INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/1 axa 27
  • “Kɔ Viwò La”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Kɔ Viwò La”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Ƒe Aʋakɔ Dziŋɔ La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Elisa Kpɔ Dzotasiaɖamwo​—Wò Hã Èle Wo Kpɔma?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ŋutsuvi Eve Siwo Gagbɔ Agbe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/1 axa 27

Te Ðe Mawu Ŋu

“Kɔ Viwò La”

2 FIAWO 4:8-37

NU SIWO doa vevesese na amegbetɔwo vevie la dometɔ ɖekae nye vi ƒe ku. Gake ŋusẽ le Yehowa si be wòana vi si ku la nagagbɔ agbe. Nu si na míeka ɖe nya sia dzie nye be, ena ŋusẽ ame aɖewo wofɔ ame kukuwo ɖe tsitre le blema, eye woŋlɔ ŋutinya mawo ɖe Biblia me. Wo dometɔ ɖeka dze le 2 Fiawo 4:8-37, eye eku ɖe ɖevi aɖe si nyagblɔɖila Elisa fɔ ŋu.

Sunem dua mee nua dzɔ le. Nyɔnu konɔ aɖe kple srɔ̃a nyoa dɔ me na Elisa, eye wodia nuɖuɖu kple dɔƒe nɛ edziedzi. Woƒe dɔmenyonyoa dze Elisa ŋu, eya ta gbe ɖeka egblɔ na nyɔnua be: “Le ƒe, si gbɔna ƒe wɔale siawo ɣi la, ŋutsuvi anɔ alɔ to na wò.” Nyɔnua mebui gbeɖe kpɔ be ye hã yeava kɔ vi ɖe akɔ ayɔe be ye ŋutɔ tɔ o, gake eva eme nɛ tututu abe ale si Elisa gblɔe ene. Nublanuitɔe la, eteƒe medidi hafi eƒe dzidzɔkpɔkpɔa va zu avi o. Nu kae dzɔ? Ðevia nɔ tsitsim nyuie, gake gbe ɖeka esime wòle fofoa gbɔ le agble la, ta sesẽ aɖe le eɖum, eye wowɔ kpatakpata kɔe yi aƒe me. Nublanuitɔe la, eku ɖe ‘dadaa ƒe akɔ.’ (Kpukpui 16, 19, 20) Ale vidada sia tsɔ vevesese kɔ ɖevia yi ɖamlɔ aba si dzi nyagblɔɖilaa va dɔna la dzi.

Enumake ebia gbe le srɔ̃a gbɔ hedze mɔ yina Karmel To si didi tso wo gbɔ abe kilometa 30 ene la dzi yi Elisa di ge. Esi wòva egbɔ la, mede asi lãgbelãgbedodo me kple avi alo fa konyi kura o. Ðe wòanye be esi wòse be Eliya, si teƒe Elisa xɔ ɖo la, fɔ ahosi aɖe ƒe vi ɖe tsitre kpɔ taea? (1 Fiawo 17:17-23) Ðe Sunem nyɔnu sia xɔe se be Elisa ate ŋu afɔ ye via hã ɖe tsitre na yea? Aleke kee wòɖasusu o, egblɔ na Elisa be eƒe afɔ ɖeka, ye tɔ ɖeka, ye le hoho ge ayi aƒea me.

Esi wova ɖo Sunem la, Elisa ɖeka yi xɔ si me wònɔna ɖaa la me hekpɔ ɖevi kukua le “eƒe aba dzi.” (Kpukpui 32) Ale nyagblɔɖila Elisa ƒo koko na Yehowa vevie. Eye esi wòtsyɔ akɔ ɖe ɖevia dzi la, mlɔeba “dzo ɖo lã me na ɖevi la.” Agbegbɔgbɔ gaɖo eme! Elisa yɔ dadaa hegblɔ nɛ be: “Kɔ viwò la.” Kpɔ ale si eƒe vevesesea atrɔ azu dzidzɔvii ɖa!—Kpukpui 34, 36.

Sunem nyɔnua ƒe vi si wofɔ ɖe tsitre ŋuti nya la faa akɔ na mí hena míele mɔ kpɔm na etsɔ me. Yehowa nya ale si gbegbe dzilawo sea veve ne vi ku na wo. Eye eya ŋutɔ hã le didim vevie be yeava fɔ wo ɖe tsitre na wo. (Hiob 14:14, 15) Ame siwo Elisa kple ame bubuwo fɔ ɖe tsitre, si ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me la, nye kpɔɖeŋu na nu si Yehowa ava wɔ na ame miliɔn geɖe le xexe yeye si gbɔna me, si me nu dzɔdzɔe wɔlawo ɖeɖe sɔŋ anɔ.a

Togbɔ be Biblia do ŋugbe be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre hã la, míegaxaa nu kokoko ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si ƒe tenuvi ku la gblɔ be: “Nye dzi mate ŋu afa gbeɖe o, va se ɖe esime megakpɔ vinye la hewɔ atuu nɛ.” Wò ya bu ale si wòanye dzidzɔe be nàgava kpɔ wò ame vevi siwo ku la akee ŋu kpɔ! Ne èbu eŋu kpɔ be gbe ɖeka àgava wɔ atuu na wo la, akpe ɖe ŋuwò wò nuxaxaa dzi naka aɖe. Àdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu si do nu nyui sia ŋugbe na mí la ŋua?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi be woagakɔ nu geɖe me na ye le ŋugbe si Biblia do be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre ŋu la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 7 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe