INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/1 axa 18-21
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/1 axa 18-21

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

ALEKE vidada aɖe si le Russia te ŋu wɔ ɖe asi le atike muamewo zazã, si zu numame nɛ la ŋu, eye woa kple viawo dome va le kplikplikpli? Aleke ŋutsu aɖe si tsia kpɔdomee dɔna tsã le Kyoto le Japan la te ŋu ɖu nɔnɔme gbegblẽ siwo na wòva da ahe la dzi? Nu kae kpe ɖe Australiatɔ aɖe si nye nyikplɔvi (kaobɔy) tsã la ŋu wòdzudzɔ aha tsu nono? Se nya si wogblɔ ɖa.

‘Meva srɔ̃e be agba le dzinye be makpɔ ɖokuinye dzi.’—NELLY BAYMATOVA

ƑE SI WÒXƆ: 45

DUKƆ SI ME WÒTSO: RUSSIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ATIKE MUAMEWO ZAZÃ NYE NUMAME NƐ

AGBE SI MENƆ TSÃ: Republic of North Ossetia (si woyɔna fifia be Alania) ƒe fiadu Vladikavkaz mee menɔ tsi. Alɔme vi aɖe nɔ míaƒe ƒomea si. Gake togbɔ be ŋutilãmenuwo nɔ asinye hã la, nyemenɔ dzidzɔ kpɔm le agbe me o. Kaka maxɔ ƒe 34 la, meɖe srɔ̃ eve hegbe wo xoxo. Atike muamewo zu numame nam ƒe ewo sɔŋ ye nye ema, eye wòva hiã be woawɔ dɔ nam zi eve. Togbɔ be vi eve nɔ asinye hã la, nyemetsɔa ɖeke le eme na wo o; eye mía kple xɔ̃nyewo kple ƒometɔwo dome hã mele nyuie o.

Danye zu Yehowa Ðasefo xoxo, eye mesenɛ wònɔa avi fam ɖe tanye henɔa gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Mebu le dzi me: ‘Danye mele ɖeke me nyam kura o! Kpekpeɖeŋu kae Yehowa ate ŋu anam?’ Medze agbagba be madzudzɔ atike muamewo zazã. Gake nyemete ŋu dzudzɔ le ɖokuinye si o. Mete ŋu nɔ anyi ŋkeke eve esi nyemezã atike muame aɖeke o. Emegbe meɖoe be madzo le aƒea me, eye meti kpo to fesre nu. Gake esi wònye dzisasrã gbãtɔ dzie menɔ hafi ti kpoa ta la, meŋe abɔ kple afɔ, eye meɖɔ li dzime. Metsi aba dzi ɣleti ɖeka kple edzivɔ sɔŋ.

Danye kpe ɖe ŋunye va se ɖe esime mehaya, eye mehe nya ɖe ŋunye o. Ese egɔme be ɖe metɔtɔ le ɖokuinye me, eye nyemegabua nu ŋu nyuie o. Gake egblẽa Nyɔ! aɖewoa ɖe nye abati gbɔ. Mexlẽa wo katã, eye mekpɔe be wo me nyawo vivi hetua ame ɖo ŋutɔ. Ɣemaɣie meɖoe be Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me dometɔ ɖekae nye ale si wòle be matsɔ agba si le dzinye. Le esi teƒe be manɔ mɔ kpɔm be danye nakpɔ dzinye la, meva srɔ̃e be agba le dzinye be makpɔ ɖokuinye kple vinyewo dzi. Esi wònye nu si dze nye ŋutɔ ŋunyee mewɔ ɣeyiɣi didi ta la, menɔ bɔbɔe nam be manɔ anyi ɖe dɔ gbɔ ahalé fɔ ɖe eŋu awɔ o.

Aɖaŋu si Biblia ɖo le 5 Mose 6:5-7, be dzilawo nafia nu wo viwo tso Mawu ŋu la, hã kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Meva kpɔe be Mawu abia akɔntam le ale si mehe vinye eveawoe ŋu. Esia ʋãm be madi ɣeyiɣi ɖe wo ŋu, eye masrɔ̃ ale si mawɔ alɔ̃ wo.

Medaa akpe ŋutɔ na Yehowa tso dzi blibo me be eɖe mɔ nam be manya ame si tututu wònye. Eya ta metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe nɛ, eye wonyrɔm mezu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Esi medze agbagba kpɔa egbɔ be dzi megakuam kabakaba o ta la, mía kple danye dome va nyo wu. Mía kple vinyewo hã dome va le nyuie wu.

Tsã la, agbe si menɔna la hea kuxi geɖe vanɛ nam, gake esi meléa fu nu siwo medzea Mawu ŋu o wɔwɔ azɔ ta la, nyemegatoa kuxi mawo dometɔ geɖe me o. Fifia mele kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu ale be woawo hã nava dze si ame si tututu mía Fofo lɔ̃ame Yehowa nye, eye esia na mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ.

‘Ne menye Biblia ye o la, anye ne meku xoxo.’—MINORU TAKEDA

ƑE SI WÒXƆ: 54

DUKƆ SI ME WÒTSO: JAPAN

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: KPƆDOMEE WÒDƆNA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Fofonye kple mamanye gbɔe menɔ tsi le Yamaguchi. Nyemekpɔ danye kpɔ o. Mamanye ku esi mexɔ ƒe 19, eye mekpɔtɔ nɔ fofonye gbɔ. Woxɔm menye nuɖala, eye fofonye hã wɔa dɔ le nuɖuɖudɔwɔƒe. Míaƒe dɔwɔgamewo to vovo, eya ta ƒãa hafi míekpɔa mía nɔewo. Dɔwɔwɔ gaƒoƒo geɖe kple ahanono gaƒoƒo geɖe kple xɔ̃nyewo va zu numame nam.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔwɔwɔ megava tsɔa fu le lã me nam o. Mewɔa dzre kple nye aƒetɔ, eye meva te aha tsu nono. Mlɔeba esi wòsusɔ vie maxɔ ƒe 30 la, meɖoe be maʋu le aƒe me ahayi mɔ dzi. Esi ga vɔ le asinye la, mete dɔwɔwɔ le tsatsadaƒe aɖe. Mekpɔ nyɔnuvi aɖe le afi ma, eye míeɖe mía nɔewo. Gake le ƒe eve kple afã ko megbe la, ame sia ame di eƒe mɔ to.

Agbea va tim, eye naneke wɔwɔ megava dzroam o. Mlɔeba meva zu feme. Mesi le fetɔwo nu yi ɖanɔ fofonye gbɔ vie le mía de, gake meva da alakpa nɛ le nane me, si wɔe be mía kplii dome gblẽ. Mefi eƒe ga dzo yi ɖadaa tsatsa, eye esiae metsɔ kpɔ ɖokuinye dzi va na ɣeyiɣi aɖe. Mlɔeba meva da ahe kolikoli, eye meva tsi ketekedzeƒe aɖe. Emegbe meʋu yi Hakata, medzo le afi ma va yi Himeji, eye mlɔeba meʋu yi Kyoto. Metsi kpɔdomee dɔ ƒe geɖe.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Le ƒe 1999 me la, menɔ abɔ aɖe me le Kamogawa Tɔsisi to le Kyoto, esime nyɔnu eve te ɖe ŋunye. Wo dometɔ ɖeka biam be: “Àdi be woasrɔ̃ Biblia kpli yea?” Melɔ̃. Kristotɔ tsitsiwo tso Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le afi ma me va srɔ̃a Biblia kplim, eye wokpe ɖe ŋunye meva kpɔe be ele vevie be mawɔ ɖe eƒe gɔmeɖosewo dzi. Wode dzi ƒo nam be madi dɔ kple afi si manɔ. Esi medi be madze wo ŋu ta la, meyi dɔwɔƒe ɖeka eve aɖewo wobia gbem, gake le gɔmedzedzea la, nyemetsɔ ɖeke le dɔdidi ƒe nyaa me boo o. Gake emegbe meva do gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ŋunye, eye medo vevie nu di dɔ, ale be meva kpɔ ɖe mlɔeba.

Gbedodoɖa hã kpe ɖe ŋunye ŋutɔ esi meto dodokpɔ sesẽ aɖe me. Fetɔ siwo nu mesi le la dim ke ɖe ŋunye, eye wobia be maxe fea na yewo. Metɔtɔ ŋutɔ. Mexlẽa Biblia gbe sia gbe, eye gbe ɖeka meva ke ɖe nya siwo le Yesaya 41:10 ŋu. Mawu do ŋugbe na esubɔla wɔnuteƒewo le kpukpui ma me be: “Makpe ɖe ŋuwò.” Ŋugbedodo ma do ŋusẽm hede dzi ƒo nam. Medo vevie dɔ, eye mlɔeba mete ŋu kpɔ nye gakuxiawo gbɔ. Le ƒe 2000 me la, medze wonyrɔm mezu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la ʋãm medze agbagba be madzra mía kple fofonye dome ɖo, eye wòlɔ̃ tsɔ nu siwo mewɔ va yi tsã la kem. Edzɔ dzi nɛ ŋutɔ be mele agbe nɔm ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu. Mese le ɖokuinye me be ne menye ɖe meva le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔm fifia o la, anye ne meku xoxo.

Mete ŋu va le dɔ wɔm le ɖokuinye dzi kpɔm hã. (Efesotɔwo 4:28; 2 Tesalonikatɔwo 3:12) Medze xɔ̃ nyuiwo hã le Kristotɔwo dome. (Marko 10:29, 30) Mele akpe dam na Yehowa tso dzi me ke ɖe nu siwo wòfiam la ta.

“Menɔ bɔbɔe nam be matrɔ nye agbenɔnɔ o.”—DAVID HUDSON

ƑE SI WÒXƆ: 72

DUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ENYE AHA TSU NOLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Nyee nye dzinyelawo ƒe vi 11 lia. Fofonye ŋkɔe nye Willie, eye danye ŋkɔe nye Lucy. Míaƒe ƒomea nɔ Australia vi dzidziwo dome le afi si woyɔna be Aurukun, si le Queensland ƒe dzigbe gome ɖaa. Aurukun dua le Archer Tɔsisia ŋu te ɖe ƒu ta. Dzinyelawo fia adedada kple tɔƒodede mí. Dziɖuɖu ƒe se meɖe mɔ na Australia vi dzidziwo ɣemaɣi be woawo ŋutɔwo woakpɔ woƒe ga dzi o, eye teƒe si wona mí koe míekpɔ mɔ anɔ.

Dzinyelawo dze agbagba ƒã nɔnɔme nyuiwo ɖe menye, eye wofia mí katã be míade bubu ame tsitsiwo ŋu ahama nu vi si le mía si la kple amewo. Eya ta míebua ame tsitsiwo katã abe mía dada, mía fofo, mía tɔɖi, mía nyrui, mía nɔɖi alo mía tasi ene.

Fofonye ku esime mexɔ ƒe adre, eye míeʋu yi Australia vi dzidziwo nɔƒe le Mapoon, si le abe kilometa 150 ene tso Aurukun ƒe dziehe. Esi mexɔ ƒe 12 la, mesrɔ̃ ale si wozãa sɔ kple nyi tsɔna wɔa dɔe, eye mewɔ dɔ le afi si wonyia sɔwo kple nyiwo le va se ɖe esime wòsusɔ vie maxɔ ƒe 50. Menɔa agbe ko ɖekematsɔlemetɔe. Menoa aha tsu zi geɖe. Esia he taɖui kple kuxi bubu geɖewo vae nam.

Gbe ɖeka, esi meva no aha tsu le amedzrodzeƒe aɖe la, menɔ ya mum sagasaga do le teƒea va tso ʋu aɖe si le du dzi sesĩe gbɔna la ŋgɔ. Esia wɔe be meva zã ƒe eve siwo kplɔe ɖo la le atikewɔƒe kple kamedeƒe, eye nye nyikplɔdɔa seƒee ma.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi menɔ atikewɔƒea la, xɔ̃nye nyɔnu aɖe tsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! aɖewo vae nam. Gake nyemede suku yi ŋgɔ o, eya ta nyemete ŋu xlẽ wo nyuie o. Ke gbe ɖeka ŋutsu tsitsi aɖe si xɔ ƒe 83 la va srãm kpɔ. Mekpee be wòage ɖe eme ano tsi fafɛ vi aɖe. Ena Biblia srɔ̃gbalẽ aɖem, eye wòbiam be yeate ŋu atrɔ ava ɖe emenyawo me nam hã. Mlɔeba eva srɔ̃a Biblia kplim edziedzi. Mekpɔe dze sii be, ne medi be madze Mawu ŋu la, ekema ehiã be matrɔ asi le nye nɔnɔme kple agbenɔnɔ ŋu.

Menɔ bɔbɔe nam be matrɔ nye agbenɔnɔ o. Gake le nu siwo danye fiam ta la, medea bubu ŋutsu tsitsi si srɔ̃a Biblia kplim la ŋu ŋutɔ, eye medea asixɔxɔ nu siwo gɔme wòkpe ɖe ŋunye meva se le Biblia me hã ŋu. Gake nyemetsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Mawu o. Mesusu be ele be manya nu sia nu si woŋlɔ ɖe Biblia me gbã.

Gake dɔwɔhati aɖe kpe ɖe ŋunye meɖɔ susu ma ɖo. Yehowa Ðasefoe, eye ehe nye susu yi dzideƒonamenya si le Kolosetɔwo 1:9, 10 dzi. Wogblɔ le afi ma be ehiã be míanɔ “tsitsim le Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la me.” Nye dɔwɔhatia kpe ɖe ŋunye mese egɔme be nyemate ŋu asrɔ̃ nu yeyewo avɔ gbeɖe o, eya ta mele be mahe ɖe megbe kple susu be nyemesrɔ̃ nu geɖe o.

Esi mete hadede kple Yehowa Ðasefowo la, woƒe nuwɔna koŋue wɔ dɔ ɖe dzinye. Nye ŋutɔ mekpɔ ale si amewo katã ƒomevi wɔ ɖeka le Mawu subɔm. Ale si wowɔ ɖekae la na meva ka ɖe edzi bliboe be meke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu. Eya ta le ƒe 1985 me la, wonyrɔm mezu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Meva nya nuxexlẽ nyuie, eye fifia mezãa gaƒoƒo geɖe kwasiɖa sia kwasiɖa kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nuxexlẽ ahasrɔ̃ Biblia. Azɔ hã, xɔ̃nye nyɔnu si tsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! vae nam zi gbãtɔ be maxlẽ la hã srɔ̃ nu kple Ðasefowo, na wonyrɔe, eye eyae nye srɔ̃nye lɔlɔ̃a fifia. Dzi dzɔa mía kplii ŋutɔ be míele kpekpem ɖe Australia vi dzidzi bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowoe tanɛ.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Dzi dzɔa mía kple srɔ̃nye ŋutɔ be míele kpekpem ɖe Australia vi dzidzi bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe