INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 12/1 axa 11
  • Enya “Amegbetɔviwo Ƒe Dzi”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Enya “Amegbetɔviwo Ƒe Dzi”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wònye Kpɔɖeŋu Nyui Nàsrɔ̃a, Alo Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋue?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Ana Be Nakpɔe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Salomo Tu Gbedoxɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Gbedoxɔ Si Wotu Na Yehowa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 12/1 axa 11

Te Ðe Mawu Ŋu

Enya “Amegbetɔviwo Ƒe Dzi”

2 KRONIKA 6:29, 30

MÍA dometɔ kae xexe sia ƒe nuteɖeamedziwo kple kuxiwo meɖe kpe na kpɔ o? Ɣeaɖewoɣi la, awɔ na mí be ame aɖeke meli si se fu siwo kpem míele kple veve siwo gbegbe sem míele la gɔme na mí ŋutɔŋutɔ o. Gake ame aɖe li si nya ale si tututu míele sesem le mía ɖokui me, eyae nye Yehowa Mawu. Nya siwo Salomo gblɔ, siwo woŋlɔ ɖe 2 Kronika 6:29, 30 la ate ŋu afa akɔ na mí.

Salomo le gbe dom ɖa le Yerusalem gbedoxɔa ŋu kɔɣi le 1026 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me. Le Salomo ƒe gbedodoɖaa, si anya xɔ miniti ewo me la, ekafu Yehowa be enye Mawu si wɔa nuteƒe, Ame si nana eƒe ŋugbedodowo vaa eme, eye wònye Gbedodoɖasela.—1 Fiawo 8:23-53; 2 Kronika 6:14-42.

Salomo ƒo koko na Mawu be wòase esubɔlawo ƒe kukuɖeɖewo. (Kpukpui 29) Togbɔ be Salomo ƒo nu tso fukpekpe vovovowo ŋu hã la (kpukpui 28), ede dzesii be mawusubɔla ɖe sia ɖe “dze si eƒe fuɖename,” eye wònya eya ŋutɔ ƒe ‘vevesese.’ Ame aɖe ate ŋu anɔ nu xam le nane ŋu, ke ame bubu ya anɔ veve sem le nu bubu kura ŋu le eƒe dzi me.

Kuxi ka kee wòɖanye o, ame aɖe li si akpe ɖe mawuvɔ̃lawo ŋu be woatsɔ woƒe agbawo. Le gbe si Salomo do ɖa me la, eƒe susu nɔ mawusubɔla siwo ƒe dzi aʋã wo ‘woake woƒe abɔwo me’ ado gbe ɖa na Yehowa la ŋu.a Ðewohĩ Salomo ɖo ŋku edzi be esime fofoa, David, nɔ nu xam vevie la, egblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi.”—Psalmo 55:5, 23.

Aleke Yehowa awɔ nu ɖe ame siwo aɖe kuku nɛ vevie tso dzi me be nekpe ɖe yewo ŋu la ŋu? Ŋuɖoɖoa dze le koko si Salomo ƒo na Yehowa la me be: “Nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, eye naɖo eteƒe na ame sia ame le eƒe zɔzɔmewo katã nu.” (Kpukpui 30) Salomo nyae be menye ɖeko ‘Gbedodoɖasela’ la tsɔ ɖe le eme na esubɔlawo abe ƒuƒoƒo ene ko o, ke etsɔ ɖe le eme na wo dometɔ ɖe sia ɖe hã. (Psalmo 65:3) Yehowa naa kpekpeɖeŋu si wohiã la wo, eye wòtsɔa nu vɔ̃ wɔla si trɔ ɖe Eŋu kple eƒe dzi blibo la ƒe nu vɔ̃wo kenɛ.—2 Kronika 6:36-39.

Nu kae na Salomo ka ɖe edzi be Yehowa ase esubɔla si trɔ dzi me la ƒe kukuɖeɖewo? Salomo yi eƒe gbedodoɖaa dzi be: “Elabena wò [Yehowa] ɖeka koe nya amegbetɔviwo ƒe dzi.” Yehowa nya esubɔla wɔnuteƒe ɖe sia ɖe ƒe fuɖename kple veve si sem wòle le eƒe dzi me, eye wòtsɔ ɖe le nɔnɔme sesẽ siwo me tom wole la me.—Psalmo 37:4.

Salomo ƒe gbedodoɖaa me nyawo faa akɔ na mí. Ðewohĩ mía havi amegbetɔwo manya ale si tututu míesena le mía ɖokui me—míaƒe ‘fuɖenamewo’ kple ‘vevewo’ o. (Lododowo 14:10) Gake Yehowa nya ale si míesena le míaƒe dzi me, eye wòtsɔ ɖe le eme na mí vevie. Ne míegblɔa míaƒe dzimenyawo nɛ le gbedodoɖa me la, esia ana agba siwo le mía dzi la tsɔtsɔ nanɔ bɔbɔe na mí wu. Biblia gblɔ be: “[Midro] miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.”—1 Petro 5:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Le Biblia ŋlɔɣiwo la, be ame ‘nake eƒe abɔwo me,’ eye wòake eƒe asiwo me aɖo ɖe dziƒo nye gbedodoɖa ƒe dzesi.—2 Kronika 6:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe