INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/1 axa 14-15
  • Nu Si Ta Yesu Mewɔ Kaba Be Yeayi O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Ta Yesu Mewɔ Kaba Be Yeayi O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Fɔ Lazaro Ðe Tsitre
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nukae Dzɔna Ne Míeku?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Tsitretsitsi Li!
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/1 axa 14-15

Fia Nu Viwòwo

Nu Si Ta Yesu Mewɔ Kaba Be Yeayi O

MARIA kple Marta dɔ ame ɖo ɖe Yesu. Wobe wòagblɔ nɛ be yewo nɔvi Lazaro, si nye Yesu xɔlɔ̃ vevi la, dze dɔ. Lazaro kple nɔviawo le du si woyɔna be Betania me, eye afi mae wodɔ amea tso. Lazaro nɔviawo de le keke Yordan Tɔsisia ƒe go kemɛ ke, eye Yesu le teƒe si didi ŋutɔ tso afi ma, gake woxɔe se be Yesu ate ŋu ada dɔ na yewo nɔvia. Wonya be Yesu nɔ didiƒe da dɔ na amewo kpɔ.—Mateo 8:5-13; Yohanes 11:1-3.

Esi ame dɔdɔa va ɖo Yesu gbɔ hegblɔ nublanuinya sia nɛ la, Yesu mewɔ naneke tso eŋu o. Biblia gblɔ na mí be: “Egatsi afi si wònɔ la ŋkeke eve.” (Yohanes 11:6) Ènya nu si tae Yesu mewɔ kaba be yeayi aɖaxɔ na Lazaro oa?—a Na míakpɔ ɖa be nu ka tae hã.

Yesu nya be Lazaro si le dɔ lém la ku. Eya ta egblɔ na eƒe apostolowo be: “Mina míagayi Yudea ake.” Gake apostoloawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ o; ke boŋ wobiae be: “Nyitsɔ laa koe Yudeatɔwo nɔ didim be yewoaƒu kpe wò, eye nègale afi ma yima?” Yesu ɖe eme na wo be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le ɖiɖim ɖe eme, gake meyina afi ma, be maɖanyɔe tso alɔ̃ me.”

Apostoloawo ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ne ɖiɖimee wòle ɖe eme la, ekema eƒe lãme asẽe.” Fifia Yesu ɖe nyaa me na wo tẽe be: “Lazaro ku.” Azɔ egblɔ nya si anya wɔ nuku na wo ŋutɔ; egblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ be nyemenɔ eteƒe o . . . Gake mina míayi egbɔ.”

Toma do dzi gblɔ be: ‘Mina míawo hã míayi, ne míaku kple Yesu.’ Toma nyae be Yesu ƒe futɔwo agate kpɔ be yewoawui, eye ɖewohĩ woawu yewo apostoloawo hã. Gake wo katã wolɔ̃ faa yi. Le ŋkeke eve aɖewo megbe la, wova ɖo Betania, afi si nye Lazaro de. Betania kple Yerusalem dome le abe kilometa etɔ̃ ene.—Yohanes 11:7-18.

Ènya nu si tae dzi dzɔ Yesu be yemeva ɖo hafi Lazaro ku oa?— Nu si tae nye be, Yesu fɔ ame kuku aɖewo ɖe tsitre kpɔ, gake woku gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe koe Yesu na wogagbɔ agbe. (Luka 7:11-17, 22; 8:49-56) Gake Lazaro ya ku woɖi ŋkeke geɖee nye ema. Fifia ame aɖeke magate ŋu agblɔ be meku ŋutɔŋutɔ o!

Esi Lazaro nɔvi Marta se be afi si Yesu va ɖo la megadidi tso Betania o la, eƒu du yi ɖado goe hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” Gake Yesu ka ɖe edzi nɛ be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” Emegbe Marta ƒu du yi ɖagblɔ na nɔvia Maria dzaa be: “Nufiala la va, eye ele yɔwòm.”

Enumake Maria tso dze mɔ yina Yesu gbɔ. Gake ame siwo le afi ma ya susu be ɖe wòyina yɔdoa to, eya ta wokplɔe ɖo. Esi Yesu kpɔ be Maria kple ame siwo kplɔe ɖo la le avi fam la, “aɖatsi ge le mo na Yesu” ŋutɔ hã. Emegbe wo katã woyi yɔdoa to. Womli kpe gã aɖe tsɔ xe enu. Gake Yesu ɖe gbe be: “Miɖe kpe la ɖa.” Marta gbe hegblɔ be: “Aƒetɔ, ate ʋeʋẽ xoxo, elabena ŋkeke enee nye esia.”

Wowɔ nya si Yesu gblɔ la dzi, eye woɖe kpea ɖa. Azɔ Yesu do gbe ɖa na Mawu gblɔ nɛ be yeda akpe nɛ be ele ŋusẽ na ge ye yeafɔ Lazaro ɖe tsitre. Emegbe Yesu do ɣli “kple gbe sesẽ be: ‘Lazaro lee, do va!’” Kasia Lazaro do va, “eye eƒe asiwo kple afɔwo nɔ babla.” Yesu de se na ame siwo le afi ma be: “Mitui, eye mina wòadzo.”—Yohanes 11:19-44.

Fifia èkpɔ nu si tae Yesu mewɔ kaba be yeayi oa?— Enyae be ne yemewɔ kaba yi o la, mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi na ye be yeaɖi ɖase tso ye Fofo, Yehowa, ŋu nyuie wu. Eye esi wòva yi ɖe game si wòkpɔ be eyae sɔ wu dzi la, esia wɔe be ame geɖe va xɔ Mawu dzi se. (Yohanes 11:45) Nu kae nèsusu be míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?—

Wò hã àte ŋu adi ɣeyiɣi nyuitɔ si me nàɖi ɖase na amewo tso nu nyui siwo Mawu wɔ xoxo kple esiwo wògagbɔna wɔwɔ ge la ŋu. Àte ŋu agblɔ wo na wò sukuhatiwo alo wò nufialawo. Le sukuxɔ me kura gɔ̃ hã la, ɖevi aɖewo dzea agbagba be yewoagblɔ yayra nyui siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe avae na amegbetɔwo. Eme kɔ be màte ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre ya o, gake àte ŋu akpe ɖe amewo ŋu woava dze si Mawu si ate ŋu afɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre na mí la, elabena ele ewɔ ge hã.

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

BIABIAWO:

  • Nu ka tae Yesu mewɔ kaba be yeayi aɖaxɔ na Lazaro o?

  • Nu ka tae Toma gblɔ be: ‘Mina míayi, ne míaku kple Yesu’?

  • Aleke Yesu wɔ te ŋu fɔ Lazaro?

  • Nu kae nàte ŋu awɔ, si afia be èsrɔ̃ nane tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe