Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ
Ale Si Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii
Yesu nɔ gbɔgbɔmenutowo me le Fofoa gbɔ “hafi xexea va dzɔ.” (Yohanes 17:5) Eya ta eyae nye ame si dze nyuie be wòaɖo nyabiase siwo gbɔna la ŋu.
Ðe mawudɔlawo tsɔ ɖe le eme na mía?
▪ Yesu na míenya be mawudɔlawo tsɔ ɖe le eme na amegbetɔwo vevie. Egblɔ be: “Mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me la ta.”—Luka 15:10.
Yesu ɖee fia be wode dɔ asi na mawudɔlawo be woakpe ɖe mawusubɔlawo ŋu be woana ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Mawu dome. Eya ta esi Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo tso ale si wòle be woaƒo asa na ame bubuwo nu ɖiaɖia ŋu la, egblɔ be: “Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã o; elabena mele egblɔm na mi be, woƒe mawudɔla siwo le dziƒo la kpɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe mo ɣesiaɣi.” (Mateo 18:10) Yesu ƒe nya siawo mefia be mawudɔla aɖe le eyomedzela ɖe sia ɖe si, si kpɔa eta o. Ke boŋ Yesu ƒe nyawo fia be mawudɔla siwo wɔa dɔ kplikplikpli kple Mawu la tsɔa ɖe le eme na Kristo hamea me tɔwo vevie.
Aleke Abosam ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu?
▪ Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo ku ɖe ale si Satana dzea agbagba be yeana amewo nadzudzɔ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la sɔsrɔ̃ ŋu. Egblɔ be: “Ne ame aɖe se fiaɖuƒe la ŋuti nya la, gake mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la vana, eye wòɖea nu si wowu ɖe eƒe dzi me la dzonɛ.”—Mateo 13:19.
Le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe ŋutsu aɖe si wu luwo ɖe eƒe agble me me la, eƒo nu tso mɔ aɖe si dzi Satana tona blea amewo la ŋu. Ŋutsua le tsitre ɖi na Yesu, eye luawo le tsitre ɖi Kristotɔ vavã siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo. Gake Yesu gblɔ be futɔ aɖe va “wu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe lua me.” Gbe vɔ̃ɖiawo le tsitre ɖi na aʋatso Kristotɔwo. “Futɔ si wu wo lae nye Abosam.” (Mateo 13:25, 39) Abe ale si ko gbe vɔ̃ɖiwo tea ŋu ɖia luwo ene la, nenema kee ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la hã dzena abe tadeagula vavãwoe wonye ene. Subɔsubɔha siwo fiaa alakpanuwo la blea amewo be woagaɖo to Mawu o. Satana toa alakpasubɔsubɔhawo dzi gblẽa xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si le amewo kple Yehowa dome la me.
Nu kae míawɔ be Satana nagagblẽ nu le mía ŋu o?
▪ Yesu yɔ Satana be “xexea dzi ɖula.” (Yohanes 14:30) Ale si míakpɔ mía ɖokui ta tso Satana si me la dze le gbe aɖe si Yesu do ɖa na Mawu la me. Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be: “Nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta. Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene. Kɔ wo ŋu to nyateƒe la me; wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:15-17) Ne míenya Mawu ƒe Nya la nyuie la, akpɔ mía ta be xexe sia si dzi ɖum Satana le la nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o.
Nu kae mawudɔlawo wɔna na mí egbea?
▪ Yesu gblɔ be: “Le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi [la], mawudɔlawo ado go, eye woama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo ŋu.” (Mateo 13:49) “Nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” la mee míele fifia, eye ame miliɔn geɖe le to ɖom Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.—Mateo 24:3, 14.
Gake menye ame siwo katã dzea Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ gɔme ko ƒe nue dzea eŋu o. Mawudɔlawoe le mɔ fiam Yehowa subɔlawo le dɔ si wɔm wole la me, eye wole ame siwo lɔ̃ Mawu tso dzi me la mam ɖa tso ame siwo menɔa agbe ɖe nu siwo wosrɔ̃ tso eŋu nu o la gbɔ. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo ŋu la, egblɔ be: “Woawoe nye ame siwo sea nya la kple dzi nyui, si nyo, eye woléa eme ɖe asi, eye wotsea ku le dzidodo me.”—Luka 8:15.
Ne èdi be woagakɔ nu geɖe me na ye la, ekema kpɔ agbalẽ sia ƒe ta 10 lia, Nuka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia? Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 16]
Mawudɔlawo kpea asi ɖe eŋu woƒoa amewo nu ƒu ɖe Kristo hamea me