Mesubɔ Le Dzidziɖedzi Gãwo Ƒe Ɣeyiɣiwo Me
Abe ale si Harley Harris gblɔe ene
Gbe ɖeka le September 2, 1950 dzi le Kennett, Missouri, U.S.A., esime míenɔ nutome sue takpekpe aɖe me la, ameha aɖe va ƒo xlã mí. Dudzikpɔla la kplɔ Dukɔa Ƒe Dzɔlawo vae be woakpɔ mía ta tso ameha sia si do dziku ɖe mía ŋu la si me. Asrafowo lé woƒe tuwo kple tu siwo nu yi le la ɖe asi hetɔ ɖe mɔa dzi le fli me. Amehaawo nɔ mía dzum esime míezɔ ge ɖe míaƒe ʋuwo me heyi Cape Girardeau, le Missouri, hena takpekpea ƒe akpa susɔea wɔwɔ. Afi mae mexɔ nyɔnyrɔ le esime mexɔ ƒe 14. Gake na magblɔ ale si wòdzɔe be meva nɔ Yehowa subɔm le ɣeyiɣi tɔzi ma me la na wò.
LE ƑE 1930 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, tɔgbuinye kple mamanye kpakple wo vi enyiawo se Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo siwo wolé ɖe mɔ dzi la dometɔ aɖewo eye woka ɖe edzi be yewoke ɖe nyateƒea ŋu. Fofonye kple danye, siwo ŋkɔwoe nye Bay kple Mildred Harris la, xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe si wowɔ le Washington, D.C., le ƒe 1935 me la me. Wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yewo hã yewonye “ameha gã” si wode dzesii teti koe nye ema le takpekpe ma me la me tɔwo!—Nyaɖ. 7:9, 14.
Wodzim le ƒe si kplɔe ɖo me. Ƒe ɖeka megbe la, dzinyelawo ʋu yi saɖeaganuto aɖe si le Mississippi la me. Esime míenɔ nuto ma me la, ɖoɖo menɔ anyi be nutome sue dzikpɔla gɔ̃ hã nava srã mí kpɔ o. Dzinyelawo nɔa kadodo me kple Betel eye míedea takpekpewo, eye ema koe nye kadodo si nɔ mía kple nɔviwo ƒe habɔbɔa dome hena ɣeyiɣi aɖe.
Dzidodo Le Yometiti Me
Esime Xexemeʋa II lia nɔ edzi yim la, Yehowa Ðasefowo to yometiti geɖe me le esi womedea akpa aɖeke dzi o ta. Ɣemaɣi la, míeʋu yi Mountain Home, le Arkansas. Gbe ɖeka, esi mía kple fofonye míenɔ ablɔdziɖaseɖiɖidɔ wɔm la, ŋutsu aɖe gbo magazineawo le fofonye si, tɔ dzo wo, eye wofiã keŋkeŋ le mía ŋkume. Egblɔ be vɔvɔ̃nɔtɔwoe míenye, eya tae míegbe be míayi aʋa o. Esi wònye ƒe atɔ̃ koe mexɔ ɣemaɣi ta la, mete avifafa. Ðeko fofonye tɔ ɖi kpoo henɔ ŋutsua kpɔm nya aɖeke magblɔmagblɔe va se ɖe esime wòdzo.
Gake ame nyui aɖewo hã wɔ nu ɖe mía ŋu nyuie. Gbe ɖeka, esi míenɔ míaƒe ʋua me la, ameha aɖe va ƒo zi ɖe mía ŋu, eye nutoa me ʋɔnudrɔ̃la va do. Ebia be, “Nu kae le dzɔdzɔm le afi sia?” Ŋutsuawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Yehowa Ðasefo siawo gbe be yewomawɔ aʋa na woƒe dukɔa o!” Enumake ʋɔnudrɔ̃laa lia ʋua ƒe afi si woɖoa afɔe hafi gena ɖe eme la hedo ɣli gblɔ be: “Meyi aʋa le Xexemeʋa I me, eye makpɔ gome le esia hã me! Ke miawo la, miɖe asi le ame siawo ŋu woadzo. Womewɔa nu vevi ame aɖeke o!” Eye ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ kpoo. Míekpɔ ŋudzedze ɖe ame nyui siawo siwo nyo dɔme na mí alea la ŋu ŋutɔ!—Dɔw. 27:3.
Takpekpewo Do Ŋusẽ Mí
Takpekpe si wowɔ le St. Louis, Missouri, le ƒe 1941 me lae nye nu si tututu míehiã na ɣemaɣi. Le akɔntabubu aɖe nu la, ame siwo wu 115,000 ye de takpekpe sia. Eye nukutɔe la, ame 3,903 sɔŋ ye xɔ nyɔnyrɔ! Meɖoa ŋku Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Fia la ƒe Viwo” la dzi nyuie. Eƒo nu na mí ɖeviwo tẽe, eye mí katã míexɔ agbalẽ blɔ dzeani si ƒe tanye nye Children la. Takpekpe sia do ŋusẽm medo dzi le nu si me meva to le ƒe si kplɔe ɖo me la me. Ƒe ma mee medze suku gɔme. Wonya mía kple fofonye nɔvi ƒe viwo le sukua le esi míegbe be míado gbe na aflaga o ta. Míetrɔna yia sukua gbe sia gbe be ɖewo sukudzikpɔlawo atrɔ susu mahĩ. Míezɔa gbememɔ ŋdi sia ŋdi yia sukua, ke hã, ɖeko woganyaa mí ɖona ɖe aƒe me. Gake mese le ɖokuinye me be aleae míawo hã míaɖee afia be míele Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi sesĩe.
Gake eteƒe medidi o, United States (États-Unis) ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be menye dzizizie gbedodo na aflaga nye o. Mlɔeba la, wova ɖe mɔ na mí míede sukua. Nufialaa nyo dɔme na mí ŋutɔ eye ekpe ɖe mía ŋu míesrɔ̃ nu siwo sukuvi bubuawo srɔ̃ le mía megbe la. Míaƒe sukuhatiwo hã wɔ nu ɖe mía ŋu bubutɔe.
Meɖo ŋku takpekpe si wowɔ le Cleveland, Ohio, le ƒe 1942 me, si me Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Ŋutifafa—Ate Ŋu Anɔ Anyi Eteƒe Nadidia?” hã dzi. Nuƒo sia si me wodzro Nyaɖeɖefia ƒe ta 17 lia me le la ɖee fia be ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi aɖe ava le Xexemeʋa II lia megbe. Eya ta míekpɔ mɔ na dzidziɖedzi geɖe le aʋa la megbe. Bene habɔbɔa nanɔ dzadzraɖoɖi ɖe esia ŋu la, woɖo Gilead Sukua anyi le ƒe 1943 me. Ɣemaɣi la, ale si suku sia ava wɔ akpa vevi aɖe le nye agbe me la meva susu me nam kura o. Ŋutifafa va le aʋaa megbe vavã eye tsitretsiɖeŋua yi to. Ke hã, esi Koreaʋa la dze egɔme le ƒe 1950 me ko la, wogate tsitretsitsi ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ake, abe ale si meƒo nu tso eŋu le gɔmedzedzea mee ene.
Mekpɔ Gome Le Dzidziɖedzia Me Bliboe
Mewu sekɛndrisuku nu le ƒe 1954 me, eye ɣleti ɖeka megbe la, medze mɔɖeɖedɔa gɔme. Esi meyi ɖasubɔ le Kennett, Missouri, afi si ameha aɖe va ƒo xlã mí le le ƒe 1950 me megbe la, wokpem le March 1955 me be mava subɔ le Betel. Nuto si nye Times Square, si le New York City titina la, nɔ hame si me woɖom ɖo la ƒe anyigbamama me. Tɔtrɔ gã aɖee esia nye nam elabena kɔƒenuto mee metso va. Mete ŋu ɖi ɖase na New York tɔ siwo nɔa kplakplakpla dzi la ne meʋu magazineawo ƒe nyati aɖe si nyɔa ɖetsɔleme la fia amewo eye mebia be, “Ðe nèbia nya sia ɖokuiwò kpɔa?” Esia wɔe be ame geɖewo xɔa magazineawo.
Nu siwo doa dzidzɔ nam le Betel la dometɔ ɖekae nye ŋdi mawunyakpukpuia me dzodzro, si dzi Nɔviŋutsu Knorr kpɔna la. Ale si wòdea agbe mawunyakpukpuiawo me eye wòɖea ale si míate ŋu awɔ wo ŋu dɔ ŋutɔŋutɔe me la wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ! Eƒoa nu na mí ɖekakpui trewo abe ale si vifofo lɔ̃ame aɖe aƒo nu na viaŋutsu ene, eye zi geɖe la, eɖoa aɖaŋu nyuiwo le ale si wòle be míawɔ nu ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu la ŋu. Kaka ƒe 1960 naɖo la, meɖoe be maɖe srɔ̃.
Meŋlɔ agbalẽ tsɔ na nyanya Betel ametsitsiwo be madzo le Betel le ŋkeke 30 megbe, gake nyemese nya aɖeke tso wo gbɔ o. Esi ŋkeke 30-awo wu enu la, togbɔ be ŋu nɔ kpeyem vevie hã la, melé dzi ɖe ƒo eye meƒo ka bia wo be woƒe asi ka nye agbalẽa hã. Esi meƒo ka la, Nɔviŋutsu Robert Wallen ye meƒo nu na eye wòva gbɔnye le afi si menɔ dɔ wɔm le. Ebiam be nu kae nye nye susu le mɔɖela vevi ƒe dɔa alo nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa ŋu mahã. Meɖo eŋu nɛ be, “Robert, gake ƒe 24 koe mexɔ, eye nuteƒekpɔkpɔ hã mesu asinye o ɖe.”
Mezu Nutome Sue Dzikpɔla
Esi metrɔ yi nye xɔ me zã ma me la, mekpɔ agbalẽkotoku gã aɖe le xɔa me. Esi meʋui la, mekpɔ dɔbiagbalẽ eve le eme, ɖeka nye mɔɖela vevi ƒe dɔa tɔ eye evelia nye nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa tɔ. Ðeko melulu! Eya ta mɔnukpɔkpɔ su asinye be masubɔ nɔvinyewo le nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa me le Missouri ƒe anyieheɣetoɖoƒe kple Kansas ƒe ɣedzeƒe. Gake hafi madzo le Betel la, mede dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe kpekpe aɖe. Nɔviŋutsu Knorr gblɔ le eƒe nyataƒonyawo me be: “Esi mienye nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo la, esia mefia be mienya nu wu nɔvi siwo le nutoawo me o. Nuteƒekpɔkpɔ su wo dometɔ aɖewo si sãsãsã wu mi. Gake nɔnɔmeawo meɖe mɔ na wo be mɔnukpɔkpɔ siwo su mia si la nasu wo si o. Miate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso wo gbɔ.”
Nya mawo nye nyateƒe vavã! Nɔviŋutsu Fred Molohan kple srɔ̃a kpakple nɔviaŋutsu Charley, si nɔ Parsons, le Kansas, la nye kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖewo le go sia me. Wosrɔ̃ nyateƒea le keke ƒe 1900 ƒeawo ƒe gɔmedzedze me ke. Ne wole dze ɖom tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si hafi wodzim gɔ̃ hã ŋu la, wosese doa dzidzɔ nam ŋutɔ! Nɔviŋutsu bubue nye John Wristen, si nye nɔviŋutsu tsitsi dɔmenyotɔ aɖe si nɔ Joplin, Missouri, si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe blananewo. Nɔviŋutsu vevi siawo dea bubu teokrasiɖoɖowo ŋu ŋutɔ. Wona mese le ɖokuinye me be togbɔ be ɖekakpui ko menye hã la, enye dzidzɔ na wo be menye woƒe nutome sue dzikpɔla.
Le ƒe 1962 me la, meɖe Cloris Knoche, si nye mɔɖela dzidzɔme aɖe si si ɖa dzĩ le. Mía kple Cloris míeyi nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa dzi. Esi wònye be míedzea nɔviawo gbɔ ta la, míeva nya wo nyuie. Míete ŋu de dzi ƒo na sɔhɛwo be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Ƒewuivi eve, siwo nye Jay Kosinski kple JoAnn Kresyman, siwo le nutome suea me la kpɔ ŋudzedze ɖe dzideƒonamea ŋu ŋutɔ. Dɔwɔwɔ kpli wo le gbeadzi kple dzeɖoɖo tso dzidzɔ si le ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ me ŋu na wo ʋã wo woɖo taɖodzinuwo na wo ɖokui. JoAnn va zu mɔɖela vevi, eye Jay va subɔ le Betel. Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova ɖe wo nɔewo, eye wole nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa wɔm ƒe 30 aɖewoe nye esia.
Le Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Me
Le ƒe 1966 me la, Nɔviŋutsu Knorr bia mí be subɔsubɔ le duta dzɔa dzi na mí hã. Míeɖo eŋu nɛ be, “Míele dzidzɔ kpɔm le afi sia, gake ne hiahiã le afi bubu aɖe la, míele klalo be míayi.” Kwasiɖa ɖeka megbe la, wokpe mí be míava de Gilead Sukua. Aleke dzi dzɔm enye si be megatrɔ va Betel na sukua dede eye mɔnukpɔkpɔ gasu asinye be made ha kple nɔvi geɖe siwo melɔ̃ siwo ŋu medea bubui! Míedze xɔlɔ̃ yeyewo hã le sukua me, eye woawo hã wole subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe va de asi na egbea.
Woɖo mía kple Cloris ɖe Ecuador, le South America, eye Dennis kple Edwina Crist, Ana Rodríguez, kple Delia Sánchez hã kpe ɖe mía ŋu. Woɖo Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Crist ɖe fiadua, si nye Quito me. Woɖo mía kple Ana kpakple Delia ɖe Ecuador ƒe dugã etɔ̃lia si nye Cuenca me. Míaƒe anyigbamamaa lɔ nuto gã eve ɖe eme. Xɔ si me míenɔ la ƒe akpata mee Cuenca ƒe hame gbãtɔ dze egɔme tso. Mí ame enea kple ame eve bubuwoe kpena. Míenya ale si míate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa ade goe o.
Sɔlemehawo sɔ gbɔ ɖe Cuenca fũu, eye le ŋkeke siwo wotsɔ ŋkɔ na be ŋkeke kɔkɔewo dzi la, subɔsubɔhawo lɔa gbɔ toa dua me hoo. Ke hã, biabia geɖewo nɔ Cuencatɔwo si. Le kpɔɖeŋu me, zi gbãtɔ si medo go Mario Polo, si nye Cuenca ƒe kekedola bibitɔ la, ewɔ nuku nam ŋutɔ be ebiam be, “Ame kae nye gbolo si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me?”
Ɣebubuɣi la, Mario va míaƒe aƒe me le zã me, eye edze ƒãa be nane nɔ fu ɖem nɛ. Osɔfo mawunyagblɔla aɖe tsɔ agbalẽ aɖewo siwo ƒo nu tsi tsitre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu vevie la nɛ. Megblɔ nɛ be ele be woana mɔnukpɔkpɔ ame si nu wotso la be wòaɖe eɖokui nu. Eya ta le ŋufɔke la, Mario kpe mía kple osɔfo la yi eƒe me be maɖo amenutsonyaawo ŋu. Esi míeva kpe la, medo susua ɖa be míaƒo nu tso Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la dzaa ko ŋu. Esi osɔfoa xlẽ Yohanes 1:1 la, Mario ŋutɔ ɖe vovototo si le “Mawu la” kpakple “mawu aɖe” dome le Helagbe me la me nɛ. Eye nenema koe wòdzɔ le mawunyakpukpui bubu siwo wòyɔ la hã gome. Mewɔ nuku o be osɔfo la mete ŋu ɖo kpe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la dzi hafi wòdzo o. Esia na Mario kple srɔ̃a ka ɖe edzi be míawo sie nyateƒea le, eye wova bi ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ta ʋiʋli me. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míekpɔ eteƒe hameawo dzi ɖe edzi le Cuenca va ɖo 33, eye le anyigbamama gã si me woɖo mí ɖo zi gbãtɔ me la, hameawo dzi ɖe edzi va ɖo 63—dzidziɖedzi gã aɖee wònye vavã!
Asikpekpe Ðe Dzidziɖedzia Ŋu Le Alɔdzedɔwɔƒea
Le ƒe 1970 me la, wobia tso mía kple Al Schullo si be míayi aɖasubɔ le alɔdzedɔwɔƒe si le Guayaquil. Mí ame evea ye nɔ dɔa dzi kpɔm le alɔdzedɔwɔƒea. Nɔviŋutsu Joe Sekerak va wɔa dɔ kpli mí le ŋkeke aɖewo dzi eye wòblaa hame 46 siwo le dukɔ bliboa me la ƒe agbalẽnudɔdɔwo. Cloris nɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa wɔm hena ɣeyiɣi aɖe esime nye ya menɔ dɔ wɔm le Betel. Ete ŋu kpe ɖe ame 55 ŋu woxɔ nyɔnyrɔ eye zi geɖe la, eƒe nusrɔ̃vi etɔ̃ va ɖo atɔ̃ xɔa nyɔnyrɔ le takpekpe ɖeka me.
Le kpɔɖeŋu me, Cloris srɔ̃ nu kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lucresia, si ŋu srɔ̃a tsi tsitre ɖo. Ke hã, Lucresia va xɔ nyɔnyrɔ mlɔeba eye wòdze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Efia Yehowa ƒe mɔwo viawo. Viaŋutsu eveawo nye hamemetsitsiwo fifia, eye wo dometɔ ɖeka nye mɔɖela vevi; vianyɔnua nye gbesiagbe mɔɖela. Mamayɔvia ɖe nɔviŋutsu nyui aɖe, eye woa kplii wole subɔsubɔm abe mɔɖela veviwo ene. Ƒome sia kpe ɖe ame geɖe ŋu wosrɔ̃ nyateƒea.
Kaka ƒe 1980 naɖo la, gbeƒãɖela siwo nɔ Ecuador la ƒe xexlẽme va ɖo ame 5,000 aɖewo. Míeva sɔ gbɔ le míaƒe alɔdzedɔwɔƒe sue la ale gbegbe be teƒea megava nɔ mía nu dem o. Nɔviŋutsu aɖe tsɔ anyigba aɖe si ƒe lolome nye 80 acres alo agbleka 352, si le Guayaquil ƒe gbɔto, la na habɔbɔa. Le ƒe 1984 me la, míete alɔdzedɔwɔƒe yeye aɖe kple Takpexɔ aɖe tutu ɖe edzi, eye wokɔ wo ŋu le ƒe 1987 me.
Ame Geɖewo Lɔ̃ Faa Kpe Asi Ðe Dzidziɖedzia Ŋu
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, edzɔa dzi na mí ŋutɔ ne míekpɔe be gbeƒãɖela kple mɔɖela geɖewo tso dukɔ bubuwo me va Ecuador be yewoakpe asi ɖe dɔa ŋu le afi siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Eƒe kpɔɖeŋu ɖeka si dzi meɖoa ŋkui nyuie ye nye nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Andy Kidd, si nye sukunufiala aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔ me, si tso Canada. Eʋu va Ecuador le ƒe 1985 me esime wòxɔ ƒe 70, eye wòsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe eƒe kugbe le ƒe 2008 me, esime wòxɔ ƒe 93. Zi gbãtɔ si mekpɔe le eƒe anyigbamamaa me la, eya ɖeka koe nye dzikpɔla le hame sue aɖe me. Spaingbea menya nɔ dodom nɛ tututu o, gake eyae na dutoƒonuƒoa, eye eya kee gakpɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzi. Ekpɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzi eye wòwɔ dɔdeasi akpa gãtɔ le Subɔsubɔ Kpekpea me! Fifia la, hame eve siwo me gbeƒãɖela 200 kloe le, siwo me hamemetsitsi geɖewo le la le dzidzedze kpɔm le nuto ma me.
Nɔviŋutsu bubu aɖe si ŋkɔe nye Ernesto Diaz, si ʋu tso United States kple eƒe ƒomea va Ecuador la, gblɔ le ɣleti enyi megbe be: “Mía vi etɔ̃awo se gbea eye wozu nufiala bibiwo. Abe vifofo ene la, meɖo taɖodzinu aɖe si dze abe egbɔ manya ɖo le nuɖoanyi sia me o la gbɔ—mezu gbesiagbe mɔɖela, eye mía kple ƒome bliboa míele gome kpɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Ne wotsɔ míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ƒo ƒu la, wole ame 25. Esiawo katã wɔe be míeva te ɖe mía nɔewo ŋu kplikplikpli wu le ƒomea me, eye ƒo wo katã ta la, meva te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe le nye agbe me.” Aleke gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu vevi siawo ŋui enye esi!
Alɔdzedɔwɔƒea kekeɖenudɔ geɖe yi edzi le ƒe 1994 me, si wɔe be alɔdzedɔwɔƒea va lolo wu esi nɔ anyi tsã la zi gbɔ zi eve. Le ƒe 2005 me la, míegbɔ gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme si nye 50,000 la ŋu, eye esiae wɔe be wòva hiã be woagakeke alɔdzedɔwɔƒea ɖe enu. Wokeke Takpexɔa ɖe enu, eye wotu xɔdɔme yeyewo kpakple gbegɔmeɖelawo ƒe dɔwɔƒe yeyewo hã. Wokɔ xɔ yeye siawo ŋu le October 31, 2009 dzi.
Esime wonyam le suku le ƒe 1942 me la, Ðasefo siwo nɔ United States la ƒe xexlẽme anɔ 60,000. Fifia Ðasefo siwo wu miliɔn ɖeka ye li. Esime woɖo mí ɖe Ecuador le ƒe 1966 me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo ade 1,400 ye nɔ dukɔ sia me. Gake fifia gbeƒãɖela siwo wu 68,000 sɔŋ ye li. Ke hã, kakaɖedzitɔe la, ame geɖewo agatso ame 120,000 siwo wole Biblia srɔ̃m kpli kpakple ame siwo wu 232,000 siwo de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 2009 me la dome ava kpe ɖe wo ŋu. Vavãe, Yehowa yra eƒe amewo le mɔ aɖe si meva susu me na mí kpɔ gbeɖe o la nu. Aleke gbegbee mekpɔ dzidzɔ ŋutɔe nye esi be menɔ agbe le ɣeyiɣi aɖe kple teƒe aɖe si dzidziɖedzi gã aɖe va eme le!a
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Esime wonɔ asi trɔm le nyati sia ŋu hena tata la, Nɔviŋutsu Harley Harris si wɔ nuteƒe na Yehowa la dɔ alɔ̃ le ku me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]
Takpekpe si míewɔ le gbadza dzi (1981) kple Guayaquil ƒe Takpexɔ la (2009) le anyigba ma ke dzi