Xɔ Yayrawo To Fia Si Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Le Mɔ Fiam Dzi!
“Yehowa ƒe gbɔgbɔ . . . anɔ edzi.”—YES. 11:2.
1. Xexea me katã ƒe kuxi kawoe ame aɖewo ɖe gblɔ?
ƔLETIVIŊUTINUNYALA Stephen Hawking bia le ƒe 2006 me be: “Le xexe sia si me tɔ zi alea gbegbe, si me dunyahehe, hadomegbenɔnɔ, kple nutowo ƒe dedienɔnɔ ɖo afɔku me le me la, alekee míate ŋu akpɔ mɔ be amegbetɔƒomea nakpɔtɔ anɔ anyi atso ƒe 100 bubu ɖo?” Nyati aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me la gblɔ be: “Míete ŋu ɖe ahedada ɖa alo he ŋutifafa va xexea me o. Ke nu siwo tsi tsitre ɖe emawo ŋu boŋ ye míete ŋu wɔ. Míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe hafi wòglo. Míete nu sia nu kpɔ, tso dziɖuɖu siwo me nu sia nu nyea dziɖuɖua tɔ le dzi, va ɖo esiwo me asitsatsa ƒe ablɔɖe nɔa ame sia ame si la dzi; tso Dukɔwo Ƒe Nubabla la dzi va ɖo kɔlili nukliaʋawɔnuwo ɖi be woado ŋɔdzi na dukɔwo woadzudzɔ aʋawɔwɔ dzi. Míewɔ ‘aʋa geɖewo be míatsɔ atsi aʋawɔwɔ nu,’ elabena míexɔe se be míenya ale si míatsi aʋawɔwɔ nu.”—New Statesman.
2. Aleke Yehowa awɔ eƒe dziɖuŋusẽ si dze la ŋu dɔ kpuie aɖu anyigba la dzi?
2 Nya siawo mewɔ nuku na Yehowa subɔlawo o. Biblia gblɔ na mí be womewɔ amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokui dzi. (Yer. 10:23) Yehowa ye nye Dziɖulagã ɖeka kolia si dze. Le esia ta, gome le esi be wòaɖo dzidzenuwo na mí, aɖo tameɖoɖo si wòle be wòanɔ míaƒe agbe ŋu na mí, eye wòafia mɔ siwo dzi míato aɖo tameɖoɖo ma gbɔ la mí. Gawu la, eteƒe madidi o, awɔ eƒe dziɖuŋusẽ ŋu dɔ atsɔ ahe agbagba dzodzro siwo dzem amegbetɔwo le be yewoaɖu yewo ɖokui dzi la ava nuwuwui. Le ɣeyiɣi ma ke me la, atsrɔ̃ ame siwo katã gbe be yewomalɔ̃ ɖe gome si le esi be eyae dze aɖu dzi la dzi o, si fia be, le nyateƒe me la, wodi be amegbetɔwo nakpɔtɔ anye nu vɔ̃, blibomademade, kple Satana Abosam, “nuɖoanyi sia ƒe mawu,” ƒe kluviwo, la ɖa.—2 Kor. 4:4.
3. Nya kae Yesaya gblɔ ɖi tso Mesia la ŋu?
3 Le xexe yeye si anye Paradiso me la, Yehowa awɔ eƒe dziɖuŋusẽ si wòzãna le lɔlɔ̃ me la ŋu dɔ to Mesia Fiaɖuƒea dzi wòaɖe vi na ameƒomea. (Dan. 7:13, 14) Yesaya gblɔ nya ɖi tso Fiaɖuƒe sia ƒe Fia ŋu be: “Atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me, eye dzedze atso eƒe ke me atse ku. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.” (Yes. 11:1, 2) Mɔ vovovo kawo nue Mawu ƒe gbɔgbɔa na “atilɔ [si mie] tso Isai ƒe atitakpo me,” si nye Yesu Kristo, la dze be wòaɖu ameƒomea dzi le? Yayra kawoe eƒe dziɖuɖua ahe vae? Eye nu kae wòle be míawɔ be yayra mawo nasu mía si?
Mawu Na Yesu Dze Be Wòaɖu Dzi
4-6. Sidzedze vevi kawoe su Yesu si siwo ana be wòanye Fia nublanuikpɔla, Nunɔlagã, kple Ʋɔnudzrɔ̃la nyanu?
4 Yehowa di be dziɖula si anye Fia nublanuikpɔla, Nunɔlagã, kple Ʋɔnudrɔ̃la nyanu ŋutɔŋutɔ la nakpe ɖe amegbetɔ siwo nye ye te viwo ŋu woava zu ame deblibowo. Esia tae wòtia Yesu Kristo, si ŋu wòkpe ɖo to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi wòdze na dɔ mawo wɔwɔ la ɖo. Na míadzro susu aɖewo siwo tae Yesu awɔ dɔ siwo Mawu de esi la nyuie la me kpɔ.
5 Yesu nya Mawu nyuie wu ame sia ame. Tenuvi la nya Fofoa xoxoxo anye ƒe biliɔn gbogbo aɖewo do ŋgɔ na ame sia ame. Ɣemaɣi la, Yehowa ŋuti sidzedze deto su Yesu si ale gbegbe be woate ŋu aɖɔe wòasɔ nyuie be “eyae nye Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme.” (Kol. 1:15) Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.”—Yoh. 14:9.
6 Le Yehowa megbe la, Yesu koe ganya nu tso nuwɔwɔwo katã, siwo dome amegbetɔwo hã le, ŋu nyuie. Kolosetɔwo 1:16, 17 gblɔ be: “Eya [Mawu ƒe Vi la] dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi, nu siwo wokpɔna kple nu siwo womekpɔna o . . . Eye etre dzɔdzɔ na nu bubuwo katã, eye eyama dzie woto na nu bubuwo katã va dzɔ.” Wò ya bu nya sia ŋu kpɔ! Yesu, Mawu ƒe “dɔnunɔla” la, kpɔ gome le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Esia wɔe be enya nu tso xexe bliboa katã ƒe wɔwɔme ŋu tsitotsito, tso atɔm me nu suesuesuewo dzi va ɖo amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ wɔnuku la dzi. Ɛ̃, Kristo ye nye nunya si woɖɔ abe amegbetɔ ene la vavã!—Lod. 8:12, 22, 30, 31.
7, 8. Alekee Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Yesu ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me?
7 Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Yesu. Yesu gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo kple nukpɔkpɔ ake na ŋkuagbãtɔwo, be mana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi ne woadzo, be maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe la.” (Luka 4:18, 19) Esime wonyrɔ Yesu ɖe tsi me la, anɔ eme be gbɔgbɔ kɔkɔe la na wòɖo ŋku nu siwo wòsrɔ̃ le dziƒo hafi va zu amegbetɔ, kple nu siwo Mawu di tso esi be wòawɔ ade goe le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi abe Mesia ene la dzi.—Mixlẽ Yesaya 42:1; Luka 3:21, 22; Yohanes 12:50.
8 Esi wònye be Yesu de blibo le ŋutilã kple susu me eye gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ edzi ta la, menye ame vevitɔ si nɔ anyi kpɔ koe wònye o, enye Nufiala gãtɔ hã. Le nyateƒe me la, eƒe nyaselawo ‘lulu le ale si wòfia nui ta.’ (Mat. 7:28) Elabena nu ɖekae nye be, Yesu te ŋu kpɔ nu siwo koŋ gbɔ ameƒomea ƒe kuxiwo—siwo nye nu vɔ̃ me nyenye, blibomademade, kple Mawu manyamanya—tso la gbɔ. Tsɔ kpe ɖe ŋu la, ete ŋu kpɔ nu si le amewo ƒe dzi me la dze sii bɔbɔe eye wòwɔ nu ɖe wo ŋu ale si dze.—Mat. 9:4; Yoh. 1:47.
