Mawu ‘Wɔa Nu Gãwo’—Ale Si Meva Kpɔ Esia Dze Sii
Abe ale si Maurice Raj gblɔe ene
Nye ƒomea kple amedzrovi akpe bubu geɖe nɔ sisim esime Xexemeʋa II nu nɔ sesẽm ŋutɔ le nuto si me míenɔ la me. Míezɔ mɔ ŋkeke geɖe to Burma ƒe avetsuwo me, eye ne zã do la, míetsia atiwo te dɔna. Mexɔ ƒe asieke ɣemaɣi. Wobla agba vi aɖe, si me nye nunɔamesiwo katã nɔ la nam, metsɔ kpa ɖe dzime. Gake naneke ŋutɔ mekpɔ dzɔ haɖe o.
ƑE 1942 mee nu siawo nɔ dzɔdzɔm. Xexemeʋã II nɔ edzi yim, eye míenɔ sisim le Japan ƒe asrafowo nu. Japantɔwo xɔ Burma, si woyɔna fifia be Myanmar, vɔ koe nye ema, eye woxɔ Yenangyaung ƒe teƒe siwo wokua tomemi le. Gake hafi míaɖo India ƒe de dzi la, Japan srafowo va xe mí, eye wozi mía dzi be míatrɔ ayi aƒe.
Esi menye ɖevi la, míenɔ Yenangyaung, eye fofonye nɔ dɔ wɔm le Burmah Tomemi Dɔwɔƒea. Esi Japantɔwo xɔ Burma la, Britain srafowo tsɔ yameʋuwo da bɔm gbogbo aɖewo ɖe Yenangyaung ƒe amikuƒewo. Mlɔeba la, míeɖo tɔdziʋu hesi yi Sale, si nye du sue aɖe, si te ɖe Ayeyarwady, alo Irrawaddy Tɔsisia ŋu. Dzi dzɔ mí ŋutɔ be míetsi agbe, eye afi mae míetsi va se ɖe esime aʋaa ke.
Afɔku Aɖe Dzɔ Si Na Meke Ðe Nyateƒea Ŋu
Wodzi yonyemetɔa le ƒe 1945 me, si nye ƒe si me Xexemeʋa II ke. Dzi dzɔ fofonye ŋutɔ be wodzi vi na ye le yeƒe amegãkuku me. Gake dzidzɔ si wòkpɔ la menɔ anyi eteƒe didi o, elabena nɔvinyea ku le ɣleti etɔ̃ pɛ ko megbe. Fofonye xa nu ʋuu keke tsɔ kui le ema megbe kpuie.
Esi xɔ̃nyewo nɔ agbagba dzem be yewoafa akɔ nam la, wogblɔ nam be Mawu kplɔ fofonye kple nɔvinyea va da ɖe eɖokui gbɔ le dziƒo. Enɔ dzroyem vevie be nye hã mayi aɖawɔ ɖeka kpli wo! Katolikotɔwoe míenye, eye ha ma mee menɔ xɔ hehe le mawusubɔsubɔ me esi menye ɖevi. Wofiam be nunɔlawo kple nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo yia dziƒo enumake nenye be woku, ke wowɔa fu ame bubuwo ya le ŋutiklɔdzo me hena ɣeyiɣi aɖe tsɔ klɔa woƒe nu vɔ̃wo ɖa le wo ŋu. Esi wònye be medi vevie be maɖawɔ ɖeka kple fofonye kple nɔvinyea ta la, meɖoe be made Katolikotɔwo ƒe nunɔlawo ƒe suku le Maymyo, si woyɔna fifia be Pyin Oo Lwin, si didi tso mía gbɔ agbadroƒe 130 (kilometa 210).
Gake hafi woaxɔ ame aɖe ɖe nunɔlawo ƒe sukua la, ele be amea nade suku ayi ŋgɔ. Ke esi wònye be amedzrovie menye ta la, ƒe eve koe mede suku. Ema yome koe wotu sukuwo katã le aʋa la ta. Togbɔ be wova ʋu sukua hã la, ganyawo nɔ sesẽm na ƒomea ŋutɔ. Menye mía kple fonye eveawo ko dzie danye nɔ kpɔkpɔm o, ke enɔ danyeɖia, si megava li o la, ƒe vi etɔ̃ hã dzi kpɔm. Eya ta ŋutete meganɔ eŋu be wòade viawo suku o.
Fonye tsitsitɔ kpɔ dɔ nɔ wɔwɔm, gake ƒe 13 koe nye ya mexɔ, eye ŋusẽ menɔ ŋunye be mawɔ dɔ boo aɖeke o. Tɔnyeɖia Manuel Nathan, nɔ Chauk, si nye du aɖe si te ɖe Sale ŋu la me. Megblɔ na ɖokuinye be ‘Ne meʋu le aƒe me la, ke ame siwo dzi wòahiã be danye nakpɔ la dzi aɖe akpɔtɔ.’ Eya ta meʋu yi ɖatsi tɔnyeɖia gbɔ le Chauk.
Nyemenyae be tɔnyeɖia va nɔ ha dem kple Yehowa Ðasefowo, eye be enɔ didim vevie be yeaƒo nu tso nu yeye siwo srɔ̃m wònɔ tso Biblia me la ŋu na amewo o. Enɔ nu srɔ̃m kplim vivivi. Edze egɔme kple nu si Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la fia la me ɖeɖe nam. Gbedodoɖa ma ƒe gɔmedzedze yi ale: “Mía Fofo, si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”—Mateo 6:9, 10.
Tɔnyeɖia ɖe nu me nam gblɔ bena: “Eya ta ŋkɔ le Mawu si. Eye ŋkɔ mae nye Yehowa.” Eyome efiam Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me. Megadi be masrɔ̃ nu geɖe akpee. Ke hã nyemenya nuxexlẽ nyuie o, mía degbe Tamil xexlẽ gɔ̃ hã memam o, evɔ Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo nɔ tɔnyeɖia si la le Eŋlisigbe me, eye nyemese Eŋlisigbea hã nyuie o. Togbɔ be nyemede suku yi ŋgɔ o hã la, vivivi la, meva se Biblia ƒe nufiafiawo gɔme. (Mateo 11:25, 26) Meva kpɔe dze sii be nu siwo wofiam esime menɔ ɖevime la dometɔ geɖe mewɔ ɖeka kple nu si Biblia fia o. Mlɔeba megblɔ be: “Tɔɖia, nyateƒeae nye esia!”
Esi mexɔ ƒe 16 la, mete nu siwo mesrɔ̃ la ŋu nya gbɔgblɔ na amewo. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo 77 koe nɔ Myanmar. Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Robert Kirk, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔlawo dometɔ ɖeka tso dugã, si nye Rangoon, si woyɔna fifia be Yangon va srã tɔnyeɖia kpɔ le Chauk. Megblɔ na Robert be metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa. Eya ta le December 24, 1949 dzi la, wonyrɔm ɖe Ayeyarwady Tɔsisia me tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Mawu la dzi.
Menɔ Te Ðe Kuxiwo Nu
Ema megbe kpuie la, meʋu yi ɖatsi Mandalay be madi dɔ awɔ. Nye taɖodzinue nye be mazu mɔɖela, si nye ale si woyɔna Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawoe. Gbe ɖeka esi menɔ bɔl kpɔm la, medze anyi henɔ ƒoƒom tititi. Anyidzedɔe dze dzinye, eya ta metrɔ yi ɖanɔ ƒonyemetɔwo gbɔ bene woakpɔ dzinye.
Dɔa dzea dzinye gadzona enuenu ƒe enyi sɔŋ. Esi nye lãme sẽ la, megadze dɔwɔwɔ gɔme ake. Togbɔ be Dada nɔ dzi ɖem le ƒonye be magawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa o le nye lãmesẽnyawo ta hã la, megblɔ nɛ gbe ɖeka be: “Nyemagate ŋu alala azɔ o. Medi be mazu mɔɖela. Yehowa akpɔ tanye!”
Le ƒe 1957 me la, meʋu yi Yangon hete mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Nukutɔe la, anyidzedɔa megaho nam kpɔ o va se ɖe ƒe 2007 me, si nye ƒe 50 megbe. Fifia menoa atike tsɔ léa enu. Le ƒe 1958 me la, mezu mɔɖela vevi, si fia be mezãa gaƒoƒo 150 tsɔ ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ɣleti sia ɣleti.
Teƒe gbãtɔ si woɖom ɖoe nye Kyonsha, si nye kɔƒe aɖe, si didi tso Yangon agbadroƒe 70 (kilometa 110), le dzieheɣetoɖoƒe gome. Amewo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe nɔ afi ma siwo xlẽ míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo, eye wodi be woagafia nu geɖe yewo. Esi mía kple Robert míeɖo afi ma la, ameha gã aɖe va ƒo ƒu. Míeɖo biabia gbogbo siwo nɔ wo si ku ɖe Biblia me nyawo ŋu la ŋu na wo, eye míefia ale si woasrɔ̃ Bibliae ne wokpe ta la wo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wo dometɔ aɖewo va wɔ ɖeka kpli mí míenɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. Wobia tso asinye be mayi dɔa dzi le kɔƒe ma me. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, ƒuƒoƒo sue ma va zu hame blibo. Egbea Ðasefo siwo wu 150 ye le nuto ma me.
Emegbe la, meva zu Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔlawo dometɔ ɖeka. Dɔ sia bia be manɔ hamewo kple ƒuƒoƒo siwo sa ɖe aga la srãm kpɔ le Myanmar godoo. Menɔ agbatsɔʋuwo tame zɔ mɔ agbadroƒe geɖe le mɔ siwo dzi ʋuʋu le, mezɔ mɔ didiwo to avetsuwo me, metso tɔsisiwo, eye melia towo. Togbɔ be nyemenye ame sesẽ nenema gbegbe o hã la, mekpɔe be Yehowa nɔ ŋusẽ domem be mayi dɔa dzi.—Filipitɔwo 4:13.
“Yehowa Akpe Ðe Ŋuwò”
Le ƒe 1962 me la, woɖom ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Yangon, afi si Robert fia dɔ aɖewo wɔwɔm le. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, dziɖuɖua de se be dutanyanyuigblɔlawo katã nadzo le Myanmar, eya ta le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, wodzo. Ewɔ mo yaa nam ŋutɔ be wode dɔ asi nam be makpɔ dɔa dzi le alɔdzedɔwɔƒea.
Mebia ɖokuinye be: ‘Aleke gɔ̃ mawɔ atsɔ dɔ sia? Nyemede suku yi ŋgɔ o, eye nuteƒekpɔkpɔ hã mesu asinye o.’ Esi ame tsitsiwo kpɔ ale si gbegbe metsi dzimaɖii la, wogblɔ nam be: “Maurice, mègavɔ̃ o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Eye míawo hã míeli kpli wò.” Nya mawo de dzi ƒo nam ale gbegbe! Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, eva hiã be mabu dɔ siwo Ðasefowo wɔ le Myanmar le ƒea me la ŋuti kɔnta atsɔ ana bena woata ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒegbalẽ, si nye ƒe 1967 tɔ me. Le ƒe 38 siwo kplɔe ɖo me la, mebua akɔnta le dukɔa ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ƒe sia ƒe. Enuenu la, nuwo dzɔna siwo nana mekpɔnɛ dzea sii kɔtɛ be Yehowae le mɔ fiam míaƒe dɔa vavã.
Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi do ŋgɔ, esi mebia be woawɔ Myanmar dukɔmevinyenye ƒe agbalẽvi nam la, ga home si nye kyat 450a si wòhiã be maxe hafi woawɔ agbalẽa nam la menɔ asinye o, eya ta meɖe susu ɖa le edzi gbɔ. Ke gbe ɖeka esi menɔ dɔwɔƒe si me mewɔ dɔ le ƒe aɖewo va yi la ŋu tom la, dɔtɔa kpɔm, eye wodo ɣli yɔm gblɔ bena: “Raj, va xɔ wò ga. Èŋlɔ be mèxɔ wò dzudzɔxɔledɔmega hafi dzo o.” Ga la ƒe homee nye kyat 450.
Esi menɔ dzodzom le dɔwɔƒea la, nu vovovo siwo mate ŋu atsɔ kyat 450 awɔ la va susu me nam. Gake esi wònye be esɔ kple home si tututu hiã be matsɔ axɔ dukɔmevinyenye ƒe agbalẽvia ta la, meƒo nya ta be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be matsɔ gaa axɔ agbalẽviae. Eye nyametsotso ma va ɖe vi ŋutɔ. Esi wònye be menye dukɔmevi ta la, mete ŋu tsi dukɔa me, eye metea ŋu zɔa mɔ yia afi sia afi faa, medɔa agbalẽwo tso dukɔ bubuwo me, eye metea ŋu wɔa dɔ bubu siwo hiã be gbeƒãɖeɖedɔa nayi edzi le Myanmar.
Míewɔ Takpekpe Aɖe Le Dziehe
Le ƒe 1969 ƒeawo me la, gbeƒãɖeɖedɔa nɔ ta kekem kabakaba le Myitkyina, si nye du aɖe si le Myanmar ƒe dziehe, eya ta míeɖoe be míawɔ takpekpe le du ma me. Gake kuxi sesẽ si dze ŋgɔ mí lae nye ale si míakpɔ ʋuɖonyawo gbɔ na Ðasefo siwo katã atso dukɔa ƒe anyiehe gome ava la. Míedo gbe ɖa tso eŋu, eye míebia mɔ le Myanmar Ketekedɔwɔƒea be woagblẽ nɔƒe ɖi na mí le ketekexɔvi ade bubu siwo woatsyã ɖe ketekea ŋu la me na mí. Ewɔ nuku na mí ŋutɔ be woda asi ɖe edzi.
