Ðee Fia Be Ètsɔ Ðe Le Eme Na Dzilaɖekɛwo
DZILAÐEKƐWO le ame siwo ŋu vovo menɔna o, siwo dagbana le agbe me wu, la dome. Nɔnɔme sesẽ siwo me wotona la wu gbɔgblɔ. Ele na wo be woatsɔ ƒomegbanɔamedzi gbogboawo. Tsɔ kpe ɖe gbesiagbe dɔwɔɖui ŋu la, ele be woaƒle asi, aɖa nu, adzra aƒe me ɖo, ahanɔ hehe nam ɖeviwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be woakpɔ ɖeviwo ƒe lãmesẽnyawo gbɔ, aɖe modzaka kpli wo ahaɖee afia be yewotsɔ ɖe le eme na wo, eye le afi si wòanya wɔ le la, woadi vovoɣi vi aɖe atsɔ akpɔ woawo ŋutɔwo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ.
Togbɔ be dzilaɖekɛƒomewo va le bɔbɔm ŋutɔ hã la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míaŋlɔ wo be. Dzila aɖe ʋu eme bena, “Le ɣeyiɣi siwo me nyemenye dzilaɖekɛ o la, dzilaɖekɛwo ƒe nu mevaa susu me nam kura o.” Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be ètsɔ ɖe le eme na dzilaɖekɛwo? Ðe wòhiã be nàtsi dzi ɖe wo ŋua? Na míadzro susu etɔ̃ aɖewo siwo ta wòle be míatsɔ ɖe le eme na wo la me akpɔ.
Nu Siwo Tae Wòle Be Míatsɔ Ðe Le Eme Na Wo
Dzilaɖekɛ geɖe di be woakpe ɖe yewo ŋu. Ahosi aɖe si xɔ ƒe 41, si si vi eve le la, gblɔ be: “Edzɔna ɣeaɖewoɣi be nyemenyana nu si tututu mawɔ o, eye mesena le ɖokuinye me be agba geɖe siwo le dzinye la wu tsɔtsɔ nam.” Ne amewo zu ahosiwo alo ahowo, alo wo srɔ̃wo dzo le wo gbɔ, alo nɔnɔme madeamedzi bubu aɖe na wova zu dzilaɖekɛwo la, wosena le wo ɖokui me abe ale si vidada aɖe se le eɖokui me ene esi wògblɔ be: “Míele didim vevie be ame aɖe nakpe ɖe mía ŋu, elabena míehiã kpekpeɖeŋu vevie ŋutɔ!”
Ana be wò ŋutɔ hã nàkpɔ dzidzɔ. Ðe wòdzɔ kpɔ be nèkpe ɖe ame aɖe ŋu wòtsɔ agba aɖe si wu tsɔtsɔ na ame ɖeka? Ne edzɔ ɖe dziwò nenema kpɔ la, ke anɔ eme be dzi dzɔ wò be nèna kpekpeɖeŋu si amea hiã. Le gɔmesese ma ke nu la, dzilaɖekɛwo hã tsɔ agba aɖe si wu tsɔtsɔna ame ɖeka. Ne èkpe ɖe wo ŋu wotsɔ woƒe agbawo la, wò ŋutɔ àkpɔ nya siwo dze le Psalmo 41:2 la ƒe nyateƒenyenye adze sii. Afi ma gblɔ be: “Woayra ame si léa fɔ ɖe hiãtɔ ŋu!”
Edzea Mawu ŋu. Yakobo 1:27 gblɔ be: “Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume lae nye esi: be woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me.” Esia bia hã be woakpɔ dzilaɖekɛwo dzi.a Hebritɔwo 13:16 gblɔ be: “Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.”
Esi susu etɔ̃ siawo siwo ta wòle be míana kpekpeɖeŋu dzilaɖekɛwo le susu me na mí la, na míadzro nu ŋutɔŋutɔ siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu kple ale si míawɔ aka ɖe edzi be kpekpeɖeŋu si míana la aɖe vi na wo la me azɔ.
Ale Si Míawɔ Anya Nu Siwo Wohiã
Ðewohĩ awɔ na wò be nu si ko wòhiã be nàwɔ lae nye be nàbia dzilaɖekɛ la be, “Nu ka mate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò?” Gake nya la ŋutɔŋutɔe nye be, zi geɖe la, nya sia biabia mana wòagblɔ nu siwo tututu wòhiã la na wò o. Abe ale si míede dzesii va yi ene la, Psalmo 41:2 kafui na mí be ‘míalé fɔ ɖe’ wo ŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe nenema la ate ŋu afia “ale si woabu nu siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o la ŋu nyuie, si awɔe be woawɔ nu ɖe ame ŋu nyuie.”
Eya ta hafi nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu si ate ŋu aɖe vi ŋutɔŋutɔ la, ele be nàde ŋugble le kuxi siwo dze ŋgɔ dzilaɖekɛ la ŋu vevie. Mègabu woƒe nɔnɔmea ŋu ɖewoɖewoe ko o, ke boŋ lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie. Bia ɖokuiwò be, ‘Ne nyee le nɔnɔme ma me la, nu kae madi be woawɔ nam?’ Dzilaɖekɛ geɖewo agblɔ na wò be aleke kee nèɖadze agbagbae o, ne mènye dzilaɖekɛ o la, màte ŋu ase nɔnɔme si me yewole la gɔme gbeɖe o. Ke hã, ne èwɔ tɔwò sinua be nàkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme si me wole me la, anɔ bɔbɔe na wò wu be ‘nàlé fɔ ɖe’ dzilaɖekɛwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo ŋu.
Srɔ̃ Mawu Ƒe Kpɔɖeŋu Deblibo La
Ne míele nu ƒom tso beléle na dzilaɖekɛwo ŋu la, ame aɖeke meli si wɔ esia le lɔlɔ̃ me wòde edeƒe wu Yehowa Mawu o. Mawunyakpukpui geɖe ƒo nu tso ale si Yehowa Mawu tsɔa ɖe le eme na ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ŋu, si fia be etsɔ ɖe le eme na dzilaɖekɛwo. Ne míelé ŋku ɖe ale si Mawu kpɔ ame tsɛ mawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woe ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míanya mɔ si dzi míato ana kpekpeɖeŋu si aɖe vi na wo ŋutɔŋutɔ la wo. Míadzro mɔ vevi ene aɖewo me.
Kpɔ vovo ɖe wo ŋu nàɖo to wo
Le Se si Yehowa tsɔ na blema Israel viwo me la, egblɔ be ‘yeaɖo to’ ame siwo dzi nu mede o la ƒe ‘ɣlidodowo.’ (2 Mose 22:21, 22) Aleke nàte ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui sia? Dzilaɖekɛwo sena le wo ɖokui me zi geɖe be yewotsi akogo vevie, eye be ame tsitsi aɖeke meli yewoaɖo dze kplii o. Nyɔnu aɖe si nye dzilaɖekɛ la gblɔ be: “Ne zã do, eye ɖeviwo mlɔ anyi la, ɣeaɖewoɣi la, avi dzi ko menɔna. Akogotsitsia wua tsɔtsɔ nam ɣeaɖewoɣi.” Ne asɔ le gowòme la, ɖe nàte ŋu ‘aɖo to’ dzilaɖekɛ aɖe si le didim be yeagblɔ yeƒe dzimenyawo la ƒe ‘ɣlidodowoa’? Ne esɔ le gowòme be nàkpɔ vovo ɖe dzilaɖekɛ aɖe ŋu aɖo toe la, esia ate ŋu anye kpekpeɖeŋu gã aɖe nɛ be wòate ŋu anɔ te ɖe eƒe kuxiwo nu.
De dzi ƒo na wo kple nya tuameɖowo
Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi na wokpa ha kɔkɔewo, alo psalmowo, siwo Israel viwo anɔ dzidzim le tadeagu ƒe wɔnawo me. Ne Israel vi siwo nye ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo le ha mawo dzim la, eɖoa ŋku edzi na wo be Yehowa nye “fofo” kple “ʋɔnudrɔ̃la” na yewo, eye be akpe ɖe yewo ŋu le yewoƒe xaxawo me. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe esia made dzi ƒo na wo ŋutɔ oa? (Psalmo 68:6; 146:9) Míawo hã míate ŋu agblɔ nya tuameɖowo na dzilaɖekɛwo, siwo atsi susu me na wo ƒe geɖe. Ruth si nye dzilaɖekɛ la, ɖoa ŋku nya si vifofo kpɔnuteƒe aɖe gblɔ nɛ la dzi kple dzidzɔ, togbɔ be ƒe 20 sɔŋ ye nye esi va yi hã. Vifofoa gblɔ nɛ be: “Ale si nèle viwòŋutsuvi eveawo hemee la na mekpɔe be èle agbagba dzem ŋutɔ. Lé eme ɖe asi.” Ruth gblɔ bena: “Nya mawo sese wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.” Nyateƒee, “aɖe fafɛ enye agbeti,” eye ate ŋu ade dzi ƒo na dzilaɖekɛ geɖe wu ale si mía ŋutɔwo míesusui gɔ̃ hã. (Lododowo 15:4) Ðe nàte ŋu ade ŋugble le nane ŋu, si ŋu nàƒo nu tsoe tso dzi me, atsɔ afa akɔ na ame aɖe si nye dzilaɖekɛa?
Na ŋutilãmekpekpeɖeŋu wo ne ehiã
Le Se si Yehowa tsɔ na blema Israel viwo me la, ewɔ ɖoɖo be tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nakpɔ nuɖuɖu si wohiã na la le mɔ si mana woase le wo ɖokui me be wodo vlo yewo o la nu. To ɖoɖo mawo siwo Mawu wɔ dzi la, ame tsɛ mawo hã akpɔ nu ‘aɖu aɖi ƒo.’ (5 Mose 24:19-21; 26:12, 13) Míawo hã míate ŋu adze aɖaŋu ato mɔ aɖe dzi ana ŋutilãmekpekpeɖeŋu dzilaɖekɛƒome siwo hiã tu la le bubu me. Ðe nàte ŋu aƒle nuɖuɖu kple nudonuiwo atsɔ ayi na wo le aƒe mea? Ðe awu aɖewo le asiwò si dzilaɖekɛa alo viawo ate ŋu azãa? Alo ɖe nàte ŋu ana gakpekpeɖeŋu dzilaɖekɛa be wòatsɔe aƒle nu siwo eƒe ƒomea hiã naa?
De ha kpli wo
Yehowa de se na blema Israel viwo be woana tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nakpɔ gome le dukɔa ƒe ŋkekenyui siwo woɖuna ƒe sia ƒe la me, ale be woawo hã nase vivi le hadede kple Israel vi bubuwo me. Egblɔ kpee gɔ̃ hã be ele be ‘woakpɔ dzidzɔ.’ (5 Mose 16:10-15) Nenema kee egbea hã, woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woawɔ amedzro na wo nɔewo,’ si aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woase vivi le hadede kple wo nɔewo me. (1 Petro 4:9) Eya ta ɖe manyo ŋutɔ be nami asi dzilaɖekɛƒome aɖe be woava ɖu nu kpli mi le aƒe me oa? Mehiã be wòanye kplɔ̃ɖoɖo kpeɖi o. Esime Yesu nɔ ha dem kple exɔlɔ̃wo le woƒe aƒe me la, egblɔ be “nu ʋɛ aɖewo koe hiã, alo ɖeka pɛ ko.”—Luka 10:42.
Woakpɔ Ŋudzedze Ðe Ðetsɔleme Si Nàɖe Afia Wo La Ŋu
Kathleen, si nye dzilaɖekɛ si nyi vi etɔ̃ la, gblɔ be nyemaŋlɔ aɖaŋuɖoɖo nyui sia be akpɔ o, “Mègakpɔ mɔ na naneke o; kpɔ ŋudzedze ɖe nu sia nu ŋu.” Abe ale si wòle le Kathleen gome ene la, ele nyanya me na dzilaɖekɛ geɖe be agba le yewo ŋutɔwo dzi be yewoakpɔ yewo viwo dzi. Eya ta womekpɔa ame aɖeke sinu be wòatsɔ yewoƒe agbanɔamedziwo na yewo o. Ke hã, ɖikeke mele eme o be woakpɔ ŋudzedze ɖe nu sia nu si nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu la ŋu. Ne èɖenɛ fiana be yetsɔ ɖe le eme na dzilaɖekɛwo la, esia aɖe vi geɖe na wo, eye wòana be wò ŋutɔ hã nàkpɔ dzidzɔ, eye kakaɖedzi anɔ asiwò be Yehowa Mawu ‘aɖo wò nuwɔwɔwo teƒe na wò.’—Lododowo 19:17.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Togbɔ be nya “dzilaɖekɛ” medze le Biblia me o hã la, woƒo nu tso “ahosiwo” kple “tsyɔ̃eviwo” ŋu le eme zi gbɔ zi geɖe. Esia ɖee fia be dzilaɖekɛ geɖe nɔ anyi le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia la me.—Yesaya 1:17.
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 24]
Èkpe dzilaɖekɛƒome aɖe wova ɖu nu kpli mi le ŋkeke siawo mea? Ðe manyo be nàwɔe fifia oa?