Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:
• Ame ka yome dzelawoe to dzɔgbese ƒe nufiafiaa vae?
Calvin yome dzelawoe te gbe ɖe dzɔgbese ƒe nufiafiaa dzi. Jean Cauvin (John Calvin) ƒe nufiafiawo gakpɔtɔ nye nufiafia vevitɔwo le Protestant hawo, abe Ðɔɖɔɖohawo, Presbiteriatɔwo, Kongregasintɔwo, kple Puritanwo ene, gbɔ.—9/1, axa 18-21.
• Afi kae Kain kpɔ srɔ̃ le ɖe?
Kain srɔ̃ anye Xawa ƒe dzidzimevi aɖe godoo, elabena Xawa dzi ‘ŋutsuwo kple nyɔnuwo.’ (1 Mose 5:4)—9/1, axa 25.
• Esime Mawu kplɔ Israel viwo tso Egipte la, mawudɔla kae wòtsɔ ɖo wo ŋgɔ? (2 Mose 23:20, 21)
Esɔ be míaxɔe ase be mawudɔla sia, si ‘me Yehowa ƒe ŋkɔ le’ la menye ame bubu aɖeke wu Mawu ƒe Ŋgɔgbevi, si va zu Yesu emegbe la o.—9/15, axa 21.
• Nu ka tae Korintotɔwo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒo nu tso lã siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ɖuɖu ŋu?
Enye kɔnu vevi aɖe na Helatɔwo kple Romatɔwo be woatsɔ lãwo asa vɔe le woƒe trɔ̃xɔwo me, gake woate ŋu adzra lã siwo womeɖu le kɔnua wɔɣi o la le lãsi me. Kristotɔwo mekpɔa gome le trɔ̃subɔsubɔ me o; ke hã, mehiã be woabu lã siwo wotsɔ tso teƒe mawo va dzra le asi me la be nane gblẽ le wo ŋu o. Apɔstolo Paulo ŋlɔ bena: “Nu sia nu si wodzrana le lãsi me la, minɔ eɖum, eye migabia eta se o le miaƒe dzitsinya ta; elabena ‘Yehowa tɔe nye anyigba kple nu siwo yɔ edzi la.’” (1 Kor. 10:25, 26)—10/1, axa 12.
• Le Tadedeagu vavãtɔ ƒe nyawo gome la, taflatsɛdodo siwo medzea Mawu ŋu o la dometɔ aɖewo ɖe?
‘Esesẽ akpa. Nyemedi be mawɔe o. Vovo mele ŋunye kura o. Nyemedze o. Ame aɖe wɔ nu wòvem.’ Taflatsɛdodo mawo menye susu siwo sɔ, siwo tae míagbe se siwo Mawu de la dzi wɔwɔ o.—10/15, axa 12-15.
• Mɔ siwo dzi nàto ana Kristotɔwo ƒe kpekpewo natu mia kple ame bubuwo ɖo la dometɔ aɖewo ɖe?
Dzra ɖo do ŋgɔ. De edziedzi. Va ɖe game dzi. Tsɔ nu siwo katã woazã ɖe asi vae. Ƒo asa na nu siwo hea ame ƒe susu. Kpɔ gome le eme. Na wò nyaŋuɖoɖo nanɔ kpuie. Wɔ wò dɔdeasiwo. Kafu ame siwo kpɔ gome le eme. De ha kple nɔviawo do ŋgɔ na kpekpea kple emegbe.—10/15, axa 22.
• Biblia me ŋutinya kae ƒo nu tso nyɔnuvi aɖe ŋu eye wòku ɖe kpodɔ alo anyidɔ, si le dɔ siwo woyɔna egbea le Eŋlisigbe me be Hansen’s disease dome la ŋu?
Fiawo Ƒe Agbalẽ Evelia ta 5 gblɔ be Israel nyɔnuvi aɖe nye subɔvi le Siria aʋafia aɖe, si ŋkɔe nye Naeman, ƒe aƒe me. Esi wònɔ kpodɔ lém ta la, nyɔnuvia gblɔ nɛ be wòayi nyagblɔɖila Elisa gbɔ ne wòada dɔa nɛ.—11/1, axa 22.
• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Aron na ta le hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu me la me?
Esime Mose menɔ anyi o la, Israel viwo ƒo nya ɖe Aron nu be wòawɔ mawu aɖe na yewo. Ena ta eye wòwɔe na wo. Esia ɖee fia be, menye sɔhɛwo dzi koe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔa ŋusẽ ɖo o. Ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame tsitsi siwo dina be yewowɔ nu si le eteƒe la gɔ̃ hã dzi. Ehiã be míatsi tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽwo ŋu.—11/15, axa 8.
• Kawoe nye nyateƒe, eye kawoe nye nyakpakpa?
Ame ŋutɔŋutɔe Satana nye: nyateƒee. (2 Kor. 11:14) Ame sia ame si ku la yia gbɔgbɔmenutowo me: nyakpakpae. (Nyagb. 9:5) Mawudɔla wɔnuteƒewo tsɔ ɖe le eme na mí: nyateƒee. (Ps. 34:8) Yesu sɔ kple Mawu: nyakpakpae. (1 Kor. 11:3)—12/1, axa 8-9.