Hafi takpekpea ƒe ŋkekea naɖo la, míewɔ ɖoɖo ɖe sia ɖe si hiã. Le ŋkeke ɖoɖi si dzi wòle be takpekpea valawo nava ɖo la, míeyi ɖanɔ wo dzɔm le ketekeɖoƒea le ŋdɔ ga wuieve me, henɔ mɔ kpɔm be woava ɖo ŋdɔ ga 2:30. Esi míenɔ wo dzɔm la, aƒetɔ si nɔ ketekeɖoƒea nu la tsɔ telegram aɖe nam. Emenyawo gblɔ be: “Míeɖe ketekexɔvi ade siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa bia la ɖa.” Eɖe nu me na mí be ketekea mate ŋu ahe xɔvi ade bubuawo atsɔ alia togbɛ la o.
Nu kae míawɔ azɔ? Nu gbãtɔ si va susu me na mí ye nye be míada takpekpea ɖe ŋkeke bubu dzi. Gake esia abia be míagaŋlɔ agbalẽ abia mɔ, evɔ ema hã axɔ kwasiɖa geɖe! Esi míenɔ gbe dom ɖa vevie na Yehowa la, kasia ketekea ye nye ema va ɖo. Esi míekpɔ be Ðasefowo yɔ ketekexɔvi adeawo la, míaƒe mo wɔ yaa ŋutɔ! Wonɔ alɔgbɔnu kom henɔ asi ʋuʋum na mí. Esi míebia wo be alekee wòdzɔe hã la, wo dometɔ ɖeka gblɔ na mí be, “Woɖe xɔvi ade aɖewo ɖa ya, gake menye mía tɔwoe woɖe ɖa o!”
Tso ƒe 1967 va ɖo ƒe 1971 me la, Ðasefo siwo nɔ Myanmar la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi teƒe eve va ɖo 600 kloe. Le ƒe 1978 me la, woɖe alɔdzedɔwɔƒea yi dziƒoxɔ aɖe me. Ƒe blaeve megbe la, Ðasefowo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo ame 2,500 kple edzivɔ. Wogakeke alɔdzedɔwɔƒea ɖe enu wòva nye dzisasrã etɔ̃ ƒe dɔwɔxɔ, tsɔ kpe ɖe xɔdɔmewo ŋu, eye le January 22, 2000 dzi la, John E. Barr si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ tso Amerika va na xɔŋukɔnuƒoa. Míegale xɔ mawo zãm va de asi na egbea.
Yayra Siwo Mekpɔ
Egbea lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 52 wɔa dɔ le alɔdzedɔwɔƒea le Yangon, eye Ðasefo siwo anɔ abe 3,500 la le hame kple ƒuƒoƒo vovovo 74 me le dukɔa me godoo. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na danye lɔlɔ̃a ƒe ku le ƒe 1969 me la, eya hã zu Yehowa Ðasefo.
Doris Ba Aye, si nye mɔɖela aɖe le nutoa me la, va zu gbegɔmeɖela le alɔdzedɔwɔƒea le ƒe 1960-awo ƒe domedomee lɔƒo. Ƒe aɖewo do ŋgɔ, si nye le ƒe 1959 me la, ede Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 32 lia, si nye suku si wotsɔ naa hehe Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔlawo. Eƒe tugbedzedze, ale si wòdoa vivi ɖe ame ŋu, kple ale si wòdoa vevie mawusubɔsubɔ la, na eƒe nu lé dzi nam. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1970 me. Míele nuteƒewɔwɔ dzi na Yehowa, eye míele nuteƒe wɔm na mía nɔewo hã va de asi na egbea.
Ƒe 60 kple edzivɔwoe nye esia la, mekpɔ ale si Mawu le alɔ dom gbeƒãɖeɖedɔa le dukɔ sia me. Vavãe, Mawu lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ. ‘Ewɔa nu gãwo’ vavã, abe ale si nye ŋutɔ mekpɔe le nye agbemeŋkekewo katã me ene.—Psalmo 106:21.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ɣemaɣi la, ga ma ƒe home nye Amerika dɔlar 95, si nye ga gbogbo aɖe.
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 27]
Esi menɔ gbeƒã ɖem le Rangoon, Burma le ƒe 1957 me lɔƒo
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 28]
Esi menɔ mɔ dzi yina takpekpe le Kaleymo, Burma, le ƒe 1970 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 29]
Míaƒe alɔdzedɔwɔƒe dzeania, si wokeke ɖe enu le ƒe 2000 me
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 29]
Mía kple Doris egbea
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 29]
Mía kple Doris míele gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me