Ðe Ame Ate Ŋu Anya Mawu Nyuiea?
Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ wònye be míate ɖe ame ŋkuta aɖe ŋu ayɔ eŋkɔ ahado gbe nɛ. Zi geɖe la, wotsɔa dzesideŋkɔ siwo nye “Dukplɔla Bubutɔ,” “Aƒetɔ,” alo “Aƒetɔ Bubutɔ,” yɔa amegãwoe. Eya tae ne amegã aɖe gblɔ na wò be: “Àte ŋu ayɔ nye ŋkɔ ŋutɔŋutɔ faa” la, àse le ɖokuiwò me be bubu wònye na ye.
MAWU vavã la gblɔ na mí le eƒe Nya Biblia me be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.” (Yesaya 42:8) Togbɔ be dzesideŋkɔ geɖewo le esi, siwo dometɔ aɖewoe nye “Wɔla,” “Ŋusẽkatãtɔ,” kple “Aƒetɔ Dziɖulagã” hã la, ena mɔnukpɔkpɔ esubɔla wɔnuteƒewo be woayɔ yeƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ faa.
Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Mose ƒo koko na Mawu ɣeaɖeɣi be: “Yehowa, meɖe kuku.” (2 Mose 4:10, NW) Fia Salomo dze gbe si wòdo ɖa tsɔ kɔ Yerusalem gbedoxɔa ŋu la gɔme be: “Yehowa.” (1 Fiawo 8:22, 23) Eye nyagblɔɖila Yesaya gblɔ na Mawu ɖe Israel dukɔa nu be: “Wò Yehowa enye mía fofo.” (Yesaya 63:16) Eme kɔ ƒãa be, mía Fofo si le dziƒo la di be míayɔ yeƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ.
Togbɔ be Yehowa ƒe ŋkɔa yɔyɔ le vevie hã la, eya amea nyanya nyuie ya gale vevie wu. Yehowa do ŋugbe na ame si lɔ̃nɛ heɖoa ŋu ɖe eŋu la be: “Makɔe aɖo kɔkɔƒe, elabena enya nye ŋkɔ.” (Psalmo 91:14) Eya ta Mawu nyanya nyuie abia nu geɖe, elabena ele vevie hafi Mawu nakpɔ mía ta. Ekema nu kae wòle be nàwɔ hafi ate ŋu anya ame si tɔ ŋkɔ Yehowa nyuie?