INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/15 axa 29-32
  • Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Srɔ̃wò Mewɔ Nuteƒe Na Wò O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Srɔ̃wò Mewɔ Nuteƒe Na Wò O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Bu Ðokuiwò Ale Si Yehowa Bua Wòe
  • Ale Si Yehowa Faa Akɔ Na Ame
  • Kpekpeɖeŋu Si Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana
  • Ƒo Asa Na Wɔɖenui Wɔwɔ
  • Àte Ŋu Ado Dzi!
  • Le Srɔ̃kpekpea Vɔ Megbe
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Susu Nyui Nenɔ Asiwò Ne Dzidzɔ Mele Wò Srɔ̃ɖeɖe Me O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ðe Woate Ŋu Alé Srɔ̃ɖeɖe Ðe Te le Nuteƒemawɔmawɔ Vɔ Megbea?
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/15 axa 29-32

Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Srɔ̃wò Mewɔ Nuteƒe Na Wò O

MARGARITA kple srɔ̃a, Raúl, subɔ Yehowa abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ene ƒe geɖe.a Gake ɣeyiɣi kpui aɖe le wo vi gbãtɔ dzidzi megbe ko la, Raúl va nɔ tetem ɖa le Yehowa ŋu. Mlɔeba la, Raúl va te agbe gbegblẽ nɔnɔ, eye woɖee le Kristo hamea me. Margarita gblɔ be: “Esi nu siawo katã nɔ dzɔdzɔm la, ɖeko wòwɔ nam abe ɖe mele kuku ge ene. Nye dzi gbã gudugudu, eye nyemenya nu si mawɔ o.”

Le Jane ya ƒe srɔ̃ɖeɖe megbe kpuie la, srɔ̃a wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu le mɔ bubu aɖe nu, si na kakaɖedzi kple lɔlɔ̃ si nɔ esi nɛ la va bu kura. Ŋutsua va nɔ eƒom. Jane gblɔ be: “Zi gbãtɔ si wòtu kɔm la, nye nu ku, ŋu kpem, eye mese le ɖokuinye me be edam ɖe anyi. Eva zu numame nɛ be wòaƒom emegbe wòaɖe kuku nam be matsɔe ake ye. Mesusui be, abe Kristotɔ ene la, enye nye agbanɔamedzi be matsɔe akee ɣesiaɣi ahaŋlɔe be. Mesusui hã be, anye nuteƒemawɔmawɔ be magblɔ míaƒe kuxia na ame aɖe—na hamemetsitsiwo gɔ̃ hã. Ŋlɔmiwɔwɔ ɖe ame ŋu kple tsɔtsɔke sia yi edzi ƒe geɖe. Ɣeyiɣi mawo katã me la, mesusui be nane li wòle be mawɔ be srɔ̃nye nalɔ̃m. Esi wòva dzo le mía kple vinyenyɔnuvia gbɔ mlɔeba la, mese le ɖokuinye me be medo kpo nu, eye be ɖe wòle be mawɔ geɖe wu atsɔ alé srɔ̃ɖeɖea ɖe te hafi.”

Abe Margarita kple Jane ene la, ɖewohĩ srɔ̃wòŋutsu ƒe nuteƒemawɔmawɔ na nèle fu kpem le seselelãme gome, gakuxiwo le fu ɖem na wò, alo ena be nu gblẽ le ŋuwò le gbɔgbɔ me. Alo ɖewohĩ ènye srɔ̃ŋutsu si dzi nu te ɖo eye nèle nɔnɔme sesẽwo me tom le esi srɔ̃wò mewɔ nuteƒe na wò o ta. Ðikeke mele eme o be, míele “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” si ŋu nya wogblɔ ɖi le Biblia me la me. Nyagblɔɖi sia ɖee fia be “le ŋkeke mamlɛawo me la,” ƒomewo ato nɔnɔme sesẽwo me le esi lɔlɔ̃ manɔ ƒome akpa gãtɔ me o ta. Ƒomea me tɔ aɖewo siwo si ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme le la manɔ agbe ɖe eƒe ŋusẽ nu o. (2 Tim. 3:1-5) Kristotɔ vavãwo hã doa go kuxi siawo; eya ta nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ne srɔ̃wò mewɔ nuteƒe na wò o?

Bu Ðokuiwò Ale Si Yehowa Bua Wòe

Le gɔmedzedzea me la, asesẽ na wò be nàxɔe ase be ame aɖe si nèlɔ̃ la ate ŋu awɔ nu wòave wò vevie nenema. Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be nàva nɔ fɔ bum ɖokuiwò ɖe srɔ̃wòa ƒe nu gbegblẽ wɔwɔa ta.

Ke hã, ɖo ŋku edzi be edzɔ kpɔ be ame aɖe si Yesu, si nye ame deblibo gɔ̃ hã, lɔ̃ si dzi wòka ɖo la meva wɔ nuteƒe nɛ o. Hafi Yesu natia exɔlɔ̃ kplikplikpli siwo nye eƒe apostolowo la, ede ŋugble hedo gbe ɖa vevie tso eŋu. Ɣemaɣi la, ame 12 la katã nye Yehowa subɔla siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Eya ta ɖikeke mele eme o be, Yesu xa nu vevie ŋutɔ esi Yuda “va zu yomemɔfiala.” (Luka 6:12-16) Ke hã, Yehowa mebu fɔ Yesu ɖe Yuda ƒe nuwɔnawo ta o.

Enye nyateƒe be srɔ̃tɔ aɖeke menye ame deblibo egbea o. Atsu kple asi siaa wɔa vodadawo. Hakpala aɖe si gbɔgbɔ ʋã la ŋlɔ wòsɔ nyuie be: ‘Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ame kae anɔ te ma?’ (Ps. 130:3) Le Yehowa sɔsrɔ̃ me la, ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nalɔ̃ faa atsɔ wo nɔewo ƒe agɔdzedzewo anɔ wo nɔewo kem.—1 Pet. 4:8.

Ke hã, “mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Rom. 14:12) Ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka ɖoe koŋ nɔa srɔ̃a dzum alo nɔa eƒom la, agɔdzela lae abu akɔnta na Yehowa. Yehowa lé fu ŋutasẽnuwɔwɔ kple amedzudzu, eya ta susu aɖeke kura meli si tae ame aɖe nanɔ nu wɔm ɖe srɔ̃a ŋu lɔlɔ̃ kple bubu manɔmee nenema gbegbe o. (Ps. 11:5; Ef. 5:33; Kol. 3:6-8) Le nyateƒe me la, ne Kristotɔ aɖe wɔa nu le dɔmedzoe me enuenu hegbea dzimetɔtrɔ la, ele be woaɖee ɖa le Kristo hamea me. (Gal. 5:19-21; 2 Yoh. 9, 10) Mele be srɔ̃tɔ nabu fɔ eɖokui ne eyi ɖagblɔ agbenɔnɔ sia si medze Kristotɔ o la ŋu nya na hamemetsitsiwo o. Nyateƒea ye nye be Yehowa sea veve ɖe ame si ŋu wole nu wɔm ɖo alea la nu.

Ne srɔ̃tɔ aɖe wɔ ahasi la, menye srɔ̃a maɖifɔ la ŋu koe wòwɔ nu vɔ̃ ɖo o, ke ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa hã ŋu. (Mat. 19:4-9; Heb. 13:4) Ne srɔ̃tɔ maɖifɔ la dzea agbagba nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la, mehiã be wòabu fɔ eɖokui ɖe srɔ̃a si wɔ ahasi la ƒe nu vɔ̃ wɔwɔa ta o.

Ðo ŋku edzi be Yehowa nya ale si nèsena le ɖokuiwò me. Eɖɔ eɖokui be yenye Israel dukɔa srɔ̃ŋutsu, eye wòna woŋlɔ nya wɔdɔɖeamedzi geɖe siwo ɖe ale si gbegbe wòxa nui esi dukɔa wɔ gbɔgbɔmehasi fia la ɖe eƒe Nya la me. (Yes. 54:5, 6; Yer. 3:1, 6-10) Ne srɔ̃wò mewɔ nuteƒe na wò o le mɔ aɖe nu la, ka ɖe edzi be aɖatsi siwo nèfana la le nyanya na Yehowa nyuie. (Mal. 2:13, 14) Enya ale si gbegbe nèhiã akɔfafa kple dzideƒoe.

Ale Si Yehowa Faa Akɔ Na Ame

Mɔ siwo dzi Yehowa tona faa akɔ na ame la dometɔ ɖekae nye to Kristo hamea dzi. Jane xɔ kpekpeɖeŋu ma. Jane gblɔ be: “Nutome sue dzikpɔla va srã mí kpɔ le ɣeyiɣi aɖe si me nu te ɖe dzinye vevie la me. Enya ale si gbegbe melé blanui le esi srɔ̃nye kpe agbalẽ ɖo le setɔwo gbɔ be yeagbem ta. Egbɔ dzi ɖi kpe ɖe ŋunye mede ŋugble le mawunyakpukpuiwo abe 1 Korintotɔwo 7:15 ene ŋu. Mawunyakpukpuiawo kple akɔfanya siwo wògblɔ nam la kpe ɖe ŋunye medzudzɔ fɔbubu ɖokuinye eye wòna nye susu dze akɔ anyi vie.”b

Margarita, ame si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, hã va kpɔe be Yehowa naa kpekpeɖeŋu to Kristo hamea dzi. Margarita gblɔ be: “Esi wòva dze ƒãa be srɔ̃nye metrɔ dzi me o la, mekplɔ vinyewo heʋu yi dugã bubu me. Esi meɖo dua me la, mekpɔ xɔ aɖe si me xɔdɔme eve le haya. Le ŋufɔke la, metsɔ nuxaxa blibo nɔ míaƒe nuwo ɖom ɖe xɔa me, eye mese ʋɔƒoƒo. Mesusui be míaƒe aƒenɔa, si le xɔ si kplɔ mía tɔa ɖo me ye. Nukutɔe la, nɔvinyɔnu si srɔ̃ Biblia kple danye eye wòkpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu míesrɔ̃ nyateƒea ye ƒo ʋɔa. Nɔvinyɔnua menɔ mɔ kpɔm be yeakpɔm le afi sia o; aƒenɔ la tae wòva aƒea me ɖo, elabena esrɔ̃a Biblia kplii. Esi mekpɔe la, nye dzi eme ale gbegbe be ɖeko mede asi avifafa me. Megblɔ nu si dzɔ ɖe dzinye la nɛ, eye mía kplii míefa avi. Ewɔ ɖoɖo enumake be míade kpekpe gbe ma gbe. Hamea me tɔwo xɔ mí atuu, eye hamemetsitsiwo wɔ ɖoɖo aɖewo be woakpe ɖe ŋunye makpɔ nye ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ.”

Kpekpeɖeŋu Si Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana

Le nyateƒe me la, Kristo hamea me tɔwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔwo le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, eva hiã azɔ be Margarita nadi dɔ awɔ. Ƒome aɖe si le hamea me tsɔ wo ɖokuiwo na be ɣesiaɣi si wòahiã la, yewoanɔ viawo gbɔ kpɔm ne wogbɔ tso suku.

Margarita gblɔ be: “Nu si ŋu mekpɔa ŋudzedze ɖo wue nye ne nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo lɔ̃ faa be yewoayi gbeadzi kple mía kple vinyewo.” Ne hamea me tɔwo naa kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ mawo la, ke ‘wole wo nɔewo ƒe agbawo tsɔm’ eye esia wɔwɔ nye “Kristo la ƒe se” dzi wɔwɔ.—Gal. 6:2.

Ame siwo le fu kpem le ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta la kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ mawo ŋu ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, Monique, si gbɔ srɔ̃a dzo le eye wògblẽ Amerika dɔlar 15,000 ƒe fe kpakple vi ene ɖe edzi la, gblɔ be: “Nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖe lɔlɔ̃ fiam ŋutɔ. Nyemenya ale si nuwo anɔ nam ne ɖe womekpe ɖe ŋunye o. Mese le ɖokuinye me be Yehowa na nɔviŋutsu nyuiwom, ame siawo tsɔ wo ɖokuiwo na faa hena kpekpeɖeŋu vinyewo. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi mekpɔ ale si kpekpeɖeŋu mawo na vinyewo nɔ tsitsim le gbɔgbɔ mee. Ne mehiã aɖaŋuɖoɖo la, hamemetsitsiwo kpena ɖe ŋunye. Ne mehiã ame aɖe si magblɔ nye kuxiwo na la, woɖoa tom.”—Mar. 10:29, 30.

Ke hã, xɔlɔ̃ lɔ̃ame anya ɣeyiɣi siwo me manyo be wòado nɔnɔme wɔnublanui si me ame aɖe to la ƒe nya ɖa o. (Nyagb. 3:7) Margarita gblɔ be: “Zi geɖe la, edoa dzidzɔ nam be mía kple nɔvinyɔnu siwo le hame yeye si me mele me la míaɖo dze tso gbeƒãɖeɖedɔa, míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo, kple mía viwo ŋu—míeɖoa dze tso nu sia nu ŋu, negbe nye kuxiwo ŋu koe míeɖoa dze tso o. Mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si wokpe ɖe ŋunye meŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe dzinye la be eye medze agbe yeye gɔme la ŋu ŋutɔ.”

Ƒo Asa Na Wɔɖenui Wɔwɔ

Ɣeaɖewoɣi la, menye ɖe nànɔ fɔ bum ɖokuiwò ɖe srɔ̃wò ƒe nuteƒemawɔmawɔa ta o, ke boŋ ànɔ dziku dom ɖe ale si eƒe nu vɔ̃a na nèva le fu kpem vevie ta. Ne èɖe mɔ dziku sia nu sẽ ɖe mewò la, ate ŋu ana ale si nèɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na Yehowa la me nagbɔdzɔ. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be nàva nɔ didim be yeato mɔ aɖewo dzi aɖo vɔ̃ si srɔ̃wòa wɔ ɖe ŋuwò la teƒe nɛ.

