Calvin Ƒe Nufiafia Si Xɔ Ƒe 500—Vi Kae Wòɖe?
WODZI Jean Cauvin (John Calvin) le Noyon le France, le ƒe 1509 me. Eɖo dzixɔse aɖewo anyi, siwo kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe ƒe nuwɔna dzi le Europa, Amerika, South Africa, kple teƒe bubuwo. Wobunɛ be enye ame siwo he tɔtrɔ geɖe va subɔsubɔhawo me le Europa la dometɔ ɖeka.
Ƒe 500 kple edzivɔe nye esia wodzi Calvin, gake eƒe nufiafiawo gakpɔtɔ nye nufiafia vevitɔwo le Protestant hawo, abe Ðɔɖɔɖohawo, Presbiteriatɔwo, Kongregasintɔwo, Puritanwo kple ame bubuwo ene gbɔ. Le ƒe si va yi ƒe September me la, Xexea Me Ðɔɖɔɖohawo Ƒe Habɔbɔ la ka nya ta be yewoƒe hametɔwo ƒe xexlẽme de ame miliɔn 75 le dukɔ 107 me.
Etso Ðe Katolikoha La Ŋu
Calvin fofo nye Katolikoha la ƒe lɔya kple agbalẽŋlɔla le Noyon. Eƒe dɔa na wòkpɔa nu gbegblẽ siwo sɔlemehakplɔlawo wɔna ɣemaɣi la dometɔ geɖe teƒe. Míenya ne nuwɔna siawo na John Calvin fofo tsi tsitre ɖe haa ŋu alo gbe bubudede hakplɔlawo ŋu o, gake wova nya eya kple John fo ɖa le haa me emegbe. Esi John fofo ku la, esesẽ ŋutɔ hafi sɔlemeha la lɔ̃ ɖii. Nudzɔdzɔ ma hã anya wɔe be ale si John megaka ɖe Katolikoha la dzi o me gasẽ ɖe edzi.
Agbalẽ siwo woŋlɔ tso Calvin ŋu la dometɔ geɖe megblɔ nya boo aɖeke tso eƒe ɖekakpuimenɔɣi ŋu o; nu si ko wogblɔ tso eŋue nye be enye ame si melɔ̃a nuƒoƒo o. Esi wònɔ suku dem le Paris, Orléans, kple Bourges gɔ̃ hã la, xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo koe nɔ esi. Gake Calvin ƒe susu ɖa ŋutɔ, eye wòɖoa ŋku nu dzi hã ŋutɔ. Esrɔ̃a nu tso fɔŋli ga atɔ̃ va se ɖe zã ga wuieve, eye ale si wòtea ŋu léa fɔ ɖe nu ŋu alea, kple ale si eƒe susu ɖa, kpe ɖe eŋu wòxɔ lɔyawo ƒe ɖaseɖigbalẽ gãtɔ hafi xɔ ƒe 23. Esrɔ̃ Hebri, Hela kple Latin gbewo, ale be yeate ŋu asrɔ̃ Biblia. Gake nu si koŋ wonya le Calvin ŋue nye be eléa fɔ ɖe dɔ ŋu vevie, eye woyɔa eƒe ŋkɔ ɖe ame siwo doa vevie dɔ wɔna la ŋu.
Ɣemaɣi tututu la, Martin Luther hã le ha ɖem Katolikoha le Germany le nu fitifiti wɔwɔ kple nufiafia siwo metso Biblia me o ta. Ame geɖe xɔe se be le ƒe 1517 me la, eŋlɔ tsitretsiɖeŋunya 95 klã ɖe sɔlemexɔ aɖe ƒe ʋɔtru ŋu le Wittenberg, eye wòbia be woaɖɔ nuwo ɖo le haa me. Ame geɖe wɔ ɖeka kple Luther, eye ale ɖɔɖɔɖo ƒe nyaa va kaka ɖe Europa dukɔwo me godoo. Abe ale si woanɔ mɔ kpɔm ene la, esia na amewo tso ɖe haa ŋu le teƒe geɖe, eye Protestanttɔwo ɖe woƒe susu gblɔ, si na woti wo yome. Le ƒe 1533 me la, Calvin xɔlɔ̃ Nicholas Cop ƒo nuƒo aɖe le Paris tsɔ de Luther dzi, eye esi wònye Calvin ye kpe ɖe eŋu wòŋlɔ nuƒoa me nyawo ta la, eva hiã be wo ame evea nasi, be woagawu wo o. Calvin megatrɔ gbɔ va France o.
Le ƒe 1536 me la, Calvin ta agbalẽ si ƒe tanyae nye Institutes of the Christian Religion (Institution De La Religion Chrétienne) si koŋ ɖe nu siwo dzi Protestanttɔwo xɔ se la me. Eŋlɔ agbalẽ sia ɖo ɖe Fia Francis I tsɔ ʋli Protestanttɔ siwo le France, siwo wova yɔ be Huguenots la ta. Calvin tso ɖe Katolikoha la ƒe nufiafiawo ŋu heku ɖe nu si koŋ dzi eya ŋutɔ xɔ se la ŋu, si nye be Mawue nye Ŋusẽkatãtɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, menye ɖeko Calvin ƒe agbalẽa kpɔ ŋusẽ ɖe sɔlemehawo dzi ko o, ke boŋ ena wova trɔ ale si wodoa Fransegbe kple ale si woŋlɔnɛ hã. Wobu Calvin be enye ame vevi siwo na wotrɔ nuwo le haa me la dometɔ ɖeka. Mlɔeba eʋu yi ɖatsi Geneva (Genève) le Switzerland (Suisse), eye tso ƒe 1541 me la, afi ma va zu teƒe vevitɔ si wòdo eƒe nufiafiawo ɖe ŋgɔ le.
Eyi Ðɔɖɔɖoawo Dzi Le Geneva
Calvin kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe nuwɔnawo dzi geɖe ŋutɔ le Geneva. Numekugbalẽ aɖe (Encyclopedia of Religion) gblɔ be esi wòdi vevie be amewo nanɔ agbe nyui ahawɔ nu dzɔdzɔe ta la, etrɔ Geneva dua be “wòaganye du si ŋu ŋkɔ gbegblẽ le azɔ o, ke boŋ du si me nɔlawo katã nɔa agbe ale si dze pɛpɛpɛ.” Tɔtrɔ va le nu bubu geɖewo hã me. Agbalẽnyalagã Sabine Witt, si nye Germany ƒe Blemanudzraɖoƒe Si Le Berlin dzi kpɔla, ɖe eme be: “Aʋa siwo wowɔ le mawusubɔsubɔ ta le France la wɔe be, esi Protestanttɔ akpe geɖe siwo si aʋa la ʋu va [Geneva] ta la, dua me nɔlawo va dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe ʋɛ siwo kplɔe ɖo me.” Esi Huguenots siawo doa vevie dɔ abe Calvin ene ta la, wona ganyawo va nyo ɖe edzi le dua me, eye wona Geneva va zu agbalẽtadu kple gaƒoɖokuiwɔƒe vevi aɖe.
Amewo si tso dukɔ bubuwo hã me va Geneva, eye wo dometɔ geɖewo tso England, afi si Protestanttɔwo nɔ vɔvɔ̃m na Fianyɔnu Mary I le. Esi sisila ʋɛ aɖewo koŋ ye dze Calvin yome ta la, mawusubɔsubɔ ŋuti nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Christ in der Gegenwart [Kristotɔ Siwo Li Egbea]) yɔ Calvin ƒe nufiafiaa be “ame siwo yome woti la ƒe nufiafia.” Le ƒe 1560 me la, aʋasila siawo ta Biblia si woyɔna be Geneva Bible (la Bible de Genève), si nye Eŋlisigbe me Biblia gbãtɔ si me woma tawo ɖe kpukpuiwo me le. Esia wɔe be Biblia sia na Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ va le bɔbɔe wu. Biblia siae Puritanwo anya tsɔ ɖe asi esi woʋu yi ɖatsi Dziehe Amerika le ƒe 1620 me.
Gake menye ame sia amee Geneva zu sitsoƒedu na o. Michael Servetus, si wodzi le ƒe 1511 me le Spain la, srɔ̃ Hela, Latin kple Hebri gbe kpakple atikeŋutinunya hã, eye ɖewohĩ esi woa kple Calvin wonɔ suku le Paris ye wòdze si Calvin. Esi Servetus le Biblia srɔ̃m la, eva kpɔe be Ŋɔŋlɔawo mefia nu be ame etɔ̃e le Mawu me o. Edze agbagba be kadodo nanɔ ye kple Calvin dome, gake Calvin ya bui futɔe. Esi Katolikotɔwo ti Servetus yome le France ta la, esi yi Calvin ƒe du me, le Geneva. Le esi woaxɔe atuu teƒe la, ɖe wolée boŋ, drɔ̃ ʋɔnui be edze aglã, eye wotɔ dzoe ɖe ati ŋu le ƒe 1553 me. Ŋutinyaŋlɔla Friedrich Oehninger gblɔ be: “Servetus wuwu klo bubu ɖa le [Calvin] si nye Ðɔɖɔɖola gã aɖe hafi la ŋu keŋkeŋ.”
Esi Calvin le ɖɔɖɔɖoawo wɔwɔ dzi la, eŋlɔ agbalẽ gbogbo aɖewo hã. Wogblɔ be eŋlɔ agbalẽ 100 kple edzivɔ kple lɛta 1,000, eye wògblɔ mawunya 4,000 sɔŋ le Geneva. Le Calvin ƒe agbenɔɣi katã la, menye ɖeko wòɖe eƒe susu gblɔ le ale si wòsusu be ele be Kristotɔwo nanɔ agbee ŋu o, ke boŋ edze agbagba be yeazi ale si wòsusu be ele be Kristotɔwo nanɔ agbee la hã ɖe amewo dzi, vevietɔ le Geneva, elabena ebu du ma be enye Mawu ƒe du.a
Vi kae agbagba geɖe si Calvin dze be yeaɖɔ nuwo ɖo le subɔsubɔhaa me la ɖe? Switzerland ƒe Akɔntabuƒe gblɔ be le ƒe 2000 me la, Geneva nɔla 16 le alafa me koe nye Calvin Ha la me tɔ, eye Katolikotɔwo sɔ gbɔ wu Calvin Ha la me tɔwo le du ma me.
Subɔsubɔha De Mama Ame Geɖewo Me
Esi ɖɔɖɔɖoa dze egɔme ko la, du vovovowo kple dukɔwo ɖe akpa si dzi wole la gblɔ: ɖewo be yewole Katolikohaa dzi, bubuwo be yewole Luther Ha dzi, eye ɖewo hã be yewode Calvin dzi, ale be subɔsubɔha va de mama gã aɖe amewo me le Europa. Togbɔ be ame siwo katã da asi ɖe ɖɔɖɔɖoawo dzi la tsi tsitre ɖe Katolikoha la ŋu hã la, woƒe nu mesɔ o. Agbalẽnyalagã Witt, si ƒe nya míeyɔ va yi la, gblɔ be: “Protestant hawo gɔ̃ hã ƒe nufiafiawo to vovo na wo nɔewo.” Togbɔ be wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be, nu si Biblia fia la dzie wòle be Kristotɔwo naxɔ ase hã la, woƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka o le nu geɖe me. Nu si koŋ ŋu woʋli nya le gbãe nye gɔmesese si le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la kple Kristo ƒe anyinɔɣi la ŋu. Emegbe Calvin yome dzelawo va to nufiafia siwo ŋu woʋli nya le wu la dometɔ ɖeka vae, si nye dzɔgbese.
Woʋli nya geɖe le dzɔgbese ƒe nya sia ŋu. Calvin yome dzela aɖewo gblɔ be hafi amegbetɔwo nadze nu vɔ̃ me la, Mawu ɖoe xoxo be yeaɖe ame ʋɛ aɖewo to Kristo dzi, gake woagblẽ ame susɔeawo ya ɖi. Ale ame siawo xɔe se be, be ame aɖe nakpɔ ɖeɖe la, Mawu ŋutɔ ƒe nuɖoɖoe, eye be menye nu ɖekae amegbetɔwo katã xɔ vae o. Calvin yome dzela bubuwo xɔe se be ame sia ame ate ŋu akpɔ ɖeɖe faa, eye be ame ŋutɔe atiae ne edi be yeakpɔ ɖeɖe loo alo medi o. Esia fia be ame ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kpo ɖe eya ŋutɔ gbɔ. Ɣeyiɣi didi le Calvin ƒe ku megbe gɔ̃ hã la, eyomedzelawo gaʋlia nya kokoko le Mawu ƒe nuɖoɖiname, ablɔɖe si le amegbetɔwo ŋutɔ si, kple ale si mɔnukpɔkpɔ ɖeka le ʋuʋu ɖi na amewo katãe la ŋuti.
