Ènyaa?
Esi wònye be le blema Israel la, dzomeŋɔlia nɔa anyi eteƒe didina la, nu kae Israel viwo wɔna be tsi nanɔ wo si ɣesiaɣi?
▪ Tso October va se ɖe April la, tsi dzana le Israel, eye ɣeaɖewoɣi la, esina toa baliwo me bababa. Ke hã, le dzomeŋɔli me la, tɔʋu siawo miena, eye ɖewohĩ tso ekema dzi la, tsi magadza o, hena ɣleti geɖe. Nu kae ame siwo nɔ anyi le blema Israel la wɔna be tsi nanɔ wo si?
Ale si wokpɔa kuxi sia gbɔ ye nye be woɖea tsitoƒewo ɖe togbɛwo ŋu be tsi si dzana le tsidzaɣi la nasi ato wo me age ɖe ʋe globo, alo tsido gã siwo woɖe la me. Ale si wogbaa woƒe xɔwoe la wɔnɛ be tsidzadza tsrana tsoa edzi gena ɖe tsidoawo me. Tsido siawo nɔ ƒome geɖe si, siwo me wotea ŋu kua tsi le nona ne tsikɔ le wo wum.—2 Fiawo 18:31; Yeremiya 6:7.
Israel viwo wɔa tsidzidziwo hã ŋu dɔ. Le tonutowo me la, anyigba noa tsi si dzana le tsidzaɣi la wòyia to va se ɖe esime wòɖo afi si anyigbatu me kpewo le, ke etsana le kpeawo dzi va ŋɔna ɖe gota hezua tsidzidzi. Ŋkɔ siwo wotsɔ na kɔƒe aɖewo la na wòdze ƒãa be zi geɖe la, wotsoa wo ɖe afi si te ɖe tsidzidzi (siwo woyɔna le Hebrigbe me be en) ŋu. Le kpɔɖeŋu me, En-Semes, En-Rogel, kple En-Gedi. (Yosua 15:7, 62) Le Yerusalem la, woɖe tɔʋui to agakpewo me, si me tsidzidziwo sina tona gena ɖe dua me.—2 Fiawo 20:20.
Le teƒe siwo tsidzidziwo mele o la, woɖea vudowo (siwo woyɔna le Hebrigbe me be beʼerʹ), abe esi le Beer-Seba la ene, bene woake ɖe tsi si le to me la ŋu. (1 Mose 26:32, 33) Agbalẽŋlɔla André Chouraqui gblɔ be “ale si [Israel viwo] wɔ susu ŋu dɔ kpɔ kuxia gbɔe la wɔa dɔ ɖe ame dzi egbea gɔ̃ hã.”
Xɔ ka ƒomevi mee Abram (Abraham) anya nɔ?
▪ Abram kple srɔ̃a nɔ Kaldeatɔwo ƒe dugã Ur, si me nu dze edzi na amewo ŋutɔ le la, me. Gake le Mawu ƒe mɔfiame nu la, woʋu le dugã ma me ɖanɔ avɔgbadɔwo me. (1 Mose 11:31; 13:12) Bu nu siwo gbegbe woanya tsɔ sa vɔe le esia ta la ŋu kpɔ.
Leonard Woolley ye ke ɖe Ur, si le egbegbe Iraq la, ŋu esi wòku tome tso ƒe 1922 va se ɖe ƒe 1934 me. Aƒe 73 ŋue wòke ɖo, eye anyikpewoe wotsɔ tu woe. Le aƒe siawo dometɔ geɖe gome la, wotu xɔdɔmeawo ɖe wo nɔewo ŋu godoo va kpe, eye xɔxɔnu si woɖo kpe ɖo la le etitina. Xɔxɔnua le ale gbegbe be tsi tsana yina ɖe etitina, afi si woɖe mɔ nɛ le be wòayi gota. Le aƒe gãwo me la, nugododeƒe nɔa amedzroxɔwo me. Dzodoƒewo kple xɔ siwo me kluviwo mlɔna la nɔa xɔ siwo le anyigba la me. Ƒomea me tɔwo nɔa dziƒoxɔa dzi, eye atrakpuiwo li woliana yina dzia. Xɔxɔnu si wotsɔ ati wɔ la ƒo xlã xɔdɔme siwo le dzisasrãa dzi godoo va kpe, eye xɔxɔnu siawoe wotona gena ɖe xɔawo me.
Woolley gblɔ bena: “Aƒe si . . . ƒe xɔxɔnu woɖo kpewo ɖo, wosi akalo na eƒe gliwo nyuie, do siwo me tsi ƒoɖiwo tona le eme, . . . eye xɔdɔme geɖewo hã le eme la, na wòdze kɔtɛ be wonye agbe kɔkɔ nɔlawo vavã.” Egblɔ kpee be: “Eye aƒe siawo tɔgbi mee . . . ame siwo menye kesinɔtɔ boo o, fiasetɔwo, asitsalawo, agbalẽfialawo, kple ame bubuwo nɔ.”
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Tsido, Horvot Mezada, Israel
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Masada National Park, Israel Nature and Parks Authority
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Abraham ŋɔlimetɔwo ƒe aƒe aɖe ƒe nɔnɔmetata
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Nutata: A. S. Whitburn