INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 19-22
  • Aleke Nàwɔ Ne Wò Seselelãmewo Ðea Fu Na Wò?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàwɔ Ne Wò Seselelãmewo Ðea Fu Na Wò?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyae Be Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò
  • Dze Agbagba Nàdze Xɔ̃ Mawu
  • Wò Susu Nenɔ Mɔkpɔkpɔ Vavã Si Li Ðe Etsɔ Me Ŋu La Dzi
  • Yehowa Dea Asixɔxɔ Ŋuwò!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Kuxia: Seselelãme Ðefunamewo
    Nyɔ!—2015
  • Medi Be Maku—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye Ne Ele Wɔwɔm Nam Be Mawu Ðokuinyea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Yehowa Nye Gã Wu Míaƒe dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 19-22

Aleke Nàwɔ Ne Wò Seselelãmewo Ðea Fu Na Wò?

ÐE SESELELÃME aɖewo ɖe fu na wò kpɔa? Nya lae nye be, eɖea fu na ame sia ame. Ganyawo ƒe sesẽ, nu vlo wɔwɔ ƒe dzidziɖedzi, kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ si gbɔ eme va bɔ ŋutɔ egbea. Eya ta mewɔ nuku o be, ame gbogbo aɖewo lé blanui ale gbegbe, wobua fɔ wo ɖokuiwo wògbɔa eme, eye wosena le wo ɖokui me be yewomele bo aɖeke nu o.

Seselelãme siawo tea ŋu gblẽa nu ŋutɔ. Woate ŋu ana míagaka ɖe mía ɖokui dzi o, míagate ŋu abu nuwo ŋu nyuie o, eye wòana be míaganɔ dzidzɔ kpɔm o. Biblia gblɔ be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” (Lododowo 24:10) Hafi agbea nanya nɔ na mí le xexe tɔzi sia me la, ehiã be ŋusẽ nanɔ mía ŋu, eye míanɔ te sesĩe. Eya ta ele vevie be míadze agbagba aɖu seselelãme siwo ɖea fu na mí la dzi.a

Biblia gblɔ nu vevi siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu seselelãme siwo ɖea fu na mí la dzi. Yehowa Mawu, ame si wɔ mí helé míaƒe agbe ɖe te la, medi be nàna ta le esi dzi ɖe le ƒowò alo mɔkpɔkpɔ bú ɖe wò ale gbegbe la ta o. (Psalmo 36:10) Eya ta na míade ŋugble le mɔ etɔ̃ siwo nu Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le be míaɖu seselelãme siwo ɖea fu na mí la dzi ŋu kpɔ.

Nyae Be Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò

Ame aɖewo susuna be Mawu mevo kaka ahayi ɖe tsɔ ge le eme na yewo o. Nenemae wò hã nèsena le ɖokuiwò mea? Nya lae nye be Biblia ka ɖe edzi na mí be mía Wɔla la tsɔa ɖe le míaƒe seselelãmewo me. Hakpala la gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Ðe mefaa akɔ na wò ŋutɔ be nànyae be ne nu te ɖe mía dzi la, Dziɖulagã ŋusẽkatãtɔ la tsɔ ɖe mía gbɔ oa?

Mawu menye ame si nu metsɔa fu le lã me na alo ame si mesea veve ɖe ame nu o. Biblia gblɔ na mí be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Elɔ̃a ame, eye ame siwo le fu kpem la ƒe nu wɔa dɔ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 3,500 sɔŋ ye nye esia, esi Israel viwo nye kluviwo le Egipte la, egblɔ be: “Mekpɔ ale si wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo. Eye meɖi va, be maɖe wo.”—2 Mose 3:7, 8.

Mawu nya míaƒe seselelãmewo nyuie, elabena “eyae wɔ mí.” (Psalmo 100:3) Eya ta ne míesena le mía ɖokuiwo me be amewo mesea míaƒe seselelãmewo gɔme na mí o hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ya sea wo gɔme. Eƒe Nya la gblɔ be: “Menye ale si amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (1 Samuel 16:7, 8a) Nu siwo le míaƒe dzi ƒe gogloeƒe ke hã mele ɣaɣla ɖe Mawu o.

Nyateƒee, Yehowa kpɔa míaƒe vodadawo kple gbɔdzɔgbɔdzɔƒewo hã. Gake enye dzidzɔ be mía Wɔla lɔ̃ame la tsɔna kena. Gbɔgbɔ ʋã David wògblɔ be: “Ale si fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:13, 14) Mawu nya mí nyuie wu ale si míawo ŋutɔwo míenya mía ɖokui. Ne míetrɔ dzi me tso míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema akpɔ nyuiƒe siwo le mía ŋu, eye wòaŋe aɖaba aƒu míaƒe gbegblẽƒewo dzi.—Psalmo 139:1-3, 23, 24.

Eya ta ne míese le mía ɖokui me be míele bo aɖeke nu o la, ele be míadze agbagba aɖu seselelãme ma dzi. Mina míaɖo ŋkui be menye nenemae Mawu ya bua míi o.—1 Yohanes 3:20.

Dze Agbagba Nàdze Xɔ̃ Mawu

Ne míekpɔa mía ɖokui abe ale si Mawu kpɔa mí ene la, aleke wòaɖe vi na mí? Esia ana wòanɔ bɔbɔe be míawɔ nu bubu si akpe ɖe mía ŋu míaɖu seselelãme siwo ɖea fu na mí la dzi: eyae nye ale si míadze agbagba adze xɔ̃ Mawu. Ðe esia anya wɔ nyateƒea?

Esi Yehowa Mawu nye Fofo lɔ̃ame ta la, edina vevie be yeakpe ɖe mía ŋu míazu ye xɔlɔ̃wo. Biblia de dzi ƒo na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Nyateƒenya wɔnuku aɖee nye esia: Togbɔ be míegbɔdzɔ, eye míenye nuvɔ̃mewo hã la, míate ŋu adze xɔ̃ xexea me katã dzi Ðula la, eye mía kplii dome nanɔ kplikplikpli.

Mawu gblɔ ame si ƒomevi wònye la na mí le Biblia me, ale be míate ŋu adze si ye nyuie. Ne míexlẽa Biblia edziedzi la, míate ŋu ava nya Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo.b Ne míedea ŋugble le nu siwo míesrɔ̃na le Yehowa ŋu ŋuti la, míava se le mía ɖokui me be mía kplii dome le kplikplikpli wu. Esia awɔe be míava kpɔ ame si tututu wònye la adze sii nyuie, be enye Fofo lɔ̃ame si ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋu.

Ne míedea ŋugble vevie le nu siwo míexlẽna le Biblia me ŋu la, agakpe ɖe mía ŋu le mɔ bubu nu. Ne míexɔa mía Fofo si le dziƒo ƒe tamesusuwo dea míaƒe susu kple dzi me, eye míeɖea mɔ woɖɔa mí ɖo, faa akɔ na mí hefiaa mɔ mí la, ekema míate ɖe eya amea ŋu geɖe wu. Esia wɔwɔ hiã, vevietɔ ne tamesusuwo kple seselelãmewo na míetɔtɔ alo tsi mavoe le susu me. Hakpala la ɖee gblɔ ale: “Esi metsi dzimaɖi ʋuu wòwu tsɔtsɔ nam la, èfa akɔ nam, eye èna meɖe dzi ɖi.” (Psalmo 94:19, Contemporary English Version) Mawu ƒe Nya la ate ŋu afa akɔ na ame ale gbegbe. Ne míebɔbɔ mía ɖokui helɔ̃ ɖe nu si tututu wògblɔ dzi la, míakpɔe be vivivi la, akɔfafa kple ŋutifafa si Mawu ɖeɖe ko nana la ava xɔ ɖe seselelãme siwo le fu ɖem na mí la teƒe. Aleae Yehowa faa akɔ na mí abe ale si dzila lɔ̃ame faa dzi na via si nuvevi wɔ alo si do dziku ene.

Nu vevi bubu si akpe ɖe mía ŋu míazu Mawu xɔlɔ̃ ye nye nuƒoƒo kplii edziedzi. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yohanes 5:14) Aleke kee míeɖale vɔvɔ̃m alo tsi dzimaɖii o, míate ŋu ado gbe ɖa na Mawu abiae be wòakpe ɖe mía ŋu. Ne míeɖea míaƒe dzimenyawo gblɔna na Mawu la, míaƒe susu adze akɔ anyi. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Ne èwɔ ɖoɖo ɖe Biblia xexlẽ ŋu hezɔna ɖe edzi, èdea ŋugble, eye nèdoa gbe ɖa la, àva kpɔe godoo be mia kple Fofowò si le dziƒo la dome va le kplikplikpli wu. Kadodo kplikplikpli ma akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ be nàɖu seselelãme siwo ɖea fu na wò la dzi. Nu bubu ka hãe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

Wò Susu Nenɔ Mɔkpɔkpɔ Vavã Si Li Ðe Etsɔ Me Ŋu La Dzi

Ne nu kpeke mí le agbe me alekeleke hã, míaƒe susu ate ŋu anɔ nu nyuiwo ŋu. Aleke wòanya wɔe? Mawu ka ɖe edzi na mí be míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na nu nyuiwo le etsɔ me. Apostolo Petro gblɔ mɔkpɔkpɔ nyui sia ŋu nya ale: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (2 Petro 3:13) Nya mawo gɔme ɖe?

“Dziƒo yeye” si woyɔ la fia dziɖuɖu, Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le dziƒo, si le Yesu Kristo si me. “Anyigba yeye” la fia ame siwo ƒe nu dzea Mawu ŋu, siwo anɔ anyigba dzi afi sia. Ne “dziƒo yeye” la le dzi ɖum la, akpɔ egbɔ be “anyigba yeye” la dzi tɔ aɖeke ƒe seselelãmewo magaɖe fu nɛ azɔ o. Biblia ka ɖe edzi na nuteƒewɔla siwo anɔ agbe ɣemaɣi la be Mawu “[atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

Àlɔ̃ ɖe edzi godoo be nya nyui dedziƒonamee nya mawo nye. Esia tae Biblia yɔ mɔkpɔkpɔ nyui sia si Mawu tsɔ ɖo Kristotɔ vavãwo ŋkume la be “dzidzɔmɔkpɔkpɔ.” (Tito 2:13) Ne míaƒe susu le nu nyui siwo ŋugbe Mawu do na amegbetɔwo le etsɔ me, kple susu siwo tae míate ŋu aka ɖe ŋugbedodo siawo dzi ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míaɖe seselelãme siwo ɖea fu na mí la ɖa.—Filipitɔwo 4:8.

Biblia tsɔ mɔkpɔkpɔ si le mía si be míava kpɔ xɔxɔ la sɔ kple gakuku. (1 Tesalonikatɔwo 5:8) Le blema la, asrafo make atsɛ ayi aʋa gakukumaɖɔmaɖɔe o. Enyae be eyae axɔ na ye tso aŋutrɔ geɖe siwo ate ŋu alɔ ye la si me. Ale si gakuku kpɔa tagoa tae la, nenemae mɔkpɔkpɔ hã kpɔa susua tae. Ne míaƒe susu le nu siwo míele mɔ kpɔm na ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ nu siwo ɖea fu na mí, nana míevɔ̃na alo nana mɔkpɔkpɔ búna ɖe mí la ŋu bubu.

Eya ta anya wɔ be ame naɖu seselelãme siwo ɖea fu nɛ la dzi. Ɛ̃, wò hã àte ŋu aɖu wo dzi! Nya ale si Mawu bua wòe, te ɖe eŋu geɖe wu, eye wò susu nenɔ nu siwo nèle mɔ kpɔm na le etsɔ me la ŋu. Ekema ne gbe ɖeka nu siwo ɖea fu na ame ƒe susu la dometɔ aɖeke megali o la, wò hã àkpɔ eteƒe godoo!—Psalmo 37:29.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ðewohĩ ahiã be ame siwo lé blanui eteƒe didi ale gbegbe be wòzu dɔléle na wo la nadi ɖɔkta si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu la ƒe mɔ.—Mateo 9:12.

b Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui aɖe dze le Gbetakpɔxɔ, August 1, 2009 me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

“Ẽ, menya woƒe fukpekpewo.”—2 MOSE 3:7, 8

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

“Esi metsi dzimaɖi ʋuu wòwu tsɔtsɔ nam la, èfa akɔ nam, eye èna meɖe dzi ɖi.”—PSALMO 94:19, CONTEMPORARY ENGLISH VERSION

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

“Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.”—FILIPITƆWO 4:7

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20, 21]

Yehowa Mawu Ŋu Nya Fakɔname Siwo Le Ŋɔŋlɔawo Me

“Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.”—2 MOSE 34:6.

“Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—2 KRONIKA 16:9.

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—PSALMO 34:19.

“Aƒetɔ [Yehowa,] wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.” —PSALMO 86:5.

“Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.”—PSALMO 145:9.

“Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.”—YESAYA 41:13.

“Woayra . . . ame si nye dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu.”—2 KORINTOTƆWO 1:3.

“Míana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eŋkume, le nu sia nu si me míaƒe dzi abu fɔ mí le la me, elabena Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.”—1 YOHANES 3:19, 20.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

Wote Ŋu Le Seselelãme Siwo Le Fu Ðem Na Wo La Dzi Ðum

“Aha tsu nolae fofonye nye, eye ena mekpe fu geɖe ŋutɔ. Esia na mese le ɖokuinye me ɣeyiɣi didi aɖe be nyemele bo aɖeke nu o. Gake esi Yehowa Ðasefo aɖe va te Biblia sɔsrɔ̃ kplim la, meva srɔ̃e be Mawu do ŋugbe be míava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Mɔkpɔkpɔ sia na mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Meva doa vevie Biblia xexlẽ edziedzi. Biblia nɔa asitsɔƒe nam ɣesiaɣi. Ne seselelãme aɖewo di be yewoaɖe fu nam la, metsɔnɛ hexlẽa mawunyakpukpui siwo faa akɔ nam. Ne mexlẽ nu tso Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ŋu la, enana mekana ɖe edzi be mexɔ asi le eŋkume.”—Kátia, si xɔ ƒe 33.c

“Aha muame kple atike muamewo zu numame nam, eye megbɔa atike aɖewo hã ɖe ŋɔti me. Esi nye nuwo katã dome gblẽ la, meva zu nubiala. Gake esi melɔ̃ Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplim la, metrɔ keŋkeŋ. Fifia meva bua Mawu Ame ŋutɔŋutɔe. Togbɔ be megabua fɔ ɖokuinye hesena le ɖokuinye me be nyemele bo aɖeke nu o ɣeaɖewoɣi hã la, mesrɔ̃e be ele be maɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be akpɔ nublanui ahanyo dɔ me nam. Meka ɖe edzi be Mawu anɔ ŋusẽ domem ale si hiã be maɖu seselelãme mawo dzi. Nu nyuitɔ si su asinyee nye be meva srɔ̃ nu si tututu Biblia fia.”—Renato, si xɔ ƒe 37.

“Tso nye ɖevime ke la, metsɔa ɖokuinye sɔna kple fonye. Mesena le ɖokuinye me ɣesiaɣi be enyo wum. Va se ɖe fifia gɔ̃ hã la, nyemevona le ɖokuinye me kura o, eye nyemekana ɖe ɖokuinye dzi o. Gake meɖoe kplikpaa be maɖu nɔnɔme sia dzi. Medo gbe ɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe, eye ekpena ɖe ŋunye be maɖu ale si nyemeka ɖe ɖokuinye dzi o la dzi. Ne mebu eŋu kpɔ be Mawu lɔ̃m heléa be nam vavã la, ewɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ!”—Roberta, si xɔ ƒe 45.

[Etenuŋɔŋlɔ]

c Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe