Nu Si Ta Eden Ŋu Nyaa Ka Wò
EWƆ nuku be susu siwo ta agbalẽnyala aɖewo mexɔ Eden ŋu nyaa dzi se o dometɔ ɖekae nye be wobe Biblia ƒe akpa bubuwo megaƒo nu tso eŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Paul Morris, si nye Mawusubɔsubɔ Ŋuti Nufialagã la ŋlɔ be: “Eden ŋu nyaa megadze le Biblia ƒe akpa bubu aɖeke tẽe o.” Togbɔ be agbalẽnyala bibi bubu geɖewo alɔ̃ ɖe eƒe nya sia dzi kakaɖedzitɔe hã la, menye nenemae wòle kura o.
Nya lae nye be Biblia ƒo nu tso Eden bɔa, Adam, Xawa, kple da la ŋu zi gbɔ zi geɖe.a Gake agbalẽnyala ʋɛ siawo ƒe nukpɔsusu totro sia meɖi naneke o, ne míetsɔe sɔ kple nya bubu si gavɔ̃ɖi hekeke ta wu. Esi subɔsubɔhakplɔlawo kple Biblia ŋuti ɖikelawo gblɔ be Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyawo mele eteƒe o la, woto ema dzi tɔ gbe Biblia bliboa me nyawo ƒe nyateƒenyenye. Aleke wowɔ esiae?
Nu si dzɔ le Eden la gɔmesese hiã hafi míate ŋu ase Biblia ƒe akpa susɔeawo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, woŋlɔ Mawu ƒe Nya la le mɔ aɖe nu be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevitɔ kekeake siwo ɖea fu na mí le agbe me. Enuenu la, nya siwo Biblia tsɔ ɖoa biabia mawo ŋui la dea nu Eden bɔa me nudzɔdzɔwo me. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.
● Nu ka tae míetsina kua amegã hekuna? Ne ɖe Adam kple Xawa ɖo to Yehowa la, anye ne woanɔ agbe tegbee. Esi wodze aglã ɖe Mawu ŋu tae woku ɖo. Tso gbe si gbe woda Mawu ƒe sea dzi la, wote kuku vivivi. (1 Mose 2:16, 17; 3:19) Womeganye ame deblibowo azɔ o, si wɔe be woƒe dzidzimeviwo katã hã va zu ame madeblibo siwo ŋu nu vɔ̃ le. Biblia ɖe eme be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”—Romatɔwo 5:12.
● Nu ka tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li ɖo? Satana gblɔ le Eden bɔa me be Mawu nye aʋatsokala si tea nu nyui eƒe nuwɔwɔwo. (1 Mose 3:3-5) Esia fia be ele gbe tɔm Yehowa be mele eƒe nuwɔwɔwo dzi ɖum nyuie o. Adam kple Xawa tiae be yewoadze Satana yome; eya ta woawo hã wodze aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu heto ema dzi ɖee fia be yewoka ɖe edzi be amegbetɔ ŋutɔ ate ŋu afia mɔ eɖokui le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Le Yehowa ƒe nunya kple dzɔdzɔenyenye deblibo me la, enya be mɔ nyuitɔ si dzi yeato akpɔ nya sia gbɔ nyuie koe nye be yeana ɣeyiɣi amegbetɔwo woaɖu wo ɖokui dzi abe ale si wotiae ene. Vɔ̃ɖinyenye si do tso esia me la ƒe akpa aɖe tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔ, eye wòva na nyateƒenya vevi sia dze ƒãa be: Ŋutete mele amegbetɔwo ŋu be woaɖu wo ɖokui dzi Mawu manɔmee o.—Yeremiya 10:23.
● Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba? Yehowa trɔ asi le Eden bɔa ŋu wònye ale si wòdi be anyigba bliboa nanya kpɔe ƒe kpɔɖeŋu. Ede se na Adam kple Xawa be woadzi asɔ gbɔ ayɔ anyigba la dzi eye ‘woanye agbo ɖe edzi’ bene woakeke Eden bɔa ƒe atsyɔ ɖe enu wòaxɔ anyigba bliboa katã dzi. (1 Mose 1:28) Eya ta Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigba nanye paradiso si me Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi deblibowo nanɔ le ɖekawɔwɔ me. Mɔ siwo dzi Mawu ato ana eƒe gɔmedzetameɖoɖo ma nava eme la koŋ ŋue Biblia ƒe akpa geɖe ƒo nu tsoe.
● Nu ka tae Yesu Kristo va anyigba dzi ɖo? Eden bɔa me ƒe aglãdzedzea na be Adam kple Xawa kpakple woƒe dzidzimeviwo katã dze na ku ɖikaa, gake Mawu wɔ lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe si na be mɔkpɔkpɔ mebu o. Edɔ via ɖe anyigba dzi be wòava na nu si Biblia yɔ be tafe. (Mateo 20:28) Nu kae esia fia? Woyɔ Yesu be “Adam mamlɛtɔ;” eyae nye ame si te ŋu wɔ nu si Adam mete ŋu wɔ o. (1 Korintotɔwo 15:22, 45; Yohanes 3:16) Esi Yesu va anyigba dzi la, eɖo to Yehowa bliboe, si wɔe be eƒe blibodedea mege le esi o. Azɔ elɔ̃ faa tsɔ eɖokui sa vɔ ɖe amegbetɔwo ta, alo tsɔ eɖokui na tafee, bene mɔnukpɔkpɔ naʋu ɖi be woatsɔ amegbetɔ siwo katã awɔ nuteƒe la ƒe nu vɔ̃wo ake wo ale be woate ŋu ava nɔ agbe si ƒomevi Adam kple Xawa nɔ le Eden bɔa me hafi va wɔ nu vɔ̃. (1 Korintotɔwo 15:22, 45; Yohanes 3:16) Eya ta Yesu ƒe tafevɔsaa na kakaɖedzi va le eŋu be Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeatrɔ anyigba sia wòazu paradiso abe ale si Eden bɔa nɔ ene la ava eme.b
Mawu ƒe tameɖoɖo menye ŋugbedodo ƒuƒlu aɖe loo alo mawuŋutinufiafia si ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o. Nu ŋutɔŋutɔe wònye. Abe ale si ko Eden bɔa nye teƒe ŋutɔŋutɔ nɔ anyigba sia dzi kpɔ, eye amegbetɔ kple lã ŋutɔŋutɔwo nɔ afi ma ene la, nenema kee ŋugbe si Mawu do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la hã nye nu ŋutɔŋutɔ si ava eme kpuie. Ðe nàdi be ema nanye nu si yeakpɔ mɔ na le etsɔmea, nu si ava eme na ye ŋutɔŋutɔa? Ke ekpo ɖe gbɔwò. Mawu di be etsɔme ma nasu ame geɖe ale si nu alɔ̃ la si, ame siwo nɔ agbe vloe kpɔ kura gɔ̃ hã.—1 Timoteo 2:3, 4.
Esi wòsusɔ vie Yesu naku la, egblɔ nya aɖe na ŋutsu aɖe si nɔ agbe baɖa va yi. Nu vlo wɔlae ŋutsua nye; enya be yedze na ku. Gake edi be Yesu nafa akɔ na ye, wòana mɔkpɔkpɔ aɖe nasu ye si. Nya kae Yesu gblɔ nɛ? “Ànɔ Paradiso me kplim.” (Luka 23:43) Ne Yesu di be yeakpɔ ŋutsu ma si nye nu vlo wɔla tsã la le paradiso me—woafɔe ɖe tsitre ahana mɔnukpɔkpɔe wòanɔ agbe tegbee le paradiso si anɔ abe esi nɔ Eden ene me—ɖe, ke ɖe madi be yayra mawo ke nasu wò hã asiwò oa? Ɛ̃, edi nenema! Fofoa hã di nenema! Ne èdi be etsɔme ma nasu ye si la, ekema wɔ nu sia nu si nàte ŋui bene nàsrɔ̃ nu tso Mawu si tso Eden bɔa la ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le kpɔɖeŋu me, kpɔ 1 Mose 13:10; 5 Mose 32:8; 2 Samuel 7:14; 1 Kronika 1:1; Yesaya 51:3; Xezekiel 28:13; 31:8, 9; Luka 3:38; Romatɔwo 5:12-14; 1 Korintotɔwo 15:22, 45; 2 Korintotɔwo 11:3; 1 Timoteo 2:13, 14; Yuda 14; kple Nyaɖeɖefia 12:9.
b Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 hena numekɔkɔ geɖe ku ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Aɖaka/Nɔnɔmetatawo si le axa 10]
NYAGBLƆÐI SI ŊU BIBLIA BLIBOA ƑO NU TSOE
“Made adikã mia [si nye da la] kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”—1 Mose 3:15.
Emae nye Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ, si Mawu ŋutɔ gblɔ le Eden. Ame kawoe nyɔnu la, eƒe dzidzime, da la, kpakple da la ƒe dzidzime le tsi tre ɖi na? Aleke “adikã” si ŋu nya wogblɔ ɖi la va emee?
DA LA
Satana Abosam.—Nyaɖeɖefia 12:9.
NYƆNU LA
Yehowa ƒe habɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le. (Galatiatɔwo 4:26, 27) Yesaya ƒo nu tso “nyɔnu la” ŋu hegblɔ nya ɖi be adzi gbɔgbɔ me dukɔ aɖe.—Yesaya 54:1; 66:8.
DA LA ƑE DZIDZIME
Ame siwo tiae be yewoawɔ Satana ƒe lɔlɔ̃nu.—Yohanes 8:44.
NYƆNU LA ƑE DZIDZIME
Eƒe akpa vevitɔe nye Yesu Kristo, ame si tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo me va. Kristo ƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo ayi aɖaɖu fia kplii le dziƒo hã nye “dzidzime” ma ƒe akpa aɖe. Kristotɔ mawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la nye gbɔgbɔmedukɔ aɖe si woyɔ be “Mawu ƒe Israel.”—Galatiatɔwo 3:16, 29; 6:16; 1 Mose 22:18.
AFƆKPODZIBI LA
Ale si Satana na wowu Yesu tagbɔsesẽtɔe. Ke hã, ɣeyiɣi kpui aɖe koe esia gblẽ nu le Yesu ŋu, elabena wogafɔe ɖe tsitre.
TAGBAGBA NA DA LA
Satana ɖeɖeɖa keŋkeŋ. Yesu abu mo na Satana ɖikaa. Hafi ɣemaɣi naɖo gɔ̃ hã la, Yesu aɖɔ aglãdzedze si gɔme Satana dze le Eden la me tsonu gbegblẽwo ɖo.—1 Yohanes 3:8; Nyaɖeɖefia 20:10.
Kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Bible—What Is Its Message? (Biblia La—Nya Kae Le Eme) hena Biblia me nya veviwo ƒe totoɖeme kpuie. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 11]
Adam kple Xawa kpe nu vɔ̃ me tsonu vloeawo ƒe fu