Ne ède dzesii be didi be yeaɖo eteƒe nɛ nu va le sesẽm le wò dzi me la, anyo be nàde ŋugble tso Yosua kple Kaleb ƒe kpɔɖeŋua ŋu. Ŋutsu nuteƒewɔla siawo de woƒe agbe afɔku me yi ɖatsa ŋku le Ŋugbedodonyigba la dzi. Xɔse menɔ ŋkutsala mamlɛawo ya si o eye woɖe dzi le dukɔa ƒo ale be womeɖo to Yehowa ƒe gbe o. Israel viwo dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã di be yewoaƒu kpe Yosua kple Kaleb le esi wonɔ agbagba dzem be yewoade dzi ƒo na dukɔa be woawɔ nuteƒe na Mawu ta. (4 Mose 13:25–14:10) Le Israel dukɔa ƒe nuwɔnawo ta la, eva hiã be Yosua kple Kaleb natsa le gbea dzi ƒe 40 sɔŋ, evɔ wònye womewɔ vodada aɖeke hafi o, ame bubuwoe wɔ vodada la.

Togbɔ be esia anya te ɖe Yosua kple Kaleb dzi hã la, womeɖe mɔ wo nɔviwo ƒe nu vɔ̃awo na wolé dziku ɖe dɔ me o. Woƒe susu nɔ ale si woawɔ nuteƒe na Yehowae la ŋu. Esi wotsa le gbea dzi ƒe 40 megbe la, Mawu ɖo eteƒe na woa kple Lewi viwo siaa be wotsi agbe le dzidzime ma me eye wòɖe mɔ na wo woyi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi.—4 Mose 14:28-30; Yos. 14:6-12.

Nu si srɔ̃wò mawɔnuteƒea wɔ la ate ŋu ana nàkpe fu hena ɣeyiɣi didi aɖe. Togbɔ be ɖewohĩ miagbe mia nɔewo hã la, ɖewohĩ vevesesewo ya nu matso o eye gakuxiwo hã ate ŋu aɖe fu na wò. Ke hã, le esi nàɖe mɔ nu siwo aɖe dzi le ƒowò naxɔ susu me na wò teƒe la, ɖo ŋku edzi be Yehowa nya ale si wòaɖo eteƒe na ame siwo ɖoe koŋ ŋe aɖaba ƒu eƒe dzidzenuwo dzi la nyuie wu ame sia ame, abe ale si ko nu si dzɔ ɖe Israel vi xɔsemanɔsitɔ mawo dzi le gbea dzi la ɖee fia ene.—Heb. 10:30, 31; 13:4.

Àte Ŋu Ado Dzi!

Le esi nàɖe mɔ dziɖeleameƒonyawo ŋu bubu nate wò dzi ɖe to teƒe la, na Yehowa ƒe nyawo naxɔ susu me na wò. Jane gblɔ be: “Mekpɔe be toɖoɖo Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo me nya siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi kpe ɖe ŋunye mete ŋu do dzi. Kpekpeawo dede hã do ŋusẽm geɖe ŋutɔ. Gomekpɔkpɔ le kpekpeawo me bliboe kpe ɖe ŋunye meɖe susu ɖa le nye kuxiawo ŋu. Gbeƒãɖeɖedɔa hã kpe ɖe ŋunye nenema ke. To kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woaxɔ Yehowa dzi se me la, medo ŋusẽ nye ŋutɔ hã nye xɔse. Eye beléle na Biblia nusrɔ̃viwo kpe ɖe ŋunye metsɔ nye susu ɖo nu siwo le vevie wu la ŋu.”

Monique, si ŋu míeƒo nu tso va yi la, gblɔ bena: “Kpekpeawo dede edziedzi kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi ale si mate ŋui kpe ɖe ŋunye mete ŋu do dzi. Míete ɖe mía nɔewo ŋu kplikplikpli wu le ƒomea me eye nenema kee wòle le míaƒe ƒomea kple hamea hã gome. Nu si me meto la kpe ɖe ŋunye mekpɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo dze sii. Wodom kpɔ, gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu do dzi.”

Wò hã àte ŋu ado dzi le dodokpɔ siawo tɔgbi me. Togbɔ be srɔ̃wò ƒe nuteƒemawɔmawɔ ado nuxaxa na wò hã la, dze agbagba nàwɔ ɖe Paul ƒe aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me la dzi: “Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi.”—Gal. 6:9.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b Kpɔ February 8, 2002 ƒe Nyɔ!, axa 27-29 kple April-June 2010, ƒe Nyɔ!, axa 18-23 hena numeɖeɖe tsitotsito ku ɖe Biblia ƒe nukpɔsusu le kaklã kple srɔ̃gbegbe ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ame siwo wo srɔ̃wo gblẽ ɖi la kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo kpena ɖe wo ŋu le subɔsubɔdɔa me ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe