Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ
Ðo Dze Kple Viwòwo Le Gbɔdɔnyawo Ŋu
Ablavi,a si nye ƒewuivi la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, medina be manya nane le gbɔdɔnyawo ŋu, gake mesena le ɖokuinye me be ne mebia dzinyelawo la, woasusu be ɖe mele nu gbegblẽ aɖe wɔm.”
Mansa, si nye Ablavi dada gblɔ be: “Adzɔ dzi nam be maɖo dze tso gbɔdɔnyawo ŋu kple vinyenyɔnuvia, gake vovo menɔa eŋu kura o. Esesẽna be manya ɣeyiɣi si sɔ nɛ.”
EGBEA la, gbɔdɔdɔ ŋu nyawo bɔ ɖe afi sia afi—television dzi, video dzi kple boblodoʋuƒowo dzi. Edze abe dzila kple ɖeviwo dome koe woƒoa asa na nuƒoƒo le gbɔdɔnyawo ŋu le. Michael, si nye ƒewuivi aɖe si tso Canada, la gblɔ be: “Adzɔ dzi nam ŋutɔ ne dzilawo ate ŋu anya ale si wòsesẽna, eye wòkpea ŋu na sɔhɛwo be woaƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu na wo dzilawo. Ele bɔbɔe wu be woaɖo dze tso eŋu kple hatiwo.”
Zi geɖe la, ale si wòsesẽna na ɖeviwo be woaƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋui la, nenema kee wòsesẽna na dzilawo hã. Lãmesẽnyawo ŋuti nufiala Debra W. Haffner gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe (Beyond the Big Talk) me be: “Dzila geɖe gblɔ nam be yewoƒle agbalẽ aɖe si ƒo nu tso gbɔdɔnyawo alo ƒewuimenɔɣi ŋu na wo vi si le gegem ɖe eƒe ƒewuiwo me hedae ɖe eƒe xɔ me—eseƒee ma, womeɖoa dze aɖeke tso eŋu o.” Haffner gblɔ be nu si dzilawo ƒe nuwɔna sia le fiafiam na ɖeviawoe nye esi: “Míedi be nànya nu tso wò ŋutilã kple gbɔdɔnyawo ŋu; gake ɖeko míedi be míaɖo dze tso eŋu kpli wò o.”
Ne dzilae nènye la, mele be wòanɔ nenema le gowòme o. Le nyateƒe me la, ele vevie ŋutɔ be nàƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu na viwòwo. De ŋugble le susu etɔ̃ siwo gbɔna la ŋu:
1. Xexea ƒe susu le nu si gbɔdɔdɔ nye ŋu trɔ. James, si xɔ ƒe 20 gblɔ be: “Menye ŋutsu kple srɔ̃a ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ koe wogabuna be enye gbɔdɔdɔ o. Fifia, vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me kple meƒi me va li, eye amewo ɖoa nyatakaka kple foto siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me ɖe wo nɔewo to asitelefon kple kɔmpiuta dzi.”
2. Anɔ eme be viwòwo ase gbɔdɔdɔ ŋu nya totrowo tso woƒe ɖevime ke. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Selasi gblɔ be: “Woanɔ gbɔdɔdɔ ŋu nyawo sem ne wonya te suku dede teti ko, eye susu nyui si nèdi be nesu wo si le gbɔdɔdɔ ŋu la masu wo si o.”
3. Nyabiasewo le viwòwo si ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu, gake ɖewohĩ womadoe ɖa o. Ana, si xɔ ƒe 15 si tso Brazil la, gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nyemenya ale si tututu madoe ɖe dzinyelawo gbɔ be míaɖo dze tso gbɔdɔnyawo ŋu o.”
Le nyateƒe me la, nuƒoƒo tso gbɔdɔnyawo ŋu nye nu siwo Mawu di tso asiwò abe dzila ene la dometɔ ɖeka. (Efesotɔwo 6:4) Nyateƒee, nuƒoƒo tso eŋu ate ŋu asesẽ na mia kple viwòa siaa ya. Gake enye dzidzɔnya be sɔhɛ geɖe ƒe susu wɔ ɖeka kple Danielle, si xɔ ƒe 14 la tɔ. Egblɔ be: “Míedi be míanya nu tso gbɔdɔnyawo ŋu tso mía dzilawo gbɔ, ke menye tso nufiala aɖe gbɔ alo to television dzi wɔna aɖe dzi o.” Ekema zi nenie nànɔ nu ƒom tso nya vevi sia ŋu na viwòwo togbɔ be dzeɖoɖo tso eŋu tea ŋu sesẽna hã?b
Ƒe Siwo Woxɔ Nenɔ Susu Me Na Wò
Ne ɖeviwo nya le ame dome ko la, woase nu tso gbɔdɔnyawo ŋu tso kekeke woƒe ɖevime ke. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la, ame vɔ̃ɖiwo le “vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.” (2 Timoteo 3:1, 13) Nublanuitɔe la, ame tsitsiwo blea ɖeviwo dea gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo me.
Eya ta ele vevie be nàdze nufiafia viwòwo le gbɔdɔnyawo ŋu gɔme tso esime wole sue. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Renate, si tso Germany la, gblɔ be: “Ne èlala va se ɖe esime wole gegem ɖe woƒe ƒewuiwo me hafi la, ɖewohĩ womadi be yewoaƒo nu tso eŋu faa o, le esi wòkpea ŋu na sɔhɛwo be woaƒo nu tso nya mawo ŋu ta.” Nu si le vevie ye nye be nya si nàgblɔ na wo la nasɔ ɖe ƒe si woxɔ nu.
Ðevi siwo medze suku gɔme haɖe o: Fia wo vidzinuwo ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, eye nàte gbe ɖe edzi be mele be woaɖe mɔ ame aɖeke naka asi wo ŋu o. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Julia, si tso Mexico la, gblɔ be: “Esi vinyeŋutsuvia xɔ ƒe etɔ̃ ye medze efiafiae gɔme. Enyanya be nufialawo, ame siwo kpɔa vidzĩwo dzi, alo ɖevi tsitsi bubuwo ate ŋu agblẽ wo la wɔe be metsɔ ɖe le nya sia me vevie. Ehiã be wòanya ale si wòakpɔ eɖokui ta tso ame tutɔwo si me.”
TE MƆNU SIA KPƆ: Fia viwòa ale si wòagbe gbidii ne ame aɖe te kpɔ be yeaka asi eƒe vidzinuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu afia viwòa be wòagblɔ be: “Mègawɔe o! Meyina egblɔ ge!” Ka ɖe edzi na viwòa be nu nyuitɔae nye be wòagblɔe, nenye be amea do ŋugbe be yeana nu nyui aɖee alo do vɔvɔ̃ nɛ be yeawɔ nuvevii gɔ̃ hã.c
Ðevi siwo le gɔmedzesuku: Wɔ ɣeyiɣi sia ŋu dɔ nànɔ nu siwo viwòa nya ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu la dzim ɖe edzi vivivi. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Peter gblɔ be: “Hafi nàɖo dze kpli wo tso eŋu la, dze agbagba nànya nu si wonya xoxo, eye nàkpɔe ɖa be woadi be yewoaganya nu geɖe wu hã. Mègazii ɖe wo dzi o. Ne èɖoa dze kpli wo edziedzi la, anɔ eme be woawo ŋutɔwo alɔ̃ faa be yewoaɖo dze tso eŋu.”
TE MƆNU SIA KPƆ: Le esi mianɔ anyi aɖo dze legbee zi ɖeka teƒe la, nɔ dze kpuiwo ɖom kpli wo edziedzi. (5 Mose 6:6-9) Esia wɔwɔ awɔe be màlɔ nya geɖe fũu akɔ ɖe wo dzi o. Gawu la, woava nya nu geɖe wu, si asɔ ɖe ƒe si woxɔ nu ne wole tsitsim.
Ne wonye sɔhɛwo: Ɣeyiɣi sia mee wòle be nàkpɔ egbɔ be viwòa nya nu si wòle be wòanya le gbɔdɔnyawo ƒe akpa si ku ɖe eƒe ŋutilãa ŋu, seselelãmenyawo, kple agbe nyui nɔnɔ ŋu la ŋu. Ana si xɔ ƒe 15 si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo le míaƒe sukua tea ŋu dɔna kple sukuvi ɖe sia ɖe si dze wo ŋu ko. Mexɔe se be abe Kristotɔ ene la, ele be nu si wòle be manya le gbɔdɔnyawo ŋu la ŋuti sidzedze nasu asinye. Aleke kee nuƒoƒo le nya sia ŋu sesẽnae o, ele be manya nu tso eŋu godoo.”d
De dzesii: Ðewohĩ sɔhɛwo anɔ hehem ɖe megbe be yewoabia nyawo ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu, elabena woanɔ vɔvɔ̃m be yewo dzilawo asusui be yewole nu gbegblẽ wɔm. Nu siae vifofo aɖe si ŋkɔe nye Steven de dzesii. Egblɔ be: “Mía viŋutsua menɔ didim be yeaƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu o. Ke emegbe la, míeva kpɔe be enɔ bubum be míava susui be yemele agbe nyui nɔm o. Míena eme kɔ nɛ be menye esi míebu susu aɖe ɖe eŋu tae míele dze ɖom tso nya siawo ŋu ɖo o; ɖeko míedi be míakpɔ egbɔ be ele dzadzraɖoɖi be wòanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu gbegblẽ siwo wòado goe la nu.”
TE MƆNU SIA KPƆ: Le esi teƒe be nàgblɔ na viwò sɔhɛa tẽe be wòagblɔ eƒe susu le gbɔdɔnya aɖe ŋu la, biae be aleke eƒe sukuhatiwo buna tso eŋu hã. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be: “Ame geɖe susuna egbea be, vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me menye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ o. Nenemae wò sukuhatiwo hã bunɛa?” Nyawo biabia le mɔ sia nu ate ŋu ana viwò sɔhɛa naƒo nu faa ahagblɔ eƒe susu.
Ale Si Nàna Nuƒoƒo Tso Eŋu Nanɔ Bɔbɔe Wu
Nyateƒee, nuƒoƒo tso gbɔdɔnyawo ŋu na viwòwo ate ŋu anye nu siwo wɔwɔ asesẽ na wò wu abe dzila ene la dometɔ ɖeka. Gake eɖea vi geɖe. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Diane gblɔ be: “Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nuƒoƒo tso eŋu va nɔa bɔbɔe wu, eye dzeɖoɖo tso gbɔdɔnyawo ŋu ate ŋu ana mia dome nava nɔ kplikplikpli wu gɔ̃ hã.” Steven si ƒe nya míegblɔ va yi hã lɔ̃ ɖe nya mawo dzi. Egblɔ be: “Enɔa bɔbɔe wu be miaɖo dze tso gbɔdɔnyawo ŋu nenye be mieɖoa dze tso nya sia nya ŋu faa le ƒomea me.” Egblɔ kpee be: “Godoo la, anɔ sesẽm vie ɣeaɖewoɣi ya, gake ne Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe me tɔwo ɖoa dze kple wo nɔewo faa la, nuwo yia edzi nyuie.”
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.
b Le nyati sia me la, míaƒo nu le ale si wòhiã be nàƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu na viwòwo la ŋu. Le nyati bubu si akplɔ esia ɖo me la, míaƒo nu tso ale si nàhe susu ayi agbe nyui nɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo dzi le dzeɖoɖo mawo me ŋu.
c Nya siawo dze le Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe axa 171. Yehowa Ðasefowoe tae.
d Zã agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques) Babla 2 lia ƒe ta siwo nye 1-5, 28, 29, kple 33 lia nàtsɔ afia nu viwò sɔhɛ ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]
BIA ÐOKUIWÒ BE . . .
Xlẽ nya siawo siwo sɔhɛ siwo le xexea ƒe teƒe vovovowo la gblɔ, eye nàbia nya siwo kpe ɖe eŋu la ɖokuiwò.
• “Dzinyelawo gblɔna nam be maxlẽ nyati siwo ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu eye mate ɖe yewo ŋu ne nyabiase aɖe le asinye. Gake madi be woaɖo dze kplim tso eŋu geɖe wu hafi.”—Ana, tso Brazil.
Ne ètsɔ nyati alo agbalẽ siwo ƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu la na viwò la, nu ka tae wòle vevie be nàgaɖo dze tso eŋu kplii?
• “Mese nya geɖe le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu, siwo ŋu nya meka ɖe edzi be fofonye menya naneke tso o. Ne mebia nyae tso eŋu la, awɔ nuku nɛ ŋutɔ.”—Ken, tso Canada.
Nu kae ɖevia ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m na ne edi be yeagblɔ eƒe dzimenyawo na wò?
• “Esi medo dzi bia dzinyelawo nya aɖe ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu mlɔeba la, woɖo eŋu nam abe ɖe wole nya tsɔm ɖe ŋunye ene. Wobiam be: ‘Nu ka tae nèle nya ma biam? Nanee dzɔa?’”—Masami, tso Japan.
Ne viwò bia nya wò ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu la, alekee ŋuɖoɖo si nànae la ate ŋu awɔe be wòanɔ bɔbɔe alo wòasesẽ wu be míaɖo dze bubuwo ku ɖe eŋu emegbe?
• “Ne dzinyelawo de dzi ƒo nam gblɔ nam be esime yewonɔ abe nye ene la, yewobia nya mawo ke, eye be esɔ be nye hã mabia la, adzɔ dzi nam.”—Lisette, tso France.
Aleke nàwɔ be viwòa navo le eɖokui me aɖo dze na wò le gbɔdɔnyawo ŋu?
• “Danye biaa nyam le gbɔdɔnyawo ŋu, gake ewɔa esia kple gbe bɔbɔe. Mekpɔe be esia le vevie, elabena mana ɖevia nase le eɖokui me be wole ʋɔnu drɔ̃m ye o.”—Gerald, tso France.
Gbe kae nètsɔ ƒoa nui ne èle nu ƒom na viwò le gbɔdɔnyawo ŋu? Ðe wòahiã be nàtrɔ asi le eŋua?
[Nɔnɔmetata si le axa 14]