Wɔ Wò Ŋutete Katã Le Gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ Gã La Me
“Miwɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ la me.”—1 KOR. 15:58.
1. Dɔ ka mee Yesu kpe eƒe nusrɔ̃lawo be woakpɔ gome le?
ESI Yesu nɔ mɔ zɔm to Samaria nutoa me le ƒe 30 M.Ŋ. ƒe nuwuwu la, eva nɔ anyi ɖe vudo aɖe, si te ɖe du si woyɔna be Sixar ŋu la to be yeaɖi ɖe eme. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le afi ma be: “Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe.” (Yoh. 4:35) Menye agblenukuwo ŋeŋee Yesu wɔnɛ le afi sia o, ke boŋ dzi dzɔdzɔetɔ, siwo ava nye eyomedzelawo la nu ƒoƒo ƒu ŋu nya gblɔm wònɔ. Eya ta nya si wògblɔ la fia be enɔ eƒe nusrɔ̃lawo kpem be woakpɔ gome le nuŋeŋedɔ ma me. Dɔ geɖe nɔ wo ŋgɔ woawɔ, ke hã, ɣeyiɣi kpui aɖe koe nɔ wo si be woatsɔ awɔe ade goe!
2, 3. (a) Nu kae ɖee fia be míele nuŋeɣi la me? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
2 Nya si Yesu gblɔ tso nuŋeŋedɔa ŋu la le vevie na mí egbea ŋutɔ. Míele ɣeyiɣi aɖe si me ameƒomea, si míate ŋu atsɔ asɔ kple agble la, ‘ƒu hena ŋeŋe’ la me. Ƒe sia ƒe la, wokpea ame miliɔn geɖe be woaxɔ nyateƒe siwo naa agbe la, eye wonyrɔa nusrɔ̃la yeye akpe geɖewo. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míakpɔ gome le nuŋeŋedɔ gã si tɔgbi womewɔ kpɔ le ŋutinya katã me o la me, le nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ, Yehowa Mawu, ƒe mɔfiafia te. Ðe nèle ‘geɖe wɔm’ le nuŋeŋedɔ sia mea?—1 Kor. 15:58.
3 Le ƒe etɔ̃ kple afã siwo Yesu tsɔ wɔ eƒe subɔsubɔdɔa le anyigba dzi me la, ena hehe eƒe nusrɔ̃lawo nyuie be woawɔ dɔ si wòde wo si abe nuŋelawo ene la. Le nyati sia me la, míadzro nu vevi geɖe siwo Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo la dometɔ etɔ̃ me. Nu siwo me míadzro la dometɔ ɖe sia ɖe te gbe ɖe nɔnɔme aɖe si wòle vevie ŋutɔ be míatu ɖo esi míele agbagba dzem be míawɔ míaƒe ŋutete katã le nusrɔ̃lawo nu ƒoƒo ƒu ƒe dɔ si le edzi yim egbea me la dzi. Azɔ na míadzro nɔnɔme siawo me ɖekaɖeka.
Ðokuibɔbɔ Le Vevie
4. Nu kae Yesu wɔ tsɔ ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe vevienyenye fia?
4 Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Ðeko nusrɔ̃lawo he nya le wo nɔewo dome ku ɖe ame si nye gãtɔ ŋu teti koe nye ema. Ele dzedzem le woƒe mo be dzi le wo kum eye womeka ɖe wo nɔewo dzi o. Eya ta Yesu yɔ ɖevi sue aɖe be wòava tɔ ɖe wo titina. Le susuhehe yi ɖevi suea dzi me la, egblɔ be: “Ame sia ame si abɔbɔ eɖokui [alo “ame sia ame si awɔ eɖokui sue,” Byington] abe ɖevi sue sia ene lae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me.” (Mixlẽ Mateo 18:1-4.) Le esi woanɔ nuwo ŋu bum abe ale si xexea me tɔwo, siwo bua amewo gã le ŋusẽ, kesinɔnu, kple ɖoƒe, si le wo si nu, bunɛ ene teƒe la, ele be nusrɔ̃lawo nase egɔme be ale si ‘wowɔa wo ɖokui sue’ le ame bubuwo dome ye ɖea woƒe gãnyenye fiana. Ne wobɔbɔa wo ɖokuiwo le nyateƒe me ko hafi Yehowa ayra wo ahazã wo.
5, 6. Nu ka tae wòle be nàbɔbɔ ɖokuiwò hafi ate ŋu awɔ wò ŋutete katã le nuŋeŋedɔa me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
5 Egbea hã, ame siwo le xexea me la dometɔ geɖe tsɔ woƒe agbe ɖo anyi na ŋusẽ, kesinɔnu, kple ɖoƒe didi. Esia wɔe be ɣeyiɣi vi aɖe koe wokpɔna ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu alo womekpɔa vovo ɖe wo ŋu kura koŋ o. (Mat. 13:22) Gake to vovo na esia la, edzɔa dzi na Yehowa ƒe amewo ya be ‘yewoawɔ yewo ɖokui sue’ le ame bubuwo dome bene nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu ahayra yewo.—Mat. 6:24; 2 Kor. 11:7; Flp. 3:8.
6 Bu Francisco, si le subɔsubɔm abe hamemetsitsi ene le South America ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esime wònye ɖekakpui nɔ yunivɛsiti la, edzudzɔ sukua heva zu mɔɖela. Egblɔ emegbe be: “Ɣeyiɣi aɖe megbe esime meɖoe be maɖe srɔ̃ la, mekpɔe be mate ŋu adi dɔ aɖe si ana be ganyawo nade mía kple srɔ̃nye dzi wu hafi. Gake míetso nya me be míanɔ agbe tsɛ ale be mí ame evea siaa míayi edzi awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Emegbe míeva te vidzidzi, eye esia wɔe be kuxiwo va nɔ dzidzim ɖe edzi. Gake Yehowa kpe ɖe mía ŋu míelé nyametsotso si míewɔ be míanɔ agbe tsɛ la me ɖe asi.” Francisco ƒo nya ta be: “Ƒe 30 kple edzivɔwoe nye esia la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mele subɔsubɔm abe hamemetsitsi ene, eye dɔdeasi tɔxɛ bubu geɖewo hã su asinye. Meve mí kpɔ gbeɖe be míetso nya me be míanɔ agbe tsɛ o.”
7. Aleke nèdze agbagba be yeawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le Romatɔwo 12:16 la dzi?
7 Ne wò hã ètrɔ megbe de xexea ƒe “nu kɔkɔwo” eye nèdze “nu siwo bɔbɔ ɖe anyi la yome” la, àte ŋu akpɔ mɔ be yayra kple mɔnukpɔkpɔ bubuwo asu asiwò le nuŋeŋedɔa me.—Rom. 12:16; Mat. 4:19, 20; Luka 18:28-30.
Kutrikuku Hea Yayrawo Vanɛ
8, 9. (a) Ƒo nu tso talentowo ŋuti kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la ŋu kpuie. (b) Ame kawo koŋue kpɔɖeŋu sia ate ŋu ade dzi ƒo na?
8 Nɔnɔme bubu aɖe si wòle be míatu ɖo hafi míate ŋu awɔ míaƒe ŋutete katã le nuŋeŋedɔa mee nye kutrikuku. Yesu ɖe esia ƒe nyateƒenyenye fia le talentowo ŋuti kpɔɖeŋua me.a Kpɔɖeŋu ma ku ɖe ŋutsu aɖe si tsɔ eƒe nunɔamesiwo de eƒe kluvi etɔ̃ si me hafi zɔ mɔ yi duta ŋu. Kluvi gbãtɔa xɔ talento atɔ̃, evelia xɔ talento eve, eye etɔ̃lia xɔ talento ɖeka. Esi woƒe aƒetɔa zɔ mɔa la, kluvi eve gbãtɔawo wɔ nu kutrikukutɔe, elabena wotsɔ woƒe talentoawo ‘tsa asi’ enumake. Gake kluvi etɔ̃lia ya nye “kuviatɔ.” Eɖi eƒe talentoa ɖe to me. Esi ŋutsua trɔ gbɔ la, etsɔ kluvi eve gbãtɔawo “[ɖo] nu geɖewo nu” tsɔ ɖo eteƒe na wo. Exɔ talento si wòtsɔ na kluvi etɔ̃lia la le esi eye wònya kluvi ma do go le eƒe aƒea me.—Mat. 25:14-30.
9 Ðikeke mele eme o be, wò dzimedidie nye be nàsrɔ̃ kluvi siwo wɔ dɔ kutrikukutɔe le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la ƒe kpɔɖeŋu eye nàwɔ wò ŋutete katã le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me. Gake ne wò nɔnɔmewo wɔe be dɔ vi aɖe ko nète ŋu wɔna le subɔsubɔdɔa me ya ɖe? Ðewohĩ gakuxi sesẽwo wɔe be ehiã be nàwɔ dɔ gaƒoƒo geɖe hafi akpɔ wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Alo ɖewohĩ ɖekakpuimeŋusẽ kpakple lãmesẽ megale ŋuwò tututu o le ƒe si nèxɔ fifia ta. Ne aleae wòle le gowòme la, nya dedziƒoname aɖe le talentowo ŋuti kpɔɖeŋua me na wò.
10. Alekee aƒetɔ si le talentowo ŋuti kpɔɖeŋua me la ɖe nugɔmesese fiae, eye nu ka tae esia de dzi ƒo na wò?
10 De dzesii be aƒetɔ si le kpɔɖeŋua me la nyae be ŋutete vovovowoe le yeƒe kluviawo dometɔ ɖe sia ɖe si. Eɖe esia fia le ale si wòna talentoawo “wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu” la me. (Mat. 25:15) Abe ale si míakpɔ mɔ nɛ ene la, kluvi gbãtɔa kpɔ geɖe ɖe edzi wu kluvi evelia. Ke hã, aƒetɔa kpɔ ŋudzedze ɖe ale si kluvi eveawo siaa wɔ dɔ kutrikukutɔe la ŋu esime wògblɔ na wo be wonye kluvi “nyui kple nyateƒetɔ,” eye wòna teƒeɖoɖo ɖeka tɔgbi wo ame evea siaa. (Mat. 25:21, 23) Nenema kee nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ, Yehowa Mawu, nyae be nɔnɔme siwo me nèle la kpɔa ŋusẽ ɖe nu si nètea ŋu wɔna le eƒe dɔa me la dzi. Mado kpo agbagba siwo nèdzena tso luʋɔ blibo me subɔnɛ la kpɔkpɔ dze sii o, eye aɖo eteƒe na wò dedie.—Mar. 14:3-9; mixlẽ Luka 21:1-4.
11. Wɔ ale si subɔsubɔ kutrikukutɔe le nɔnɔme sesẽwo me ate ŋu ahe yayra gbagowo avae ƒe kpɔɖeŋu.
11 Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Selmira, si le Brazil, ƒe kpɔɖeŋu ɖee fia be menye ɣeyiɣi si me nɔnɔmeawo de mía dzi le agbe me koe wòanya wɔ be míaku kutri le subɔsubɔdɔ si Mawu de mía si la me o. Ƒe blaevee nye esi va yi la, adzoblasuwo da tu srɔ̃a esi wova fifi ge le teƒe aɖe, eye esia wɔe be wo vi etɔ̃awo dzi kpɔkpɔ tsi eya ɖeka dzi. Dɔ si wòwɔna abe aƒemesubɔvi ene la bia tso esi be wòawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe eye wòaɖo bɔs siwo me amewo mimina ɖo la azɔ mɔ siwo tea ɖeɖi eŋu. Togbɔ be enɔ kuxi siawo me tom hã la, etrɔ asi le eƒe ɖoɖowo ŋu ale be wòte ŋu zu gbesiagbe mɔɖela. Emegbe la, vianyɔnu etɔ̃awo dometɔ eve hã va wɔ ɖeka kplii le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Egblɔ be: “Va se ɖe fifia la, mesrɔ̃ Biblia kple ame siwo wu 20, eye magblɔ be wova zu nye ‘ƒometɔwo.’ Lɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃wɔwɔ bla mía kpli wo ɖekae va se ɖe egbea. Kesinɔnu si ga mate ŋu aƒle o ye mía kpli wo dome ƒomedodoa nye.” Ðikeke mele eme o be, nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la yra ɖe Selmira ƒe subɔsubɔ kutrikukutɔe la dzi!
12. Aleke míate ŋu aɖe kutrikuku ƒe gbɔgbɔ afia le gbeƒãɖeɖedɔa me?
12 Ne nɔnɔme siwo me nèle la wɔe be gaƒoƒo agbɔsɔsɔme aɖe si nu ko nàte azã le subɔsubɔdɔa me gɔ̃ hã la, àgate ŋu adze agbagba ana ale si nèkpɔa gome le nuŋeŋedɔa me la nanyo ɖe edzi wu ne èwɔa subɔsubɔdɔa memie. Ne èwɔna ɖe aɖaŋu nyui siwo woɖona na mí le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me dzi pɛpɛpɛ la, àva bi ɖe edzi wu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye àkpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa vovovowo me. (2 Tim. 2:15) Gakpe ɖe eŋu la, ne anya wɔ la, àte ŋu atsɔ dɔwɔna siwo mele vevie tututu o la ada ɖe ŋkeke bubu dzi alo atsɔ wo asa vɔe gɔ̃ hã bene nàte ŋu akpe asi ɖe hamea ƒe gbeadziyiɖoɖowo ŋu edziedzi.—Kol. 4:5.
13. Nu vevi kae akpe ɖe mía ŋu míatu kutrikuku ƒe gbɔgbɔ ɖo ahalé eme ɖe asi?
13 Lɔlɔ̃ na Mawu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe nyuiwɔwɔ ŋu ye ʋãa ame wòkua kutri. (Ps. 40:9) Kluvi etɔ̃lia si ŋu Yesu ƒo nu tso le eƒe kpɔɖeŋua me la nɔ eƒe aƒetɔ vɔ̃m eye wòbui be enye ame si ƒe nya me sẽ kple nugɔmemasela. Le esia ta, eɖi eƒe talentoa ɖe to me, le esi teƒe be wòatsɔe atsa asi ne eƒe aƒetɔa ƒe nunɔamesiwo nadzi ɖe edzi. Be míaƒo asa na kuviawɔwɔ ƒe nɔnɔme ma la, ele be míana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kple nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ, Yehowa, dome, eye míalé eme ɖe asi. Ðo ɣeyiɣi aɖe ɖi na nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo abe lɔlɔ̃, dzigbɔɖi, kple nublanuikpɔkpɔ ene ŋu. Ne èwɔe alea la, wò dzi aʋã wò be nàwɔ wò ŋutete katã le subɔsubɔdɔ si wòde mía si la me.—Luka 6:45; Flp. 1:9-11.
“Ele Be Mianɔ Kɔkɔe”
14. Nudidi vevi ka gbɔe wòle be ame siwo di be yewoanye nuŋelawo la naɖo?
14 Apostolo Petro yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me hegblɔ nu si Mawu di tso esubɔla siwo le anyigba dzi la si be: “Mizu kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me abe Kɔkɔetɔ si yɔ mi la ke ene, elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Ele be mianɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.’” (1 Pet. 1:15, 16; 3 Mose 19:2; 5 Mose 18:13) Nya sia le gbe tem ɖe edzi be ele be nuŋelawo nanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ siaa me. Míate ŋu aɖo nudidi vevi sia gbɔ ne míewɔ afɔɖeɖe siwo hiã bene woale tsi na mí, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, be mía ŋu nakɔ. Aleke esia anya wɔe? Esia anya wɔ to Mawu ƒe nyateƒenyaa ƒe kpekpeɖeŋu me.
15. Ŋusẽ le Mawu ƒe nyateƒenya la ŋu be wòawɔ nu ka na mí?
15 Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒenya la sɔ kple tsi si kɔa nu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ bena Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea le dzadzɛ le Mawu ŋkume, abe ŋugbetɔ dzadzɛ aɖe na Kristo, ame si kɔ eŋu to “tsiléle nɛ me to nya la dzi . . . bene wòanɔ kɔkɔe, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke naganɔ eŋu o” la ene. (Ef. 5:25-27) Do ŋgɔ la, Yesu hã ƒo nu tso Mawu ƒe nya si wòɖe gbeƒãe la ŋu be ŋusẽ le eŋu be wòakɔ ame ŋu. Esi Yesu nɔ nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ be: “Mia ŋuti kɔ xoxo le nya si megblɔ na mi la ta.” (Yoh. 15:3) Eya ta ŋusẽ le Mawu ƒe nyateƒenyaa ŋu be wòakɔ ame ŋu le gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ siaa gome. Ne míeɖe mɔ le mía ɖokui ŋu be Mawu ƒe nyateƒea nakɔ mía ŋu le mɔ sia nu ko hafi míaƒe subɔsubɔ adze eŋu.
16. Aleke míawɔ be míakpɔtɔ anɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ siaa me?
16 Eya ta hafi míazu dɔwɔlawo le Mawu ƒe nuŋeŋea me la, gbã la, míeɖea asi le nuwɔna siwo katã Mawu buna be woƒoa ɖi ame la ŋu. Ɛ̃, hafi míayi edzi adze na mɔnukpɔkpɔ si nye be míanye nuŋelawo la, ele be míanye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo le Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔwo me léle ɖe asi me. (Mixlẽ 1 Petro 1:14-16.) Ale si ko míekpɔa egbɔ ɣesiaɣi be míele dzadzɛ le ŋutilã me la, nenema kee wòle be míanɔ mɔ ɖem edziedzi be Mawu ƒe nyateƒenya la nanɔ mía ŋu kɔm. Esia lɔ Biblia xexlẽ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɖe eme. Efia hã be míadze agbagba vevie awɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míaɖu nu vɔ̃ ƒe dzodzro siwo le mía me la dzi eye míatsi tsitre ɖe xexe sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo ƒoa ɖi ame la ŋu. (Ps. 119:9; Yak. 1:21-25) Ɛ̃, aleke gbegbee wòfaa akɔ na amee enye esi be to Mawu ƒe nyateƒenyaa ƒe kpekpeɖeŋu me la, woate ŋu ‘ale tsi na mí’ ahakɔ mía ŋu tso nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã me!—1 Kor. 6:9-11.
17. Biblia me aɖaŋuɖoɖo ka dzie wòle be míawɔ ɖo bene míakpɔtɔ anɔ dzadzɛ?
17 Ðe nèlɔ̃na faa be ameŋukɔkɔ ƒe ŋusẽ si le Mawu ƒe nyateƒenyaa ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzia? Le kpɔɖeŋu me, aleke nèwɔa nui ne wohe wò susu yi afɔku siwo le xexe sia ƒe modzakaɖeɖe maɖɔʋuwo me dzi? (Ps. 101:3) Ðe nèƒoa asa na hadede kplikplikpli kple wò sukuhati kpakple dɔwɔhati siwo menye haxɔsetɔwo oa? (1 Kor. 15:33) Ðe nèle agbagba dzem movevieɖoɖotɔe be nàɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le ŋuwò, siwo ate ŋu ana ŋuwò makɔ le Yehowa ŋkume o la dzia? (Kol. 3:5) Ðe nèɖea ɖokuiwò ɖe vovo tso dunyahehe me nyaʋiʋliwo kple dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe kamedefefe me hoʋiʋli geɖewo me la gbɔa?—Yak. 4:4.
18. Ne míele dzadzɛ le gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ me la, aleke wòakpe ɖe mía ŋu míanye nuŋela siwo tsea ku geɖe wu?
18 Ne èɖo to nuteƒewɔwɔtɔe le nya siawo me la, nu nyui geɖe ado tso eme na wò. Esi Yesu tsɔ eƒe nusrɔ̃la amesiaminawo nɔ sɔsɔm kple wainti ƒe alɔwo la, egblɔ be: “Alɔ sia alɔ si le ŋunye, si metsea ku o la, [Fofonye lãnɛ] ɖa, eye ɖe sia ɖe si le ku tsem la, eɖea eŋu, ne wòate ŋu atse ku geɖe wu.” (Yoh. 15:2) Ne èɖe mɔ Biblia me nyateƒe si le abe tsi si naa nu ŋu kɔna ene la kɔ ŋuwò la, àgatse ku geɖe wu gɔ̃ hã.
Yayra Siwo Asu Asiwò Egbea Kple Etsɔme Siaa
19. Alekee woyra Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le agbagba si wodze le nuŋeŋedɔa me ta?
19 Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe siwo tsɔ hehe si wòna wo de dɔwɔwɔ me la, le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi, be woanye ɖaseɖilawo “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Wova nye dziɖuha la me tɔwo, dutanyanyuigblɔlawo, kple hamemetsitsi mɔzɔlawo, eye wowɔ akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖe nya nyuia “na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te” la me. (Kol. 1:23) Yayra kawo gbegbee nye esi woxɔ, eye aleke gbegbee wodo dzidzɔ na ame bubuwoe nye esi!
20. (a) Yayra kawoe su asiwò le esi nèle wò ŋutete katã wɔm le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa me ta? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?
20 Ɛ̃, ne míebɔbɔa mía ɖokui, ne míekua kutri, eye míeléa Mawu ƒe Nyaa me dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi la, míayi edzi anɔ míaƒe ŋutete katã wɔm ahanɔ gome kpɔm le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gã si le edzi yim la me bliboe. Esime xexe sia me ŋutilãmenudidi kpakple vivisese yome nɔnɔ na ame geɖe le veve sem hele aɖukli ɖum la, míawo ya, dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ su mía si. (Ps. 126:6) Ƒo wo katã ta la, míaƒe “agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o.” (1 Kor. 15:58) Nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ, Yehowa Mawu, aɖo ‘dɔ si míewɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fia eƒe ŋkɔa’ la teƒe na mí tegbee.—Heb. 6:10-12.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ƒomedodo si le Yesu kple eƒe nusrɔ̃la amesiaminawo dome koŋ ŋue talentowo ŋuti kpɔɖeŋua ku ɖo, gake gɔmeɖosewo le eme siwo ka Kristotɔwo katã.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Esi nèle agbagba dzem be yeawɔ yeƒe ŋutete katã le nuŋeŋedɔa me la . . .
• nu ka tae wòle be nàbɔbɔ ɖokuiwò?
• alekee nàte ŋu atu kutrikuku ƒe gbɔgbɔ ɖo ahalé eme ɖe asi?
• nu ka tae wòle vevie be nàkpɔtɔ anɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ me?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Ðokuibɔbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe tsɛ, si ana míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