9. Aleke ŋugbledede le nu siwo me Yesu to le anyigba dzi ŋu na nègaka ɖe eyama dzi geɖe wu abe Dziɖula ene?
9 Yesu nɔ agbe abe amegbetɔ ene. Nu siwo me Yesu ŋutɔ to abe amegbetɔ ene kple eƒe hadede kplikplikpli kple ame madeblibowo kpe ɖe eŋu geɖe be wòdze anye Fia. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Eƒoe ɖe [Yesu] nu be wòava nɔ abe ‘nɔviawo’ ene le goawo katã me, bene wòazu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nyateƒetɔ le nu siwo ku ɖe Mawu ŋu me, bene wòasa avulévɔ ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta. Elabena esi eya ŋutɔ kpe fu esime wonɔ edom kpɔ ta la, ate ŋu akpe ɖe ame siwo dom wole kpɔ la ŋu.” (Heb. 2:17, 18) Esi wònye be ‘wodo Yesu kpɔ’ ta la, ate ŋu ase veve ɖe ame siwo le tetekpɔwo me tom la nu. Yesu ƒe veveseɖeamenu dze ƒãa le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi. Dɔnɔwo, nuwɔametɔwo, ame siwo wote ɖe anyi—kple ɖeviwo gɔ̃ hã—te ŋu te ɖe eŋu faa. (Mar. 5:22-24, 38-42; 10:14-16) Eƒe nu lé dzi na ame fafawo kple ame siwo gbɔgbɔmedɔ nɔ wuwum la. Gake adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, kple ame siwo me “Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele” o ya gbee, wolé fui, eye wotsi tsitre ɖe eŋu.—Yoh. 5:40-42; 11:47-53.
10. Mɔ vevitɔ kekeake ka dzie Yesu to ɖe lɔlɔ̃ si gbegbe le esi na mí la fia le?
10 Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Ðewohĩ nu vevitɔ kekeake si ɖee fia be Yesu dze anye Dziɖula lae nye ale si wòlɔ̃ faa ku ɖe mía ta. (Mixlẽ Psalmo 40:6-10.) Kristo la gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si o: be ame aɖe natsɔ eƒe luʋɔ aɖo anyi ɖe exɔlɔ̃awo ta.” (Yoh. 15:13) Ɛ̃, to vovo na amegbetɔ dziɖula madeblibowo, siwo nɔa agbe kɔkɔ to ga siwo wo te viwo dzɔna zazã me la, Yesu ya tsɔ eƒe agbe na ɖe ameƒomea ta.—Mat. 20:28.
Wona Ŋusẽe Be Wòana Tafea Naɖe Vi Na Mí
11. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yesu, míaƒe Tafexela la, dzi bliboe?
11 Aleke gbegbe wòsɔ enye esi be Yesu, ame si nye Nunɔlagã lae axɔ ŋgɔ le tafea ŋu dɔ wɔwɔ be wòaɖe vi na mí me! Le nyateƒe me la, abe Tafea xela ene la, Yesu na míekpɔ nu siwo wògbɔna wɔwɔ ge le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la do ŋgɔ le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me. Eye nu mawo ate ŋu aɖe vi na mí ne míewɔ nuteƒe. Eda dɔ na dɔnɔwo kple nuwɔametɔwo, efɔ ame kukuwo ɖe tsitre, ena nu ameha gã aɖe woɖu, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe ya kple atsiaƒu gɔ̃ hã dzi. (Mat. 8:26; 14:14-21; Luka 7:14, 15) Gakpe ɖe eŋu la, menye ɖe wòwɔ nu siawo katã be amewo nakpɔe be ŋusẽ le ye si o, ke boŋ ɖe wòwɔ wo tsɔ ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ fia. Egblɔ na kpodɔléla aɖe si ɖe kuku nɛ be, ne elɔ̃ ko la, ate ŋu ana ye ŋuti nakɔ la be, “Melɔ̃.” (Mar. 1:40, 41) Yesu aɖe veveseɖeamenu ma ke afia le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me—gake ɣemaɣi la, awɔe le anyigba katã dzi.
12. Aleke nya siwo le Yesaya 11:9 la ava emee?
12 Kristo kple eƒe hati dziɖulawo ayi nufiafia amewo tso Mawu ŋu ƒe dɔ si gɔme Yesu dze ƒe 2,000 kloe ye nye esi va yi la hã dzi. Eya ta nya siwo le Yesaya 11:9 la ava eme be: ‘Sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.’ Ðikeke mele eme o be, nufiafia tso Mawu ŋu ƒe dɔ sia alɔ ale si míalé be na anyigbaa kple nuwɔwɔ gbogbo manyaxlẽawo, abe ale si wode se na Adam le gɔmedzedzea me be wòawɔe ene, la ɖe eme. Kaka ƒe 1,000 la nawu enu la, Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo si dze le 1 Mose 1:28 la ava eme, eye woana tafevɔsaa naɖe vi na mí bliboe.
Wona Ŋusẽe Be Wòadrɔ̃ Ʋɔnu
13. Alekee Yesu ɖee fia be yelɔ̃ dzɔdzɔenyenye?
13 Kristo ye “Mawu ɖo be wòanye agbagbeawo kple kukuawo siaa ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Dɔw. 10:42) Aleke gbegbee wòfaa akɔ na amee nye esi be míanyae be Yesu anye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe tegbee, eye be, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe le abe alidziblanu ene wòtsɔ bla ali dzi sesĩe! (Yes. 11:5) Eɖee fia be yelé fu ŋukeklẽ, alakpanuwɔwɔ, kple nu vɔ̃ɖi bubu ƒomeviwo katã, eye eka mo na ame siwo mesea veve ɖe ame siwo nɔ fu kpem nu o la. (Mat. 23:1-8, 25-28; Mar. 3:5) Gakpe ɖe ŋu la, Yesu ɖee fia be gotagomenuwɔnawo mate ŋu aflu ye o, “elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.”—Yoh. 2:25.
14. Mɔ ka dzie Yesu to le eɖem fia egbea be yelɔ̃ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, eye nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui?
14 Yesu yi edzi le eɖem fia be yelɔ̃ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ to gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ gãtɔ kekeake si le edzi yim le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la dzi kpɔkpɔ me. Amegbetɔ loo, alo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu, alo gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mate ŋu axe mɔ be woagawɔ dɔ sia awu enu abe ale si Mawu dii ene o. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ne Harmagedon ʋaa wu enu la, Mawu me dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖi. (Mixlẽ Yesaya 11:4; Mateo 16:27.) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mewɔa nu ɖe amewo ŋu le subɔsubɔdɔa me abe ale si Yesu wɔe enea? Ðe mewɔa nye ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me ne lãmesẽkuxiwo kple nɔnɔme siwo me mele ate ŋu awɔe be nu si mate ŋu awɔ la anɔ ʋɛ gɔ̃ hã?’
15. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe ŋutete katã le Mawu subɔsubɔ me?
15 Ne ele susu me na mí be Mawu ƒe dɔe gbeƒãɖeɖedɔa nye la, esia akpe ɖe mía ŋu be míasubɔe kple luʋɔ blibo. Eyae de se be míawɔ dɔ sia; ele mɔ fiam dɔa to Via dzi; eye etsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea doa ŋusẽ ame siwo le gome kpɔm le eme. Ðe nèdea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàsubɔ abe Mawu ƒe hadɔwɔla ene, le Via, si gbɔgbɔa le mɔ fiam la ƒe kpɔkplɔ te ŋua? Ðe ame bubu aɖe gali wu Yehowa, si ate ŋu aʋã ame siwo wu miliɔn adre, siwo dometɔ akpa gãtɔ wobuna “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo,” la be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia na amewo le dukɔ 236 mea?—Dɔw. 4:13.
Ðo To Fifia Be Nàxɔ Yayrawo To Kristo Dzi!
16. Nu kae 1 Mose 22:18 ɖe fia ku Mawu ƒe yayrawo ŋu?
16 Yehowa gblɔ na Abraham be: “To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.” (1 Mose 22:18) Esia fia be ame siwo bua woƒe subɔsubɔdɔa be enye nu vevitɔ kekeake la ate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na yayra siwo Dzidzimevi si nye Mesia la ahe vae la. Eye esi yayra siawo le susu me na wo ta la, wowɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me.
17, 18. Yehowa ƒe ŋugbedodo kae dze le 5 Mose 28:2, eye nu kae wòfia na mí?
17 Mawu gblɔ na Israel dukɔa, si me tɔwo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo le ŋutilã nu la, ɣeaɖeɣi be: “Ne èɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe la, ekema yayra siawo katã [siwo ŋu nya wogblɔ le Se ƒe nubablaa me la] ava dziwò, eye woaɖi na wò.” (5 Mose 28:2) Woate ŋu agblɔ nya siawo ke le Mawu subɔla siwo li egbea hã ŋu. Ne èdi be Yehowa nayra wò la, yi edzi nànɔ ‘to ɖom’ eƒe gbe. Ekema eƒe “yayra siawo katã ava dziwò, eye woaɖi na wò.” Gake nu kae ‘toɖoɖo’ lɔ ɖe eme?
18 Ðikekemanɔmee la, toɖoɖo lɔ nu siwo le Mawu ƒe Nya la me kple gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo wònaa mí la ŋu bubu vevie ɖe eme. (Mat. 24:45) Efia hã be míawɔ ɖe Mawu kple Via ƒe sededewo dzi. Yesu gblɔ be: “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, ke ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae ayi ɖe eme.” (Mat. 7:21) Eye toɖoɖo Mawu gafia hã be ame nalɔ̃ faa abɔbɔ eɖokui ɖe Kristo hamea, si Mawu ɖo anyi la kpakple hamemetsitsi siwo woɖo, siwo nye “nunana siwo nye amewo,” la te.—Ef. 4:8.
19. Nu kae míate ŋu awɔ be míaxɔ yayrawo?
19 Dziɖuha la me tɔwo, siwo nye Kristo hame bliboa teƒenɔlawo hã le “nunana siwo nye amewo” la dome. (Dɔw. 15:2, 6) Le nyateƒe me la, ale si míewɔa nu ɖe Kristo ƒe gbɔgbɔmenɔviwo ŋu la nye nu vevi aɖe si dzi woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu mí le xaxa gã si gbɔna la me. (Mat. 25:34-40) Eya ta mɔ aɖe si dzi míato axɔ yayrawo ye nye be míanɔ asi kpem ɖe Mawu ƒe amesiaminawo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe.
20. (a) Nu kae nye “nunana siwo nye amewo” la ƒe dɔ vevitɔ? (b) Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nɔvi siawo ŋu?
20 Alɔdzekɔmitia me tɔwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple hamemetsitsiwo—siwo katã nye ame siwo gbɔgbɔ kɔkɔea tia la—hã le “nunana siwo nye amewo” la dome. (Dɔw. 20:28) Nɔviŋutsu siawo ƒe dɔ vevitɔe nye be woatu Mawu ƒe amewo ɖo “va se ɖe esime mí katã míawɔ ɖeka le xɔse kple Mawu ƒe Vi la ŋuti sidzedze vavãtɔ me azu ŋutsu si tsi bliboe, ahaɖo tsitsime si sɔ kple Kristo la tɔ le eƒe blibonyenye la me.” (Ef. 4:13) Gake ame madeblibowo ko ame siawo nye abe míawo ke ene. Ke hã, míekpɔa yayra ne míekpɔa ŋudzedze ɖe alẽkpɔkplɔdɔ si wowɔna lɔlɔ̃tɔe la ŋu hewɔna woƒe mɔfiafiawo dzi.—Heb. 13:7, 17.
21. Nu ka tae wòhiã kpata be míaɖo to Mawu ƒe Vi la?
21 Eteƒe madidi o, Kristo aho aʋa ɖe Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ŋu. Ne esia dzɔ la, míaƒe agbe anɔ Yesu ƒe asi me, elabena eyae Mawu na ŋusẽe be wòakplɔ “ameha gã” si ŋu nya wogblɔ ɖi la “ayi agbetsidzɔƒewo gbɔ.” (Nyaɖ. 7:9, 16, 17) Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete katã fifia aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Fia si Yehowa ɖo, si eƒe gbɔgbɔa fiaa mɔe la ŋu, eye míalɔ̃ faa abɔbɔ mía ɖokui ɖe ete.
Nu Kae Nèsrɔ̃ tso . . .
• Yesaya 11:1-5 me?
• Marko 1:40, 41 me?
• Dɔwɔwɔwo 10:42 me?
• 1 Mose 22:18 me?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ dze ƒãa esi wòfɔ Yairo vinyɔnu la ɖe tsitre
[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]
Yesu Kristo le gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ kekeake si le edzi yim le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la dzi kpɔm