Nu Si Calvin Gblẽ Ði
Le ƒe alafa 20 lia me la, Calvin Ha si le Netherlands gblɔ be dzɔgbese ƒe nufiafia lae na wode mama amewo me le South Africa (Afrique du Sud). Nelson Mandela, si nye ameyibɔ gbãtɔ si zu dukplɔla le South Africa, gblɔ tso ale si dziɖuɖua ɖoe tsã be yevuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe ameyibɔwo dzi la ŋu be: “Calvin Ha si le Netherlands la da asi ɖe ɖoɖo ma dzi, eye mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔse sia dzie wonɔ te ɖo de mama amewo me hegblɔ be ame siwo doa Afrikaansgbe lae nye Mawu ƒe ame tiatiawo, eye be ele na ameyibɔwo be woabɔbɔ ɖe wo te ahasubɔ wo. Afrikaansgbedolawo katã lɔ̃ ɖe edzi be sɔlemeha la da asi ɖe mamadede amewo me ƒe ɖoɖoa dzi le nu sia nu me.”
Le ƒe 1990-awo me la, Calvin Ha si le Netherlands ɖe kuku ɖe ale si wòda asi ɖe edzi be woade mama amewo me le South Africa la ta. Sɔlemehaa ƒe ŋgɔnɔlawo gblɔ le nyameʋuʋu si wowɔ le Rustenburg me be: “Mía dometɔ aɖewo zã Biblia madzemadzee tsɔ da asi ɖe edzi be woade mama amewo me, si na ame geɖe xɔe se be Mawu da asi ɖe nuwɔna ma dzi.” Ale wòdzɔe be, ale si sɔlemeha la da asi ɖe nuwɔna ma dzi la na ame geɖe kpe fu le esi wobu nazã ɖe wo ŋu le woƒe ŋutigbalẽ ta, eye wòna wobu fɔ Mawu gɔ̃ hã ɖe eta!
John Calvin ku le Geneva le ƒe 1564 me. Wogblɔ tso eŋu be hafi wòaku la, eda akpe na eƒe haxɔsetɔwo “ɖe ale si wode bubu gã siawo gbegbe ye ŋu, togbɔ be yemedze nɛ kura hafi o hã” la ta, eye wòɖe kuku be woatsɔ ale si yemetea ŋu gbɔa dzi ɖi o kple ale si yedoa dziku kabakaba la ake ye. Togbɔ be ele nenema hã la, edze ƒãa be ale si Protestanttɔwo doa vevie dɔ—ale si wokua kutri, mlaa wo ɖokui heléa fɔ ɖe dɔ ŋu—la sɔ kple John Calvin tɔ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi be woagakɔ nu geɖe me na ye la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe axa 321-325. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]
Esi ɖɔɖɔɖoa dze egɔme ko la, du vovovowo kple dukɔwo ɖe akpa si dzi wole la gblɔ: ɖewo be yewole Katolikoha dzi, bubuwo be yewole Luther Ha dzi, eye ɖewo hã be yewode Calvin dzi, ale be subɔsubɔha va de mama gã aɖe amewo me le Europa
[Anyigbatata si le axa 18]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
SPAIN
FRANCE
PARIS
Noyon
Orléans
Bourges
SWITZERLAND
GENEVA
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Calvin ƒe agbalẽ si nye “Institutes,” si wòŋlɔ le ƒe 1536 me lae ɖe nu siwo koŋ dzi Protestanttɔwo xɔ se la me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© INTERFOTO/Alamy
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Servetus wuwu klo bubu ɖa le Calvin ŋu
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Mary Evans Picture Library
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
“Geneva Bible” si wota le ƒe 1560 me lae nye Eŋlisigbe me Biblia gbãtɔ si me woma tawo ɖe kpukpuiwo me le
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Courtesy American Bible Society
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 18]
French du: © Mary Evans Picture Library