me, alo wɔa amedzro na amewo la, ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ mí míaɖo dze kpli wo tso dzi me faa. Ate ŋu ‘alɔ dzoka xɔxɔwo’ akɔ ɖe ame ƒe ta dzi gɔ̃ hã, eye ate ŋu ana amea naɖe nɔnɔme nyuiwo afia, si ana wòanɔ bɔbɔe be míaƒo nu tso nyaawo ŋu faa ahakpɔ wo gbɔ.—Rom. 12:20, 21.

11. Afɔ kae Yakob ɖe be yeatsɔ adzra ye kple Esau dome ɖo, eye nu kae do tso eme?

11 Blemafofo Yakob nya nya sia ƒe nyateƒenyenye nyuie. Eƒe vedzɔ, Esau, do dziku ɖe eŋu ale gbegbe be Yakob si, elabena enɔ vɔvɔ̃m be Esau ava wu ye. Le ƒe geɖe megbe la, Yakob trɔ tso dzronyigba dzi gbɔna aƒe. Esau do go yina ekpe ge eye ame 400 kpe ɖe eŋu. Yakob do gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Emegbe ena eƒe dɔlawo tsɔ lãha gbogbo aɖewo dze eŋgɔ yina na Esau. Taɖodzinu si ta wòɖo nunanawo ɖa la va eme. Kaka woava do go la, Esau ƒe dziku nu fa, eye wòƒu du yi ɖakpla asi kɔ na Yakob.—1 Mose 27:41-44; 32:7, 12, 14-16; 33:4, 10.

De Dzi Ƒo Na Amewo To Nya Tuameɖowo Gbɔgblɔ Me

12. Nu ka tae wòle be míanɔ nya tuameɖowo gblɔm na mía nɔviwo?

12 Mawue Kristotɔwo subɔna, ke menye amegbetɔwoe o. Ke hã, le dzɔdzɔme nu la, míedina be amewo nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Nya tuameɖo siwo míegblɔna ate ŋu ana dzimaɖitsitsi kple nu bubu siwo zu agba le mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dzi la nanɔ wodzoe na wo. Gake nyahehe ɖe wo ŋu ameŋumabumabutɔe ate ŋu ana agba mawo nanɔ wo kpem geɖe wu eye wòana wo dometɔ aɖewo nanɔ wo ɖokuiwo biam be ɖe Yehowa megakpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu o mahã. Eya ta mina míagblɔ nya tuameɖowo tso dzi me atsɔ ade dzi ƒo na amewo, “nya sia nya si nyo hena tutuɖo le ale si wòhiã nu, bene wòana nu nyui aɖe ame siwo asee la.”—Ef. 4:29.

13. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na hamemetsitsiwo ne (a) wole aɖaŋu ɖom? (b) wole agbalẽ ŋlɔm?

13 Hamemetsitsiwo koŋ ye wòle na be ‘woafa tu’ eye woawɔ nu ɖe alẽha la ŋu lɔlɔ̃tɔe. (1 Tes. 2:7, 8) Ne eva hiã be hamemetsitsiwo naɖo aɖaŋu la, woƒe taɖodzinue nye be yewoawɔe “le tufafa me,” ne wole nu ƒom na “tsitretsiɖeŋulawo” gɔ̃ hã. (2 Tim. 2:24, 25) Ele hã be hamemetsitsiwo nazã nya tuameɖowo ne eva hiã be woaŋlɔ agbalẽ na hamemetsitsiwo ƒe ha bubu aɖe alo alɔdzedɔwɔƒea. Ele be ameŋububu kple ŋuɖɔɖɔɖo nadze le woƒe nyawo me, le ɖekawɔwɔ me kple nya si le Mateo 7:12.

Zã Nya Tuameɖowo Le Ƒomea Me

14. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na srɔ̃ŋutsuwo, eye nu ka tae?

14 Ele bɔbɔe be míaŋe aɖaba aƒu ŋusẽ si gbegbe míaƒe nyagbɔgblɔwo, moɖoɖo, kple ale si míewɔa mía ɖokuii ate ŋu akpɔ ɖe ame bubuwo dzi la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ŋutsu aɖewo manya ale si gbegbe woƒe nyagbɔgblɔwo kpɔa ŋusẽ ɖe nyɔnuwo dzii o. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be, “Mevɔ̃na ŋutɔ ne srɔ̃nye blu ɖe tanye.” Nya tɔamewo gbɔgblɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe nyɔnuwo dzi wu ŋutsuwo, eye le nyɔnuwo gome la, woate ŋu anɔ ŋku ɖom edzi hena ɣeyiɣi didi aɖe. (Luka 2:19) Esia nye nyateƒe, vevietɔ nenye be ame si nyɔnua lɔ̃na, si ŋu wòdina be yeade bubui, ye ƒo nu nɛ nenema. Paulo ɖo aɖaŋu na srɔ̃ŋutsuwo be: “Miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m, eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ o.”—Kol. 3:19.

15. Wɔ nu si tae wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu tufafatɔe ƒe kpɔɖeŋu.

15 Le go sia me la, nɔviŋutsu srɔ̃tɔ kpɔnuteƒe aɖe wɔ nu si tae wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu tufafatɔe abe “nugoe si ate ŋu agbã bɔbɔe wu” ene la ƒe kpɔɖeŋu. Egblɔ be: “Ne èlé ze xɔasi aɖe si fla ŋutɔ ɖe asi la, mele be nàlée sesĩe akpa o, ne menye nenema o la, ate ŋu afe. Ne wogatree gɔ̃ hã la, fefeƒea ate ŋu aganɔ dzedzem kokoko. Ne srɔ̃ŋutsu zãa nya siwo nu sẽ akpa le nuƒoƒo na srɔ̃a me la, ate ŋu ade abi eƒe seselelãme ŋu. Eye esia ate ŋu agblẽ nu le woƒe ƒomedodoa ŋu hena ɣeyiɣi didi aɖe.”—Mixlẽ 1 Petro 3:7.

16. Aleke srɔ̃nyɔnu ate ŋu atu eƒe ƒomea ɖoe?

16 Ame bubuwo ƒe nyagbɔgblɔwo ate ŋu ade dzi ƒo na ŋutsuwo hã alo aɖe dzi le wo ƒo—wo srɔ̃wo ƒe nyagbɔgblɔwo hã le eme. “Nyɔnu nyanu,” si ŋu srɔ̃a ate ŋu ‘aɖo dzi ɖo’ vavã la nye ame si bua srɔ̃aŋutsua ƒe seselelãmewo ŋu, abe ale si ko eya ŋutɔ hã dina be ye srɔ̃ nabu yeƒe seselelãmewo ŋui ene. (Lod. 19:14; 31:11) Le nyateƒe me la, srɔ̃nyɔnu ƒe nuwɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe ƒomea dzi hena nyui alo vɔ̃. “Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke [nyɔnu tsibome] tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.”—Lod. 14:1.

17. (a) Aleke wòle be ɖeviwo naƒo nu na wo dzilawo? (b) Aleke wòle be ame tsitsiwo naƒo nu na ɖeviwo, eye nu ka tae?

17 Ele be dzilawo kple ɖeviwo siaa naƒo nu na wo nɔewo bubutɔe. (Mat. 15:4) Ne míele nu ƒom na ɖeviwo la, nuŋububu nyuie akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na ‘dzikudodo’ na wo. (Kol. 3:21; Ef. 6:4) Ne ehiã be woahe to na ɖeviawo gɔ̃ hã la, ele be dzilawo kple hamemetsitsiwo siaa naƒo nu na wo bubutɔe. Ne ame tsitsiwo wɔe alea la, woana wòanɔ bɔbɔe wu na ɖeviwo be woaɖɔ woƒe zɔzɔme ɖo eye akpe ɖe wo ŋu woana ƒomedodo nyui nakpɔtɔ anɔ woa kple Mawu dome. Esia nyo sãsãsã wu be míana wòadze na wo be woƒe nya ti mí, elabena esia awɔe be dzi naɖe le wo ƒo. Ðewohĩ ɖeviwo maɖo ŋku aɖaŋu siwo katã woɖo na wo la dzi o, gake woaɖo ŋku ale si ame bubuwo ƒo nu na woe ya dzi.

Gblɔ Nya Nyuiwo Tso Dzi Me

18. Aleke míate ŋu aɖe vevesese ɖa le míaƒe dzi kple susu me?

18 Nuwɔwɔ tufafatɔe nenye be wodo dziku na mí mefia ko be míaɖo mo kpoo abe ɖe nyaa meve mí o ene o. Ele be míaƒe taɖodzinu nanye be míawɔ nu wòayi ŋgɔ wu míaƒe seselelãmewo dzi zizi ko. Agbagbadzedze be míalé mía ɖokui kpoo le gotagome evɔ míanɔ fiefiẽm le ememe ate ŋu ana nu nate ɖe mía dzi. Ðeko wòle abe ʋukula aɖe nanɔ dzo dem eƒe ʋu me be wòazɔ gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wòaɖo afɔ brek (alo frein) la dzi ene. Esia ate ŋu awɔe be nu nagblẽ le ʋua ŋu. Eya ta mègalé dziku ɖi kakaka eye nàva ɖee ɖe go emegbe o. Do gbe ɖa nàbia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be nàɖe vevesese ɖa le wò dzi me. Na Yehowa ƒe gbɔgbɔ la natrɔ wò dzi kple wò tamesusu ne woawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.—Mixlẽ Romatɔwo 12:2; Efesotɔwo 4:23, 24.

19. Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe be nàƒo asa na dzrewɔwɔ?

19 Ðe afɔ siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖu wò seselelãmewo dzi. Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme madodzidzɔname aɖe me eye nèkpɔe be èle dziku do ge la, ɖewohĩ anyo be nàdzo le teƒea, eye esia awɔe be wò dzi nafa. (Lod. 17:14) Ne ède dzesii be ame si nèle nua ƒom kplii la te dzikudodo la, dze agbagba vevie wu be nàƒo nu tufafatɔe. Ðo ŋku edzi be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lod. 15:1) Nya tɔamewo alo nya veamewo gbɔgblɔ nana dɔmedzoe flana, ne wogblɔ wo kple gbe bɔbɔe gɔ̃ hã. (Lod. 26:21) Eya ta ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme aɖe si me wòle sesẽm na wò be nàɖu ɖokuiwò dzi me la, ‘nɔ blewu le nuƒoƒo me, nànɔ blewu le dziku me.’ Do gbe ɖa be Yehowa ƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe ŋuwò nàgblɔ nya nyuiwo, ke menye nya madzetowo o.—Yak. 1:19.

Tsɔe Ke Tso Dzi Me

20, 21. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ ame bubuwo ƒe vodadawo ake wo, eye nu ka tae wòle be míawɔ esia ɖo?

20 Nublanuitɔe la, mía dometɔ aɖeke metea ŋu ɖua aɖe la dzi bliboe o. (Yak. 3:2) Togbɔ be mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃awo kple míaƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã anɔ agbagba dzem vevie hã la, woate ŋu agblɔ nya nuŋumabumabutɔe ɣeaɖewoɣi wòave mí vevie. Le esi nàdo dziku enumake teƒe la, xɔ dzigbɔɖi nàbu nu si gbɔ wòanya tso be woƒo nu na wò nenema ɖo la ŋu. (Mixlẽ Nyagblɔla 7:8, 9.) Nanee anya te ɖe wo dzia, nanee le ŋɔdzi dom na woa, ɖe wòanye be woƒe lãmee mele kɔkɔm oa, alo ɖe wòanye be ŋutilã ƒe fuɖename aɖe alo seselelãmekuxi aɖee le fu ɖem na woa?

21 Womate ŋu atsɔ nɔnɔme vovovo siawo ado taflatsɛ ɖe dɔmedzoedodo ta ya o. Ke hã, dzesidede nu siwo gbɔ wòate ŋu atso akpe ɖe mía ŋu míase nu si tae amewo tea ŋu gblɔa nya alo wɔa nu siwo mesɔ o ɣeaɖewoɣi ɖo la gɔme, eye esia aʋã mí be míatsɔe ake wo. Mí katã míegblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve ame bubuwo kpɔ, eye míekpɔa mɔ be woatsɔe ake mí dɔmenyotɔe. (Nyagb. 7:21, 22) Yesu gblɔ be hafi Mawu natsɔ míaƒe vodadawo ake mí la, ele be míatsɔ ame bubuwo ƒe vodadawo ake wo. (Mat. 6:14, 15; 18:21, 22, 35) Eya ta ele be míaɖe abla le kukuɖeɖe me eye míatsɔ ake kaba ahato esia me ana lɔlɔ̃—si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo”—la nakpɔtɔ anɔ ƒomea kple hamea siaa me.—Kol. 3:14.

22. Nu ka tae wònyo be míadze agbagba be míaƒe nyagbɔgblɔ nadze to?

22 Nu siwo ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple ɖekawɔwɔ me la ate ŋu anɔ dzidzim ɖe edzi esi nuɖoanyi sia si me dzikudodo bɔ ɖo la le eƒe nuwuwu gogom. Gɔmeɖose nyui siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míazã míaƒe aɖe atsɔ awɔ nyui ke menye vɔ̃ o. Esia awɔe be míanɔ ŋutifafa me kple mía nɔewo geɖe wu le hamea kple ƒomea siaa me, eye míaƒe kpɔɖeŋu nyui la anye ɖaseɖiɖi nyui aɖe na amewo tso Yehowa, mía “Mawu dzidzɔtɔ” la, ŋu.—1 Tim. 1:11.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu ka tae wòle vevie be míatia ɣeyiɣi si asɔ nyuie atsɔ akpɔ masɔmasɔwo gbɔ?

• Nu ka tae wòle be ƒometɔwo nazã ‘nya dzetowo’ ɣesiaɣi ne wole nu ƒom na wo nɔewo?

• Aleke míate ŋu aƒo asa na nya veamewo gbɔgblɔ?

• Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanye ame siwo tsɔna kena?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Na wò dzi nafa, eye emegbe nàdi ɣeyiɣi nyuitɔ miatsɔ aƒo nu tso nyaa ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ele be ŋutsu naƒo nu na srɔ̃a tufafatɔe ɣeawokatãɣi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe